Amewo Ƒe Nɔnɔme Ƒe Tɔtrɔ Fɔ Biabia Yeyewo Ðe Te
“GBƆDƆDƆ ŊUTI NUKPƆSUSUWO ƑE TƆTRƆ,” “gbɔdɔdɔ ƒe susu me katã xɔxɔ na ame,” “agbenɔnɔ ƒe tɔtrɔ.” Esiawo nye nyagbe siwo gblɔ alesi amewo ƒe nɔnɔme trɔe le gbɔdɔdɔnyawo gome, vevietɔ le ƒe 1960 ƒeawo ƒe domedome kple le ƒe mawo megbe. “Amesiame ko gbɔdɔdɔ” va zu ha le ame geɖe siwo srɔ̃ɖeɖe kple ɖetugbileaƒenyenye megaɖi naneke na o la nu.
Nusi agbalẽŋlɔla Ernest Hemingway ŋlɔ si nye eƒe susu be: “Nusi nye nu nyui ye nye nusi nàse vivi na emegbe, eye nusi nye nu gbegblẽ ye nye nusi doa nuxaxa na wò emegbe,” la asɔ ɖe amesiwo gbɔdɔdɔ ƒe ablɔɖe kple eme vivisesewo ƒe ŋugbedodowo ƒe mɔ̃ ɖe la ƒe nɔnɔme nu. Nukpɔsusu sia xɔxɔ na wobui be naneke megblẽ le eŋu ne wowɔ ahiã kple ame vovovo o, eye amewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, do alesi woƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro le la kpɔ. Womeɖo seɖoƒe aɖeke na gbɔdɔdɔ ƒe “vivisese” o. Mɔxexenafutikekui siwo woto vɛ le ƒe mawo ke me gana woƒo wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ me alesi dze wo ŋui.
Gake AIDS kple nulɔdɔ bubuwo va zu agbe yakayaka nɔnɔ sia metsonu. Ena dzidzime si nɔ agbe makɔmakɔ la lulu. Ƒe aɖewo va yi la, nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Gbɔdɔdɔ le Ƒe 1980 Ƒeawo me—Tɔtrɔ la Wu Enu” dze le Time magazine me. Dɔ siwo Amerikatɔ geɖe lɔ siwo gba ɖi koŋ ye na woɖe gbeƒã nya sia. Vaseɖe fifia la, AIDS lélawo ƒe xexlẽme le xexeame katã gogo agbɔsɔsɔ dziŋɔ si nye ame miliɔn 30 sɔŋ!
Vɔvɔ̃ na nulɔdɔ xɔxɔ trɔ amewo ƒe susu le amesiame ko gbɔdɔdɔ ŋu. Esi modzakaɖeɖe magazine si nye US, ƒe 1992 tɔ, nɔ nu ƒom tso numekuku aɖe si dziɖuɖu aɖe wɔ ŋu la, egblɔ be: “Nyɔnu tre siwo ade miliɔn 6.8 wɔ tɔtrɔ le woƒe gbɔdɔdɔgbenɔnɔ me le vɔvɔ̃ na AIDS kple nulɔdɔ bubuwo ta.” Nufiame si me kɔ kɔte le nyati ma mee nye be: “Menye nu feŋuie gbɔdɔdɔ nye o. Ne èƒo ɖokuiwo ɖe eme la, wò ŋutɔ koe.”
Aleke zitɔtɔƒe siawo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe nɔnɔme ɖe gbɔdɔdɔ ŋu dzii? Ðe míesrɔ̃ nane tso amesiame ko gbɔdɔdɔ kple ƒe 1980 ƒeawo me nulɔdɔ siwo nye nublanuinya siwo tso asiɖeɖe le ame ɖokui ŋu ɖekematsɔlemetɔe gbɔ la mea? Esi woto gbɔdɔdɔ ŋuti nuwo fiafia vɛ le sukuwo me la, ɖe wòkpe ɖe ɖekakpuiviwo kple ɖetugbiviwo ŋu be wonya alesi woanɔ te ɖe woƒe gbɔdɔdɔnudzodzrowo nuia? Mɔ kae nye nyuitɔ si dzi woato anɔ te ɖe alesi amewo ƒe nɔnɔme trɔ le gbɔdɔdɔ gomee egbea nu?