INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 12/8 axa 16-19
  • “Dekɔnusrɔ̃ɖeɖe” le Ghana

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Dekɔnusrɔ̃ɖeɖe” le Ghana
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzilawo ƒe Wɔƒe
  • Ʋɔƒoƒoa
  • Srɔ̃ɖeɖea
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Alẽvi La Ƒe Srɔ̃ɖeɖe La Ta!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Asiƒoƒo Ðe Nyɔnutabianu Si Sɔ Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Srɔ̃ɖeɖe Si Ŋu Bubu Le Le Mawu Kple Amewo Ŋku Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 12/8 axa 16-19

“Dekɔnusrɔ̃ɖeɖe” le Ghana

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE GHANA GBƆ

SRƆ̃ÐEÐE—ame akpe alafa geɖe gena ɖe ƒomedodo sia me ƒe sia ƒe le xexeame katã. Srɔ̃ɖekɔnu si le wo gbɔ nue wowɔnɛ ɖo zi geɖe.

Le Ghana la, srɔ̃ɖeɖe si woyɔna be dekɔnusrɔ̃ɖeɖe ye bɔ wu. Nusi wowɔna enye be ŋugbetɔsrɔ̃a ƒometɔwo tsɔa tabianuwo yinɛ na ŋugbetɔa ƒometɔwo. Wowɔa dekɔnusrɔ̃ɖeɖe le Afrika ƒe akpa geɖe kple teƒewo abe Hong Kong, Papua New Guinea, kple Solomon Islands ene, kpakple le Goajiro Indiatɔwo dome le dzieheɣedzeƒe Colombia kple dzieheɣetoɖoƒe Venezuela, siwo nye teƒe ʋee aɖewo ko míeyɔ.

Wonaa tabianuwo le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo hã me. (Mose I, 34:11, 12; Samuel I, 18:25) Susu si nɔ tabianuwo nana ŋu le blema kple egbea enye be enye subɔsubɔdɔ si nyɔnuvia magawɔ na edzilawo o, ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesi si wozã ɖe ehehe kple edzikpɔkpɔ ŋu hafi wòyi atsuƒe la teƒe ɖoɖo.

Dzilawo ƒe Wɔƒe

Tsã le Ghana la, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo meɖoa gbe ɖi alo zɔna doa ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe o. Dzilawoe ɖea srɔ̃ na wo vi tsitsiwo ne woda ŋku ɖi kpɔ ɖekakpui kple ɖetugbi siwo ɖo srɔ̃ɖeɖe me le nutoa me nyuie vɔ megbe. Dzila aɖewo gawɔnɛ le Ghana kokoko.

Nusiwo ŋu ŋutsuvia dzilawo léa ŋku ɖo woe nye nyɔnuvia ƒe agbenɔnɔ; ŋkɔ si le eya kple eƒe ƒomea ŋu; dɔléle si ɖewohĩ anɔ ƒomea me; eye le Yehowa Ðasefowo gome la, wobua nyɔnuvia ƒe gbɔgbɔmemenyenye hã ŋu. Ne dzilawo kpɔ kakaɖedzi vɔ la, woyia nyɔnuvia dzilawo gbɔ ɖagblɔa srɔ̃ɖenya la na wo.

Nyɔnuvia dzilawo hã doa ŋutsuvia kple eƒe ƒomea gɔme azɔ. Nusi ŋu wogabuna kpe ɖe esiwo míeyɔ va yi ŋu enye ne ŋutete le ŋutsuvia ŋu be wòakpɔ nyɔnu dzi—ele dɔ wɔm alo mele dɔ wɔm oa? Ne nyɔnuvia dzilawo kpɔ kakaɖedzi la, wogblɔnɛ na ŋutsuvia dzilawo ale be ne ŋutsuvia kple nyɔnuvia lɔ̃ be yewoaɖe yewo nɔewo la, ke dzila eveawo wɔa srɔ̃ɖeɖoɖoawo ɖekae.

Nukata dzila aɖewo gadia srɔ̃ na wo vi tsitsiwo kokoko? Nyɔnu aɖe si le India, amesi dzilawo di srɔ̃ nɛ la gblɔ be: “Aleke ɖevi asu te awɔ nyametsotso gã ma gbegbe? Ne wona amesiwo nya tiatia nyuitɔ si woawɔ le tsitsi kple nuteƒekpɔkpɔ ta wɔe la, enyo wu sã.” Eƒe nyagbɔgblɔ sɔ kple Afrikatɔ geɖe ƒe susu.

Gake nuwo le tɔtrɔm le Ghana. Gbeɖoɖoɖi kple zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe va le bɔbɔm. Ne ŋutsuvia kple nyɔnuvia zɔ va ɖo afisi sɔ la, wogblɔa woƒe ɖoɖowo na wo dzilawo. Ne wo dzilawo dzaka nya la kpɔ hekpɔ kakaɖedzi be wosɔ na wo nɔewo la, ƒometɔwo wɔa kɔnua ŋutɔ si woyɔna le Ghanagbe vovovowo me be ʋɔƒoƒo, srɔ̃ɖeʋɔa ƒoƒo.

Ʋɔƒoƒoa

Srɔ̃tɔawo dzilawo ɖoa ŋkeke na ƒometɔwo eye wogblɔa nusita woyɔ wo la na wo. Nyagbɔgblɔ “ƒometɔwo” fia Afrikatɔwo ƒe ƒome abɔlegbe si me srɔ̃tɔawo nyruiwo, tasiwo, tasivinyruiviwo, dagãdaɖiviwo, kple tɔgãtɔɖiviwo, kpakple wo tɔgbuiwo kple mamawo le. Ne ŋkekea ɖo edzi la, ƒome evea teƒenɔlawo kpea ta ɖe wɔnawo ŋu. Ŋugbetɔsrɔ̃a ate ŋu ayi ne elɔ̃. Nusi yi edzi le ʋɔƒoƒe aɖe ƒe akpa sue aɖe enye si.

Nyɔnuvia teƒenɔla (NT): [Ŋugbetɔsrɔ̃a teƒenɔlawoe wòle nu ƒom na] Wonyana gake gabiana, Mía gbɔ fa, afɔka dzie miele?

Ŋutsuvia teƒenɔla (ŊT): Mía vi Kwasi to miaƒe xɔxa va yina eye wòkpɔ seƒoƒo nyui aɖe eye wòbe yeava bia mi ne yeagbee.

NT: [Ewɔ nu abe ɖe menya o ene] Seƒoƒo aɖeke mele aƒe sia me o ɖe. Mia ŋutɔwo mitsa ŋku miakpɔ.

ŊT: Mía via ƒe ŋku meblee o. Míele gbɔgblɔm be seƒoƒo nyui aɖe le aƒe sia me. Seƒoƒoa ŋkɔe nye Afi.

NT: Ke amegbetɔ seƒoƒoe nèwɔnɛ ɖe. Nyateƒee, Afi le aƒe sia me baa.

ŊT: Míedi be míaƒo ʋɔ ne míabia Afi ta na mía vi Kwasi.

Azɔ ŋutsuvia ƒometɔwo tsɔa nanewo abe aha vovovowo kple ga ene nana. Nuto ɖesiaɖe kple nusi wonana kple eƒe xexlẽme. Wɔna sia de sɔsɔ ge kple alesi ŋutsu doa ŋugbe na nyɔnu le Ɣetoɖoƒedukɔwo me, eye ame aɖewo biaa srɔ̃ɖesigɛ.

Fifia ŋugbetɔa teƒenɔla bianɛ le ameawo katã ŋkume be yewoaxɔ nua loo alo yewomegaxɔe o. Ne elɔ̃ la, ke vavalawo katã kpɔ eteƒe be elɔ̃ ɖe srɔ̃ɖeɖea dzi. Ƒome evea ɖoa ŋkeke hena srɔ̃ɖeɖea. Wodia nanewo ɖea nume tsɔ ƒoa wɔnaa tae.

Srɔ̃ɖeɖea

Zi geɖe la, amesiwo yia tabianuawo naƒe, si koŋ nye srɔ̃ɖeɖea, le nyɔnuvia alo amesi wotia ƒeme sɔa gbɔ wu amesiwo dea ʋɔƒoƒea. Nusitae nye be fifia xɔlɔ̃ geɖewo hã vana.

Dzidzɔkpɔkpɔ nɔa teƒea. Ðekakpui kple ɖetugbi trewo dina vevie be yewoakpɔ tabianuawo. Gake dzidzɔkpɔkpɔa buna ne ŋugbetɔa ƒometɔwo he nya be tabianuawo mede o. Ne edze be ŋugbetɔa ƒometɔwo ƒe nu le sesẽm la, vavala aɖewo tɔtɔna vevie. Ŋugbetɔsrɔ̃a ƒe nyanuɖela ɖea nu me aɖaŋutɔe be ŋugbetɔa ƒometɔwo nakpɔ eme na yewo. Ameawo ƒe dzi dzea eme ne nyɔnuvia ƒometɔwo ƒe nya me va bɔbɔ. Nɔnɔmea gatrɔna. Fifia nuɖuɣi ɖo eye wodea numeɖenu aɖewo nume.

Be woadze srɔ̃ɖeɖea gɔme la, ŋugbetɔa ƒe nyanuɖela doa agoo na ƒuƒoƒea hedoa dzaa na wo. Ebiaa amanie ŋugbetɔsrɔ̃a teƒenɔlawo. Ŋugbetɔsrɔ̃a ƒe nyanuɖela gblɔa afɔ si dzi wole, eye wòɖoa ŋku edzi na ƒuƒoƒea be yewoƒo ʋɔ xoxo eye woʋui na yewo.

Azɔ ƒome ɖesiaɖe ƒe nyanuɖela ɖea ƒometɔ veviwo kple amesi tsɔ nyɔnuvia na kpakple amesi le megbe na ŋutsuvia le srɔ̃ɖeɖea me fiaa ƒuƒoƒea. Wɔnawo gayia edzi.

NT: [Ŋugbetɔsrɔ̃a teƒenɔlawoe wòle nu ƒom na] Taflatse mitsɔ srɔ̃ɖenuawo vɛ.

Ŋugbetɔa ƒe nyanuɖela yɔa tabianuawo ɖekaɖeka bene amesiame nakpɔe be wotsɔ wo vɛ. Ne ŋugbetɔsrɔ̃a teƒenɔlawo kpɔe be ŋugbetɔa ƒometɔwo da ɖe nuawo dzi la, wokpɔa nya sia gbɔ doa ŋgɔ na srɔ̃ɖeŋkekea. Gake ŋugbetɔsrɔ̃a ƒometɔwo blaa alidzi sesĩe hafi vaa srɔ̃ɖeƒea ale be ne ŋugbetɔa ƒometɔ aɖe ƒe nu sẽ eye wotsɔ nanewo kpee la, yewoabia ɖedzi. Tabianu si wobia le afisiafi si ame le—esɔ gbɔ alo mesɔ gbɔ o—ele be woaxe ye katã.

Wobiaa nanewo abe aha, avɔ, kɔgɛ, togɛ, kple nyɔnu ƒe nuzazã bubuwo ene le ƒome aɖewo me. Le Ghana ƒe gbegãdzi la, dze, bisi, tsaxe, alẽ, kple nyi gɔ̃ hã te ŋu nɔa tabianuawo me. Wokaa ga home aɖe kpea tabianuawo godoo.

Ŋugbetɔa menɔa eteƒe hafi wɔnawo nɔa edzi yim o, gake enɔa dodonu le afi aɖe nɔ ekpɔm. Ŋugbetɔsrɔ̃a ate ŋu ava ne elɔ̃. Eyata ne ame aɖe le afi aɖe ke hã ate ŋu adɔ edzilawo be woaɖe srɔ̃ na ye. Gake le srɔ̃ɖeƒe si ŋu míeƒo nu tsoe le afisia la, ŋugbetɔsrɔ̃a nɔ eteƒe. Eɖo ŋutsua ƒometɔwo hã dzi azɔ be woabia nane.

ŊT: Míena nusiwo katã miebia, gake míekpɔ mía lɔ̃xoyɔvia o.

Srɔ̃ɖewɔnawo menyea moveviɖoɖo ɖeɖe sɔŋ o; wodoa nukokoe hã na ame. Fifia nyɔnuvia ƒometɔwo trɔna ɖe nusi ŋutsuvia ƒometɔwo bia be yewoakpɔ ŋugbetɔa la ŋu azɔ.

NT: Ðe ŋugbetɔa li la, anye ne enyo. Dzɔgbevɔ̃etɔe la, eyi ablotsi evɔ mɔzɔgbalẽ alo visa hã mele mía si míayi aɖakplɔe vɛ o.

Amesiame se nya ma gɔme. Enumake ŋugbetɔsrɔ̃a ƒometɔwo naa ga home aɖe—ga home ɖesiaɖe si ŋugbetɔsrɔ̃a ate ŋu ana ko—kasia mɔzɔgbalẽ kple visa si wowɔnɛ la sɔ gbe xoxo! Ŋugbetɔa hã gbɔ tso mɔa dzi!

Nuto aɖewo me tɔwo wɔa ɖoɖo be ŋugbetɔa xɔlɔ̃ aɖewo nava ɖe ŋugbetɔa ŋutɔ teƒe ne woatsɔ agado nukokoe na amewo. Ƒuƒoƒea gbea ame bubu siawo katã vaseɖe esime wokplɔa ŋugbetɔa ŋutɔ vɛ eye ɣli ɖina hoo. Nyɔnuvia ƒe nyanuɖela yɔnɛ azɔ be wòava lé ŋku ɖe etabianu vovovoawo ŋu. Wobianɛ be yewoaxɔ nusi ŋugbetɔsrɔ̃a tsɔ vɛ hã. Ðoɖoe zina toŋtoŋ eye amewo katã nɔa to dzi vevie be yewoase nya si gblɔ ge wòala. Nyɔnuvi aɖewo kpea ŋu evɔ ɖewo mekpea ŋu kura o, gake woɖoa eŋu be ẽ godoo, emegbe ɣli ɖina hoo.

Ne ŋugbetɔsrɔ̃a va la, ŋugbetɔa ƒometɔwo biana be yewoanyae. Ne wowɔ ɖoɖo be ŋutsuvia xɔlɔ̃ aɖe natso ɖe eteƒe la, nukokoedonamea nu metsona o. Xɔlɔ̃a ɖoa mo ta hetsona, gake wodoa ɣli ɖe eta enumake be menye eyae o.

Ŋugbetɔa dzilawo biana be yewoakpɔ yewoƒe toyɔvia ɖa. Fifia ŋugbetɔsrɔ̃a ŋutɔ tsona henɔa alɔgbɔnui kom. Ŋugbetɔa ƒometɔwo ɖea mɔ na nyɔnuvia be wòayi srɔ̃a gbɔ, eye ne wobia asigɛ le tabianuawo me la, ŋutsua denɛ asi nɛ. Ɣetoɖoƒetɔwoe to asigɛdede vɛ. Nyɔnuvia hã dea asigɛ na ŋutsuvia. Kafukafu kple aseyetsotso xɔa teƒea. Be tukaɖa maganɔ eme o kple ɖe ganyawo ta fifia la, ame aɖewo wɔa ʋɔƒoƒoa kple srɔ̃ɖeɖea le ŋkeke ɖeka dzi.

Ƒome evea me tɔ siwo si nuteƒekpɔkpɔ le kple ame bubuwo ɖoa aɖaŋu na srɔ̃tɔ yeyeawo azɔ le nusi woawɔ be srɔ̃ɖeɖea nadze edzi vaseɖe esime ku naklã wo dome ŋu. Be woahe nusianu va nuwuwui la, woɖua nu noa nu.

Srɔ̃ɖeɖea wu enu! Le Ghana la, wobua srɔ̃tɔawo tso gbemagbe be woɖe srɔ̃ le se nu. Ne le susu aɖe ta nyɔnuvia ƒometɔ vevi aɖewo meva srɔ̃ɖeƒea o la, wotsɔa aha siwo wona ƒe ɖe ɖona ɖe wo wònyea kpeɖodzi be wowɔ srɔ̃ɖeɖea. Ne Yehowa Ðasefowoe ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃a nye la, ke Ðasefoawo wɔa ɖoɖo, le go aɖewo me be woaƒo Biblia me nuƒo, emegbe wotsɔa nanewo ɖea numee.

Le Ghana la, srɔ̃tɔ aɖewo wɔa Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe, si woyɔna le afisia be srɔ̃ɖeɖe le dziɖuɖu gbɔ. Dzilawo lɔ̃ alo womelɔ̃ o, wote ŋu wɔnɛ ne srɔ̃tɔawo tsi ɖo srɔ̃ɖeɖe me ko. Le dekɔnusrɔ̃ɖeɖe ya gome la, ele be dzilawo nalɔ̃ ɖe edzi godoo hafi.

Srɔ̃tɔawo gblɔa srɔ̃ɖeɖe me atamkanyawo ne wole srɔ̃a ɖem le dziɖuɖu gbɔ. Gake womegblɔa atamkanyawo le dekɔnusrɔ̃ɖeɖe ya me o. Enye Dziɖuɖua ƒe se be woade dekɔnusrɔ̃ɖeɖe ɖesiaɖe agbalẽ me, eye Yehowa Ðasefowo denɛ. (Romatɔwo 13:1) Emegbe wonaa ɖaseɖigbalẽ be wodee agbalẽ me.

Tso gbaɖegbe ʋĩ ke vaseɖe esime Gold Coast si woyɔna fifia be Ghana ge ɖe Britania-dziɖuɖu te la, srɔ̃ɖeɖe ɖeka tɔgbe si nye dekɔnusrɔ̃ɖeɖe koe nɔ dukɔa me. Ke Britaniatɔwo to Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe vɛ na wo devi siwo le afisia. Woɖe mɔ na dukɔ sia me viwo hã be woaɖe srɔ̃ alea, eyata ƒe gbogbo aɖe enye sia la, Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe kple dekɔnusrɔ̃ɖeɖe katã li. Ðesiaɖe le se nu le Ghana, eyata Yehowa Ðasefowo wɔnɛ. Ekpo ɖe ameawo ŋutɔ gbɔ be woatia esi wolɔ̃.

Le Afrika-dukɔ aɖewo me la, ehiã be woade dekɔnusrɔ̃ɖeɖewo agbalẽ me hafi woabu srɔ̃tɔawo be woɖe srɔ̃ le se nu. Gake le Ghana la, wobua dekɔnusrɔ̃ɖeɖe si ŋu míeƒo nu tsoe be ele se nu, ne womedee agbalẽ me o gɔ̃ hã, eye ne wowɔ dekɔnusrɔ̃ɖeɖea vɔ ko la, wobua srɔ̃tɔawo be woɖe srɔ̃ le se nu. Emegbe wodea dekɔnusrɔ̃ɖeɖea agbalẽ me be wòanye nuŋlɔɖi anɔ anyi ta ko.

Nyateƒee, srɔ̃ɖeɖe nye Mawu ƒe lɔlɔ̃ nunana na amegbetɔwo, nunana tɔxɛ si womena mawudɔlawo gɔ̃ hã o. (Luka 20:34-36) Enye ƒomedodo xɔasi si dze be woakpɔ eta be wòanye kafukafu na Yehowa Mawu, Amesi ɖoe anyi.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Wole asigɛwo dem na wo nɔewo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe