Meke Ðe Nyateƒea Ŋu Mlɔeba
Le August 1939 ƒe nuwuwu lɔƒo la, meɖi ɖe Moscow esi mezɔ mɔ yina aƒe le Budapest, Hungary. Wode asi Germany Kple Soviet Tɔwo ƒe Aʋamawɔmawɔ Nubabla te ŋkeke aɖewo do ŋgɔ le August 23 lia dzi, eye wotsɔ Nazitɔwo ƒe atitsogadzesi ƒe aflagawo ɖo atsyɔ̃ na Kremlin gliwo. Nukatae meyi Russia, eye nukae nɔ lalayem le aƒe?
GBÃ la, mina matrɔ yi Hungary-du sue si nye Veszprém, afisi wodzim le le January 15, 1918 dzi la me. Nyee nye vi tsitsitɔ le ɖevi ene dome, eye mía dzilawo kpɔa egbɔ be míedea sɔleme edziedzi. Kaka maxɔ ƒe atɔ̃ la, menɔ kpekpeɖeŋu nam le Misa wɔƒe le Roma Katoliko saɖaganunɔlawo ƒe nɔƒe aɖe. Le aƒeme la, medoa awu si metsɔ agbalẽ wɔe ɖe subɔsubɔ ŋu eye mewɔna abe Misa wɔm mele na yonyemetɔwo ene.
Papa dzo le ƒomea gbɔ esi mexɔ ƒe enyi, eye Dada kple mamanyee kpɔ mía dzi. Dɔdzẽ wu Dada le ƒe si kplɔe ɖo me. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, womã mí ɖeviawo me eye woda mí ɖe tsyɔ̃evidzikpɔƒe vovovowo kple vixɔnyiƒewo. Tsyɔ̃evidzikpɔƒe mamlɛ si menɔ la te ɖe Budapest ŋu. Frères Maristes (Maria Nɔviwo), si nye France Katoliko nufialawo ƒe ha aɖee nɔ edzi kpɔm. Lɔlɔ̃ vavã nɔ menye na Mawu, eyata esi mexɔ ƒe 13 la, melɔ̃ be woƒe subɔsubɔha la nana hehem.
Mawusubɔsubɔ ƒe Hehexɔxɔ Gbogbo Aɖe
Woɖom ɖe Greece le ƒe si kplɔe ɖo me, afisi mede Frères Maristes tɔwo ƒe suku si me wofiaa nu le Fransegbe me le si hem ɖe nufiafiadɔ wɔwɔ ŋu. Mewu suku nu ƒe ene megbe le ƒe 1936 me, eye mexɔ ɖaseɖigbalẽ si na medze be mafia nu le gɔmedzesuku. Mezu nɔvi le subɔsubɔha la me esi mewu suku nu, eye meɖe adzɔgbe etɔ̃ ƒokpli siwo nye koɖoɖo, toɖoɖo, kple agbenyuinɔnɔ dzɔgbewo. Togbɔ be mí nɔviawo míedoa subɔsubɔwuwo eye míefiaa katekismo hã la, míesrɔ̃a Biblia gbeɖe o.
Ƒe ma ƒe dzomeŋɔli la, mebia be mafia nu le suku le China eye wolɔ̃ nam. Meɖo meli tso Marseilles, France, le October 31, 1936 dzi. Meva ɖo Shanghai le December 3, 1936 dzi. Meɖo keteke tso afima yi Beijing, si nye fiadua me, le China ƒe dziehe nutome.
Frères Maristes subɔsubɔha la ƒe sukuxɔ gã, xɔdɔmewo, kple agbledzixɔwo nɔ tonyigba aɖe si gbɔ didi ade kilometa 25 tso Beijing la dzi. Teƒea te ɖe fiagã ƒe dzomeŋɔlixɔ ŋu eye wotso abɔ nyui aɖewo eye wodo atikutsetsetiwo kpe ɖe eŋu. Afimae meƒo ɖokuinye ɖe China kple Eŋlisi gbewo sɔsrɔ̃ me vevie le. Gake míesrɔ̃a Biblia gbeɖe o.
Le Zitɔtɔ Me
Japan xɔ Manchuria si nye China ƒe akpa aɖe le ƒe 1930 ƒeawo ƒe gɔmedzedze. Japan kple China srafowo kpe aʋa le afisi te ɖe Beijing ŋu le July 1937 me. Japantɔ siwo ɖu aʋa dzi la ɖo dziɖuɖu yeye si me wotia Chinatɔ siwo dze wo ŋu la ɖo zi dzi. Ewɔe be Chinatɔwo ƒe vivimeʋawɔlawo va nɔ aʋa wɔm kple dziɖuɖu yeyea.
Esi wònye wobu míaƒe saɖagaƒe si le Beijing godo be ele Franseawo ƒe anyigba me ta la, womeho aʋa ɖe eŋu tẽ o. Gake aprimtukpewo kple tukpe tatrawo lɔ mí eye wode abi Chinatɔ 5,000 kple edzivɔ siwo va be ɖe míaƒe saɖagaƒea me la ŋu. Le ɣeyiɣi mawo me la, Chinatɔwo ƒe vivimeʋawɔlawoe nɔ kɔƒenutowo me dzi ɖum.
Le September 1937 me la, Chinatɔwo ƒe vivimeʋawɔla siwo ade 300 eye wobla aʋakpa la va dze míaƒe aƒewo dzi nɔ aʋawɔnuwo, ga, kple nuɖuɖu dim. Menɔ Europatɔ ewo siwo woɖe aboyoe la dome. Le aboyomenɔnɔ ŋkeke ade megbe la, menɔ aboyome gbãtɔ siwo ŋu woɖe asi le la dome. Nu gbegblẽ ɖuɖu na medze dɔ, eyata meva nɔ kɔdzi ɣleti ɖeka.
Esi woɖe asi le ŋunye le kɔa dzi vɔ la, woɖom ɖe suku bubu si nye subɔsubɔha la tɔ, si le Beijing ƒe nuto si me le dedie wu me. Woɖom ɖe Shanghai le January 1938 me be mafia nu gake wogatrɔm va Beijing le September me be mafia nu le afima. Gake esi sukuƒea wu enu la, nyemegaɖe nye mawusubɔsubɔ ƒe adzɔgbe ake o. Metsɔ nye agbenɔƒe adre sɔŋ nɔ mawusubɔsubɔ kple sukudede yome gake nyemeke ɖe nyateƒea ŋu o. Eyata medzo le subɔsubɔha la me be matrɔ yi aƒe le Budapest.
Wonɔ dzadzram ɖo ɖe Xexemeʋa II lia ŋu ɣemaɣi. Nye Franse-megãwo de dzi ƒo nam be mato Siberia Ketekemɔ, si to Soviet Union ƒe nuto aɖewo me. Mɔzɔzɔ sia dzie menɔ va ɖo Moscow le August 27, 1939 dzi, esi mekpɔ be wotsɔ Nazitɔwo ƒe aflagawo ɖo atsyɔ̃ na Kremlin gliawo.
Xexeme si Kpe Aʋa
Meva ɖo aƒe le Budapest le August 31, 1939 dzi. Germany dze Poland dzi ŋkeke eveagbe, eye Xexemeʋa II lia dze egɔme. Emegbe Germany da eƒe aʋamawɔmawɔ nubabla kple Soviet Union dzi, eye Hitler ƒe asrafowo dze Soviet Union dzi le June 22, 1941 dzi. Woge ɖe keke Moscow ƒe gbɔtoduwo me ke gake womete ŋu xɔ dua o.
Hungary-dziɖula bla ŋutifafa nu kple Germany, eye woɖe mɔ na Germany-srafowo be wova to Hungary. Meɖe srɔ̃ le ƒe 1942 me, eye wozi dzinye de Hungarytɔwo ƒe Asrafowo dome le ƒe 1943 me. Le March 1944 me la, Germany va dze Hungary dzi le esi Hitler mekpɔ ŋudzedze ɖe alesi Hungary nɔ asi kpem ɖe aʋa siwo wɔm wònɔ ŋu o ta. Wodzi mía viŋutsu le ƒe ma me. Srɔ̃nye kple vinyeŋutsua ʋu ɖanɔ kɔƒe nutowo me le edzilawo gbɔ be woasi le tu gbogbo siwo dam wonɔ Budapest la nu.
Aʋawɔwɔa va trɔ eye Soviettɔwo ƒe Asrafowo lɔ ɖe Budapest dzi, le December 24, 1944 dzi. Russiatɔwo lém eye mezu asrafo aboyome. Wozi mí aboyome akpe geɖe dzi be míazɔ afɔ abe kilometa 160 ene ayi Baja, Hungary. Wotege mí ɖe keteke siwo tsɔa nyiwo me le afima eye wokɔ mí yi Timisoara va da mí ɖe asaɖa gã aɖe me. Asrãdɔ si ŋɔa dɔkavi na ame si kaka la wu aboyome siwo ade 20,000 le ame 45,000 dome le 1945 ƒe gɔmedzedze.
Wokplɔ ame 25,000 siwo tsi agbe le asaɖa la me la yi Dzeƒu to. Wokplɔ amesiwo ade 20,000 tso afima yi Soviet Union. Gake wogbugbɔ amesiwo ade 5,000, siwo dze dɔ eye nye hã menɔ wo dome la yi Hungary eye woɖe asi le mía ŋu. Aleae ɣleti enyi ƒe aboyomenɔnɔ dziŋɔ la wu enui. Mía kple srɔ̃nye kple vinyeŋutsua míegawɔ ɖeka ake le kwasiɖa ʋee aɖewo megbe, eye míetrɔ yi Budapest va nɔ afima.
Ame geɖe ganɔ fu kpem le aʋa la megbe. Nuɖuɖu nɔ vevem, eye nuwo xɔ asi bobobo. Nusi Hungarytɔwo ƒe pengö ɖeka te ŋu ƒle le ƒe 1938 me la, pengö nɔniliɔn ɖekae (1,000,000,000,000,000,000,000,000,000,000) woatsɔ aƒlee le ƒe 1946 me! Eteƒe medidi o agbenɔnɔ va ka ɖe eme na mí esi mekpɔ ɔfis dɔ le ketekedɔwɔƒe.
Keke Ðe Nyateƒea Ŋu
Le ƒe 1955 me la, Yehowa Ðasefo aɖe si nɔ mía ƒeme le Budapest la dze dzeɖoɖo tso Biblia ŋu gɔme kple srɔ̃nye Anna. Esi Anna gblɔ nam be Biblia mefia be dzomavɔ nye funyafunyawɔƒe o la, enyɔ nye ɖetsɔleme. (Nyagblɔla 9:5, 10; Dɔwɔwɔwo 2:31) Nye Katolikotɔ, nyemesrɔ̃ Biblia kpɔ gbeɖe o, nyemesrɔ̃e esime menɔ hehe tɔxɛ xɔm le sɔleme sukuwo me gɔ̃ hã o. Ðeko mexɔ Katoliko nufiafiawo abe dzomavɔ ene, siwo mele Ŋɔŋlɔawo me o la dzi se ko. Fifia la, melɔ̃ Biblia me nyateƒeawo, vevietɔ esiwo ƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu kple alesi wòana Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme be wòawɔ anyigba wòazu paradiso. (Mateo 6:9, 10; Luka 23:42, 43; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Dzidzɔ wɔnuku aɖe ge ɖe menye si teƒe nyemekpɔ kpɔ o.
Ɣemaɣi la, woɖiaa Yehowa Ðasefowo le Hungary eye woléa wo dea gaxɔ me le esi wotsɔ dzideƒo gblɔa nyateƒe siwo ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu ta. Mexlẽa Ðasefowo ƒe agbalẽ ɖesiaɖe si le Hungarygbe me eye mexɔa woƒe Eŋlisi kple Franse gbe me gbalẽ siwo gɔme womeɖe ɖe Hungarygbe me o hã. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye nam be mesrɔ̃ gbe bubu siawo!
Hungarytɔwo dze aglã ɖe Russiatɔwo ƒe Kɔmiunist akpasesẽ dziɖuɖua ŋu le October 1956 me. Aʋa si nɔ edzi yim le Budapest nu sẽ ŋutɔ. Woɖe asi le gamenɔla geɖe ŋu, siwo dome Yehowa Ðasefowo hã nɔ. Ɣeyiɣi sia mee mía kple srɔ̃nye míexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu dzii. Russia-srafowo tsi aglãdzedzea nu le kwasiɖa ɖeka megbe. Wogbugbɔ de Ðasefo siwo woɖe gae la mɔ̃ ake.
Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi Aɖe
Esi Ðasefo siwo kpɔa gbeƒãɖeɖedɔa dzi dometɔ akpa gãtɔ nɔ game ta la, hati Kristotɔ aɖe te ɖe ŋunye biam be mate ŋu aɖe míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo gɔme hã. Gbã la, lɛta siwo me nyawo nye nya ɣaɣlawo siwo tso Switzerland siwo me Gbetakpɔxɔ me nyati siwo wotsɔ mɔ̃ ƒo ɖe Fransegbe mee wode asi nam. Meɖena wo gɔme ɖe Hungarygbe me, eye wotsɔa nyati siawo siwo gɔme meɖe la naa hameawo.
Woɖom gbegɔmeɖelae esime woɖe asi le Hungarytɔwo ƒe alɔdzedzikpɔla, János Konrád ŋu tso game le ƒe 1959 me esi wònɔ game ƒe 12 megbe, le Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ta. Wonaa Eŋlisigbe me nyatiwom be maɖe wo gɔme ɣemaɣi. Zi geɖe la, nyɔnu agbalẽtsɔla aɖe si ŋkɔ nyemenya o lae tsɔna wo vanɛ nam. Eyata ne wova lém eye wofia fum hã la, nyemate ŋu ayɔ eƒe ŋkɔ o.
Ne meɖe Gbetakpɔxɔa gɔme vɔ la, Nɔviŋutsu Konrád toa eme kpɔ be ede pɛpɛpɛ hã. Emegbe nɔvinyɔnuwo ƒoa nyati siwo gɔme meɖe la ɖe pepa falɛfalɛwo dzi, wozãa nuŋɔŋlɔɖegbalẽ (carbon paper) ale be wokpɔa ɖekaɖeka 12 tsoa eme. Eyata ɣeaɖewoɣi la, nyati si woƒo le mɔ̃ dzi la nɔa amesiame si yi Gbetakpɔxɔ Nusrɔ̃ƒea si. Emegbe wotsɔa wo tɔ naa nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo bubu me tɔwo. Gake zi geɖe la, Gbetakpɔxɔ ɖeka koe míete ŋu ƒona na nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo ɖeka. Ekema ele na amesiame si va la be wòalé to ɖe nyawo ŋu nyuie ahawɔ nuŋlɔɖiwo bene numedzodzro siwo wotu ɖe Biblia dzi la naɖe vi nɛ bliboe.
Tso esime medze gbegɔmeɖeɖe gɔme le ƒe 1956 me vaseɖe ƒe 1978 me la, agbalẽŋlɔmɔ̃e wotsɔ ƒoa Gbetakpɔxɔ ɖe Hungarygbe me hafi mãna. Tso ƒe 1978 me va ɖo ƒe 1990 me la, Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo wogbugbɔ ɖe ɖe agbalẽ ɖeɖiwo dzie nɔ anyi. Eye yayra ka gbegbee nye si wònye be tso January 1990 me la, Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo sua mía si le Hungarygbe me le amadede dzeaniwo me!
Ele be dɔ nanɔ amesiame si le Kɔmiunist dziɖuɖua te. Eyata vaseɖe esime mexɔ dzudzɔ le dɔ me le ƒe 1978 me la, ƒe 22 sɔŋ ye meɖe gbe gɔme ne mekpã tso dɔ me o. Zi geɖe meɖea egɔme le ŋdikanya kple zãtitina. Esi mexɔ dzudzɔ le dɔ me la, meva zu gbegɔmeɖela koŋ. Ɣemaɣi la, aƒemee gbegɔmeɖela ɖesiaɖe wɔa eƒe dɔ le, eye le mɔxeɖenua ta la, kadodo kple mía nɔewo sesẽ. Le ƒe 1964 me la, kpovitɔwo va tsa gbegɔmeɖelaawo ƒe aƒeme le ɣeyiɣi ɖeka me eye woxɔ míaƒe dɔwɔnuwo le mía si. Ƒe geɖe le ema megbe la, kpovitɔwo dona ɖe mía dzi enuenu.
Yayra Wɔnukuwo
Wolɔ̃ na mɔzɔgbalẽm le ƒe 1969 me, eyata mía kple János Konrád míete ŋu zɔ mɔ tso Hungary yi Paris ɖade “Ŋutifafa le Anyigba Dzi” Yehowa Ðasefowo ƒe Dukɔwo Dome Takpekpe le afima. Yayra ka gbegbee nye si wònye be míedo go hati Ðasefo siwo tso dukɔ bubuwo me eye be míenɔ Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Bern, Switzerland, ŋkeke geɖe! Ðasefo geɖe zɔ mɔ tso Hungary de takpekpewo le Austria kple Switzerland le ƒe 1970 ƒe ƒeawo me.
Le ƒe geɖe si míenɔ dziɖuɖu ƒe mɔxeɖenu te megbe la, míewɔ míaƒe takpekpe gbãtɔ si ŋu Dziɖuɖua ɖe mɔ ɖo la le ƒe 1986 me le Kamaraerdő ƒe Sɔhɛwo ƒe Modzakaɖebɔ me le Budapest. Dzidzɔɖatsiwo lolo ɖe ŋku dzi na ame 4,000 kple edzivɔ siwo va esi wonɔ gbe dom na wo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo henɔ kpekpea vava ƒe dzaadonamenya si woɖe ɖe abɔa ƒe mɔnu tame xlẽm.
Mlɔeba le June 27, 1989 dzi la, dziɖuɖua da asi ɖe Yehowa Ðasefowo dzi le se nu. Woɖe gbeƒã nya la le Hungarytɔwo ƒe television kple radio dzi wònye dzidzɔ na mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo. Míewɔ míaƒe nutome gã takpekpe gbãtɔ le ƒe ma me mɔxeɖenu aɖeke manɔmee, anye ƒe 40 kloe enye ma tso esime woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu. Ame 10,000 kple edzivɔe de kpekpea le Budapest, eye ame akpe bubu geɖewo hã de takpekpe ene bubuwo le dukɔa me. Dzi dzɔm ale gbegbe esi wonyrɔ tsɛnye si nye míaƒe dɔmlea, László kple srɔ̃a, le Budapest!
Emegbe le ƒe 1991 ƒe July me la, míekpɔ yayra si ŋu míeku drɔ̃e le kpɔ o—míewɔ takpekpe le Budapest ƒe Népstadion gã la, si ame 40,000 kple edzivɔ de. Mɔnukpɔkpɔ su asinye le afima be meɖe nuƒo siwo dɔwɔla siwo tso dɔwɔƒegã si le Brooklyn ƒo la me.
Egbea la, mía kple Anna, kpakple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃tɔ siwo sɔ gbɔ wu 40 míewɔa dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe dzeani si le Budapest gbɔto. Mewɔa dɔ le míaƒe Gbegɔmeɖeƒea le afisia kple dɔwɔla nyui siwo menye tsitsi na, eye Anna wɔa aƒemedɔwo le alɔdzedɔwɔƒea.
Togbɔ be míedze agbagba be míafia Biblia me nyateƒea mía viŋutsua hã la, esi wòva tsi la, mexɔ nyateƒea o. Gake eva le dzidzɔ dom ɖe nyateƒea ŋu fifia, eye míele mɔ kpɔm be ava subɔ Yehowa.
Mía kple srɔ̃nye míedaa akpe be míeke ɖe mía Mawu lɔlɔ̃tɔ, Yehowa ŋuti nyateƒea ŋu, eye be míele esubɔm wu ƒe 40 enye sia.—Abe alesi Endre Szanyi gblɔe ene.
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Mía kple srɔ̃nye