INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 3/8 axa 21-23
  • Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Mawu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Mawu?
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Ŋutɔ ƒe Mawu Ŋuti Sidzedze
  • Agbenyuinɔnɔ Le Vevie
  • Di Zɔhɛ Nyuiwo
  • Àte Ŋu Anye Yehowa Xɔlɔ̃
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ðe Xɔlɔ̃dzedze Mawu Akpe Ðe Ŋunyea?
    Nyɔ!—1995
  • Aleke Mawɔ be Xɔ̃nye Nagaɖo Tɔ Ðe Nunye O?
    Nyɔ!—1998
  • Ame kawoe nye xɔ̃nye vavãwo?
    Nyɔ!—2011
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 3/8 axa 21-23

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Mawu?

“NUTEƑEWƆWƆ.” “Ðokuitsɔtsɔna.” Nya siawoe amewo zãna zi geɖe tsɔ ɖɔa alesi woku ɖe wo xɔlɔ̃ veviwo ŋui. Ènya be woate ŋu atsɔ nya siawo aɖɔ kuku ɖe xexeme wɔnuku sia Wɔla Gã la hã ŋua—be Mawu ŋutɔ ate ŋu azu wò ŋutɔ xɔ̃wòa? Ẽ, Biblia ƒo nu tso ame ƒe mawusosroɖa ŋu, eye menye toɖoɖo koe nya ma bia o ke ebia ame ŋutɔ ƒe kuku ɖe Mawu ŋu, eŋunɔnɔ kplikplikpli si tsoa dzi kpɔŋudzedze me hã.

Akpa sia me nyati siwo do ŋgɔ ɖee fia be kukuɖeameŋu sia anya wɔ eye eɖea vi.a Gake aleke koŋ nàwɔ ƒomedodo nanɔ wò ŋutɔ kple Mawu dome? Menye ɖe wotsɔ dzi wò alo nu wònye nènyi eƒe dome tso dziwòla mawuvɔ̃lawo gbɔ o. Ke boŋ agbagbadzedze vevie me koe wotona kpɔnɛ. Apostolo Paulo gblɔ na ɖekakpui Timoteo be ‘wòado vevie mawusosroɖa.’ Ẽ, ele be wòadze agbagba si tɔgbe lãmesẽfefewɔla dzena tsɔ mlãa eɖokuii! (Timoteo I, 4:7, 8, 10) Ele be nàwɔe nenema hafi Mawu nate ŋu azu xɔ̃wò. Gake aleke nàwɔ adze ɖokuiwò mamlã le go sia me gɔme?

Ame Ŋutɔ ƒe Mawu Ŋuti Sidzedze

Esi wònye dzimee mawusosroɖa tsona ta la, ele be nàtsɔ Mawu ŋuti sidzedze ayɔ wò dzimee. Nublanuitɔe la, esi wobia sɔhɛ siwo wu 500 be “Zi nenie wò ɖeka nèxlẽa Biblia?” la, wo dometɔ 87 le alafa me gblɔ be “mexlẽnɛ ɣeaɖewoɣi,” “ƒã hafi mexlẽnɛ,” alo “nyemexlẽnɛ kura o.” Edze ƒã be sɔhɛ akpa gãtɔ bu be Biblia xexlẽ mevivi o eye etia ame. Gake mele be wòanɔ nenema o! Bu eŋu kpɔ: Nukata sɔhɛ aɖewo léa lãmesẽfefewo ŋuti nyatakakawo ɖe tame alo srɔ̃a hadzidzi siwo vivia wo nu wu me nyawo? Le esi nu mawo doa dzidzɔ na wo tae. Nenema ke Biblia xexlẽ ate ŋu ado dzidzɔ na wòe ne ènyrɔ ɖokui ɖe eme. (Timoteo I, 4:15) Apostolo Petro ƒoe ɖe mía nu be: “Gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie.” (Petro I, 2:2) Ẽ, ele be ɖetsɔleme sia tɔgbe nanɔ mewò ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu, alo nàtui ɖo. Esia ate ŋu abia agbagbadzedze, gake viɖe geɖe hã le eme.b

Viɖe ɖekae nye be, Mawu ƒe Nya la kple agbalẽ siwo me nya wotu ɖe Biblia dzi xexlẽ kple wo sɔsrɔ̃ aɖe “Yehowa ƒe vivisesewo” afia wò. (Psalmo 27:4) Sɔhɛ Kristotɔ si ŋkɔe nye Amber ɖoe eƒe taɖodzinu be yeaxlẽ Biblia bliboa katã. Esia xɔ ƒe ɖeka kloe. Amber ɖe eme be: “Nyemeka ɖe edzi be nu geɖe abia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze nenema gbegbe le nye agbe me gake wòaɖe vi geɖe alea o. Esime menɔ exlẽm la, ewɔ nam abe ɖe Yehowa tsɔm ɖo atata ene hele nu fiamem abe vifofo ene. Mesrɔ̃ nu geɖe ŋutɔ tso Yehowa ŋu—nusiwo na mete ɖe eŋu wu eye wona medi be mavɔ̃e le nye agbemeŋkeke mamlɛwo me.”

Ne èxlẽ Biblia la, àkpɔ ɣeyiɣi geɖe siwo me Mawu kpe ɖe exɔlɔ̃wo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. (Psalmo 18:26; 27:10) Àkpɔe be eƒe dzidzenuwo nye nyuitɔwo kekeake ɣesiaɣi eye wò nyonyo mavɔ tae woli ɖo. (Yesaya 48:17) Nuxexlẽ tso Mawu ƒe nɔnɔme nyui siwo ɖeke mesɔ kple o, abe eƒe lɔlɔ̃ kple nunya ene, ŋu aʋã wò nàdi be yeasrɔ̃e. (Efesotɔwo 5:1) Gake hafi nyatakaka siawo naʋã wò dzi la, ele be nàde ŋugble le wo ŋu hã. Ne èle exlẽm la, bia ɖokuiwò be: ‘Nukae esia fiam le Yehowa ŋu? Aleke mate ŋu awɔ esia ŋudɔ le nye tamebubu kple nuwɔnawo mee? Aleke esia ɖee fia be Mawue nye xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake si mate ŋu akpɔ?’

Mawu ŋuti sidzedze si asu asiwò to ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple hame ƒe nusɔsrɔ̃ me akpe ɖe ŋuwò nàte ɖe eŋu wu le mɔ bubu nu. Franseawo ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Xɔlɔ̃ vavãwoe nye amesiwo ƒe tamesusu le ɖeka.” Gake aleke nàwɔ wò kple Mawu ƒe ‘tamesusu nanɔ ɖeka?’ Sɔhɛ Denise ɖe eme be: “Zi geɖe alesi nèsrɔ̃a nu le nyati aɖe ŋu hekua eme la, zi nenemae nàkpɔ Yehowa ƒe nukpɔsusu le eŋu. Ekpena ɖe ame ŋu ne ènya alesi wòbu le nya aɖe ŋu.”

Agbenyuinɔnɔ Le Vevie

Amesiwo dea bubu Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋu koe wòdzea xɔ̃e. Lododowo 3:32 gblɔ be: “Tsi metoa eya kple dzime dzɔdzɔe tɔ domee o.” Sɔhɛ si le agbagba dzem be yeawɔ nu dzɔdzɔe la ‘alé ŋku ɖe Yehowa ƒe seawo ŋu, ne wòazɔ ɖe wo nu.’ (Fiawo II, 10:31) Afikae toɖoɖo ƒe nɔnɔme sia ana ame nate ɖe Mawu ŋu ase ɖo? Yesu Kristo gblɔ be: “Fofonye alɔ̃ eyama, eye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ.” (Yohanes 14:21-24) Nɔnɔme dodzidzɔname kae nye si! Bu eŋu kpɔ be ame eve vevitɔ kekeake siwo le xexeame godoo ƒe susu nanɔ amegbetɔ ŋu ɖaa eye woalé be nɛ! Ava eme na wò nenema ne èle ŋku ɖe Yehowa ƒe se ŋu hezɔ ɖe enu.

Ðe nudzɔdzɔewɔwɔ fia be ele be nàde bliboa? Kura o! Vodada wɔwɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔ ta mefia be ègblẽ ‘Mawu ƒe se la ƒe mɔ’ ɖi o. (Psalmo 119:35) Bu nusi Biblia gblɔ na mí le Fia Dawid ŋu kpɔ. Togbɔ be Mawu ƒe xɔlɔ̃ wɔnuteƒe wònye hã la, ewɔ vodada gã aɖewo le gbɔdzɔgbɔdzɔ ta. Ke hã Yehowa gblɔ be ezɔ “le dzimekɔkɔ kple dzɔdzɔenyenye me.” (Fiawo I, 9:4) Fia Dawid ɖe dzimetɔtrɔ vavãtɔ fia ɖe nuvɔ̃ ɖesiaɖe si wòwɔ ŋu ɣesiaɣi eye edze agbagba vevie be yeawɔ nusi dzea Mawu ŋu.—Psalmo 51:3-6.

Togbɔ be Dawid lɔ̃ Mawu hã la, enya alesi nu nyui wɔwɔ ate ŋu asesẽ ɣeaɖewoɣi. Ema tae wòɖe kuku na Mawu be: “Na mazɔ le wò nyateƒe me.” Ẽ, ŋɔdzi, alo vɔvɔ̃, be yeava da vo ɖe Mawu ŋu nɔ eme anukwareɖiɖitɔe. Eyata Dawid te ŋu gblɔ be: “Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la.” (Psalmo 25:5, 14) Menye vɔvɔ̃ si dea ga ame ye esia nye o ke boŋ enye bubu deto tsɔtsɔ na Wɔla la kple vɔvɔ̃ nyui be womava dze agɔ le edzi o. Mawuvɔvɔ̃ siae nye nusi dzi wotu agbenyuinɔnɔ ɖo. Le kpɔɖeŋu me, bu kpɔɖeŋu si sɔhɛ Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Joshua ɖo ŋu kpɔ.

Sukuhati aɖe ŋlɔ lɛta na Joshua be eƒe nu dzɔ dzi na ye eye yedi be “yewoadze ahiã.” Togbɔ be eƒe nu lé dzi na Joshua hã la, ekpɔe be hadede kple dzimaxɔsetɔ ate ŋu ana wòanɔ agbe gbegblẽ eye ate ŋu agblẽ wo kple Yehowa ƒe xɔlɔ̃dzedze dome. Eyata eʋu eme nɛ be nya la medze ye ŋu o! Emegbe esi wògblɔ alesi wòkpɔ nya la gbɔe na dadaa la, edo ɣli nuŋumabumabutɔe be: “Oh, Joshua, nya sia avee ɖe!” Joshua ɖo eŋu be: “Gake, Dada, mana wòavee tsɔ wu be wòave Yehowa.” Eƒe mawuvɔvɔ̃, alesi wòdzi ŋɔ nɛ be yeƒe nu mava dze ye Xɔlɔ̃ si le dziƒo ŋu o la, ʋãe wònɔ agbe dzɔdzɔe.

Di Zɔhɛ Nyuiwo

Gake sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Lynn ya gena ɖe xaxa me. Nuka gbɔe wòtso? Amesiwo wòdea ha kpli la mede edzi o. (Mose II, 23:2; Korintotɔwo I, 15:33) Nukae wòwɔ tso eŋu? Edi xɔlɔ̃ yeyewo! Lynn gblɔ be: “Ne èle xɔlɔ̃ siwo lɔ̃a Yehowa dome la, ekpena ɖe ŋuwò dzitsinya nyui nɔa asiwò eye èƒoa asa na kuxiwo. Ne woɖe alesi vɔ̃wɔwɔ nyɔa ŋu na woe fia la, ena nèsena le ɖokuiwò me nenema ke.”

Le nyateƒe me la, xɔlɔ̃ gbegblẽwo tiatia ate ŋu anye mɔxenu gãtɔ kekeake le xɔlɔ̃dzedze Mawu me. Ann si xɔ ƒe 18 la lɔ̃ ɖe edzi be: “Zɔhɛwo kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi ŋutɔ. Wò nuwɔna ava ɖi wo tɔ godoo. Woana nàbu tame abe woawo ke ene. Ðewohĩ gbɔdɔdɔ ŋu koŋ woaɖo dze le. Ana nàdi be yeanya nu geɖe tso eŋu. Àva nɔ alesi wòanɔ ŋu bum.” Ann de dzesi esia to nɔnɔme sesẽ aɖe me. Egblɔ be: “Menya be nyateƒee wònye. Meva nɔ agbe gbegblẽ eye mefɔ fu esime mexɔ ƒe 15.”

Mlɔeba Ann va kpɔ Biblia me nya siawo ƒe nyateƒenyenye dze sii be: “Amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.” (Yakobo 4:4) Ẽ, Ann di—eɖoe kplikpaa—be yeazu xexeame xɔlɔ̃. Gake nuxaxa geɖe koe esia do nɛ. Dzidzɔtɔe la, Ann va nyɔ le eɖokui me. Nusi wòwɔ la vee ŋutɔ eye wòdi kpekpeɖeŋu tso edzilawo kple hamemegã siwo le eƒe hamea me gbɔ. Edi xɔlɔ̃ yeyewo hã. (Psalmo 111:1) Esi Ann dze agbagba geɖe la, ete ŋu gava zu Mawu ƒe xɔlɔ̃ ake. Le ƒe geɖe megbe la, egblɔ fifia be: “Mía kple Yehowa dome ƒomedodo va le kplikplikpli wu.”

Wò hã àte ŋu adze xɔ̃ Mawu eme nasẽ to ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃, ŋugbledede, agbenyuinɔnɔ, kple hadede nyuiwo me. Gake xɔlɔ̃dzedze ma me léle ɖe asi hã nye nya bubu. Aleke nàte ŋu awɔ emae togbɔ be nɔnɔme sesẽwo kple ame ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo li hã? Míadzro nya sia me le nyati aɖe si ava emegbe me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ Nyɔ! ƒe tata siwo nye July 22, Eŋlisigbe me tɔ kple December 8, 1995.

b Kpɔ “Sɔhɛwo Biana Be . . . Nukata Wòle Be Maxlẽ Biblia?” si le míaƒe tata si nye August 8, 1985, Eŋlisigbe me tɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ðe nye zɔhɛwo akpe ɖe ŋunye mazu Mawu ƒe xɔlɔ̃a?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe