Mawusubɔsubɔʋa Siwo Wowɔ Le France
LE Kwasiɖagbe, March 1, 1562 dzi la, Guise-fia kple nɔviaŋutsu Charles si nye papatenɔla le Lorraine—ame eve siawo siwo nɔ France Katolikoha nu—nɔ sɔ dzi kpe ɖe wo ŋudzɔla siwo bla aʋakpa ŋu ɖo ta Vassy, si nye kɔƒe aɖe si nɔ Paris ƒe ɣedzeƒe gome. Woɖoe be yewoatɔ ɖe Vassy-sɔlemexɔa gbɔ ade Misa.
Enumake wose hadzidzi. Protestantɔ alafa geɖe siwo kpe ta ɖe xɔ gã aɖe me nɔ sɔleme wɔm lae nɔ ha dzim. Asrafoawo ge ɖe wo dome sesẽe. Le ʋunyaʋunya si kplɔe ɖo me la, wodzu wo nɔewo heƒu kpe wo nɔewo. Asrafoawo te tudada, eye wowu Protestantɔ blananewo hede abi ame alafa bubuwo ŋu.
Nudzɔdzɔ kawoe na wowu ame gbogbo siawo? Aleke Protestantɔwo wɔ nui?
Woƒe Ŋutinya
Le ƒe alafa 16 lia ƒe domedome la, nu nɔ edzi dzem na France eye ame gbogbowo va nɔ dukɔa me. Agbagba siwo wodze be Katolikoha la natsɔ ɖe le gbɔgbɔmenuwo me wu eye wòaɖe nɔviwɔwɔ afia hã kpe ɖe woƒe dzidzedzekpɔkpɔ le ganyawo kple kesinɔnuwo me ŋu. Amewo di sɔlemeha si si kesinɔnu ʋee aɖewo ko le eye wòanɔ kɔkɔe wu. Nunɔlawo kple nunyonamegbɔkpɔla agbalẽnyalagã aɖewo bia be woawɔ tɔtrɔwo le mawusubɔsubɔ me atsɔ aɖe bisiɔpwo ƒe nufitifitiwɔwɔ kple nunɔla siwo ƒe nɔƒe mekɔkɔ o ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie ɖa. Nunɔla aɖe si te kpɔ be yeaɖɔ nuwo ɖoe nye Katolikotɔ bisiɔp Guillaume Briçonnet.
Briçonnet de dzi ƒo na amesiame le Meaux, afisi wònye bisiɔp le la be wòaxlẽ Ŋɔŋlɔawo. Ena ga wotsɔ wɔ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖe yeye ɖe Fransegbe me gɔ̃ hã. Eteƒe medidi o, Sorbonne Mawunyasrɔ̃ Yunivɛsiti si le Paris, si le Katolikoha nu do dɔmedzoe ɖe eŋu hegblẽ eƒe agbagbadzedzewo me. Gake Francis I, si nye France-fia kpɔ bisiɔp la ta tso ƒe 1515 vaseɖe 1547 me. Ɣemaɣi la, fia la da asi ɖe tɔtrɔwɔwɔ dzi.
Gake Francis I ɖe mɔ ɖe ɖeklemiɖeɖe le ha la ŋu ŋuti ne manya gblẽ amewo ƒe ɖoɖodziwɔwɔ kple dukɔa ƒe ɖekawɔwɔ me o ko evɔ. Le ƒe 1534 me la, Protestantɔ sesẽnuwɔlawo ŋlɔ nu tsɔ klã ɖe gliwo ŋu tsi tre ɖe Katolikotɔwo ƒe Misawɔwɔ ŋu be enye trɔ̃subɔsubɔ, eye woklã ɖeka gɔ̃ hã ɖe fia ƒe xɔdɔme ƒe ʋɔtru ŋu. Le ema ta la, Francis I he tɔtrɔ aɖe vɛ eye wòwɔ nu dziŋɔ aɖe be yeatsɔ atsi enui.
Ameteteɖeanyi Vɔ̃ɖi
Eteƒe medidi hafi wova nɔ dzo tɔm Protestantɔwo ɖe ati ŋu o. Nunyonamegbɔkpɔlawo, woƒe fafalawo, kple Protestant-ha yeyea me nɔlawo si dzo le dukɔa me. Dziɖuɖua va te ŋkuléle ɖe agbalẽwo me nyawo ŋu nɔa mɔ xem ɖe gbegblẽawo nu henɔ ŋusẽ kpɔm ɖe nufialawo, agbalẽŋlɔlawo, kple agbalẽtalawo dzi.
Waldotɔwo koŋ ŋue dziɖuɖua tsi tre ɖo vevie. Wonye Biblia srɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe si nɔ kɔƒe dahewo me le dukɔa ƒe anyieheɣedzeƒe gome. Wotɔ dzo wo dometɔ aɖewo ɖe ati ŋu, wowu alafa geɖewo eye wotsrɔ̃ woƒe kɔƒewo dometɔ siwo ade 20.—Kpɔ aɖaka le axa 6.
Esi alesi tɔtrɔ hiã le sɔlemehaa me le nyanya na Katolikotɔwo ƒe bisiɔpwo ƒe aɖaŋuɖotakpekpea ta la, wokpe ta le December 1545 me le Trent, Italy. The Cambridge Modern History gblɔ be esi aɖaŋuɖotakpekpea wu eƒe kpekpea nu le ƒe 1563 me la, “emetsonu vevitɔe . . . nye be woado ŋusẽ amesiwo ɖoe kplikpaa be yewoaɖe Protestantɔnyenye ɖa ƒe alɔwo.”
Nusiwo Dzɔ Do Ŋgɔ na Aʋa La
Esi tɔtrɔwɔha me tɔ geɖewo lala ʋuu be yewoakpɔ tɔtrɔ siwo ava Katolikoha la me wòti kɔ na wo ta la, wova de Protestant-hawo dzi. Le ƒe 1560 me lɔƒo la, France-dziɖula geɖewo kple wo dzidelawo va ge ɖe Huguenotɔwo, si wova yɔ na Protestantɔwo emegbe, la me. Huguenotɔwo va nɔ woƒe susuwo gblɔm kple ŋusẽ. Dɔmedzoedoname kple fuléle va nɔ woƒe dutoƒokpekpewo me ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me le ƒe 1558 me la, wo dometɔ akpe geɖe kpe ta ɖe Paris ŋkeke ene tsiã ɖe nu nɔ ha dzim.
Esia katã ve dɔme na Katolikoha la ƒe amegãwo kple Katolikotɔ bubuwo. Le Papatenɔla Charles si tso Lorraine ƒe nyaƒoɖeamenu nu la, Fia Henry II, amesi va xɔ ɖe fofoa Francis I teƒe la de Écouen-se le June 1559 me. Eƒe tameɖoɖo si wòɖe gblɔ enye be woaɖe “Luthertɔ gbegblẽwo” ɖa. Esia na wowɔ ŋɔdzinu ɖe Huguenotɔwo ŋu le Paris.
Henry II ku kwasiɖa ʋee aɖewo megbe le abi siwo wòxɔ le lãmesẽfefe aɖe me ta. Via si nye Fia Francis II si nu Guise ƒomea ƒo nya ɖo la gagbugbɔ do ŋusẽ se si gblɔ be woatso kufia na Protestantɔ siwo kpɔtɔ li la. Francis II ku le ƒe si kplɔe ɖo me eye dadaa Catherine de Médicis ɖu fia ɖe nɔviaŋutsu, Charles IX, si xɔ ƒe ewo teƒe. Catherine ƒe amedomedzadzraɖo ƒe ɖoɖo la medzɔ dzi na Guise ƒomea, amesiwo ɖoe kplikpaa be yewoatsrɔ̃ Protestantɔnyenye ɖa la o.
Le ƒe 1561 me la, Catherine na wowɔ takpekpe le Poissy, si te ɖe Paris ŋu, si me Katoliko kple Protestant mawunyaŋununyalawo kpe ta le. Le se si wode le January 1562 nu la, Catherine na ablɔɖe Protestantɔwo be woakpe ta hena subɔsubɔ le duwo godo. Nusia ve dɔme na Katolikotɔwo vevie! Esia ʋu mɔ na nusi va dzɔ le ɣleti eve megbe—esi nye Protestantɔwo wuwu le xɔ gã la me le Vassy-kɔƒea me abe alesi míegblɔe va yi ene.
Aʋa Etɔ̃ Gbãtɔawo
Ame gbogbo siwo wowu le Vassy he mawusubɔsubɔʋa siwo wowɔ si na Franseawo va nɔ wo nɔewo wum ŋɔdzitɔe tso ƒe 1562 vaseɖe ƒe 1590 ƒeawo ƒe domedome ƒe gbãtɔ vɛ. Togbɔ be dunyahehe kple hadomenyawo hã nɔ nyaa me hã la, mawusubɔsubɔ koŋ ye he ʋukɔkɔɖia vɛ.
Esi wowɔ Dreux-ʋa si me ame 6,000 tsi le December 1562 me vɔ la, mawusubɔsubɔʋa gbãtɔ ma va ke mlɔeba. Amboise ƒe Ŋutifafanubabla si te wode asii le March 1563 me la na ablɔɖe vi aɖe Huguenotɔ siwo nye ameŋkutawo ya be woasubɔ le teƒe aɖewo.
The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Alesi Huguenotɔwo va nɔ vɔvɔ̃m na Katolikotɔwo ƒe nugbeɖoɖo le dukɔwo dome ye he aʋa evelia vɛ.” Le ɣemaɣi la, Katolikotɔ ʋɔnudrɔ̃lawo va nɔ ka dem ve na dumeviwo le Huguenotɔnyenye ɖeɖeko ta. Alesi Huguenotɔ aɖe te kpɔ le ƒe 1567 me be yealé Fia Charles IX kple dadaa, Catherine sesẽe gana aʋa evelia nu sẽ ɖe edzi.
Esi ŋutinyaŋlɔla siwo nye Will kple Ariel Durant woŋlɔ nu tso ʋukɔkɔɖiʋa si wowɔ le St.-Denis, le Paris godo ŋu vɔ la, woŋlɔ bena: “France gabia eɖokui be subɔsubɔha kae nye sia si na wowu ame nenema gbegbe.” Ema megbe kpuie le March 1568 me la, Longjumeau ƒe Ŋutifafanubabla ɖe mɔ na Huguenotɔwo le nu ʋee aɖewo me abe alesi wònɔ na wo le Amboise ƒe Ŋutifafanubabla te ene.
Gake dzi ku Katolikotɔwo vevie eye wogbe ŋutifafanubabla me nyawo dzi wɔwɔ. Ale le September 1568 me la, mawusubɔsubɔʋa etɔ̃lia gadzɔ. Ŋutifafanu aɖe si wogabla ɖe eyome na ablɔɖe si de ŋgɔ wu la Huguenotɔwo. Wotsɔ du sesẽwo kple Rochelle-melidzeƒe na wo. Azɔ hã wotia fiavi Protestantɔ xɔŋkɔ aɖe, si nye Ʋumefia de Coligny be wòawɔ dɔ le fia ƒe aɖaŋuɖotakpekpea me. Esia gaku dzi na Katolikotɔwo vevie.
Bartholomew “Kɔkɔe” ƒe Ŋkekenyui Dzi Amewuwu
Anɔ ƒe ɖeka megbe le August 22, 1572 dzi la, nugbe si woɖo ɖe Coligny ŋu le Paris be yewoawui esi wòzɔ afɔ tso Louvre-fiasã me gbɔna eƒeme la medze edzi o. Esi esia ku dzi na Protestantɔwo ta la, wobe yewoaɖe afɔ sesẽwo atsɔ abia hlɔ̃e ne womekpɔ nyaa gbɔ kaba le se nu o. Fia ɖekakpui Charles IX, kple dadaa Catherine de Médicis, kple fiavi bubu geɖewo ɖo le adzame be yewoawu Coligny. Be ame aɖeke nagabia hlɔ̃ wo o la, wode se hã be woawu Protestantɔ siwo katã va Protestantɔ Henry si tso Navarre kple Catherine vinyɔnu Margaret si tso Valois ƒe srɔ̃ɖeƒe le Paris la.
Le August 24 ƒe zã me la, gaƒoƒo ɖi le sɔlemexɔ si le Saint-Germain-l’Auxerrois, si dze ŋgɔ Louvre, me si nye dzesi be woadze amewuwu gɔme. Guise-fia kple eƒe amewo ƒu du yi xɔ si me Coligny mlɔ la me. Wowu Coligny le afima tsɔ ƒu gbe to fesre nu, eye wofli eƒe kukua kakɛkakɛe. Tete Guise-fia si nye Katolikotɔ la ɖe gbeƒã be: “Miwu wo katã. Fia ƒe sededee.”
Ŋɔdzinuwo gblẽ Paris-blɔwo dzi tso August 24 vaseɖe 29. Ame aɖewo gblɔ be Huguenotɔ akpe geɖe siwo wowu ƒe ʋu nɔ sisim to Seinetɔsisia me. Wowu ame gbogbowo le du bubuwo hã me. Wobu akɔnta be amesiwo wowu la anɔ ame 10,000 vaseɖe ame 100,000 dome; gake ame akpa gãtɔ gblɔ be xexlẽmea ade 30,000 ya teti.
Ŋutinyaŋlɔla aɖe ka nya ta be: “Nyateƒenya si dzi ŋɔ sɔ kple amewuwua ŋutɔ lae nye dzidzɔ si wòhe vɛ.” Esi Papa Gregory XIII se ame gbogbo siwo wowu la, ena wowɔ akpedasɔleme eye wòdo dɔnɔ na Catherine de Médicis. Ena wotso dziɖuɖukpɔkpɔga tɔxɛ aɖe be woatsɔ aɖo ŋku Huguenotɔwo wuwu dzii eye wòna wowɔ ame gbogbo siwo wowu ƒe nɔnɔmetata si ŋu woŋlɔ ɖo be: “Papa la da asi ɖe Coligny wuwu dzi.”
Le amewuwua megbe la, woka nya ta be Charles IX kpɔa amesiwo wòwu le ŋutega me eye wòdoa ɣli gblɔna na dɔnɔdzikpɔla si nɔ edzi kpɔm be: “Aɖaŋu vɔ̃ kae nye si dzi mehewɔ! O nye Mawu, tsɔe kem!” Eku le ƒe 1574 me le ƒe 23 xɔxɔ me eye nɔviaŋutsu Henry III xɔ ɖe eteƒe.
Woyi Mawusubɔsubɔʋawo Dzi
Le ɣeyiɣi sia me la, Katolikoha ƒe amegãwo ƒlɔ dzo ɖe Katolikotɔwo te be woatso ɖe Huguenotɔwo ŋu. Le Toulouse la, Katolikotɔwo ƒe nunɔlawo de dzi ƒo na wo yomedzelawo be: “Miwu wo katã, miha wo; mia fofowoe míenye. Míakpɔ mia ta.” Fia la, sewɔtakpekpewo, mɔ̃mefiawo, kple ŋgɔnɔlawo to mɔxexe ɖe ame nu anyrãtɔe me ɖo kpɔɖeŋua, eye Katolikotɔ bubuwo hã srɔ̃e.
Gake Huguenotɔwo hã tso ɖe wo ŋu. Le ame gbogbo siwo wowu le Bartholomew “Kɔkɔe” ƒe Ŋkekenyui dzi ƒe ɣleti eve megbe la, wodze mawusubɔsubɔʋa enelia gɔme. Afisi wosɔ gbɔ wu Katolikotɔwo le la, wogbã kpetatawo, ŋe atitsogawo, kaka altaro siwo le Katoliko-sɔlemexɔwo me, hewu amewo gɔ̃ hã. John Calvin si nɔ ŋgɔ na Protestant-ha le Franse gblɔ le eƒe agbalẽ Declaration to Maintain the True Faith [Xɔse Vavãtɔ me Léle Ðe Asi Ŋuti Gbeƒãɖeɖe] me be: “Mawu medi be míakpɔ du alo ame aɖeke ta o.”
Wogawɔ mawusubɔsubɔʋa ene bubuwo. Atɔ̃lia ke le ƒe 1576 me eye Fia Henry III de asi ŋutifafanubabla aɖe te tsɔ na mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe blibo Huguenotɔwo le France ƒe akpa sia akpa. Mlɔeba la, Katoliko-du si nye Paris si ɖe ɖe aga la dze aglã henyã Henry III si wobu be eƒe nya me fa akpa na Huguenotɔwo la. Katolikotɔwo va ɖo tsitretsiɖeŋudziɖuɖu, si woyɔ be Katolikotɔwo ƒe Nubabla Kɔkɔe si Henry si tso Guise nɔ ŋgɔ na.
Mlɔeba Henry III (Katolikotɔ) bla nu kple amesi ava xɔ ɖe eteƒe, si nye Henry si tso Navarre (Protestantɔ) tsi tre ɖe Henry si tso Guise (Katolikotɔ) ŋu le aʋa enyilia alo Henry Etɔ̃awo ƒe Aʋawɔwɔa me. Henry III wɔ ɖoɖo wowu Henry si tso Guise, gake le August 1598 me la, Dominic-saɖagaxɔmenɔla aɖe wu Henry III la ŋutɔ hã. Ale Henry si tso Navarre, amesi ta wokpɔ ƒe 17 do ŋgɔ le ame gbogbo siwo wowu le Bartholomew “Kɔkɔe” ƒe Ŋkekenyui dzi la zu Fia Henry IV.
Esi wònye Henry IV nye Huguenotɔ ta la, Paris gbe eɖokui bɔbɔ ɖe ete. Katolikotɔwo ƒe Nubabla Kɔkɔe la bla aʋakpa ɖe eŋu le dukɔa me godoo. Henry ɖu aʋa geɖewo dzi, gake esi Spania-srafowo va kpekpe ge ɖe Katolikotɔwo ŋu la, etso nya me mlɔeba do le Protestant-ha me ge ɖe Katolikoha me. Esi woɖo fia Henry zi dzi le February 27, 1594 dzi la, eyi Paris, afisi amesiwo aʋa ti kɔ na do dzaa nɛ le be enye fia.
Aleae Mawusubɔsubɔʋa siwo wowɔ le France la ke le ƒe 30 kple edzivɔ siwo me Katolikotɔwo kple Protestantɔwo wu wo nɔewo ɣeaɖewoɣi le la megbe. Le April 13, 1598 dzi la, Henry IV de Nantes-se tɔxɛ aɖe si na dzitsinya kple subɔsubɔ ƒe ablɔɖe Protestantɔwo. Papa gblɔ be se la nye “nu vɔ̃ɖitɔ si ava susu me na ame elabena ena dzitsinya ƒe ablɔɖe amesiame, nusi nye nu gbegblẽ gãtɔ kekeake le xexeame.”
Katolikotɔ siwo nɔ France godoo susui be se la nye ŋugbe si Henry do be yeade yewoƒe dzixɔsewo dzi la dzi dada. Sɔlemeha la meɖi ɖe eme o vaseɖe ƒe alafa ɖeka kloe megbe hafi, esi Louis XIV te fli ɖe Nantes-se la me, eye wòdze Huguenotɔwo yometiti si gavɔ̃ɖi kura wu la gɔme.
Aʋawɔwɔawo me Tsonuwo
Kaka ƒe alafa 16 lia nawu enu la, France ƒe kesinɔnuwo vɔ. Woɖe to ɖe fiaɖuƒea ƒe afã, hae, ɖe aboyoe, alo tsrɔ̃e. Asrafowo va bia nuwo tso amewo si fũ akpa, si na agbledelawo dze aglã. Protestantɔ siwo wotsrɔ̃ to kufiatsotso na wo, wo wuwu, wo nyanyã, wo dzi zizi be woagbe nu le woƒe xɔse gbɔ me na woƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ wotsɔ ge ɖe ƒe alafa 17 lia mee.
Edze ƒã be Katolikotɔwo ɖu Mawusubɔsubɔʋa siwo wowɔ le France la dzi. Gake Mawu ƒe yayrae na woɖu aʋa dzia? Kpao. Esi amesiwo wowu le Mawu ƒe ŋkɔ me alea ti kɔ na Fransetɔ geɖewo ta la, mawusubɔsubɔ megatsɔa fu le lãme na wo o. Woawoe nye ame gbãtɔwo le amesiwo wova yɔ be Kristotɔnyenye ŋuti tsitretsiɖeŋulawo le ƒe alafa 18 lia me dome.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]
“Mawu medi be míakpɔ du alo ame aɖeke ta o.” Nenemae Protestant-ha si le France ƒe ŋgɔnɔla gblɔ
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]
Waldotɔwo Nɔ Te Sesĩe—Nukae Do Tso Eme?
PIERRE VALDES, alo Peter Waldo nye asitsala kesinɔtɔ aɖe si nɔ agbe le ƒe alafa 12 lia me le France. Le ɣeyiɣi si me Roma Katolikoha ɖoe koŋ gblẽ amewo ɖe Biblia manyamanya ƒe viviti me la, Waldo ya tsɔ ga do alɔ Nyanyuigbalẽawo kple Biblia me gbalẽ bubuwo gɔmeɖeɖe ɖe anyieheɣedzeƒe Francetɔwo degbe me. Edzudzɔ dɔ hetsɔ eɖokui ɖo anyi koŋ na Mawunya gbɔgblɔ. Eteƒe medidi hafi ame geɖewo dze eyome o, eye le ƒe 1184 me la, Papa Lucius III ɖe eya kple eƒe kpeɖeŋutɔwo le ha me.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova yɔ Biblia-srɔ̃ƒuƒoƒo siawo siwo nye mawunyagblɔlawo be Waldotɔwo. Woʋli tɔtrɔ ɖe Kristotɔnyenye gbãtɔ ƒe dzixɔsewo kple wɔnawo ŋuti ta. Wogbe Katolikoha ƒe wɔnawo kple dzixɔse siwo li tso blema ke, kple nuvɔ̃tsɔtsɔke, gbedodoɖa ɖe kukuawo ta, ŋutiklɔdzo, tadedeagu na Maria, gbedodoɖa na “ame kɔkɔewo,” mawutsidede ta na vidzĩwo, atitsogasubɔsubɔ, kpakple dzixɔse si nye be abolo kple wein si ta wodo gbe ɖa ɖo la zua Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ la. Le esia ta la, Waldotɔwo kpe fu vevie zi geɖe le Katolikoha si me. Ŋutinyaŋlɔla Will Durant ƒo nu tso alesi nuwo nɔ esime Fia Francis I ho ɖe amesiwo menye Katolikotɔwo o ŋu be:
“Esi Papatenɔla de Tournon gblɔ be Waldotɔwo ɖo nugbe be yewoamu dziɖuɖua ƒu anyi la, eƒo nya ɖe Fia si nɔ dɔ lém eye wònɔ hehem ɖe megbe nu be wòade asi se aɖe te (January 1, 1545) be woawu Waldotɔ siwo katã wokpɔ be woɖi aglãdzenufiafia ƒe fɔ la. . . . Le kwasiɖa ɖeka me (April 12-18) la, wotɔ dzo kɔƒe geɖewo wozu afi; le kɔƒe ɖeka me la, wowu ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi 800; le ɣleti eve me la, wowu ame 3,000, wotsrɔ̃ kɔƒe blaeve vɔ eve, eye woɖo ŋutsu 700 ɖe meli me dzodoƒee. Wodo dzo ɖe agado aɖe si me nyɔnu blaeve vɔ atɔ̃, siwo wodo ŋɔdzi na wosi va be ɖo ƒe mɔnu eye gbɔgbɔtsixɛ tsi wo ƒo woku.”
Durant gblɔ le ŋutinya me nudzɔdzɔ ɖedzesi mawo ŋu be: “Yometiti siawo nye Francis ƒe dziɖuɖu ƒe kpododonu gãtɔ.” Gake aleke esia wɔ dɔ ɖe amesiwo kpɔ Waldotɔwo ƒe tenɔnɔ sesĩe le yometiti siwo fia la na wohe vɛ me, la dzii? Durant ŋlɔe bena: “Xɔsetakukulawo ƒe dzideƒo na bubu kple atsyɔ̃ va nɔ woƒe dzixɔse ŋu; anya wɔ dɔ ɖe eteƒekpɔla akpe geɖe dzi heɖe fu na wo vevie, wo amesiwo, ne ɖe menye ɖe wokpɔ amewuwu ɖedzesi siawo o la, matsɔ fu le lãme na wo gbeɖe be yewoatrɔ xɔse si dome yewonyi la o.”
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Ame gbogbo siwo wowu le Vassy he mawusubɔsubɔʋawo vɛ
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Bibliothèque Nationale, Paris
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Katolikotɔwo wu Protestantɔ akpe geɖe le Bartholomew “Kɔkɔe” ƒe Ŋkekenyui dzi Amewuwu me
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Photo Musée cantonal des Beaux-Arts, Lausanne
[Nɔnɔmetata siwo le axa 8]
Protestantɔwo gbã sɔlemexɔa hewu Katolikotɔwo (etame kple egɔme)
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Bibliothèque Nationale, Paris
Bibliothèque Nationale, Paris