INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 1/8 axa 3-4
  • “Dzɔdzɔmenuwo Tsɔtsrɔ̃”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Dzɔdzɔmenuwo Tsɔtsrɔ̃”
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Anyigba la Gbegblẽ
  • “Mía Ŋutɔwoe Dzi Fu na Mía Ðokui”
  • Mawu Do Ŋugbe Be Míaƒe Anyigba Matsrɔ̃ O
    Nyɔ!!—2023
  • Ŋgɔdonya
    Nyɔ!!—2023
  • Míaƒe Anyigba Beli La—Aleke Etsɔme Anɔ Nɛ?
    Nyɔ!—1996
  • Avewo
    Nyɔ!!—2023
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 1/8 axa 3-4

“Dzɔdzɔmenuwo Tsɔtsrɔ̃”

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE IRELAND GBƆ

ŊUKEKLẼ le wò aƒe dem afɔku me. Ŋutete si le anyigba ŋu be wòana nuɖuɖu kple dɔƒe si hiã mí katã bene míanɔ agbe gblẽm wòle. Ðikeke mele eme o be alesi ŋukeklẽ le anyigba gblẽmee la le nyanya na wò xoxo, gake míagaɖo ŋku ʋee aɖewo dzi.

Anyigba la Gbegblẽ

Ƒe 1962 me ke ye Rachel Carson xlɔ̃ nu le eƒe agbalẽ si nye Silent Spring me be wotsɔ nugbagbeviwutikewo kple aɖiɖuɖɔwo le anyigba la gblẽmee. The Naked Savage gblɔ be: “Ameƒomea le eya ŋutɔ nɔƒe gblẽm hele ɖi ƒom eya ŋutɔ ƒe atɔ, si nye dzesi be ameƒomea atsrɔ̃.” Amegbetɔ tsɔ ŋukeklẽ le anyigba la gblẽm kokoko. World Hunger: Twelve Myths gblɔ be: “Esi agbledela gãwo di be yewoawɔ ga geɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me ta la, wodina be yewoade anyigba la wu alesi dze ahazã tsi kple agbledetikewo fũ, evɔ womebua eŋu be ate ŋu akplɔ ke le anyigba, ana tometsiwo namie, eye yame naƒo ɖi o.”

Le esi teƒe be woakpɔ avetsu xɔasi siwo le anyigba dzi—siwo hiã vevie alé anyigba la ɖe te—ta la, amegbetɔ le wotsrɔ̃m kabakaba wu boŋ. Amesiwo ŋlɔ Far From Paradise—The Story of Man’s Impact on the Environment (1986) gblɔ be: “Ne womedzudzɔ avetsu gã siwo le anyigba xɔdzowo dzi tsɔtsrɔ̃ o la, wo katã kloe atsrɔ̃ le ƒe blaatɔ̃ me.”

Ðɔkplɔla baɖawo zãa kpegbãtu (dynamite) kple aɖitikewo tsɔ ɖea tɔmelãwo le adzakpowo gbɔ—si woyɔ be “ƒumevetsu” le nu gbagbe ƒomevi gbogbo siwo nɔa eme ta. Lãɖemɔnu vɔ̃ɖivɔ̃ɖi siawo kple aɖitikewo zazã tamemabutɔe “gblẽ nu vevie le” adzagba gbagbe geɖe ŋu.—The Toronto Star.

“Mía Ŋutɔwoe Dzi Fu na Mía Ðokui”

Aƒetɔ Shridath Ramphal si nye zimenɔla na Xexeame ƒe Dzɔdzɔmenuwo Takpɔha tso 1991 vaseɖe 1993 me la ƒo nu tso anyigba ƒe dzɔdzɔmenuwo zazã madzemadzee alea ŋu be enye “dzɔdzɔmenuwo tsɔtsrɔ̃.” Aleke gbegbee wole wotsrɔ̃m? Ramphal ŋlɔ kpɔɖeŋu ɖeka be: “Tɔsisi siwo le India ƒe akpa gãtɔ zu tsiʋe nuvo siwo lɔa aɖinuwo tso dugãwo kple kɔƒewo me ɖadea ƒu.” Aleke wòƒo nya tae? Eŋlɔ be: “Mía ŋutɔwoe dzi fu na mía ɖokui.”

Ŋukeklẽ le amegbetɔwo dome ƒe alafa geɖe, gake alesi wòle ɣletinyigba dem afɔku me egbea la dzi ɖe edzi. Nukatae? Nusitae nye be ŋutete si le amegbetɔ ŋu be wòatsrɔ̃ nu de ŋgɔ sã fifia wu tsã. Far From Paradise gblɔ be: “Ƒe blaatɔ̃ siwo va yi me koe míeke ɖe aɖitike kple mɔ̃ siwo míatsɔ atsrɔ̃ nu gbagbe bubuwo ɖa keŋkeŋ le míaƒe ɣletinyigba dzi la ŋu. . . . Ŋusẽ ɖesiaɖe kloe le homo sapiens [nunyala, le Latingbe me], alesi amegbetɔ yɔa eɖokui madzemadzee la si eye wògbe eɖokui léle kura.” Greenpeace yamenutome dzikpɔha gblɔ fɔbunya sesẽ aɖe nyitsɔ laa be: “Egbeviwo tsɔ Paradiso[nyigba] la wɔ aɖukpoe . . . ke fifia wotɔ ɖi abe vidzĩ kokoe manyanuwo ene . . . esusɔ ko be . . . woatsrɔ̃ agbevudo sia ƒiaƒiaƒia.”

Gake menye ɣletinyigba la ƒe etsɔme koe ŋukeklẽ de afɔku me o. Ede mia kple wò ƒomea ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple dedienɔnɔ si miakpɔ fifia hã afɔku me. Le mɔ ka nu? Xlẽ nyati si kplɔe ɖo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe