INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 5/8 axa 31
  • Gbɔgbɔmedɔ Le Amewo Wum le Romania

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbɔgbɔmedɔ Le Amewo Wum le Romania
  • Nyɔ!—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wowɔ Takpekpewo Le Romania Togbɔ Be Tsitretsiɖeŋu Li Hã
    Nyɔ!—1997
  • Mesrɔ̃ Biblia me Nyateƒea le Romania
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Sɔlemeha La—Tɔtrɔwo Kple Tɔtɔ
    Nyɔ!—1993
  • Alesi Subɔsubɔhawo wɔ Te Ŋu Li Ke
    Nyɔ!—2001
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 5/8 axa 31

Gbɔgbɔmedɔ Le Amewo Wum le Romania

NYADZƆDZƆGBALẼTAHA si le Brasov, Romania, ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be le Romaniatɔ siwo nye miliɔn 23 dome la, amesiwo ade 90 le alafa mee nye Orthodɔks-ha si woɖe mɔ na be wòawɔ dɔ le Kɔmiunist-dziɖuɖua te la me tɔwo. Gake Canon City si le Colorado, U.S.A. ƒe Daily Record gblɔ be ha la ƒe nu ti kɔ na ame geɖe fifia. Tanya si nɔ esie nye: “Romaniatɔwo Kpɔe be Orthodɔks-ha Do Kpo Yewoƒe Nuhiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ.”

Nyadzɔdzɔgbalẽa ka nya ta le ƒe si va yi ƒe October me be: “Alexandru Paleologu si nye agbalẽŋlɔla kple xexemeŋutinunyala gblɔ be womegate ŋu kana ɖe ha la ƒe amegãwo dzi o, eye wòyi edzi be vovototo aɖeke mele agbenɔnɔ si le tsia dzi kple subɔsubɔha la me tɔwo ƒe agbenɔnɔ dome o. Le kpɔɖeŋu me, atitsoga nɔa kɔ na amewo eye wotsia nu dɔna le ŋkeke ɖoɖiwo dzi tututu. Gake fuɖeɖe si ha la buna be enye nuvɔ̃ ya do agbogbo ɖe hameviawo dome gleglegle.”

Daily Record de dzesii be ame gbogbo aɖewo va zu Yehowa Ðasefowo, eye wòƒo nu tso ŋusẽ si Ðasefoawo ƒe Biblia fiafia ƒe ɖoɖoa kpɔ ɖe ƒome aɖe dzi la ŋu be: “Florentina Petrisor gblɔ be tsã ye srɔ̃ mua aha vlevlevle eye wòƒoa ye. Gake tso esime eya kple srɔ̃a wova zu Yehowa Ðasefowo ko la, ŋutifafa xɔ aƒe ɖe woƒe ƒomea me.”

Wogblɔ be Florentina si nye nutɔla si xɔ ƒe 38 la “do le Orthodɔks-ha la me le osɔfoawo ƒe numafiamafia kple wo gbɔ nunɔla la ƒe ŋutilãmenudidi ta.” Nyadzɔdzɔgbalẽa ɖe eme be: “Esi Petrisor toa ku la, enɔ na ƒomea be wòaxe fe na nunɔla la ahakpɔ edzi gbã ale be wòaɖi amea na wo nyuie hafi akpɔ viawo dzi. Egblɔ be, ‘mekpɔ be mesɔ o.’”

Daily Record gblɔ tso alesi sɔlemeha la le Ðasefowo ŋu gblẽm la ŋu be: “Orthodɔks-ha si ŋu ŋusẽ gaɖo le Romania la ƒlɔ dzo ɖe dziɖuɖua te wònyã Yehowa Ðasefo gbogbo siwo di be yewoawɔ takpekpe le dzomeŋɔli sia le Bucharest-fiadua me la wodzo yi Transylvanian-dugã siwo nye Brasov kple Cluj.”

March 8, 1997, ƒe Nyɔ! ƒo nu tso agbagba si gbegbe sɔlemeha la dze tsɔ kpɔ ŋusẽ ɖe dziɖuɖua dzi be wòate fli ɖe dukɔwo dome takpekpe si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo be woawɔ le July 1996 me le Bucharest la ŋuti. Àte ŋu axlẽ alesi wowɔ ɖoɖo bubu ɖe takpekpeawo ŋu enumake le Cluj-Napoca kple Brasov kpakple alesi amesiwo ƒe xexlẽme nye 34,866 te ŋu de la ŋuti nya le magazine ma me. Alesi gbegbe ame geɖewo ƒo nu tso eŋui emegbe la ɖe dzesi. Ðasefowo teƒenɔla aɖe gblɔ be: “Nusi Romania Orthodɔks-ha la bu be ado kplamatse mí la va do nyanyuia ɖe ŋgɔ boŋ.”

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Vavalawo le ha dzim le Brasov-takpekpea me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe