INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 4/1 axa 20-25
  • Mesrɔ̃ Biblia me Nyateƒea le Romania

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mesrɔ̃ Biblia me Nyateƒea le Romania
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ɣeyiɣi Sesẽwo
  • Didi si Nɔ Menye Ðe Biblia me Nyateƒea Ŋu
  • Biblia me Nyateƒea Kaka ɖe Romania
  • Medzo Yi United States
  • Míaƒe Subɔsubɔdɔa Gɔmedzedze le United States
  • Ðɔɖɔɖo si Mehiã
  • Asitɔtrɔ le Nuwo ŋu le Ganyawo ƒe Sesẽɣi
  • Míaƒe Xɔse me Léle Ðe Asi
  • Míaƒe Ƒome Wɔnuteƒea le Romania
  • Nyateƒea Gale Vevie Nam Kokoko
  • Dzidzɔ Si Wu Gbɔgblɔ!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Meke Ðe Kesinɔnu Vavãtɔ Ŋu Le Australia
    Nyɔ!—1994
  • Gbɔgbɔmedɔ Le Amewo Wum le Romania
    Nyɔ!—1997
  • Wowɔ Takpekpewo Le Romania Togbɔ Be Tsitretsiɖeŋu Li Hã
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 4/1 axa 20-25

Mesrɔ̃ Biblia me Nyateƒea le Romania

ABE ALESI GOLDIE ROMOCEAN GBLƆE ENE

Le ƒe 1970 me la, meyi ɖasrã ƒonyemeawo kpɔ le Romania zi gbãtɔ le ƒe 50 kloe me. Wonɔ Kɔmiunist-ameteɖeanyidziɖuɖu te eye woxlɔ̃ num ɣesiaɣi be makpɔ nye aɖe dzi nyuie. Ke esi menɔ dziɖuɖudɔwɔƒe le mía dedua me la, amegã la ƒoe ɖe nunye be madzo le dukɔa me enumake. Hafi magblɔ nusitae la, mina magblɔ alesi mesrɔ̃ Biblia me nyateƒea le Romania na mi.

WODZIM March 3, 1903 le Ortelec-kɔƒe me le dzieheɣetoɖoƒe Romania si tsɔ Zalău gbɔ. Teƒe si míenɔ la nya kpɔ. Tsi kple ya me kɔ nyuie. Míedea nuɖuɖugble eye naneke mehiã mí le ŋutilã me o. Ŋutifafa nɔ dukɔa me le nye ɖevime.

Amewo lɔ̃ mawusubɔsubɔ ŋutɔ. Le nyateƒe me la, míaƒe ƒomea nɔ subɔsubɔha vovovo etɔ̃ me. Mamanye ɖeka nye Orthodɔks Katolikotɔ, evelia nye Adventistɔ, eye dzinyelawo nye Baptistɔwo. Esi wònye wo dometɔ aɖeke ƒe subɔsubɔha medze ŋunye o ta la, ƒonyemeawo gblɔ be megbɔna mawudzimaxɔsela zu ge. Megblɔna be, ‘Ne Mawu ɖekae li la, ke subɔsubɔha ɖeka ko wòle be wòanɔ anyi—menye etɔ̃ le ƒome ɖeka me o.’

Nusiwo mekpɔ le subɔsubɔhawo me ɖe fu nam ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, nunɔla la tsana le aƒewo me dzɔa nu na sɔlemeha la. Ne ameawo mekpɔ ga dzɔ o la, exɔa woƒe kuntru nyuitɔ kekeake ɖe enu. Le Katolikoha la me la, mekpɔa mamanye wòdzea klo ɖe Maria ƒe nɔnɔmetata ŋgɔ doa gbe ɖa. Mebiana be, ‘Nukata woado gbe ɖa na nɔnɔmetata?’

Ɣeyiɣi Sesẽwo

Fofonye dzo yi United States le ƒe 1912 me be yeawɔ dɔ atsɔ axe fe aɖee. Eteƒe medidi o aʋa dzɔ eye ŋutsu siwo le míaƒe kɔƒea me dzo yi aʋa wɔ ge—nyɔnuwo, ɖeviwo, kple tɔgbuiwo koe susɔ. Hungarytɔwo ɖu míaƒe kɔƒea dzi ɣeyiɣi aɖe, gake Romania-srafowo gbugbɔ va xɔ kɔƒea. Woɖe gbe be míadzo enumake. Gake esi wotsɔ dzitsitsi kple tɔtɔ nɔ woƒe nuwo kple ɖeviwo dem keke si sɔwo hena la, wogblẽm ɖi. Esi wònye nyee nye ɖevi atɔ̃awo ƒe tsitsitɔ tae.

Mesi yi tɔgbui aɖe si nye míaƒe aƒelika si tsi anyi la gbɔ, eye wògblɔ be: “Yi aƒeme. Tu ʋɔawo eye mègaʋui na ame aɖeke wòage ɖe eme o.” Mewɔ eƒe gbe dzi enumake. Esi meɖu koklodetsi kple mɔli si wotsɔ dzitsitsi gblẽ ɖi vɔ la, medze klo ɖe nye aba nu hedo gbe ɖa. Medidi kura o meyi alɔ̃me ʋĩ.

Kaka manyɔ la, ŋu ke eye megblɔ be: “Oo, Mawu, akpe na wò! Mele agbe!” Tukpewo ŋɔ gliawo keŋ elabena woda tu zã bliboa katã. Esi woɖo kɔƒe evelia me eye Danye kpɔ be nyemenɔ yewo dome o la, edɔ ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye George Romocean ɖa wòva kplɔm. Eteƒe medidi o míegbɔ va mía de le kɔƒea me gava nɔ afima.

Didi si Nɔ Menye Ðe Biblia me Nyateƒea Ŋu

Danye di be made tsi ta azu Baptistɔ, gake nyemelɔ̃ o elabena nyemexɔe se be Mawu lɔlɔ̃tɔ awɔ fu amewo le hell tegbee o. Danye dze agbagba be yeaɖe eme nam be: “Ne wonye ame vɔ̃ɖiwo ko hafi.” Gake meɖo eŋu be: “Ne ame vɔ̃ɖiwo wonye la, ke ele be woawu woe, menye fue woawɔ wo o ɖe. Nyemawɔ fu avu alo dadi gɔ̃ hã o.”

Meɖo ŋku edzi be le adameŋkeke nyui aɖe dzi esime mexɔ ƒe 14 la, Danye na mekplɔ nyiwo yi gbeɖuƒee. Esi mebɔbɔ nɔ gbe dzi le tɔsisi aɖe si to avewo le xa la, mewu mo dzi gblɔ be: “Mawu, menya be èli; gake subɔsubɔha siawo dometɔ aɖeke ƒe nu medze ŋunye o. Nyui aɖe kokoko anɔ asiwò.”

Mexɔe se kokoko be Mawu se nye gbedodoɖa ma elabena le ƒe 1917 ƒe dzomeŋɔli ma tututu la, Biblia Nusrɔ̃vi (si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi) eve va míaƒe kɔƒea me. Wonye mɔɖelawo alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo, eye wova Baptist gbedoxɔ me esime wonɔ sɔleme wɔm.

Biblia me Nyateƒea Kaka ɖe Romania

Ƒe ʋee aɖewo do ŋgɔ le ƒe 1911 me la, Carol Szabo kple Josif Kiss siwo zu Biblia Nusrɔ̃viwo le United States la gbɔ va Romania be yewoagblɔ Biblia me nyateƒea le afima. Wonɔ Tîrgu-Mureş le míaƒe kɔƒea ƒe anyieheɣedzeƒe si susɔ vie wòade kilometa 160 tso afima. Le ƒe ʋee aɖewo ko me la, ame alafa geɖe se Fiaɖuƒe gbedasia eye wodze Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa gɔme.—Mateo 24:14.

Edzɔ be togbɔ be ƒe 18 ko George Romocean xɔ ɣemaɣi hã la, eyae nɔ sɔlemea wɔm henɔ agbagba dzem be yeaɖe Romatɔwo 12:1 me hafi ɖekakpui Biblia Nusrɔ̃vi eveawo va Baptist-gbedoxɔa me le míaƒe kɔƒea me le Ortelec. Mlɔeba la, ɖekakpui mɔɖelawo dometɔ ɖeka tso hegblɔ be: “Nɔviwo, xɔlɔ̃wo, nya ka gblɔm apostolo Paulo le le afisia?”

Nya ma sese na dzi dzɔm ale gbegbe! Megblɔ le susu me be, ‘Meka ɖe edzi be ŋutsu siawo nya Biblia.’ Gake ame akpa gãtɔ do ɣli be: “Aʋatsonyagblɔɖilawo! Míenya mi!” Emegbe zi tɔ. Gake George fofo tsi tre gblɔ be: “Mi katã mizi ɖoɖoe! Agbe ka tɔgbe enye sia—ahamumu yea? Ne ŋutsu siawo di be yewoagblɔ nya aɖe na mí evɔ miedi be yewoasee o la, nye ya medi be woava aƒenyeme. Ne ame aɖe lɔ̃ la, ate ŋu ava faa.”

Metsɔ dzidzɔ ƒu du yi aƒeme va gblɔ nusi dzɔ na Danye. Nye hã menɔ amesiwo lɔ̃ be yewoayi Romocean ƒeme la dome. Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ fiẽ ma esi mekpɔe le Biblia me be hell ƒe dzobibi aɖeke meli o eye mekpɔ Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa le nye Romaniagbe me Biblia me! Mɔɖelawo wɔ ɖoɖo be Biblia Nusrɔ̃vi aɖe nava Romocean ƒeme Kwasiɖagbe ɖesiaɖe ava fia nu mí. Esime dzomeŋɔli gaɖo le nye ƒe 15 xɔxɔ me la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzii.

Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Prodan ƒomea katã kloe kple Romocean ƒomea woxɔ Biblia me nyateƒea eye wotsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Ame bubu geɖewo hã tso míaƒe kɔƒea me xɔe, kpakple ɖekakpui aɖe kple srɔ̃a siwo ƒeme Baptist gbedoxɔa nɔ tsã hã. Emegbe wotsɔe wɔ afisi Biblia Nusrɔ̃viawo kpea ta srɔ̃a nu le. Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea kaka kabakaba de kɔƒe siwo te ɖe mía ŋu me, eye kaka ƒe 1920 naɖo la, Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ade 1,800 le Romania!

Medzo Yi United States

Míedi vevie be míagblɔ nusi míesrɔ̃ na fofonye Peter Prodan. Gake nukutɔe la, kaka míaŋlɔ agbalẽ nɛ la, míexɔ lɛta tso egbɔ be yezu Yehowa subɔla xɔnyɔnyrɔ. Biblia Nusrɔ̃viawo srɔ̃ nu kplii le Akron, Ohio, eye edi be mí katã míaʋu va ye gbɔ le United States. Gake Danye gbe be yemadzo le Romania o. Eyata le ƒe 1921 me la, mezã ga si Papa ɖo ɖem la dzo yi egbɔ le Akron. George Romocean kple foa woʋu yi United States xoxo le ƒe si do ŋgɔ me.

Esi meɖo meli va ɖo Ellis Island, New York la, ʋuʋulawo ƒe nyagbɔkpɔla menya alesi wòayɔ nye ŋkɔ Aurelia ɖe Eŋlisigbe me o, eyata ebe: “Wòe nye Goldie.” Ŋkɔ mae tsi ŋunye vaseɖe fifia. Emegbe kpuie le May 1, 1921 dzi la, mía kple George Romocean míeɖe mía nɔewo. Anye ƒe ɖeka megbe la, Papa trɔ yi Romania eye wòkplɔ tsɛnye Mary va Akron le ƒe 1925 me. Ke Papa gatrɔ yi Romania be yeanɔ Danye kple ƒomea me tɔ susɔeawo gbɔ.

Míaƒe Subɔsubɔdɔa Gɔmedzedze le United States

George nye Yehowa subɔla nuteƒewɔla veviedonula aɖe. Míedzi nyɔnuvi dzetugbe ene—Esther, Anne, Goldie Elizabeth, kple Irene le ƒe 1922 kple 1932 domee. Woɖo Romaniagbe me hame aɖe ɖe Akron eye gbã la, mía ƒemee wowɔa kpekpewo le. Mlɔeba la, amedɔdɔ aɖe tsoa Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York, ɣleti ade ɖesiaɖe va srãa míaƒe hamea kpɔ eye mía gbɔe wòdzena.

Míewɔ gbeƒãɖeɖedɔa Kwasiɖagbe bliboa katã zi geɖe. Míetsɔa míaƒe agbalẽkplowo kple ŋdɔnuɖuɖu, kɔa nyɔnuviawo dea míaƒe ʋu si woyɔna be Model T Ford me eye míeyina ɖaɖea gbeƒã le kɔƒewo me ŋkeke bliboa katã. Ke míeyia Gbetakpɔxɔ Nusrɔ̃ƒe le fiẽ me. Mía vinyɔnuviawo va lɔ̃ gbeƒãɖeɖedɔa ale gbegbe. Menɔ Columbus, Ohio, le ƒe 1931 me esime Biblia Nusrɔ̃viawo tsɔ ŋkɔ tɔxɛ si nye Yehowa Ðasefowo.

Ðɔɖɔɖo si Mehiã

Ƒe ʋee aɖewo megbe la, meva do dziku ɖe Joseph F. Rutherford si nye Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi la ŋu vevie. Ðasefo yeye aɖe kpɔe be Nɔviŋutsu Rutherford mewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o elabena megbɔ dzi ɖi se yeƒe nyawo o. Nye hã mesusui be Nɔviŋutsu Rutherford mewɔe nyuie o. Ke Kwasiɖagbe aɖe la, nɔvinyenyɔnu Mary kple srɔ̃a Dan Pestrui wova mía srã ge kpɔ. Esi míeɖu fiẽnu vɔ la, Dan gblɔ be: “Midzra ɖo ne míayi nusrɔ̃ƒe.”

Mexɔ edzi be: “Míegadea nusrɔ̃ƒe o. Míedo dziku ɖe Nɔviŋutsu Rutherford ŋu.”

Dan de asi megbe hezɔ yi ŋgɔ gava megbe, azɔ egblɔ be: “Ènya Nɔviŋutsu Rutherford hafi xɔ nyɔnyrɔa?”

Meɖo eŋu be: “Nyemenyae o. Ènya be Romania ye mexɔ nyɔnyrɔ le ɖe.”

Ebia be: “Nukatae nèxɔ nyɔnyrɔ?”

Meɖo eŋu be: “Elabena mesrɔ̃e be Yehowae nye Mawu vavã la, eye medi be matsɔ nye agbe aɖe adzɔgbe asubɔe.”

Egblɔ be: “Mègaŋlɔ akpa ma be gbeɖe o! Ne Nɔviŋutsu Rutherford do le nyateƒea me ɖe, wò hã ado le emea?”

Megblɔ be: “Gbeɖegbeɖe!” Mese egɔme azɔ, eye megblɔ be: “Amesiame nedzra ɖo ne míayi nusrɔ̃ƒe.” Eye míedzudzɔ kpɔ o tso ɣemaɣi. Ðɔɖɔɖo si nɔvinyenyɔnu srɔ̃ nam lɔlɔ̃tɔe na medaa akpe na Yehowa ale gbegbe!

Asitɔtrɔ le Nuwo ŋu le Ganyawo ƒe Sesẽɣi

Nɔnɔmea sesẽ ŋutɔ le Ganyawo ƒe Sesẽɣi le ƒe 1930-awo me. Gbeɖeka George lé blanui vevie hafi tso dɔ me gbɔ va aƒeme eye wògblɔ nam be woɖe asi le ye ŋu le aŋewɔƒea. Megblɔ be: “Mègatsi dzi o, Fofo kesinɔtɔ aɖe le mía si le dziƒo, eye magblẽ mí ɖi o.”

Gbemagbe ke George do go exɔlɔ̃ aɖe si wu hlo kusi banaa. Esi George se afisi wòwu hloa le la, eyi ɖawu hlo gbogbo aɖe va aƒemee. Ke etsɔ dɔlar etɔ̃ si susɔ ɖe mía si ƒle kusi viwoe. Mebia be: “Nukae nye sia nèwɔ, mía vinyɔnuviawo li siwo hiã nyinotsi?”

Eɖo eŋu be: “Mègatsi dzi o, wò ya wɔ nusi mebe nàwɔ ko.” Míeɖo dɔwɔƒe sue aɖe ɖe mía ƒeme le kwasiɖa ʋee siwo kplɔe ɖo me, míeklɔa hlo dea kusi. Míedzranɛ na nuɖuɖudzraƒe nyuitɔwo eye míekpɔa dɔlar 30 vaseɖe 40 gbesiagbe, si nye ga gbogbo aɖe ŋutɔ na mí ɣemaɣi. Agbledela si ɖe mɔ be míava wu hloa le yeƒe lãnyiƒea la gblɔ be yele afima ƒe 25 enye ma, gake hlo memie nenema gbegbe yekpɔ kpɔ o. Medidi kura o wogayɔ George ɖe aŋewɔƒea.

Míaƒe Xɔse me Léle Ðe Asi

Míeʋu yi Los Angeles, California, le ƒe 1943 me eye ƒe ene megbe míeva nɔ Elsinore. Míeɖo nuɖanuwo dzraƒe ɖe afima, eye mí ƒomea me tɔwo katã míeɖɔa li mía nɔewo dzraa nu le fiasea me. Elsinore nye du vi aɖe ko ɣemaɣi si me nɔlawo ade 2,000, eye ele be míazɔ mɔ kilometa 30 ayi du bubu me hafi ade Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be wova ɖo hame sue aɖe ɖe Elsinore le ƒe 1950 me! Fifia hame 13 ye le nuto ma ke me.

Mía vinyɔnu Goldie Elizabeth (si ame geɖe yɔna fifia be Beth) wu Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku nu le South Lansing, New York, le ƒe 1950 me eye wòzu dutanyanyuigblɔla woɖo ɖe Venezuela. Dzi dzɔ mía vinyɔnu dɔmlɔe Irene ŋutɔ le ƒe 1955 me be woyɔ ye srɔ̃ be wòazu subɔla mɔzɔla le nutome sue dɔa me. Ke le ƒe 1961 me esi wode Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku le South Lansing, New York, megbe la, woɖo wo ɖe Thailand. Ɣeaɖewoɣi mesusua vinyenyɔnuawo ale gbegbe be mefaa avi, ke mebua eŋu be, ‘Dɔ mae medi be woawɔ.’ Eyata metsɔa nye agbalẽkplo dzea mɔ yia gbeadzi. Metsɔa dzidzɔ gbɔna va aƒe ɣesiaɣi.

Tutudɔ va dze srɔ̃nye lɔlɔ̃a George dzi le ƒe 1966 me. Beth si gbɔ tso Venezuela le lãmegbegblẽ ta la kpe ɖe ŋunye míekpɔ edzi. George ku le ƒe si kplɔe ɖo me, eye nyanya be ewɔ nuteƒe na Yehowa hexɔ eƒe teƒeɖoɖo le dziƒo la faa akɔ nam. Emegbe Beth yi Spain be yeasubɔ le afisi Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo hiã le geɖe wu. Dɔdzẽ lé vinyenyɔnu tsitsitɔ Esther eye wòku le ƒe 1977 me, eye ʋumenugbagbeviɣidɔ wu Anne hã le ƒe 1984 me. Ðesiaɖe subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe le woƒe agbe me katã.

Le Anne ƒe kuɣi la, Beth kple Irene wotso woƒe dutagbeƒãɖeɖedɔa gbe gbɔ. Wokpe ɖe ŋunye míekpɔ wo nɔvinyɔnuwo dzi, eye mí katã míexa nu vevie. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, megblɔ na vinyenyɔnuawo be: “Enyo, esɔ gbɔ! Míetsɔ Biblia me ŋugbedodowo fa akɔ na ame bubuwoe. Fifia ele be míawo hã míaɖe mɔ woafa akɔ na mí. Satana di be yeaxɔ dzidzɔ si míekpɔna le Yehowa subɔsubɔ me le mía si, gake míaɖe mɔ nɛ gbeɖe o.”

Míaƒe Ƒome Wɔnuteƒea le Romania

Mía kple tsɛnye Mary ye zɔ mɔ ma si míaŋlɔ be akpɔ o la yi ɖasrã míaƒe ƒomea kpɔ le Romania le ƒe 1970 me. Mía nɔvinyɔnu ɖeka ku, gake míede mía nɔviŋutsu John kple mía nɔvinyɔnu Lodovica si kpɔtɔ nɔ Ortelec-kɔƒea me gbɔ. Papa kple Dada woku hafi míede, wolé nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi. Ame geɖe gblɔ na mí be Papa nye sɔti nɔ hamea me. Eƒe viviɖe aɖewo siwo le Romania gɔ̃ hã zu Ðasefowo fifia. Míesrã srɔ̃nyeŋutsu ƒometɔ geɖewo hã kpɔ, amesiwo lé Biblia me nyateƒea ɖe asi sesĩe.

Romania nɔ Nicolae Ceauşescu ƒe Kɔmiunist-dziɖuɖu sẽŋuta la te le ƒe 1970 me, eye wonɔ Yehowa Ðasefowo yome tim vevie. Nɔvinyeŋutsu John viŋutsu Flore kple ƒometɔ bubuwo nɔ fuwɔamegaxɔ me ƒe geɖe le woƒe Kristotɔ ƒe xɔse ta, nenema ke enye srɔ̃nye nyruiyɔvi Gábor Romocean hã. Eyata mewɔ nuku o be esi wotsɔ lɛtawo na mí be míatsɔ ayi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã le New York la, mía nɔvi Romaniatɔwo gblɔ be yewomaɖe dzi ɖi o vaseɖe esime yewose be míedo le dukɔa me dedie!

Esi míekpɔ be míaƒe mɔzɔgbalẽwo ku la, míeyi dziɖuɖudɔwɔƒe le Ortelec. Fiɖa aɖe ƒe ŋdɔ mee, eye amegã ɖeka koe nɔ dɔ wɔm. Esi wòse amesiwo gbɔ míeva eye be míaƒe tasiyɔvi nɔ fuwɔamegaxɔ me kpɔ la, egblɔ be: “Aƒenɔviwo, midzo fifi laa!”

Nɔvinyenyɔnua ɖo eŋu be: “Gake keteke aɖeke madzo egbea o ɖe.”

Egblɔ enumake be: “Ema mehiã o. Miɖo bɔs. Miɖo keteke. Miɖo taksi. Mizɔ. Alesi miawɔ adzo le afisia ko la, miwɔe miadzo kaba!”

Esi míetrɔ be míadzo la, egayɔ mí hena míenya be asrafowo ƒe keteke si ŋu womewɔ ɖoɖo ɖo hafi o la ava yi le fiẽ ga 6:00 me. Nya nyui ka gbegbe enye si! Ne hahoo ketekee la, anye ne woakpɔ míaƒe mɔzɔgbalẽwo zi geɖe, gake esi wònye asrafowoe ɖo ketekea eye mí ame evea koe menye asrafowo le wo dome o ta la, ame aɖeke mebia be yeakpɔ míaƒe mɔzɔgbalẽwo ɖa o. Ðewohĩ wosusu be asrafoawo dometɔ aɖewo mamawoe míenye.

Míeva ɖo Timisoara le ŋufɔke eye ƒometɔ aɖe xɔlɔ̃ kpe ɖe mía ŋu míewɔ míaƒe mɔzɔgbalẽwo. Esi ŋu ke la, míedo le dukɔa me. Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ nuteƒewɔla siwo le Romania ƒe nuwɔna dodzidzɔname gbogbo aɖewo tsi susu me na mí míetsɔ gbɔ va aƒee.

Esi míede Romania gbɔ ƒe aɖewo megbe la, míegase nya boo aɖeke tso gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le Dea Godo o. Gake míeka ɖe edzi be mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo awɔ nuteƒe na mía Mawu—eɖanye nukae ɖadzɔ o. Wowɔe hã nyateƒe! Dzidzɔ kae nye si wònye esi míese be woɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo le se nu le Romania le April 1990 me be wonye subɔsubɔha! Takpekpe siwo wowɔ le Romania ŋuti nyatakaka siwo míexɔ le dzomeŋɔli si kplɔe ɖo la na dzi dzɔ mí ale gbegbe. Kpɔe ɖa ko, ame 34,000 kple edzivɔe de le dugã enyi me, eye ame 2,260 xɔ nyɔnyrɔ. Fifia amesiwo wu 35,000 ye le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm le Romania eye le ƒe si va yi me la, ame 86,034 ye de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia.

Nyateƒea Gale Vevie Nam Kokoko

Medzudzɔ kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu le Ŋkuɖodzia ƒe ʋee aɖewo. Mekpɔ nɔviŋutsu bibi aɖewo be womeɖunɛ o, eye mebia ɖokuinye be: ‘Aleke Yehowa ana mɔnukpɔkpɔm be manye ye Vi ƒe hatidziɖula le dziƒo le esi nuƒola bibi mawo gbegbe li?’ Gake esi nyemeɖui o la, eɖe fu nam ŋutɔ. Ðeko wòwɔ abe nane gbem mele ene. Le nusɔsrɔ̃ geɖe kple kokoƒoƒo gbedodoɖatɔe megbe la, megadze eɖuɖu egɔme. Ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ gaɖo menye eye wòli va ɖo fifia.

Togbɔ be nyemagate ŋu kpɔa nu xlẽna o hã la, meƒoa Biblia kple Gbetakpɔxɔ kpakple Nyɔ! magazinewo ƒe kasɛt sena gbesiagbe. Megale gbeƒãɖeɖedɔa wɔm kokoko. Zi geɖe la, menaa magazine 60 vaseɖe 100 ɣleti ɖesiaɖe, gake esi míewɔ Nyɔ! magazine nana dɔ tɔxɛ le April si va yi me la, mena 323. Vinyenyɔnuawo ƒe kpekpeɖeŋu ta, mete ŋu wɔa dɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Edzɔa dzi nam be mate ŋu ayi edzi ade dzi ƒo na ame bubuwo. Amesiame kloe le Fiaɖuƒe Akpata me yɔam be Mama.

Ne meɖo ŋku ƒe 79 kloe si meɖe adzɔgbe na Yehowa hesubɔe dzi la, medaa akpe nɛ gbesiagbe be eɖe mɔ nam menya eƒe nyateƒe xɔasi la eye mezã nye agbe le esubɔsubɔ me. Edzɔa dzi nam ŋutɔŋutɔ be mele agbe kpɔ Biblia me nyagblɔɖi wɔnuku siwo gblɔe ɖi be woaƒo Mawu ƒe amesiwo le abe alẽwo ene nu ƒu le ŋkeke mamlɛ siawo me la me vava.—Yesaya 60:22; Zaxarya 8:23.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nɔvinyenyɔnu Mary kple Papa wole tsitre, eye mía kple George, kpakple mía vinyɔnu Esther kple Anne hãe nye ema

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Mía kple vinyenyɔnu Beth kple Irene kpakple Irene srɔ̃ kple wo viŋutsu eve siwo katã le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe