INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 6/8 axa 25-27
  • ‘Nusi Koklo Nyãna Ðe Nu le Tsigbe...’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Nusi Koklo Nyãna Ðe Nu le Tsigbe...’
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kuxi Sesẽ Aɖe
  • Toɖola Siwo Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia
  • Traktwo Zazã be Viɖe Nado tso Wo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Zã Traktwo Nàtsɔ Akaka Nya Nyuia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Mawu Ƒe Nunanawo Ŋu Lém Ðe Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nusita Traktwo Hiã Vevie le Míaƒe Subɔsubɔdɔa me Egbea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Nyɔ!—1997
g97 6/8 axa 25-27

‘Nusi Koklo Nyãna Ðe Nu le Tsigbe...’

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Nigeria gbɔ

ESI míaƒe hame sue si le Nigeria ƒe anyigbe xɔ eƒe Fiaɖuƒe Ŋutinya 34 lia si womã le xexeame godoo la, míedi vevie be míatsɔe aɖo míaƒe anyigbamamã ƒe akpa sia akpa. Menye dɔ feŋui esia wɔwɔ nye o. Agblekɔƒe siwo me nɔlawo dea agbeli, te, kple nuɖuɖu bubuwo ƒe agble la le míaƒe anyigbamamãa me. Anyigba xɔdzo dzi ve siwo me tsi dzana le fũ mee wotso agblekɔƒe siawo ɖo. Kɔƒe siawo gbɔ ɖoɖo anye nu sesẽ gake menye nusi manya wɔ kurae wònye o. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be nyanyuia naɖo ame ƒomevi ɖesiaɖe, kple agbledela siwo le avetsuwo me gɔ̃ hã gbɔ.—Timoteo I, 2:3, 4.

Eyata le October 16, 1995 dzi la, mí ame 18 míedze mɔ le ŋdi ga 7:30 me ɖo ta agblekɔƒe aɖe si ŋkɔe nye Abomgbada, si gbɔ didi anɔ kilometa 3.5 la gbɔ. Esi míezɔ va ɖo afi aɖe la, eva hiã be míatso tɔ aɖe. Tɔa se míaƒe ali.

Eva hiã be míagatso tɔ aɖe si lolo wu hafi aɖo agblekɔƒe bubu me gbemagbe ke. Fifia ya la, nɔviŋutsu ene kple nɔvinyɔnu ɖeka koe te ŋu tsoe. Ame mamlɛawo tsi megbea.

Míeke ɖe toɖola geɖe ŋu gbemagbe. Nusi gana míekpɔ dzidzɔ wu enye nusi míeyɔ be avemenunana. Esi míenɔ yiyim la, míegbe atikutsetse aɖewo siwo le avea me ɖu. Míedo go agbledela amedzrowɔla siwo kpɔ dzidzɔ ɖe agbagba siwo míedze va wo gbɔ ŋu; wona aŋuti mí be míatsɔ atsi míaƒe tsikɔwuame nui. Míede ame abe 250 ene gbɔ mã trakt siwo katã le mía si la na wo.

Kuxi Sesẽ Aɖe

Kuxi sesẽtɔ va ŋkeke eve megbe. Ose Anasi si nye agblekɔƒe si ɖewohĩ womeɖe gbeƒã de kpɔ o la gbɔ didi kilometa 12. Afimayiyi kpe lãme na ame aɖewo. Urasi-tɔsisia tsotso nye afɔku, eye mía dometɔ geɖe menya tsiƒuƒu o. Afɔku anɔ tsia tsotso me elabena ati takpoe siwo nu le tsyuẽ le tɔa me. Afisiwo wɔ ba aɖiɖi ame, eye nuvevi awɔ ame ne edze anyi. Agba siwo wowɔ ɖe tsia dzi dometɔ aɖewo hã mesesẽ o. Da, lo kpakple agu bɔ ɖe tɔa me.

Ke hã la, mí ame 16 míeɖoe be míayi. Míezɔ abe kilometa 1.5 ene hafi ɖo tɔdziʋu tso Urasi-tɔsisi si nu sẽ eye wògblẽa nu la. Eva hiã be míaɖi abu dzɔdzɔe aɖe hafi aɖo tɔdziʋua. Tsidzaɣie, eye tɔa ɖɔ. Adenyie le teƒea katã; eye eɖiɖina ŋutɔ le tsidzaɣi. Esi míeɖi le ʋua me la, míekpɔe be tsi xɔ afɔmɔa dzi eye wògoglo meta ɖeka le teƒe aɖewo. Ɣemaɣie míaƒe fukpekpewo dze egɔme ŋutɔŋutɔ.

Míezɔ afɔmɔ sia si dzi ɖɔ la to anɔ aɖabaƒoƒo 30. Anyigba nɔ ɖiɖim ale gbegbe be mía dometɔ geɖe dze anyi ɖe batsia me, si na míaƒe Bibliawo, magazinewo, kple traktwo ƒo tsi bekee. Dzidzɔ ko kpɔm míenɔ, ale be ne mía dometɔ aɖe dze anyi la, mí katã míekoa nu, eye amesi dze anyia ŋutɔ hã konɛ.

Esi míenɔ tɔsisi sue aɖe tsom la, aguwo ɖo ata na mí. Nɔvinyɔnu ɖetugbivi aɖe si agu ɖo ata na la do aƒã sesiẽ ŋutɔ. Esi woɖe agua nɛ vɔ hã ɣlidodo dzi ko wòganɔ. Esia hã ɖi kokoe na mí míeko abe míaƒe mɔzɔzɔ sesẽ la ƒe akpa aɖe ene, eye míeyi mɔzɔzɔa dzi.

Esi míeɖo tɔ bubu nu la, nɔviŋutsu aɖe ya ɖoe be yematsoe abe alesi ame bubuwo tsoe ene o gake yeadzo aflɔ eta. Enya dzo flɔ tɔa baa gake edze ba me. Eɖiɖi dze anyi ɖe baa me gbadzɛ. Efɔ lé ŋku ɖe eɖokui ŋu kpɔ be nuvevi mewɔ ye o, eye wògblɔ be: “Mewɔ naneke o; edzɔna ɖaa.” Míeɖo ŋku edzi be apostolo Paulo hã to “ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi,” ɖewohĩ wosesẽ wu esiwo me míeto.—Korintotɔwo II, 11:26.

Míeto agba aɖe si dzi toto ɖi vɔvɔ̃ la dzi, gake mí katã míete ŋu toe. Le ema megbe la, teƒea gava nɔ ɖiɖim awu, ale be míeva nɔ anyi dzem kabakaba.

Nɔviŋutsu aɖe si nye gbesiagbe mɔɖela si ekpɔtɔ vie wòaxɔ ƒe 70 la nɔ mía ŋu. Eva mía gbɔ ŋdi ma va gblɔ na mí be míagbɔ kaba. Gake esi míedo gbe ɖa bia Yehowa ƒe yayra vɔ megbe la, ebia be: “Aleke nye ya matsi megbea miawo miayi gbeƒãɖeƒe?” Ebe yeayi kpli mí kokoko, eye nya aɖeke meli woagblɔ nɛ wòatrɔ susu o. Ebe Yehowa anɔ kpli ye. Eyata eyi kpli mí.

Esi wòɖiɖi dze anyi ɖe megbe la, ame aɖeke mekoe o. Míebiae kple dzitsitsi be ɖe nuvevi wɔe hã. Eɖo eŋu be: “Ao. Nyemedze anyi gbla zi ɖeka ne nuvevi nawɔ anyigba la o.” Míeko nu kple dzidzɔ heɖo ŋku Yesaya 40:31, si gblɔ be “ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu” la dzi.

Toɖola Siwo Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia

Míeɖo afisi yim míenɔ mlɔeba. Alesi amewo xɔ míi la de dzi ƒo na mí ŋutɔ. Esi ŋutsu aɖe kpɔ mí míegbɔna ɖe eƒe xɔ gbɔ la, evɔ̃, gake esi wòva nya amesiwo míenye la, egblɔ be: “Esesẽ nam be maxɔe ase be gbeƒãɖeɖe na mí ta koe miezɔ mɔ sesẽ sia ɖo. Edzɔ dzi na mí.” Míeɖo eŋu kple mía degbe me lododo aɖe be: “Nusi le vevie na kokloa, eyae wònyãna ɖe nu le tsigbe.” Ŋutsua ŋɔ ɖe nyaa me.

Agbledela bubu gblɔ be: “Ne gbeƒãɖeɖe na amewo ɖo afisia la, ke xɔxɔ tu mí vɔ.” Ame geɖe bia nyawo mí eye míeɖo wo ŋu na wo. Wobia tso mía si be míagava, eye míedo ŋugbe be míava.

Le Ose Anasi la, míena trakt siwo ade 112—esiwo katã nɔ mía si. Ne míeƒo wo katã nu ƒu la, míeɖi ɖase na ame abe 220 ene.

Esi míetrɔ gbɔna aƒe la, míebu. Ne míado afɔ na míaƒe afɔtoƒewo aɖo agblekɔƒea me la, axɔ gaƒoƒo ɖeka kple afã, eye zã hã nɔ dodom. Míedo gbe ɖa na Yehowa le tame eye míeɖoe be míaɖo ta ŋgɔgbea, togbɔ be efia be míatso tɔsisi aɖe si tsotso nye afɔku si se ali na mí gake.

Esi míetso tɔa vɔ la, míeke ɖe míaƒe mɔa ŋu eye ewɔ nuku na mí ŋutɔ esi míekpɔe be míeɖo aƒe gbɔ vɔ. Míaƒe bubu va nye mɔ kpui boŋ si ɖe míaƒe mɔzɔzɔ dzi kpɔtɔ gaƒoƒo ɖeka ya teti! Mí katã míekpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ heda akpe na Yehowa. Ɣea nɔ to ɖom esi míeɖo aƒe—kple ɖeɖiteameŋu kpakple dɔwuame gake dzi dzɔ mí ŋutɔ.

Emegbe esi míenɔ ŋkekea me nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm la, nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Mese teƒea ŋkɔ eye menya be anyi koe manɔ dzedzem. Ne ɖe menye nyanyuia tae o la, nyemayi teƒe ma akpɔ o, ne wolɔ xexeame gawo katã nam hã nyemayi gbeɖegbeɖe o!” Nɔviŋutsu bubu gblɔ kple ɣli be: “Gake ena nyanyuia ɖo Ose Anasi mlɔeba ya!”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Míele zɔzɔm to afima gba aɖe dzi

Míetso tɔsisi geɖe siwo me agu bɔ ɖo la

Togbɛ sia si dzi afɔku le ƒe agamee míeɖo tɔdziʋu aɖe le tso Urasi-tɔsisia

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe