INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 1/8 axa 22
  • Ŋutasesẽ—Le Nyɔnuwo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋutasesẽ—Le Nyɔnuwo Ŋu
  • Nyɔ!—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyɔnuwo​—Wobua Wo le Aƒemea?
    Nyɔ!—1992
  • Ŋutasesẽ Le Nyɔnuwo Ŋu—Xexea Me Katã Ƒe Kuxie
    Nyɔ!—2008
  • Aleke Mawu Bua Ŋutasẽnuwɔnawoe?
    Nyɔ!—2002
  • Ne Wova Le Nu Vlo Wɔm le Aƒeme
    Nyɔ!—1993
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 1/8 axa 22

Ŋutasesẽ—Le Nyɔnuwo Ŋu

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE NIGERIA GBƆ

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe agbalẽ si nye Human Development Report 1995 gblɔ be wosẽa ŋuta le nyɔnuwo ŋu tso wo dziɣi vaseɖe woƒe kugbe. Nusiwo wokpɔ le numekuku siwo wowɔ le xexeame godoo mee nye esiwo gbɔna:

Hafi woadzi wo. Le dukɔ aɖewo me la, wodoa fugboe kpɔna bene woanya ne ŋutsue loo alo nyɔnue. Zi geɖe la, woɖea esiwo nye nyɔnuwo ƒua gbe.

Le ɖevime. Le Barbados, Canada, Netherlands, New Zealand, Norway, kple United States la, nyɔnu 3 dometɔ 1 gblɔ be wodɔ ye gbɔ le ɖevime alo le ɖetugbi me. Le Asia kple teƒe bubuwo la, wozia ɖevi—nyɔnuviwo koŋ—siwo ade miliɔn ɖeka dzi wowɔa gbolo ƒe sia ƒe. Wotaa nyɔnuvi miliɔn geɖe le xexeame godoo.

Le tsitsime. Wosẽa ŋuta le nyɔnu srɔ̃tɔ 3 dometɔ 2 ŋu le aƒeme le Chile, Mexico, Papua New Guinea, kple Republic of Korea. Wodɔ nyɔnu 6 dometɔ 1 gbɔ sesẽe le Canada, New Zealand, United Kingdom, kple United States.

Le nyagãkuɣi. Nyɔnu siwo katã wowu le Bangladesh, Brazil, Kenya, Papua New Guinea, kple Thailand dometɔ afã kple edzivɔ ƒe ahiãvi xoxowo alo fifitɔwoe wu wo. Le Afrika, Anyiehe Amerika, le Pacific ƒukpo geɖe dzi, kple le United States la, srɔ̃ɖeɖe me ŋutasesẽ ye nye nu vevitɔ si na nyɔnuwo wua wo ɖokui.

Ŋutasesẽ le nyɔnuwo ŋu nye nuwɔna si le ɣeyiɣi si Biblia yɔ be “ŋkeke mamleawo” la me, esime ame geɖe lanye “busunyagblɔlawo,” “amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o,” kple “ame wɔadãwo.” (Timoteo II, 3:1-5) Míate ŋu ada akpe ɖe Yehowa Mawu ƒe ŋugbedodo ta be le ‘ŋkeke mamle’ sesẽ siawo megbe la, aɖo ŋutifafa ƒe xexe yeye aɖe anyi si me anyigbadzinɔlawo “[anɔ] anyi aɖe dzi ɖi, ame aɖeke mado voɖi na wo o.” (Xezekiel 34:28; Petro II, 3:13) Le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te la, Yesu Kristo “aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.”—Psalmo 72:12, 14.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe