INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 5/8 axa 29
  • Bu Nusi Ʋuʋu Abia La Ŋu!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Bu Nusi Ʋuʋu Abia La Ŋu!
  • Nyɔ!—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dukɔ Bubu me Tɔwo Nukatae Woʋuna Ðo?
    Nyɔ!—1992
  • Àte Ŋu ‘Atso Ƒu Ayi Makedonia’?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Ðe Wòle Be Mava Nɔ Dukɔ Bubu Mea?
    Nyɔ!—2000
  • Subɔsubɔ le Dutagbe Hame Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 5/8 axa 29

Bu Nusi Ʋuʋu Abia La Ŋu!

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE SOUTH AFRICA GBƆ

ÐE NÈDI be yeaʋu ayi dukɔ bubu mea? Èbu nusi wòabia ŋu xoxoa? Menye ga si nàzã ɖeɖekoe míewɔnɛ o. Ganyawo ƒe nyonyo tae ame akpa gãtɔ dina be yewoaʋu ɖo. Nusiwo wòabia siwo medzena do ŋgɔ o vaseɖe esime nàʋu ayi teƒea hafi lae míewɔnɛ. Ɣemaɣi la, tɔtrɔ ayi aƒe tsia megbe akpa zi geɖe. Menye ɖe míele nya vevi siwo gbɔna gblɔm be woatso dzika ƒo na wò o, gake anyo be nàbu wo ŋu:

“Gbe yeye sɔsrɔ̃ biaa ɖokuibɔbɔ kple agbagbadzedze. Evena ŋutɔ be ame tsitsi nakpɔe be ɖevi suewo gɔ̃ hã bua ye amedzroe le esi womesea yeƒe nyawo gɔme o ta. Gbea madomado nyuie evɔ woaganɔ ame kom kpee ɣesiaɣi le vodadawo ta doa ame ƒe ɖokuibɔbɔ kpɔ le mɔ gã aɖe nu le ame geɖe gome. Amedzro si mete ŋu doa ameawo degbe o la tsia akogo vevie.”—Rosemary si nye dutanyanyuigblɔla le Japan.

Ðewohĩ ètsɔe be yese gbea alesi dze yeatsɔ awɔ dɔe. Gake èka ɖe edzi be wò ƒomea katã se gbea alesi dze ale be wòadzɔ dzi na wo be yewoaʋua?

Ne ʋuʋu medzro ƒomea me tɔ aɖewo o gake woƒoe ɖe wo nu ɖe, aleke wòawɔ dɔ ɖe ƒomea dzii? Agbalẽ si nye Psychology of Women Quarterly gblɔ be: “Nyɔnu aɖewo [siwo tso Mexico] mede nu nyametsotso be yewoaʋu me o, eye womedi kura be yewoaʋu kaka wòava nye be woatsi United States le vava vɔ megbe o.” Ne edzɔ alea la, amedzizizi be wòaʋu ate ŋu agblẽ ƒomea ƒe ɖekawɔwɔ me. Ke ne ŋutsua ɖekae ʋu ɖe?

Wobu akɔnta ɖe agbalẽ si nye Population, Migration, and Urbanization in Africa me be le anyiehe Afrika ƒe dukɔ sue aɖe me la, “ɣesiaɣi ko la, ŋutsu tsitsiawo” dometɔ 50 kple edzivɔ le alafa me “menɔa anyi o.” Ŋutsuawo ƒe anyimanɔmanɔ sia ate ŋu ana dzidzeme manɔ ƒomea me o eye nuwo hã matsɔ afɔ nyuie o. Ate ŋu awɔe hã be srɔ̃tɔawo nanɔ agbe gbegblẽ bɔbɔe. Aleke gbegbe wòanyo wu enye si be, ƒomea ɖaɖoe be yewoaʋu alo yewomaʋu o, woanɔ teƒe ɖeka! Ga mate ŋu aƒle ƒome ƒe ɖekawɔwɔ o.

Azɔ nazãbubu ƒe agba gã hã li be woatsɔ. Indiatɔ aɖe si ʋu la gblɔ be: “Esi meʋu va England hafi mekpɔ alesi ‘wodea vovo ameƒomeviwo me.’ [Ekpɔkpɔ] nenema sesẽ ŋutɔ. Eka ɖem yaa ale gbegbe. Medi be matrɔ ayi aƒe ne mavo tso nusiawo katã me.”—The Un-melting Pot.

Eyata hafi nàʋu la, bia ɖokuiwò be: ‘Nu bubu kawoe li mawɔ ɖe ʋuʋu teƒe? Ðe míate ŋu awɔ asitɔtrɔ aɖewo le mía de oa? Ðe ʋuʋu yi dukɔ bubu me anyo wu nyateƒea?’ Ate ŋu anyo wu alo manyo wu o, gake hafi nàtso nya me la, de ŋugble le aɖaŋu nyui sia si Yesu ɖo ŋu: “Ameka le mia dome, ne ele didim be, yeatu mɔ̃ la, mabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta, ne nu le esi, be wòawu enu la o mahã?”—Luka 14:28.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe