INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 3/8 axa 19-21
  • Alesi Mekpe Akɔ Kple Kukɔkɔe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Mekpe Akɔ Kple Kukɔkɔe
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzideƒonɔamesi ƒe Teƒeɖoɖowo
  • Alesi Ame Bubuwo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui
  • Subɔsubɔ Mɔnukpɔkpɔ Gãwo
  • Nu Si Nàwɔ Ne Èkukɔna
    Nyɔ!—2010
  • Nusita Amewo Vɔ̃na na Kukɔkɔ Gɔmesese
    Nyɔ!—1998
  • Megakukɔna O!
    Nyɔ!—1998
  • Nuƒoƒo Wòazɔ Tẽ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 3/8 axa 19-21

Alesi Mekpe Akɔ Kple Kukɔkɔe

Abe alesi Sven Sievers gblɔe ene

MEKUKƆNA tso nye ɖevime ke. Mekpɔa ŋudzedze ɖe alesi dzinyelawo kpɔ kuxia gbɔe ŋu ne meɖo ŋku edzi. Ne mekukɔ la, wodzea agbagba ɣesiaɣi be yewoanya nya si medi be magblɔ tsɔ wu be woaɖɔ alesi meƒoa nui ɖo. Nuƒoƒo ƒe dɔyɔɖaŋuɖolawo gblɔ be, dzila siwo hea susu yia wo vi ƒe kukɔkɔ dzi ɣesiaɣi la ate ŋu ana dɔa nanyra ɖe edzi.a

Danye zu Yehowa Ðasefo esime mexɔ ƒe etɔ̃. Meɖoe le nye ƒewuiwo me be madze eyome eye wokpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ Biblia nyuie. Le July 24, 1982 dzi la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Mawu subɔla ɖeadzɔgbe le takpekpe aɖe me le Neumünster, Germany. Emegbe meʋu yi South Africa, afisi meyi edzi kpɔa gome le gaglãgbe gbeƒãɖeɖedɔ si wode se na Kristotɔ vavãwo katã be woawɔ la me le. (Mateo 28:19, 20) Ðewohĩ àbia be, esi mekukɔna ɖe, aleke mewɔe?

Dzideƒonɔamesi ƒe Teƒeɖoɖowo

Nyateƒee wònye be esesẽna nam ɣeaɖewoɣi be dzi nanɔ ƒonye, gake mekpɔe be edea dzinye ŋutɔ ne dzi le ƒonye. Nya lae nye be aleke ke wòle o, mete ŋu gblɔa nya wosea eme kokoko. Ne nyemaƒo nu o la, meŋlɔa nyaawo ɖi alo metsɔa Biblia-srɔ̃gbalẽwo fiaa amewo tsɔ na wonyaa nane. Dzideƒo wɔnɛ be dzeɖoɖo gɔme dzedze megasẽna nam o. Medzea agbagba nana nye ŋgɔdonya nɔa bɔbɔe. Le dzeɖoɖo ƒe gɔmedzedze la, meɖea mɔ aƒemenɔla la ƒoa nu geɖe alesi dze. Amewo lɔ̃a nuƒoƒo, eye esia naa mɔnukpɔkpɔm be manya alesi wobua nu ŋui. Ekema meyia dzeɖoɖoa dzi gblɔa nya siwo doa dzidzɔ na wo hetea gbe ɖe Biblia me nyawo dzi. Meŋlɔa nye nuƒoƒo ƒe kuxia be ne melé to ɖe nya si gblɔm wole ŋu, ale be nyemegakukɔna boo o.

Dzideƒonɔamesi kpena ɖe ŋunye be meɖoa nya ŋu le Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã me. Mekpɔe be zi alesi medea nu Biblia me dzodzroa me ko la, zi nenemae nye nuƒoƒo mãa nyaselawo kple nusɔsrɔ̃dzikpɔla la hãe eye woɖoa to nya si gblɔm mele tsɔ wu alesi mele egblɔmi.

Ne makpɔ dzidzɔ ɖe nye dzidzedzekpɔkpɔ ŋu la, ke ele be mayi edzi adze agbagba. Nusia na nyemewɔa nublanui na ɖokuinye o eye nyemenɔa ɖokuinye ŋu bum o. Avuwɔwɔ kple nublanuiwɔwɔ na ame ɖokui nye nusi yia edzi ɖaa. Wodo lo be ne ame aɖe ge le sɔ dzi la, ele vevie be wòagade sɔa dzi ake ale be dzi nagaɖe le eƒo o. Eyata ne wòhiã be madzudzɔ nuƒoƒo le kukɔkɔ ta la, megadea sɔa dzi ake le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, ale be megaɖoa nya ŋu ne mɔnukpɔkpɔa gava.

Alesi Ame Bubuwo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui

Ne wòhiã be maƒo ka alo abia nya ame tutɔwo la, edzea ŋunye ne wokpe ɖe ŋunye ŋuɖɔɖotɔe. Gake ame aɖewo wɔa nu wògbɔa eme ne wole kpekpeɖeŋu nam, eye wobuam abe ɖevi si mete ŋu le nyametsotso wɔm o ene.

Mekpɔa ŋudzedze ɖe srɔ̃nye lɔ̃ame, Tracy, hã ƒe kpekpeɖeŋu ŋu. Hafi wòaɖu “tsiami” nam la, míedzroa nya la me tsitotsito ale be enyaa nusi medi be mawɔ. (Tsɔe sɔ kple Mose II, 4:10, 14, 15.) Ne ewɔe alea la, edea bubu ŋunye abe srɔ̃aŋutsua ene, eye wòna mesenɛ le ɖokuinye me be nye ŋutɔe le ɖokuinye kplɔm.

Kpekpeɖeŋunu gã bubu aɖee nye Teokrasi Subɔsubɔ Sukua. Le kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe kpekpe sia me la, sukuviwo xlẽa Biblia na amehawo eye woƒoa nuƒo kpuiwo le Biblia me nyatiwo ŋu. Ewɔa nuku nam be mete ŋu xlẽa nu zi geɖe eye meƒoa nu nyuie le amehawo ŋkume. Ne menye ɖe meŋlɔ ŋkɔ ɖe suku sia me o la, anye ne ɖewohĩ nyemanya be ŋutete sia le asinye o.

Ne mewɔ dɔdasiwo le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la, edea dzi ƒo nam vevie ŋutɔ ne sukudzikpɔla la he susu yi nya siwo megblɔ dzi tsɔ wu alesi megblɔe dzi. Togbɔ be agbalẽ si nye Theocratic Ministry School Guidebookb ƒe akpa aɖewo anye nu sesẽ na kukɔlawo wu amesiwo ƒoa nu nyuie hã la, mekpɔ viɖe geɖe tso eme. Le kpɔɖeŋu me ɣeaɖewoɣi la, le alesi mekukɔna geɖe ta la, nyemete ŋu wua nye nuƒo nu ɖe game dzi o. Gake edea dzi ƒo nam ŋutɔ ne sukudzikpɔla la he susu yi nusiwo ŋu mete ŋu wɔ dɔ tsoe boŋ dzi.

Subɔsubɔ Mɔnukpɔkpɔ Gãwo

Tsã la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mexlẽa Kristotɔwo ƒe agbalẽ si míesrɔ̃na le míaƒe kpekpewo me la na ƒuƒolawo. Mɔnukpɔkpɔ su asinye hã be mekpɔa nusɔsrɔ̃a dzi ne subɔla bubu si dze la meva o, eye fifia la, mewɔnɛ edziedzi. Togbɔ be mevɔ̃na gbã hã la, mekpɔe be Mawu kpena ɖe ŋunye mewɔa dɔdasi mawo.

Gake anɔ ƒe geɖe la, mɔnukpɔkpɔ megava nɔ asinye boo be maxlẽ nu alo afia nu le hamea ƒe nuƒolanɔƒea o. Gɔmesese le eŋu, elabena ɣeaɖewoɣi megblẽa ɣeyiɣi akpa hafi ƒoa nu wosea egɔme nam. Eyata mezã nye ŋutetewo katã ɖe dɔ bubuwo wɔwɔ ŋu. Gbã la, menye kpeɖeŋutɔ míekpɔa hamea ƒe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo dzi. Emegbe esi wova ɖom menye subɔsubɔdɔwɔla la, nyee kpɔa Bibliawo, agbalẽgãwo, kple agbalẽ bubuwo dzi. Emegbe wogade dɔ asi nam be makpɔ anyigbamamãgbalẽvi siwo míezãna le míaƒe gaglãgbe ɖaseɖiɖidɔa me dzi. Fɔléle ɖe dɔ siawo ŋu, kple agbagbadzedze be mawɔ dɔ nyui na mekpɔ dzidzɔ geɖe ŋutɔ.

Mía kple Tracy míenye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbeƒãɖelawo ƒe enyi enye esia. Yehowa yram vavã le go sia hã me. Le nyateƒe me ɣeaɖewoɣi mebua tame be ɖe Yehowa le zãyem togbɔ be kukɔkɔ nye gbɔdzɔgbɔdzɔ le ŋunye hã. Ame atɔ̃ siwo mɔnukpɔkpɔ su asinye be mekpe ɖe wo ŋu wova zu Kristotɔ ɖeadzɔgbewo la dometɔ eve nye kukɔlawo.

Dzi gadzɔam kokoko ne meɖo ŋku gbesigbe woɖom hamemegãe dzi. Togbɔ be nyemete ŋu fiaa nu le nuƒolanɔƒea boo o hã la, medzea agbagba be malé fɔ ɖe alesi makpe ɖe ame ɖekaɖekawo ŋu la ŋuti. Kukɔkɔ mexɔ ŋutete le asinye be nyemagawɔ numekuku le Ŋɔŋlɔawo me atsɔ akpe ɖe hamea me tɔ siwo dze ŋgɔ kuxi sesẽwo la ŋu o.

Le ƒe atɔ̃ siwo va yi me la, wokpeam zi geɖe be mava wɔ dɔdasi siwo bia nuƒoƒo. Tsɔ kpe ɖe nuƒoƒo le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me ŋu la, mewɔa gbeƒãɖeɖe kpuiwo le kpekpe bubuwo me. Vivivi la, meva nɔ nu ƒom tẽ vie. Gake megava dze kukɔkɔ gɔme vevie. Meva tsi dzi, mesusui be, ‘womagade dɔ asi nam azɔ o,’ gake nukutɔe la, nye ŋkɔ gadze le ɖoɖowɔɖi si wogawɔ dzi! Míaƒe hamea ƒe zimenɔla gblɔ nam be ne nuƒoƒo le sesẽm nam eye nyemagate ŋu ayi edzi o la, makpɔ yeƒe ŋkume ko ale be yeava nuƒolanɔƒea ava yi edzi. Mewɔ lɔlɔ̃ ƒe kpekpeɖeŋu sia ŋudɔ zi ɖeka alo zi eve ya, gake megava hiã be magawɔ nenema le ɣleti ʋee siwo va yi me o. Esi nye nuƒoƒo va ka ɖe eme la, wova na dɔdasi siwo didi lam, eye dutoƒonuƒowo hã nɔ eme. Nyitsɔ laa esi wokpem be manɔ eme míawɔ wɔwɔfia eve le Yehowa Ðasefowo ƒe nutome sue takpekpe aɖe me ko hafi mekpɔ ŋgɔyiyi si gbegbe mewɔ la dze sii.

Mato nyateƒe, nyemenya nusi tututu na nye nuƒoƒo va ka ɖe eme o. Azɔ hã, ate ŋu agagblẽ gbeɖeka. Le nyateƒe me la, togbɔ be edze abe mewɔ ŋgɔyiyi ɖedzesiwo le nuƒoƒo le nuƒolanɔƒea me hã la, meva kukɔna vɔ̃ɖitɔe ne mía kple amewo míele dze ɖom. Eyata menye dzidzedzee wònye mekpɔ le susua nu be meɖu kukɔkɔ dzi o. Ne megadze kukɔkɔ gɔme la, medzea agbagba be maɖo ŋku edzi na ɖokuinye be ehiã be malɔ̃ ɖe nye gbɔdzɔgbɔdzɔa dzi eye ‘mabɔbɔ ɖokuinye azɔ kple Mawu.’—Mixa 6:8.

Nuka kee ava dzɔ le etsɔme o, manɔ agbagbadzedze dzi, eye anɔ susu me nam be woaɖe kukɔkɔ ɖa keŋkeŋ le Mawu ƒe xexeme yeye si tu aƒe la me. Biblia gblɔ be, “[kukɔlawo] ƒe aɖe aƒo nu eme nakɔ.” Kakaɖedzi le asinye be nya sia ava eme ŋutɔŋutɔ kple le gbɔgbɔ me hã eye be ‘aɖetututɔwo gɔ̃ hã ƒe aɖe atso aseye.’—Yesaya 32:4; 35:6.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ nyati si nye “Nusita Amewo Vɔ̃na na Kukɔkɔ Gɔmesese,” si le axa 14.

b Etalawoe nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Kukɔkɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Mía kple srɔ̃nye, Tracy

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe