Eƒe Nya me Bɔbɔ, Gake Ekuna ɖe Mawu ƒe Dzidzenuwo Ŋu
CHINATƆWO ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Amesiwo ɖea mɔ ɖe nu ŋu metsia bome gbeɖe o, eye bometsilawo meɖea mɔ ɖe nu ŋu gbeɖe o.” Lododoa nye nyateƒe ŋutɔŋutɔ, elabena esesẽ be woaɖe mɔ ɖe nu ŋu, eye ebia be woaku ɖe agbenɔnɔ ƒe dzidzenu nyuiwo ŋu. Gake dzidzenu kawo dzie wòle be mía ŋutɔwo míawɔ ɖo? Ðe nunya manɔ eme be míawɔ ɖe dzidzenu siwo ameƒomea Wɔla la ɖo, siwo me woɖe le eƒe Nya, Biblia Kɔkɔe la, me dzi oa? Mawu ŋutɔ ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi le eya ŋutɔ ƒe dzidzenuwo dzi wɔwɔ me.
Wɔla La—Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola Gãtɔ Kekeakee Wònye
Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, da sɔ nyuie le mɔɖeɖeɖenuŋu me, eye meɖenɛ fiana wògbɔa eme alo vea nu le ewɔwɔ ŋu o. Ƒe akpe geɖe enye sia la, eɖe mɔ na amesiwo doa vlo eƒe ŋkɔ, gblẽa ameƒomea, eye wogblẽa anyigba la. Apostolo Paulo ŋlɔe ɖe Romatɔwo 9:22 be Mawu “tsɔ dzigbɔgbɔ blewu geɖe lé dziku ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena gbegblẽ la, ɖe asi.” Nukata Mawu ɖe mɔ eteƒe didi nenema gbegbe? Elabena nane tae wòɖe mɔ ɖo.
Mawu gbɔa dzi ɖi na ameƒomea “esi melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.” (Petro II, 3:9) Wɔla la tsɔ Biblia na ameƒomea eye ede dɔ asi na esubɔlawo be woana amewo nanya yeƒe nuwɔna ŋuti dzidzenuwo le afisiafi. Kristotɔ vavãwo wɔna ɖe dzidzenu siawo dzi. Gake ɖe esia fia be Mawu subɔlawo ƒe nya me nasẽ le nɔnɔme ɖesiaɖe mea?
Wonɔa Te Sesĩe, Gake Woƒe Nya me Bɔbɔ
Yesu Kristo de dzi ƒo na amesiwo le agbe mavɔ dim be “[woayi] ɖe agbo bii la me.” Gake agbo bii la me toto mefia be míaƒe susu nanɔ biie o. Ne míedina be míaɖu ame dzi alo aku ɖe míaƒe nukpɔsusu ɖeɖeko ŋu ne míele ame bubuwo dome la, ke míate ŋu ana agbenɔnɔ navivi amesiame nu wu ne míete ŋu ɖu nɔnɔme sia dzi. Gake aleke míaɖu edzii?—Mateo 7:13; Petro I, 4:15.
Theofano si nye Helatɔ nusrɔ̃la aɖe si ɖe eme be ɣeyiɣi si yetsɔ nɔ amesiwo ƒe nɔnɔme to vovo gbɔ la kpe ɖe ye ŋu yesea nu gɔme na wo wu la gblɔ be: “Ehiã be míadze agbagba akpɔ alesi wobua tamee tsɔ wu be míazii ɖe wo dzi be woalɔ̃ ɖe mía tɔ dzi.” Eyata ne míenya ame aɖe nyuie wu la, ɖewohĩ míakpɔe be nuɖuɖu si dzɔa dzi nɛ kple eƒe nuƒo gɔ̃ hã meto vovo na mía tɔ boo abe alesi míebui ene o. Le esi teƒe be míagblɔ nyaa ƒe akpa gãtɔ ɣesiaɣi alo agblɔ nya mamlɛtɔ kokoko la, míesrɔ̃a nu geɖe siwo ɖea vi ne míeɖo to se eƒe nukpɔsusu. Le nyateƒe me la, agbenɔnɔ vivina na amesiwo lɔ̃na xɔa ame bubuwo ƒe susu wu.
Ne nusi dzɔa dzi na ame aɖe ƒe nyae wònye la, ke ele be míabɔbɔ nya me eye míana ame bubuwo nase vivi le nusi dzɔa dzi na wo me. Gake ne nɔnɔmea ku ɖe to ɖoɖo mía Wɔla la ŋu la, ele be míanɔ te sesĩe. Menye nuwɔna ɖesiaɖee dzɔa dzi na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o. Eɖe esia fia le alesi wòwɔ nu kple esubɔlawo me le blema.
Mɔɖeɖeɖenuŋu Akpa ƒe Mɔ̃ La
Eli si nye blema Israel-dukɔa ƒe nunɔlagã la nye mawusubɔla si mɔɖeɖeɖenuŋu akpa ƒe mɔ̃ ɖe. Israel-viwo bla nu kple Mawu, eye wolɔ̃ be yewoawɔ ɖe eƒe sewo dzi. Gake Eli viŋutsu eve siwo nye Xofni kple Pinexas nye ŋuklẽlawo kple agbegbegblẽnɔlawo eye wodo vlo Ŋusẽkatãtɔ la. Togbɔ be Eli nya Mawu ƒe Sea nyuie hã la, meka mo na wo boo o eye eɖe ŋu ɖi le tohehe nana me. Ebui vodadatɔe be Mawu aɖe mɔ ɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu. Wɔla la dea vovo gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vɔ̃ɖinyenye dome. Wohe to na Eli viŋutsu vɔ̃ɖiawo vevie ɖe alesi woɖoe koŋ da le Mawu ƒe Se dzi ta—eye esɔ nenema hã.—Samuel I, 2:12-17, 22-25; 3:11-14; 4:17.
Afɔku kae nye si wòanye na mí be míaɖe mɔ ɖe nu ŋu akpa le míaƒe ƒomea me aŋe aɖaba aƒu mía viwo ƒe vɔ̃wɔwɔ atraɖii dzi! Aleke gbegbe wòanyoe nye si be míanyi wo “le [Yehowa, NW] ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me”! Esia fia be ele be mía ŋutɔwo míaku ɖe Mawu ƒe agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋu eye míaƒã wo ɖe mía viwo me.—Efesotɔwo 6:4.
Nenema ke Kristo-hamea mate ŋu aɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu o. Ne wo dometɔ aɖe wɔ nuvɔ̃ gã eye wògbe dzimetɔtrɔ la, ele be woaɖee ɖa le wo dome. (Korintotɔwo I, 5:9-13) Gake Kristotɔ vavãwo medzea agbagba be yewoatrɔ amesiwo katã le ƒomea kple hamea godo o.
Ƒomedodo Sẽŋu Kple Yehowa
Mɔmaɖemaɖeɖenuŋu hea dzimaɖitsitsi vɛ. Gake ne ƒomedodo kplikplikpli le mía kple Mawu dome la, míesenɛ be míele dedie eye ekpena ɖe mía ŋu be míayi edzi ada asɔ nyuie. Míexlẽ le Lododowo 18:10 be: “Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ̃ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.” Le nyateƒe me la, afɔku aɖeke meli si ava mí alo míaƒe ame veviwo dzi si gbɔ Wɔla la makpɔ le ye ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi o.
Apostolo Paulo nye ame aɖe si ƒomedodo kplikplikpli kple Mawu ɖe vi na geɖe. Esi wònye Yudatɔ si woyɔ be Saul la, eti Yesu Kristo yomedzelawo yome eye eɖi ʋukɔkɔɖi ƒe fɔ. Gake Saul ŋutɔ va zu Kristotɔ eye emegbe esi wòzu apostolo Paulo la, ewɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa. Paulo ɖe nɔnɔme si nye lɔlɔ̃ ɖe ame bubuwo ƒe nukpɔsusu dzi fia le gbeƒãɖeɖe na amewo katã me, “Helatɔwo kple Barbaratɔwo, nunyalawo kple ame manyanuwo katã.”—Romatɔwo 1:14, 15; Dɔwɔwɔwo 8:1-3.
Aleke wòwɔ te ŋu trɔ? To sidzedze vavãtɔ si wòxɔ tso Ŋɔŋlɔawo me kple alesi eƒe lɔlɔ̃ na Wɔla si mekpɔa ame ŋkume o la tsi ɖe edzii me. Paulo srɔ̃e be Mawu ƒe nuwɔna sɔ le go sia me be Edrɔ̃a ʋɔnu amesiame ɖe amesi amea nye kple nusi wòwɔna nu, ke menye le dukɔ alo ameƒomevi si me tɔ wònye nu o. Ẽ, nuwɔnawoe le vevie na Mawu. Petro de dzesii be “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Mawu Ŋusẽkatãtɔ la mebua nazã o. Esia to vovo na alesi xexemedziɖula aɖewo wɔna, amesiwo ɖonɛ koŋ zãa mɔmaɖemaɖeɖenuŋu ɖe woa ŋutɔwo ƒe tameɖoɖowo ta.
Ɣeyiɣiawo Le Tɔtrɔm
John Gray si le Oxford Yunivɛsiti le England la gblɔ be mɔɖeɖeɖenuŋu nye “nɔnɔme nyui si megabɔ le ɣeyiɣi siawo me o.” Gake esia atrɔ. Mɔɖeɖeɖenuŋu si da sɔ le Mawu ƒe nunya me anɔ anyi.
Le Mawu ƒe xexe yeye si tu aƒe me la, mɔmaɖemaɖeɖenuŋu nu ayi. Mɔmaɖemaɖeɖenuŋu si gbɔ eme, abe nazãbubu kple tɔnyee wu ene, nu ayi. Ame ŋutɔ ƒe nukpɔsusu ɖeɖeko me léle ɖe asi magaxe mɔ ɖe agbemevivisese nu o. Paradiso si de ŋgɔ sã wu ɖesiaɖe si te ŋu nɔ Kashmir Bali me la anɔ anyi ɣemaɣi.—Yesaya 65:17, 21-25.
Èle mɔ kpɔm be yeanɔ xexe yeye ma mea? Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wòanye eye aleke gbegbe wòado dzidzɔ na amee nye si!
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
Apostolo Paulo da sɔ nyuie elabena ƒomedodo nɔ woa kple Mawu dome