INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 2/8 axa 19-21
  • Dadasɔ Nyuie Ate Ŋu Ana Wò Agbenɔnɔ Nanyo Wu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dadasɔ Nyuie Ate Ŋu Ana Wò Agbenɔnɔ Nanyo Wu
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amesiwo Ate Ŋu Azu Gaglãsudolawo
  • “Kakaɖedzimanɔamesi ƒe Seselelãme Deto Aɖe”
  • Ƒo Asa na Ðekematsɔleme ƒe Mɔ̃ La
  • Ablɔɖewo Takpɔkpɔ—Aleke?
    Nyɔ!—1999
  • Mɔɖeɖeɖenuŋu—Ne Egbɔ Eme alo Womeɖee Fia Kura O
    Nyɔ!—1997
  • Eƒe Nya me Bɔbɔ, Gake Ekuna ɖe Mawu ƒe Dzidzenuwo Ŋu
    Nyɔ!—1997
  • Mɔɖeɖeɖenuŋu
    Nyɔ!—2015
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 2/8 axa 19-21

Dadasɔ Nyuie Ate Ŋu Ana Wò Agbenɔnɔ Nanyo Wu

MƆÐEÐEÐENUŊU le abe sukli si wode kɔfi me ene. Ne èdee eme wòsɔ la, ate ŋu ana agbe navivi ɖe edzi. Gake togbɔ be ɖewohĩ sukli vivia mía nu hã la, míevea nu le mɔɖeɖeɖenuŋu ya ŋu zi geɖe. Nukatae?

Arthur M. Melzer si nye nufialagãtenɔla le Michigan Dukɔa ƒe Yunivɛsiti ŋlɔ bena: “Amegbetɔwo medina be yewoaɖe mɔ ɖe nu ŋu o. Nusi wote ŋu ɖena fiana bɔbɔe ye nye . . . nazãbubu.” Eyata mɔmaɖemaɖeɖenuŋu menye nɔnɔme gbegblẽ aɖe si le ame ʋee aɖewo ko ŋu o; mí katã míedina be míaku ɖe mía ŋutɔwo ƒe nukpɔsusu ko ŋu elabena ameƒomea katã mede blibo o.—Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 5:12.

Amesiwo Ate Ŋu Azu Gaglãsudolawo

Le ƒe 1991 me la, Time magazine ka nya ta le alesi ame geɖe wu megabua ame bubuwo ƒe nukpɔsusu le United States ŋu o ŋuti. Nyatia ƒo nu tso “agbenɔnɔ ƒe gaglãsudolawo” ŋu, amesiwo dzea agbagba be yewoazi yewo ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo ɖe amesiame dzi. Wowɔ fu amesiwo gbe tɔtrɔ ɖe woƒe susuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, woxɔ dɔ le nyɔnu aɖe si le Boston si le esi wògbe atsyɔ̃ɖomi aɖewo zazã ta. Wonyã ŋutsu aɖe le dɔ me le Los Angeles le esi wòlolo akpa ta. Nukata wodzea agbagba be woana ame bubuwo natrɔ ɖe yewoƒe dzidzenuwo ŋu?

Amesiwo kuna ɖe woawo ɖeɖe ƒe susu ŋu nye nugɔmemaselawo, ɖokuitɔdilawo, totitritɔwo, kple nyaɖekamelélawo. Gake ɖe ame akpa gãtɔ menye nugɔmemaselawo, ɖokuitɔdilawo, totitritɔwo, alo nyaɖekamelélawo vaseɖe afi aɖe oa? Ne nɔnɔme siawo xɔ aƒe ɖe mía me la, míaƒe nukpɔsusu ko ŋue míabu.

Ke wò ya ɖe? Ðe nègblɔna be nuɖuɖu si vivia ame aɖe nu la medzea ye ŋu oa? Ne miele dze ɖom la, ɖe nèdina ɣesiaɣi be yeagblɔ nya mamlɛa? Ne èle dɔ wɔm kple ƒuƒoƒo aɖe la, ɖe nèkpɔa mɔ be woawɔ ɖe yeƒe susu dzia? Ne nenemae la, ke anyo be nàtsɔ sukli sue aɖe ade wò kɔfia me!

Gake abe alesi míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me ene la, mɔmaɖemaɖeɖenuŋu ate ŋu anye fuléle ƒe nazãbubu. Nusiwo ate ŋu ana mɔmaɖemaɖeɖenuŋu nakeke ta dometɔ ɖekae nye dzimaɖitsitsi vevie.

“Kakaɖedzimanɔamesi ƒe Seselelãme Deto Aɖe”

Towo me tɔwo ŋuti nunyalawo lé ŋku ɖe ameƒomea ƒe tsãgbenɔnɔ me be yewoakpɔ ɣeyiɣi siwo me nazãbubu ɖe ameƒomevi bubuwo ŋu do mo ɖa kple afisi wòdzɔ le. Wokpɔe be mɔmaɖemaɖeɖenuŋu sia tɔgbe medoa mo ɖa ɣesiaɣi o, eye medzɔna le dukɔ ɖesiaɖe me sɔsɔe o. Germantɔwo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe magazine si nye GEO ka nya ta be ameƒomeviwo dome masɔmasɔwo doa mo ɖa le nɔnɔme sesẽwo me, esime “kakaɖedzimanɔamesi ƒe seselelãme deto aɖe nɔa amewo me eye wokpɔnɛ be yewoƒe amenyenye ɖo afɔku me.”

Ðe “kakaɖedzimanɔamesi ƒe seselelãme deto” sia bɔ egbea? Ẽ, ebɔ. Nɔnɔme sesẽ geɖe ɖe kpe na ameƒomea fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Dɔmakpɔmakpɔ, nuwo ƒe asi si le dzi yim, amewo ƒe agbɔsɔsɔ akpa, ya si xea mɔ na ɣe ƒe keklẽ wuame si le vɔvɔm, nuvlowɔwɔ ƒe dzidzi ɖe edzi le dugãwo me, ɖi ƒoƒo tsi nyui, xexeame katã ƒe dzoxɔxɔ—nusiawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe vɔvɔ̃doname ɣesiaɣi dzia dzimaɖitsitsi ɖe edzi. Nɔnɔme sesẽwoe hea dzimaɖitsitsi vɛ, eye dzimaɖitsitsi madzemadzee hã hea mɔmaɖemaɖeɖenuŋu vɛ.

Le kpɔɖeŋu me, mɔmaɖemaɖeɖenuŋu sia doa mo ɖa le afisi to vovovo me tɔwo kple amesiwo ƒe dekɔnuwo to vovo tsaka kple wo nɔewo, abe alesi wòle le Europa-dukɔ aɖewo me ene. Le National Geographic ƒe nyatakaka le ƒe 1993 me nu la, ʋuʋula siwo wu miliɔn 22 ye nɔ Europa-dukɔwo me ɣemaɣi. “Ame yeye siwo” ƒe gbegbɔgblɔ, agbenɔnɔ, alo mawusubɔsubɔ to vovo siwo “ƒo zi ɖe afima la na dzi ɖe le [Europatɔ geɖe] ƒo.” Tsitretsitsi ɖe dukɔ bubu me tɔwo ŋu dzi ɖe edzi le Austria, Belgium, Britain, France, Germany, Italy, Spain, kple Sweden.

Ke xexemedziɖulawo ya ɖe? Le ƒe 1930-awo kple ƒe 1940-awo me la, Hitler na mɔmaɖemaɖeɖenuŋu va zu ɖoɖo aɖe na dziɖuɖua. Nublanuitɔe la, dunyahehe kple subɔsubɔha kplɔla aɖewo wɔa mɔmaɖemaɖeɖenuŋu ŋudɔ tsɔ ɖoa woƒe taɖodzinuwo gbɔe. Alea wòle le teƒe aɖewo abe Austria, France, Ireland, Russia, Rwanda, kple United States ene.

Ƒo Asa na Ðekematsɔleme ƒe Mɔ̃ La

Ne sukli mete míaƒe kɔfi o la, míekpɔnɛ be mede tututu o; ne sukli gatee fũ hã la, evivina ŋanaŋana akpa le míaƒe nume. Nenema ke mɔɖeɖeɖenuŋu hã le. Bu ŋutsu aɖe si fiaa nu le kɔledzi aɖe le United States ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ.

Ƒe aɖewoe nye si va yi la, David R. Carlin, Jr., kpɔ mɔ bɔbɔe aɖe si wɔa dɔ nyuie si dzi wòtona naa eƒe sukuviwo ƒoa nu tso nuwo ŋu. Egblɔa nya aɖe si ŋu wòtrɔ asi le be wòatsi tre ɖe eƒe sukuviwo ƒe nukpɔsusuwo ŋu, le esi wònya be wòmalɔ̃ ɖe edzi o ta. Esia nana woɖoa dze le nya la ŋu vevie. Gake le ƒe 1989 me la, Carlin ŋlɔ bena mɔnu ma megawɔa dɔ nyuie o. Nukatae? Togbɔ be sukuviwo megalɔ̃na ɖe nya si wògblɔna dzi o hã la, womegatsia dzi be yewoaʋli nya la o. Carlin ɖe eme be nusi ɖo wo me fifiae nye “ɖikela ƒe nyadzilɔlɔ̃ nuŋumabumabutɔe”—si nye ɖekematsɔmatsɔ le naneke me kura ƒe nɔnɔme.

Ðe ɖekematsɔmatsɔ le naneke me sɔ kple mɔɖeɖeɖenuŋua? Ne ame aɖeke metsɔ ɖeke le nusi ame aɖe susu alo wɔna me o la, ke dzidzenu aɖeke manɔ anyi o. Dzidzenuwo ƒe anyimanɔmanɔ nye ɖekematsɔleme—si nye vivimadomado ɖe nu ŋu. Aleke nɔnɔme siawo ate ŋu ado mo ɖae?

Le Nufialagã Melzer ƒe nya nu la, ɖekematsɔleme ate ŋu akeke ta le amesiwo lɔ̃na ɖe nuwɔna ŋuti dzidzenu geɖe siwo to vovo dzi dome. Amewo va xɔnɛ sena be agbenɔnɔ ɖesiaɖe ƒomevi nyo eye be ame ŋutɔ ƒe tiatia koe nuwɔna ɖesiaɖe nye. Le esi teƒe be amewo nabu tame eye woabia nya le nusi sɔ kple nusi mesɔ o ŋu la, “wosrɔ̃a alesi womabu tame kura o [boŋ] zi geɖe.” Agbenyuinɔnɔŋusẽ si ʋãa ame wòtsona ɖe ame bubuwo ƒe mɔmaɖemaɖeɖenuŋu ŋu la mele wo si o.

Ke wò ya ɖe? Ðe nèkpɔnɛ be yeɖea ɖekematsɔleme fiana ɣeaɖewoɣia? Ðe nèkoa nu ne wole kokoenya ƒaƒãwo alo esiwo dea vovototo amewo me gblɔma? Ðe nèɖea mɔ na viwòŋutsu alo viwònyɔnu ƒewuivi wòkpɔa video siwo doa ŋukeklẽ alo agbegbegblẽnɔnɔ ɖe ŋgɔa? Ðe nèkpɔnɛ be esɔ be viwòwo nanɔ fefem kple kɔmpiutadzifefe siwo me ʋunyaʋunyawɔwɔ lea?

Ne woɖe mɔ ɖe nu ŋu akpa la, ƒome alo amewo atsi dzodzodzoe, elabena ame aɖeke menya—alo tsɔ ɖeke le—nyui alo vɔ̃ me o. United States Sewɔhamenɔla Dan Coats xlɔ̃ nu le “ɖekematsɔleme bubu be enye mɔɖeɖeɖenuŋu ƒe mɔ̃ la” ŋu. Mɔɖeɖeɖenuŋu ate ŋu ana woalɔ̃ axɔ ame bubuwo ƒe nukpɔsusu; mɔɖeɖeɖenuŋu si gbɔ eme—ɖekematsɔleme—hã ate ŋu awɔe be womanya naneke o.

Eyata nukawo ŋue wòle be míaɖe mɔ ɖo eye nukawoe wòle be míagbe? Nukae ana ame nada asɔ nyuie? Esia mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Dze agbagba nàwɔ nu wòada asɔ ne nɔnɔme aɖewo do mo ɖa

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe