Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
Dzi Kpɔdzidzɔ Nenɔ Asiwò—be Nànɔ Lãmesẽ me Wu!
São Paulo Yunivɛsiti Nufialagã Sueli Damergian gblɔ be: “Nukokoe wɔnɛ be amewo te ŋu gbɔa dzi ɖi wu, wonɔa te ɖe dziɖeleameƒonyawo nu nyuie, eye wonɔa lãmesẽ me le ŋutilã kple susu me.” Braziltɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ O Estado de S. Paulo gblɔ be, woate ŋu asrɔ̃ nukokoedoame—abe alesi wosrɔ̃a nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔe ene. Edze ƒã be ehiã be dzikudola natrɔ alesi wòbua nu ŋui. Susuŋutinunyafialagã Raquel Rodrigues Kerbauy gblɔ be: “Ne ame aɖe susu be ɖeko nudzɔdzɔewɔwɔ abɔ ɖe xexeame hafi yeako nu la, ke anye dzibila tegbee. Ne èbu eŋu kpɔ la, numadzɔmadzɔwɔwɔ bɔ ɖe afisiafi.” Nyatakaka la gblɔ be ne vovo meli o gɔ̃ hã la, amesiwo kɔa mo ɖe ame ɖea modzaka kple ame bubuwo. Nu suesuewo abe “dzeɖoɖo, kpetike nyinyi, ha nyui aɖe ƒoƒo aɖabaƒoƒo atɔ̃” dzɔa dzi na wo. Gake Damergian xlɔ̃ nu be: “Mele be míasusu be nukokoedoame nye nyamaɖinyawo kple nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ o.”
Ðe Xewo Ðo Afɔku Me le Xelɔ̃lawo Si Mea?
London ƒe Sunday Times ka nya ta be ne amesiwo lɔ̃a xewo le nuɖuɖu gblẽm ɖe woƒe abɔwo me na xewo bene woava fɔ ami la, ke wole nu gblẽm le wo ŋu wu nu nyui si wobe yewole wɔwɔm na wo. Nuɖuɖu me dɔléle siwo tsoa ŋɔviwo, lãviwo, kple nugbagbevi suesue bubu siwo womete ŋu de dzesi haɖe o gbɔ la wu xe siwo dzena ɖe abɔwo me siwo wolɔ̃a kpɔkpɔ le Britain dometɔ akpe geɖe. James Kirkwood si nye lãdɔléleŋutinunyalawo ƒe tatɔ le London ƒe Lãwo Kpɔƒe tsi dzi be xe ƒomevi aɖewo gbɔna tsɔtsrɔ̃ ge le nuto aɖewo me. Ŋɔvi kple lãvi siwo gbea kuku la te ŋu tsia agbe ŋkeke geɖe le mĩ siwo le xewo ƒe nuɖunu me ŋu alo le anyigba. Nufialagã Chris Perrins si le Oxford Yunivɛsiti gblɔ be ne gbegblẽwo koŋue menyo o. Egblɔ be: “Dziɖuɖua de se be woagadzra ne gbegblẽwo na amewo o gake eɖe mɔ be woade wo xewo ƒe nuɖuɖu me,” eye wògblɔ kpee be: “Wole xe gbogbo aɖewo wum.”
Aƒe si me Sɔe na Axɔ̃wo
Tsã la, vuvɔŋɔli sesẽwo wua axɔ̃wo ale gbegbe. Gake Britain ƒe magazine si nye New Scientist gblɔ be nuwo le tɔtrɔm. John Maunder si le Cambridge Nudzodzoeŋutinunyalawo ƒe Dɔwɔƒe gblɔ be: “Axɔ̃ siwo nɔa dadi ŋu dzi ɖe edzi ŋutɔ le ƒe ewo siwo va yi me.” Fifia la, aƒe siwo li egbe zu bebeƒe si sɔe na axɔ̃ siawo siwo nɔa avũwo hã ŋu. Tsã la, fifia mewɔna le vuvɔŋɔli boo o—menyona na axɔ̃awo ƒe ŋɔviwo kura o. Maunder gblɔ be: “Fifia la, ya meƒona toa xɔ aɖewo me nyuie o eyata fifia wɔna ŋutɔ, eye ne vuvɔŋɔlia teƒe didi gɔ̃ hã la, axɔ̃awo mekuna o.”
Alesi Woanɔ Te Ðe Sukuvi Ŋutasẽlawo Nui
Esi amewo va nya nu tso ŋutasesẽ si yia edzi le sukuwo me ŋu le ŋkeke siawo me ta la, Japan ƒe Sukudede Dzikpɔƒe wɔ numekuku aɖe le ɖevi 9,420 kple wo dzilawo kpakple nufialawo ŋu. Numekukua ɖee fia be sukuvi siwo ŋu wosẽa ŋuta le, tso le gɔmedzesuku va ɖo ɖeviwo ƒe sɛkɛndri suku ƒe dzila siwo ade alafa memamã 70 la menya nu tso kuxia ŋu o alo womebua nya siwo wo viwo gblɔna na wo nya vevii o. Esi fukpelaawo dometɔ geɖe le vɔvɔ̃m be woagatu nu kple yewo ɖe edzi ta la, womegblɔnɛ na nufiala aɖeke be wole ŋuta sẽm le yewo ŋu o. Gake numekukua fia be, ne nufialawo tsɔ asi sesẽ kpɔ nyaa gbɔe la, fukpelaawo ƒe alafa memamã 2 koe wogatua nu kplii emegbe eye womegasẽa ŋuta le sukuvi alafa memamã 40 siwo ŋu wosẽa ŋuta le tsã ŋu azɔ̃ o. Nufialagã Yoji Morita, si le Osaka City ƒe Yunivɛsiti gblɔ be: “Meka ɖe edzi kokoko be ne fukpelaawo gblɔ nya la na woƒe nufialawo eye nufialawo kpɔ egbɔ nyuie la, woate ŋu aɖe ŋutasesẽ ɖa.”
Nusiwo Ðeviwo Lɔ̃na Kple Nusiwo Wotsri
Nuka wɔwɔe ɖeviwo melɔ̃na o wu? Numekuku aɖe si Nufialagã Gustavo Pietropolli Charmet si le Milan Yunivɛsiti, Italy, wɔ le ɖevi siwo xɔ tso ƒe 6 va ɖo 11 ŋu la, ɖeviawo dometɔ akpa gãtɔ gblɔ be: “Aƒemenɔnɔ anɔ TV kpɔm,” alo “Anɔ Dada gbɔ awɔ sukudɔdasiwo.” Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Repubblica gblɔ be nusi menyoa wo ŋu be yewoawɔ o wu enye be, “nane wɔɣi nanɔ anyi,” si fia be, woanɔ du dzi ayi ɣeɖuɖu, Eŋlisigbe, saŋkuƒoƒo, kple nu bubuwo srɔ̃ƒe. Nusi hã wo dometɔ akpa gãtɔ tsri enye be “woatsi akogo.” Gake ŋutsuviwo ƒe alafa memamã 49 di be dzilawo “nana ɖeviwo nayi aɖafe le gota,” eye nyɔnuviwo di be dzilawo “nakpɔ dzidzɔ afe kple wo viwo.” Nya si gblɔm wole enye be: ‘Ne Dada afe kplim la, ele be wòafe kplim ŋutɔŋutɔ. Ne dzi mele edzɔm o la, àte ŋu anya ekema dzi medzɔa nye hã o.’
Papatenɔla Kafu Ðasefowo ƒe Dɔ
Papatenɔla Suenens si tso Belgium, amesi ʋlia Kotolikohawo ƒe ɖekawɔwɔ kple gbɔgbɔhawo ta la, ku nyitsɔ laa esi wòxɔ ƒe 91. Belgium ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Het Belang van Limburg gblɔ be togbɔ be Suenens te ŋu wɔ nu geɖe hã la, mete ŋu ke ɖe nusi wòdi le agbe me ŋu o. Eteƒenɔla Papatenɔla Danneels gblɔ be Suenens “dina ɣesiaɣi be Kristotɔwo naʋã wo ɖokui geɖe wu. Ebia . . . eɖokui se be ɖe wòanyo be míayi tso aƒeme yi aƒeme, abe alesi Yehowa Ðasefowo wɔnɛ ene hã. Eye mlɔeba eva kpɔe be mɔnu sia megblẽ kura o. Nya si wògblɔna zi geɖe enye be: ‘Ne ète ŋu wɔ ame bubu wòzu Kristotɔ ko hafi nènye Kristotɔ.’”
Atsiaƒua me Kɔklɔ
Gbesigbe tsi medza o gɔ̃ hã la, tsitsatsa ƒoɖi galɔn miliɔn geɖe kple gbeɖuɖɔwo tsoa dublɔwo dzi sina yia atsiaƒu me le Los Angeles, California nuto me. Gbesigbe tsi dza la, tsitsatsawo te ŋu ɖoa galɔn biliɔn geɖe! Dugã la ƒe dziɖuɖu wɔ ɖoɖo aɖe be woana dua me tɔwo nanya be nusianu si wotsɔ ƒu gbe, wonyã, alo wokplɔ kɔ ɖe ablɔ dzi la toa tsimɔwo me yia atsiaƒua me tẽ—evɔ womeɖae o! Esiawo dometɔ aɖewoe nye ami kple tsinu bubu siwo woɖena le ʋuwo me, sɔgbe alo seƒoƒo siwo ta woƒo, gbeɖuɖɔ, kple aƒelɛ̃wo ƒe mĩwo. Be woagagblẽ nugbagbewo kple wo nɔƒe si dze ŋgɔ Santa Monica Bay o la, wode dzi ƒo na dua me nɔlawo be: Migakɔ gbeɖuɖɔ ɖe ablɔwo dzi o; mikplɔ ametoƒewo tsɔ wu be miatsɔ tsi aklɔe; milɔ aƒelɛ̃wo ƒe mĩwo enumake; mitre ʋu siwo ƒe amigo alo tsigo gbã la; eye mitrɔ asi le ʋu me miwo ŋu hena wo zazã ake. The Wall Street Journal gblɔ be ate ŋu adzɔ zi 50 le alafa me be amesiwo ƒua tsi le afisiwo te ɖe tsimɔ ŋu nalé ŋudza, woanɔ tutrum, woalé akɔtadɔwo, alo tome nanɔ wo vem wu amesiwo ƒunɛ le afisiwo sa ɖe aga tso tsimɔwo gbɔ abe meta 360 ene.
Ƒugɔmeʋawɔʋu Siwo Wɔa Futukpɔ
Magazine si nye New Scientist gblɔ be Sweden ƒe Tɔdzisrafowo wɔ gbeɖiɖilémɔ̃ aɖewo ɖe tɔ gɔme be woatsɔ alé gbe siwo ɖina ne mɔ̃ si tutua ƒugɔmeʋawɔʋua ƒe totro na tsia le fiefiem wlɔwlɔwlɔ lae. Esi dziɖuɖua ƒe dɔwɔha aɖe do “tɔgɔme nuwɔna tutɔ” 6,000, siwo woxɔ tso gbeɖiɖilémɔ̃a ƒe dɔwɔwɔ kple nusiwo amewo se gbɔ la, wo dometɔ ade pɛ ko ŋue kpeɖodzi sesẽ le be wotso ƒugɔmeʋawɔʋu ƒe tsibublu gbɔ. Nyatakaka la gblɔ be gbeɖiɖi mamlɛa dometɔ geɖe ate ŋu atso “afɔ suewo ƒe tsiƒuƒu sesĩe” gbɔ. Edze abe lã siwo nye mink kple otter ƒe tsiƒuƒu ɖina tututu abe ƒugɔmeʋawɔʋu ƒe mɔ̃ si tutunɛ ƒe tsibublu ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòflua tɔdzisrafo siwo ke to ɖi.
Ðeviwo le Ðeviwo Gbɔ Dɔm
Johannesburg ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Saturday Star ka nya ta be ɖevi bubuwo dɔa ɖevi akpe geɖe gbɔ le South Africa. Evan the Schurink si nye Amegbetɔŋutinunya ƒe Numekuha me tɔ la gblɔ be gbɔdɔdɔnuwɔna sia tso alesi wowɔa anyrã le ɖevi vɔ̃wɔla siawo ŋu gbɔ. Marilyn Donaldson si nye ɖeviŋutiɖaŋuɖola le Ŋutasesẽ ŋu Numekuƒe Kple Avuléle ƒe Vevesese Dɔdaƒe lɔ̃ ɖe edzi be: “Le . . . aƒe geɖe me la, ɖevi siawo kpɔa aƒemeŋutasesẽ dziŋɔwo teƒe eye zi geɖe la, ƒometɔ veviwo gbɔe ɖevi siawo hã dɔna.” Egblɔ hã be modzakadzaka kple dzilawo ƒe bemalémale na wo gbɔe gbɔdɔdɔa akpa gãtɔ tsona. Egblɔ be: “Ne dzila yi dɔ me la, ame aɖeke menɔa ɖeviawo gbɔ le aƒea me o, eyata wokpea fu le wo gbɔ dɔlawo si me.” Esi Donaldson ganɔ asi fiam afɔku bubu la, egblɔ be yekpɔ be “ɖevi sue ƒe 6 va ɖo ƒe 10 viwo tsɔa Aids si woxɔ to gbɔdɔdɔ me vaa dɔdaƒea” enuenu.
Ahanono le Fufɔɣi
Canada ƒe The Medical Post ka nya ta be: “Numekuku yeyewo ɖo kpe edzi be vinɔwo ƒe ahanono le fufɔɣie na vidzĩwo ƒe ʋumenugbagbeviɣidɔ léle dzi ɖe edzi.” Ʋumenugbagbeviɣidɔléla 302 siwo xɔ dzinu 18 alo le sue wu esime wokpɔ dɔa le wo ŋu, kpakple vidzĩ 558 bubu siwo dzilawo meno aha o ye wodo kpɔ. Mɔnukpɔkpɔ li zi gbɔ zi ewo kloe be ɖevi siwo dadawo no aha le fufɔɣi ƒe dzinu ene va ɖo adelia me alo le dzinu etɔ̃ mamlɛawo me la ate ŋu alé ƒutomemi me ʋumenugbagbeviɣidɔ kaba wu ɖevi siwo dadawo meno aha o. Wogblɔ be numekuku yeyea wɔ ɖeka kple numekuku bubu siwo wowɔ le funɔ siwo noa aha kpakple wo viwo ƒe ʋumenugbagbeviɣidɔ léle kaba ŋu.