Míenye Xɔlɔ̃ Siwo Dome Tsi Metona O
TRACY nye nye mɔfiavũ, enye adevũ yibɔ si xɔ ƒe ewo. Eyae kpena ɖe ŋunye be ne meli la mete ŋu ɖea dzi ɖi bɔkɔɔ. Edoa evelia nam eye wònaa nye akɔ hã fana. Eyata mewɔ nuku o be meva lɔ̃ eƒe nya gbɔ vevie eye míezu xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o.
Ɣeaɖewoɣi le manyamanya me la, amegbetɔwo doa kpo nu le mɔ aɖe si nu Tracy ya medo kpo nu le kpɔ o. Le kpɔɖeŋu me, gbeɖeka megblẽ Tracy ɖe aƒeme eye mía kple xɔ̃nye aɖe míenɔ zɔzɔm. Míenɔ dze ɖom dzidzɔtɔe kasia medze anyi. Xɔ̃nyea ŋlɔ be be ŋkunɔe menye, eye megblɔ nya aɖeke nam be kpe le ŋgɔnye o. Ne Tracy ye mekplɔ ɖe asi la, ne nusia madzɔ ɖe dzinye o.
Gbeɖeka ya la, ɖe Tracy ɖe nye agbe ŋutɔŋutɔ. Menɔ mɔdodo aɖe to zɔm esime agbaʋu aɖe ge le mɔa dzi hezɔ ɖo ta gbɔnye. Mese eŋkɔ gake, nyateƒee, nyemenya afisi wòɖo tae o. Tracy ya kpɔe eye wòde dzesi afɔkua, ale wòhem ɖa le eŋgɔ.
Menye Ŋkunɔ Gake Kpɔa Nu
Wodzim le ƒe 1944 me le Sweden ƒe anyiehe, eye nye ŋkuwo tsi tso dzinyeɣi ke. Woɖom ɖe ŋkunɔwo ƒe suku afisi metsi sukuƒea me le hesrɔ̃ ŋkunɔwo ƒe nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. Haƒoƒo va xɔ akpa vevi aɖe le nye agbe me, vevietɔ saŋkuƒoƒo. Esi medo le suku kɔkɔ la, meyi gbegbɔgblɔ bubuwo kple haƒoƒo sɔsrɔ̃ dzi le Göteborg Yunivɛsiti.
Gake nye agbenɔnɔ trɔ keŋkeŋ esime Yehowa Ðasefo eve va gbɔnye le yunivɛsitikpoa dzi. Eteƒe medidi o medze Ðasefoawo ƒe kpekpewo dede gɔme eye medze nusiwo srɔ̃m menɔ la gbɔgblɔ gɔme na ame bubuwo hã. Le ƒe 1977 me la, meɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu dzi esi mexɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me. Togbɔ be menye ŋkunɔ le ŋutilã me hã la, nane si ƒe asixɔxɔ mele gbɔgblɔ me o la su asinye to Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ me—gbɔgbɔ me ŋkuwo.
Egbea mekpɔe be tɔnye nyo wu amesiwo ƒe ŋutilã me ŋkuwo kpɔa nu evɔ wonye gbɔgbɔ me ŋkuagbãtɔwo la tɔ. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 9:39-41.) Edoa dzidzɔ nam be Mawu ƒe xexe yeye si me, le eya ŋutɔ ƒe ŋugbedodo nu la, ŋkuagbãtɔwo akpɔ nu—ẽ, afisi woada gbe na wɔametɔ ɖesiaɖe le, afisi woafɔ kukuawo kura gɔ̃ ɖe tsitre la dzena le susu me nam nyuie!—Psalmo 146:8; Yesaya 35:5, 6; Dɔwɔwɔwo 24:15.
Togbɔ be menye tre eye nye ŋkuwo tsi hã la, ne mía kple Tracy si nye nye zɔhɛ wɔnuteƒea míeli ko la, nye dzi dzea eme bɔkɔɔ. Na maƒo nu tso alesi wòkpe ɖe ŋunye mele nye ŋutilãmedɔ wɔm gale nye subɔsubɔdɔa hã wɔm esi menye Yehowa Ðasefo la ŋu na wò. (Mateo 24:14; Dɔwɔwɔwo 20:20; Hebritɔwo 10:25) Gake na magblɔ Tracy ŋutɔ ƒe ŋutinya kpui bubu aɖe na wò gbɔ.
Wotiae be Woana Hehe Tɔxɛe
Esi Tracy xɔ ɣleti enyi ko la, wodoe kpɔ be edze anye avũ si afia mɔ ŋkuagbãtɔ hã. Edze be anɔ anyi kpoo, woate ŋu afia nui bɔbɔe, eye be asesẽ ŋutɔ hafi ɣli si ɖi le vome sesĩe nado voɖi nɛ. Eyata wokplɔe da ɖe ƒome aɖe gbɔ be wòasrɔ̃ alesi ƒomegbenɔnɔ ŋutɔŋutɔ le la hena ɣeyiɣi aɖe. Emegbe esi wòtsi nyuie la, woɖoe ɖe avũ siwo fiaa mɔ ame ƒe suku.
Tracy srɔ̃ nusi wobia tso mɔfiavũ si la, vevietɔ be wòakplɔ amesi gbɔ wòava nɔ la ayi ʋɔtruwo nu, alia atrakpuiwo, ayi agbowo nu, kple afɔmɔwo dzi. Esrɔ̃ alesi wòazɔ amehawo dome kple alesi wòatso ʋumɔwo mee hã. Wofiae hã be wòatɔ ne eɖo gɔta to, wòawɔ ɖe ʋutɔkaɖiwo ƒe mɔfiafia dzi, kple be wòasi le afɔkuwo nu. Abe ɣleti atɔ̃ ƒe hehexɔxɔ ene megbe la, edze hena eƒe dɔwɔwɔ. Ɣemaɣi mee wokplɔ Tracy vɛ nam.
Nusi Tracy Wɔna Nam
Ŋdi ɖesiaɖe la Tracy nyɔam ale be mawɔ nuɖuɖu nɛ. Emegbe míedzrana ɖo hena dɔmeyiyi. Nye ɔfis didi tso míaƒe aƒe gbɔ abe aɖabaƒoƒo 20 ƒe azɔlizɔzɔ ene. Menya mɔa ya, gake Tracy ƒe dɔe nye be wòakpe ɖe ŋunye maɖo esime nyemava kpe ŋgo kple ʋuwo, amewo, akaɖitiwo, alo nu bubu aɖe o. Ne míeɖo la emlɔa anyi ɖe nye kplɔ̃ te. Eye le nye ŋdɔnuɖuɣiwo la, míeɖia tsa zi geɖe.
Le fiẽ me ne míetso dɔme gbɔ vɔ megbee míaƒe ŋkekea ƒe ɣeyiɣi vevietɔwo kekeake dzea egɔme. Ɣeyiɣi siawo mee Tracy fiaa mɔm le aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa me eye wòkplɔm yia aƒe siwo me mewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃wo le. Ame geɖe doa vivi ɖe eŋu lilia asi eŋu hekɔnɛ ɖe abɔdome eye ɣeaɖewoɣi la, wotsɔa nuɖuɖu nyui aɖe nam be matsɔ nɛ. Míedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã kwasiɖa ɖesiaɖe. Ne míekpã la, ɖeviwo lɔ̃na be yewoado gbe na Tracy ahakɔe ɖe akɔ, nusi vivia enu kakaka.
Menya be avũ koe Tracy nye eye be ava ku gbeɖeka. Ema fia be ele be mava di mɔfiavũ bubu. Gake le fifi ɣeyiɣiwo ya me la, xɔlɔ̃e míenye eye míehiã na mía nɔewo. Ne Tracy mele gbɔnye o la, nyemeganɔa dedie le ɖokuinye me kura o, eye eya hã tsia dzodzodzoe hetsia mavomavo dzi ne mele gbɔnye afia mɔm o.
Ehiã be Woase Nu Gɔme na Mí
Nukutɔe la, ame aɖewo dina be yewoamã mía dome ɣeaɖewoɣi. Wobua Tracy abe avũ dzro aɖe ko alo lã malɔ̃nugbɔ aɖe ko ene eye womesea míaƒe ƒomedodo kplikplikpli la gɔme o. Ehiã be amesiawo nase egɔme be Tracy le nam ko abe alesi bafakeke le na xɔdrɔ̃wo ene. Mía dome mamã le ko abe ŋkuwo hoho ɖa le tome nam ene.
Alesi gbegbe ame bubuwo ase mía kple Tracy dome ƒomedodoa gɔmee la, nenema wòaɖe kuxiawo dzi akpɔtɔe. Le kpɔɖeŋu me, amewo lɔ̃na be bafakekewo nanɔ yewo dome faa, gake nublanuitɔe la, womete ŋu xɔa mɔfiavũwo nenema ɣesiaɣi o. Ame aɖewo vɔ̃a avũwo, alo womelɔ̃ avũwo koŋ ƒe nya gbɔ o.
Agbalẽ gbadza aɖe si Swedentɔwo ƒe Ŋkunɔwo Dzikpɔha ta tso mɔfiavũwo ŋu la nyo ŋutɔ. Egblɔ be: “Mɔfiavũ kpena ɖe ŋkuagbãtɔwo ŋu wozɔna. Le nyateƒe me la, ewɔa nu geɖe wu ema. Eyae kpena ɖe wo ŋu wonɔa agbe hã. . . . Enye xɔlɔ̃ si matrɔ wò ato eme akpɔ gbeɖe o.”
Vavãe, Tracy nye nye ŋkuwo le blukɔ me, eye wòkpena ɖe ŋunye menɔa agbe fifia wòsɔna abe alesi dze ene. Ke hã la, meka ɖe edzi be eteƒe madidi o mate ŋu akpɔ nuwɔwɔ klitsu wɔnuku ɖesiaɖe le xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la me. Eyata meɖoe kplikpaa fifia be mana nye gbɔgbɔ me ŋkuwo nanɔ te ɣesiaɣi.
Eyata míedzra ɖo hena Gbetakpɔxɔ magazine ƒe tata yeye si wolé ɖe kasɛt dzi la sese fifia esime Tracy da eƒe ta ɖe nye ata dzi.—Abe alesi Anne-Marie Evaldsson gblɔe ene.