Ŋgɔdzedze Kuxia
TELEVISION, agbalẽ, magazine, sinima, kple hadzidzi siwo me gbɔdɔdɔnyawo le dzea amewo gbegblẽ gɔme tso woƒe ɖevime ke. Wotutua ɖeviwo dea ame tsitsiwo ƒe gbɔdɔdɔ nuwɔnawo me le ɣeyiɣi si me womate ŋu anɔ te ɖe enu o. Kura gɔ̃ hã dzila aɖewo tsɔa mɔɖeɖe ɖe wo viwo ƒe zɔzɔ kple ŋutsu alo nyɔnu ŋu na wo viwo dzia gbɔdɔdɔ me nyaƒoɖeamenua ɖe edzii. Zɔhɛwo ƒe nyaƒoɖeamenu dea zɔzɔ kple ŋutsu alo nyɔnu ƒe dzi ƒo, eye mexɔa ɣeyiɣi aɖeke hafi ŋutsuvi siwo zɔna kple nyɔnuviwo alo nyɔnuvi siwo zɔna kple ŋutsuviwo ɖaa la ŋlɔa wo ɖokui be hedzea wo nɔewo gbɔdɔdɔ gɔme o. Ƒome ŋuti nusɔsrɔ̃ fiala Luther Baker gblɔ be: “Ebɔ ŋutɔ be nyɔnuvi aɖe si ɖo eƒe ƒewuiwo me teti ko si wòwɔ na be ye dzilawo melɔ̃ ye o . . . nakpla asi kɔ na ŋutsuvi si wòzɔna kplii le mɔ si nyɔa gbɔdɔdɔ ɖe ame me nu ameɖokuifuflutɔe be ana lɔlɔ̃ kple ƒomedodo kplikplikpli naɖo yewo dome.”
Sɔhɛwo lɔ̃a nuwɔwɔ le woƒe ƒewuiwo me abe woƒe agbeɖuɣi mamlɛa le woƒe agbe mee nye ema ene le esi woatsɔe adzra ɖo ɖe agbe ŋu boŋ. Nufialagã Baker gblɔ be: “Ŋutete yeye si ho na wo ƒe wo nu vivi kple wo hatiwo ƒe kaka ɖe edzi na wo be gbɔdɔdɔ ŋutete ɖeɖefiae nye nusi fiana be ŋutsue wodzɔ la naa sɔhɛ geɖewo dzea ame dzi dɔna kplii” le woƒe ƒewuiwo me. Anye ƒe 30 ye nye esia la, ŋutinyaŋlɔla Arnold Toynbee xa nu le ameflunu sia si wowɔna ɖe míaƒe sɔhɛwo ŋu la ŋuti elabena exɔe se be ŋutinya fia be Ɣetoɖoƒenyigbadzitɔwo ƒe ŋgɔdede le nunya me tso alesi ƒewuiviwo te ŋu tutua ‘gbɔdɔdɔ ɖe ŋgɔgbe’ bene woƒe susu katã nanɔ sidzedze xɔxɔ dzi gbɔ.
Dzila Siwo Kpɔa Ŋusẽ Nyui Ðe Wo Viwo Dzi
Dzila siwo meɖea mɔ na wo vi ƒewuiviwo be woazɔ kple nyɔnu alo ŋutsu le dzidzɔdodo na wo ɖokui ta ko o la fia be yewotsɔ ɖe le yewo viwo ƒe lãmesẽ me nɔnɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ le etsɔme me. Ne wozɔna ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo nu eye dzeɖoɖo nyui le wo dome la, woate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo viwo ƒe agbe dzi. Journal of Marriage and the Family gblɔ be nusi me woku le sɔhɛwo ƒe gbɔdɔdɔnyawo ŋu fia be “ŋusẽkpɔɖeamedzi sia ate ŋu ahe ɖeviwo ƒe gbɔdɔdɔ nuwɔnawo ɖe megbe.”
Dzila siwo ƒãa ɖokuimamlã sesẽ kple agbanɔamedzi tsɔtsɔ ɖe wo viwo mee wòdzea edzi na wu. Numekuku aɖe gblɔ be: “Ne agbenɔnɔ dzidzenu siwo me wote gbe ɖe agbanɔamedzi tsɔtsɔ dzi le le ƒewuiviwo kple wo dzilawo si la, esesẽna hafi ƒewuiviawo dzia gbɔmeyavi.” Esia bia be dzilawo natsɔ ɖe le nusiwo wo viwo wɔna me nyuie—woalé ŋku ɖe sukudɔ siwo wode asi na wo be woawɔ le aƒeme ŋu; woanya afisi wole kple amesiwo nye woƒe zɔhɛwo; woaɖo sukudede ƒe taɖodzinu siwo sɔ, eye woakpɔ gome le gbɔgbɔmenuwo me kple wo. Ðevi siwo wo dzilawo wɔa nu kple kplikplikpli alea wotsɔ tsii la adze akɔ anyi wu eye wo ɖokui maƒomaƒo ɖe gbɔdɔdɔ me maɖe fu na wo o.
Nunya si le Biblia mee nye aɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake si sɔ na dzilawo kple wo viwo siaa. Wode se na dzilawo le Israel be woafia agbenɔnɔse nyuiwo wo viwo. Yehowa bia wo be: “Dukɔ gã kae li, si ƒe ɖoɖowo kple sewo to mɔ ɖeka abe se, siwo katã meɖo mia ŋkume egbea ene?” ‘Se dzɔdzɔe’ siawoe wòle be woafia wo viwo le vividodoɖeameŋu kple kadodo kplikplikpli si nɔa ƒome me la me. “Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” Woxlɔ̃ nu ɖeviwo be: “Dzra fofowò ƒe sedede ɖo, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.” Vifofo la kple vidadaa ƒe dzeɖoɖo vividodoɖeameŋutɔe kple wo viwo alea si me wogblɔa woƒe dzimenyawo le kple woƒe nufiame nye gɔmeɖokpe si dzi ɖeviawo atu nukpɔsusu si da sɔ le agbe kple gbɔdɔdɔnyawo ŋu ɖo, si ‘adzɔ’ sɔhɛ ‘ŋu’ le eƒe agbemeŋkekewo katã me.—Mose V, 4:8; 6:7; Lododowo 6:20, 22.
Sɔhɛwo, nukatae miatsɔ gbɔdɔdɔ ƒe nudzodzro agblẽ agbe dome na mia ɖokui? Miaƒe ƒewuiwo mede ewo hã o. Ele be miazã wo atsɔ asrɔ̃ alesi miatsi le susu, seselelãme, kple gbɔgbɔ mee eye misrɔ̃ alesi miawɔ nɔnɔme si da sɔ le gbɔdɔdɔ ŋu nanɔ mia sii, atsɔ anɔ dzadzram ɖo ɖe agbenɔƒe 50 alo 60 siwo gbɔna ŋu. Dzilawo, miwɔ dɔ si Mawu de mia si kple moveviɖoɖo, eye midzɔ mia viwo ŋu tso dzigbagbã si nulɔdɔwo kple gbɔmeyafufɔfɔ hena vɛ na ame la me. (Nyagblɔla 11:10) Mina mia viwo nakpɔ alesi lɔlɔ̃ kple ame nɔewo ŋu bubu naa srɔ̃ɖeɖe me nyonae na ame.
Dzidzedzekpɔkpɔ le Ŋgɔdzedze Kuxia Me
Mègaɖe mɔ alesi gbɔdɔdɔ xɔ susu me na amewo egbea natro wò susu le agbe ŋu ne wòava gblẽ mɔnukpɔkpɔ si le asiwò be nàva nɔ agbe si me dzidzeme kple dzidzɔ le le etsɔme la me o. Yi ŋugble me le amegbetɔwo dome ƒomedodo ƒe kpɔɖeŋu gbogbo siwo woyɔ le Biblia me la ŋu. Kakaɖedzi nenɔ mewò be ɣeyiɣi didi aɖe le ƒewuiwo megbe la, ŋusẽ kple vivisese ganɔa ame ƒe agbe kple lɔlɔ̃ ŋu. Ne èbu nyateƒenya sia ŋu nyuie wòwɔ ɖeka kple nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na Kristotɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo la, ekema efia be èɖo ame eve ƒe wo nɔewo ɖeɖe le lɔlɔ̃ me si me wo dome anɔ kplikplikpli le eye woanɔ wo nɔewo gbɔ ɖaa la ƒe gɔmeɖokpe anyi.
Ne èbu srɔ̃tɔ siwo woyɔ le Biblia me abe Yakob kple Raxel, Boaz kple Rut, kpakple alẽkplɔvi la kple Sulamit ɖetugbivi la ene ŋu la, àkpɔ be gbɔdɔdɔ ƒe nulédziname dze le wo dome. Gake ne ègbɔ dzi ɖi xlẽ Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 28 kple 29, Rut ƒe agbalẽ, kple Hawo ƒe Ha nyuie la, àde dzesii be nu vevi bubuwo gali si naa ƒomedodo mawo gavivina ɖe edzi nenema.a
Wɔ Ðe Ðoɖo Siwo Yehowa Wɔ ɖe Agbekpɔkpɔ Ŋu Dzi
Yehowa, amegbetɔƒomea Wɔla, se amegbetɔ ƒe gbɔdɔdɔ kple dzodzro siwo wòhena vɛ la gɔme. Le alesi wòlɔ̃ míi ta ewɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu, menye kple “dɔdɔ yakayaka ƒe ŋusẽ” o, ke boŋ kple ŋutete be míaɖu míaƒe seselelãmewo dzi ne woasɔ kple yeƒe lɔlɔ̃nu. “Esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, be . . . miaɖe mia ɖokui ɖa atso ahasiwɔwɔ me, eye mia dome amesiame nanya, alesi wòaɖe ye ŋutɔ srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me; menye le nudzodzro ƒe fiẽŋufiẽŋui vevie me, abe alesi trɔ̃subɔla, siwo menya Mawu o la wɔna la ene o; eye ame aɖeke nagaba nɔvia, eye wòatafae le dɔwɔwɔ me o.”—Tesalonikatɔwo I, 4:3-6.
Le xexeame katã la, Yehowa Ðasefowo ɖea nɔnɔme sia fiana. Wodea bubu Mawu ƒe dzidzenu kɔkɔ siwo wòɖo na Kristotɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo ŋu. Wobua ŋutsu tsitsiwo abe fofowo ene, “ɖekakpuiwo abe nɔviŋutsuwo ene, nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene, ɖetugbiwo abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye katã me.” (Timoteo I, 5:1, 2) Teƒe nyui kae nye si na ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo be woanɔ ase vivi, esime wole ʋiʋlim be yewoaɖo afisi yewoƒe ŋutete se ɖo, eye wometsɔ ahiãviɖoɖo kple srɔ̃ɖeɖe ƒe nyaƒoɖeamenuwo alo nulɔdɔwo do agba ɖe wo ɖokui dzi hafi ado le azitsro me o! Kristotɔwo ƒe ƒome si me agbe le si Kristo-hamea doa ŋusẽe nye sitsoƒe le xexe sia si le gbɔdɔdɔ ƒe tsu kum la me.
Esi Kristotɔ sɔhɛwo tsɔa Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔa dɔe le woƒe agbe me ta la, gbɔdɔdɔ mexɔa woƒe susu me o eye dzi dzɔa wo be yewoawɔ ɖe nuxlɔ̃ame si le Mawu ƒe Nya la me dzi, be: “Ðekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me, eye nazɔ ɖe wò dzi ƒe toƒewo kple nusi wò ŋku kpɔ la nu; ke nyae be, Mawu le kplɔwò ge ava ʋɔnui le nusiawo katã ta. Ðe dziku ɖa le wò dzi ŋu, eye vɔ̃ neƒo asa na wò ŋutilã; elabena ɖekakpui me nɔnɔ kple ŋutsu me nɔnɔ toflokowoe.”—Nyagblɔla 11:9, 10.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe axa 247.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]
Menɔa bɔbɔe na sɔhɛ siwo wɔa nu ɖekae kple wo dzilawo be gbɔdɔdɔ nadzro wo o
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Mègaɖe mɔ alesi gbɔdɔdɔ xɔ susu me na amewo egbea natro wò susu le agbe ŋu ne wòava gblẽ mɔnukpɔkpɔ si le asiwò be nàva nɔ agbe si me dzidzeme kple dzidzɔ le le etsɔme la me o