INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 3/8 axa 14-17
  • Wowɔ Takpekpewo Le Romania Togbɔ Be Tsitretsiɖeŋu Li Hã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wowɔ Takpekpewo Le Romania Togbɔ Be Tsitretsiɖeŋu Li Hã
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amekae Nɔ Megbe Na Tsitretsiɖeŋu La?
  • Dɔ Si Wòwɔ Ðe Amewo ƒe Nɔnɔme Dzi
  • Mawu ƒe Kpekpeɖeŋu Ŋuti Kpeɖodzi
  • Gbɔgbɔmedɔ Le Amewo Wum le Romania
    Nyɔ!—1997
  • Ƒe 1998 “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Ƒe 1999 “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nu Nyuiwo Do Tso Dzomeŋɔli Takpekpe Gã Siwo Wowɔ Le Russia Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 3/8 axa 14-17

Wowɔ Takpekpewo Le Romania Togbɔ Be Tsitretsiɖeŋu Li Hã

WOWƆ ɖoɖo be woawɔ “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Yehowa Ðasefowo ƒe Dukɔwo Dome Takpekpe le Bucharest, Romania, tso July 19 vaseɖe 21, 1996. Ame siwo ade 40,000, kple ame akpe geɖe siwo tso duta wɔ ɖoɖo be yewoaɖi tsa ayi Europa-fiadu dzeani sia si me tɔwo de miliɔn eve la me. Wobia mɔ be wɔna la nayi edzi le Dukɔa ƒe Lãmesẽfefewɔƒe si ame 60,000 te ŋu nɔna. Gake le June 24 lia dzi la, Romania-dziɖuɖumegã siwo se aʋatsonutsotsowo gbe be yewoma ɖe mɔ woawɔ takpekpea o.

Yehowa Ðasefowo dze agbagba vevie be woana woate fli ɖe se si wode be woagawɔ takpekpea o la me, gake medze edzi o. Eyata ele be woatrɔ ɖoɖoawo ale be ame akpe geɖe siwo wokpe tso Europa-dukɔwo, Dziehe Amerika, kple Japan la nade takpekpea le Budapest, Hungary, tso July 12 vaseɖe 14 dzi. Ɣeyiɣi mamlɛ me ƒe tɔtrɔa gblẽ ga geɖe, etɔtɔ nu geɖe, eye wòɖe dzi le ame geɖe ƒo.

Gake ɖoɖo kae woate ŋu awɔ na amesiwo tso Romania? Wova kpɔ dugã siwo nye Cluj-Napoca kple Brasov ƒe amegãwo, eye mlɔeba la, wote ŋu wɔ takpekpewo le teƒe mawo tso July 19 vaseɖe 21 dzi. Gake Romaniatɔ geɖe mete ŋu yi Cluj-Napoca alo Brasov o. Eyata wogawɔ takpekpe eve bubuwo le September 13 vaseɖe 15 dzi, wowɔ ɖeka le Baia-Mare kple evelia le Bucharest.

Nukata wote fli ɖe takpekpe gbãtɔa me le Bucharest? Eye nukae na dziɖuɖumegã aɖewo trɔ woƒe susu emegbe, ale be wowɔ takpekpewo le Romania, hewɔ ɖeka le Bucharest hã?

Amekae Nɔ Megbe Na Tsitretsiɖeŋu La?

Esime wonɔ dukɔwo dome takpekpea wɔm le Budapest la, Hungary-nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Színes Vasárnap gblɔ le Yehowa Ðasefowo ŋu be: “Bucharest ye Yehowa Ðasefowo ɖo tsã be yewoawɔ yewoƒe ƒe sia ƒe dukɔwo dome kpekpea le hafi, gake le Orthodɔks Kristotɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu ta la, Romania-dziɖuɖumegãwo meɖe mɔ na wo o.” Ame geɖe va nya be sɔlemeha lae nɔ megbe na tsitretsiɖeŋu sia. Le kpɔɖeŋu me, Times Union si nye nyadzɔdzɔgbalẽ le Albany, New York, U.S.A. la ka nya ta be: “Teoctist si nye Orthodɔks-ha ƒe Nunɔla xlɔ̃ nu Orthodɔks-hameviwo be woanɔ ŋudzɔ ɖe nusi wòyɔ be Yehowa Ðasefowo ƒe ‘xɔsegbegbe’ dzixɔsewo la ŋu.”

Ðe nya siwo wogblɔ be osɔfowoe tsi tre ɖe takpekpea ŋu la nye nyateƒea? Le June me la, Bucharest-nɔlawo va nɔ boblodogbalẽvi siwo gblẽ Yehowa Ðasefowo ŋu la kpɔm le dugã la katã me—le sɔlemexɔwo, gliwo kple xɔwo ŋu, kple le tomemɔwo dzi. Ðeka si ƒe tanyae nye “NA ROMANIATƆWO KATÃ!” la bia be: “Ðe Romaniatɔwo hiã Yehowatɔwo ƒe dukɔwo dome takpekpe aɖe fifia . . . le July 19-21 dzia? Kristotɔwo—mina míatsi tre ɖe takpekpe vɔ̃ɖi sia ŋu!”

Bubu aɖe si ƒe tanyae nye “Minɔ Ŋudzɔ Ðe YEHOWATƆWO ƑE AFƆKU la Ŋu!” gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo tsia tre ɖe Kristotɔnyenye ŋu . . . Wodi be yewoade mamã míaƒe amewo me eye be yewoahe dzre va mawusubɔsubɔ me. . . . MI ROMANIATƆWO KATÃ, mitsi tre ɖe takpekpe sia ŋu vevie!”

Boblodogbalẽvi bubu aɖe hã ƒe tanyae nye “MITSO ÐE DƆ ŊU.” “Romania Orthodɔks Nɔviwo ƒe Habɔbɔ la . . . le Orthodɔks-hameviwo katã yɔm be woava tsitretsiɖeŋu ƒe kpekpe aɖe si míawɔ le Kwasiɖagbe, June 30 dzi la wɔƒe.” Agbalẽvia dzi nyawo wu enu be: “Míabia tso dziɖuɖua si be wòate fli ɖe takpekpe vɔ̃ɖi sia me. MIVA NE MÍAƲLI MÍA TƆGBUIWO ƑE XƆSE TA. Mawu nekpe ɖe mía ŋu!”

Osɔfoawo ta trakt aɖe gɔ̃ hã hemãe si gblɔ be Yehowa Ðasefowo nye “kɔmiunist-dunyahehabɔbɔ.” Gake aʋatso gã aɖe koe esia hã nye, eye ɖewohĩ Romaniatɔ geɖe hã nya be aʋatsoe. Wonya be Kɔmiunisttɔwo ti Yehowa Ðasefowo yome eye wode wo gaxɔ me zi geɖe le ƒe siwo va yi me.

Dɔ Si Wòwɔ Ðe Amewo ƒe Nɔnɔme Dzi

Romania kple dukɔ bubuwo me tɔwo ƒo nu tsi tre ɖe amedzidzedze si sɔlemeha la nɔ megbe na ŋu, eye dziɖuɖumegãwo te ŋu kpɔe be esɔ be woana mɔnukpɔkpɔ siwo wonaa ame bubuwo la Ðasefowo hã. Flagrant si nye Bucharest-nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “Dzɔgbevɔ̃e, fuléle, kple dzudzu si wotsɔ tsi tre ɖe dukɔwo dome takpekpe gbãtɔ sia ŋu ahe nusi to vovo sã vɛ. Le esi teƒe be nusi wowɔ la natrɔ amewo ɖa le Ðasefowo ŋu la, ana boŋ be amewo natsɔ ɖe le woƒe nyawo me, woake ŋku ɖe eme, woabɔbɔ nya me na wo, eye woase veve ɖe wo nu.”

Aleke nya sia va nye nyateƒee nye si! Orthodɔks Hamevi geɖe ŋlɔ agbalẽ alo ƒo ka na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Bucharest eye woɖe alesi woƒe osɔfowo ƒe nuwɔnawo ve dɔme na woe gblɔ. Amesiwo nya nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu nya be womele abe alesi Orthodɔks Ha si le Romania la ɖɔ woe ene o.

Marius Milla ŋlɔ nya aɖe ɖe Romania-nyadzɔdzɔgbalẽ Timishoara, July 6, 1996 tɔ me hegblɔ be: “Meka ɖe edzi be amesiwo tsɔ nya ɖe Yehowatɔawo ŋu ŋusẽtɔe la dometɔ 99 le alafa me melɔ̃ ƒo nu kple wo alo yi woƒe kpekpe aɖe kpɔ o.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Atu ame ɖo geɖe wu ne mí Orthodɔks-hameviwo míatsi dzi ɖe atikpo si le mía ŋutɔwo ƒe ŋku dzi ŋu eye míaɖe asi le ati fefee si le mía haviwo ƒe ŋku dzi ŋu be Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu si nyo wu la wo.”—Mateo 7:3-5.

Emegbe Aƒetɔ Milla yɔ ƒe alafa gbãtɔ me senyala xɔŋkɔ Gamaliel ƒe nuƒo si wòƒo na subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ tsitre tsim ɖe Yesu yomedzelawo ŋu gblɔ be: “Mite ɖa le amesiawo gbɔ, eye miɖe asi le wo ŋu; elabena ne tameɖoɖo alo dɔ sia tso amewo gbɔ la, ekema ava gblẽ; ke ne etso Mawu gbɔ la, miele eŋu te ge agblẽe o, bena womagakpɔ mi abe amesiwo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋuti ene o.” (Dɔwɔwɔwo 5:38, 39) Milla ŋlɔ tsɔ ƒo eta be: “Míaƒe nuwɔna tsi tre ɖe demokrasi ŋu, mesɔ ɖe Biblia nu o, eye etsi tre ɖe hadomegbenɔnɔ ŋu.”

Eteƒe medidi o, nya siwo tsi tre ɖe flitete ɖe takpekpea me ŋu te vava tso Europa ƒe akpa aɖewo kple United States. Romania ƒe Helsinki Kɔmiti na wota nya aɖe ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo me si bu fɔ “afɔ si Nunɔla Teoctist si nye Romania Orthodɔks Ha teƒenɔla ɖe ɖe ‘Yehowa Ðasefowo’ ŋu.”

Edzɔ be Hillary Clinton si nye United States dukplɔlasrɔ̃ ɖi tsa va Romania ɣemaɣi. Alfred Moses si nye United States ƒe amedɔdɔ si le Romania la ɖe nusita nyɔnua mege ɖe ƒe alafa 18 lia me Kretzulescu Gbedoxɔa me abe alesi wòɖoe ene o la me be: “Mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe nye gɔmeɖose aɖe si wode United States, Amerika, ƒe Dukplɔsewo kple Romania-dukɔa ƒe Dukplɔsewo siaa me. Boblodogbalẽvi siwo woklã ɖe sɔlemexɔa ŋu si meɖe mawusubɔsubɔ me mɔɖeɖeɖenuŋu fia o la mesɔ ɖe demokrasi ƒe gbɔgbɔ si ɖea mɔ ɖe nukpɔsusu vovovowo ŋu kple nusita Aƒenɔ Clinton ɖi tsa va Romania la nu o.”

Mawu ƒe Kpekpeɖeŋu Ŋuti Kpeɖodzi

Yehowa Ðasefowo wɔ takpekpewo le Cluj-Napoca dugã la me kpɔ, eye amegã siwo le afima gaxɔ wo esime wogbe Dukɔa ƒe Lãmesẽfefewɔƒe si le Bucharest la tsɔtsɔ na wo. Gake kwasiɖa ɖeka koe susɔ ne ŋkeke si woɖo be takpekpea nadze egɔme la naɖo hafi wode asi agbalẽ te ɖe Cluj-Napoca lãmesẽfefewɔƒea zazã ŋu. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe di be yeanya be: “Aleke wote ŋu wɔ ɖoɖo ɖe takpekpe gã sia gbegbe ŋu le ɣeyiɣi kpui sia me?”

Wogblɔ nɛ be: “Habɔbɔ si wɔ ɖeka ye míenye. Míewɔa takpekpewo zi geɖe. Gake ƒo ye katã ta la, Yehowa mía Mawu la kpena ɖe mía ŋu.”

Nyateƒee, Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu kple alɔdoame ye wɔe be wote ŋu wɔ dɔ geɖe le ɣeyiɣi kpui sia me. Bu amesiwo wu 20,000 siwo kpe ta ɖekae ŋkeke etɔ̃ le ɣeyiɣi kpui sia si wotsɔ na nyanya wo megbe la ŋu kpɔ! Vavalawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔe nye 22,004, eye wona nyɔnyrɔ ame 799. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Adevărul de Cluj ka nya ta le takpekpea megbe be: “Amesiawo ɖee fia be yewoɖoa nukomo ɣesiaɣi eye be wotsoa luʋɔ blibo me wɔa nusianu si wowɔna. Alesi wotsɔ tame ɖeka wɔa nui la wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ . . . Woɖe ʋuɖɔɖɔ si nye kpɔɖeŋu fia le woƒe nuwɔnawo me eye wodza ale gbegbe.”

Nusi dzɔ le Brasov la wɔ dɔ ɖe ame dzi vevie ŋutɔ, elabena ŋkeke ʋee aɖewo koe susɔ ne ɣeyiɣi si woɖo be takpekpea nadze egɔme naɖo hafi woɖe mɔ na wo be woawɔ takpekpea! Ke hã wokpɔ dɔƒe 7,500 le amewo ƒe aƒewo me. Esime Ðasefo aɖe ƒo nu na eƒe aƒelikawo la, wona dɔƒe vavala 30. Eye Ðasefowo ƒe hame aɖe si le Brasov na vavala 500 va dze wo gbɔ. Vavala aɖewo nɔ avɔgbadɔ siwo wotu ɖe takpekpewɔƒea gbɔ me; eye ne tsi le dzadzam la, amesiwo wɔa amedzro siwo le xɔ siwo tsɔ ɖe wo gbɔ me va miaa asi wo be woava yewo ŋutɔ ƒe aƒewo me.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 28:2.

Woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ dzi le Bulgaria si Orthodɔks-hawo xɔ aƒe ɖo, si ɖe liƒo kple Romania le anyiehe gome. Esime bɔswo ku Bulgaria Ðasefowo ɖo ta Bucharest la, edze ƒã be dedzidɔwɔla aɖewo nya nu tso tɔtrɔ siwo wowɔ le takpekpewɔƒeawo me ŋu xoxo. Le Brasov la, Bulgariatɔ siwo de 1,056 se nuƒoawo katã le woa ŋutɔwo degbe me. Le ye katã me la, ame 12,862 ye de takpekpea le Brasov, eye ame 832—siwo dometɔ 66 nye Bulgariatɔwo la—xɔ nyɔnyrɔ.

Wote ŋu wɔ takpekpe siwo le sue wu le September me le Baia-Mare kple Bucharest na amesiwo mete ŋu yi Cluj-Napoca kple Brasov o. Ame 5,340 ye de takpekpe eve siawo siwo wogawɔ la, eye ame 48 xɔ nyɔnyrɔ. Eyata ame 40,206 ye de dzomeŋɔli si va yi me ƒe “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” nutome gã takpekpe siwo wowɔ le Romania, eye ame 1,679 xɔ nyɔnyrɔ. Yehowa ƒe yayra le amesiwo le agbagba dzem be yewoasubɔe le Romania la dzi nyateƒe!

Yehowa Ðasefowo teƒenɔla aɖe si le Bucharest la gblɔ be: “Ame geɖe va nya nu tso míaƒe dɔa ŋu le kwasiɖa etɔ̃ me wòsɔ kple ƒe eve ƒe ɖaseɖiɖi le dukɔ bliboa katã me. Nusi Romania Orthodɔks Ha la bu be ado kplamatse mí la va do nyanyuia ɖe ŋgɔ boŋ.”

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Bucharest nye egbegbe dugã dzeani aɖe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Boblodogbalẽvi siwo gblẽ Yehowa Ðasefowo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Amesiwo xɔ nyɔnyrɔ le Bucharest

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Le Brasov, afisi woɖe mɔ be woawɔ takpekpea le esi wòsusɔ ŋkeke ʋee aɖewo ko

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Vavala 22,004 si nye agbɔsɔsɔ gbogbotɔ le Cluj-Napoca takpekpea me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe