“Keklẽ Sue Aɖe Le Ɣeyiɣi Doblukɔ Me”
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Germany gbɔ
NENEMAE ŋutinyaŋlɔla aɖe ɖɔ Yehowa Ðasefo siwo nɔ anyi le Nazi ŋɔli la ƒe ŋutinyae. Nyadzɔdzɔtakavideo si nye Jehovah’s Witnesses Stand Firm Against Nazi Assault ɖeɖefia xexeame zi gbãtɔ le Ravensbrück Ŋkuɖodziƒea le Germany ye wògblɔ nyaa le. Dzideƒo kple xɔse ŋuti nyatakaka ʋãme si Nazi ŋɔli me agbetsila 24 kple nunyalagã 10 siwo bi ɖe ŋutinya kple mawusubɔsubɔ me gblɔ lae le video sia me.
Ravensbrück-fuwɔamegaxɔ mee wolé Yehowa Ðasefo alafa geɖe da ɖo va yi. Ðasefo siwo Nazitɔwo de gaxɔ me kpɔ wu ƒe 50 enye sia eye wotsi agbe la dometɔ aɖewo nɔ ɖeɖefia gbãtɔ sia teƒe. Woawo kple ŋutinyaŋlɔlawo kpakple dziɖuɖumegãwo gblɔ ɣeyiɣi vɔ̃ siwo me Nazitɔwo tsɔ ŋɔdzi ɖu dzi wògblẽ nu le Europa godoo la ŋutinya. Nyasela siwo ade 350 la ɖo to se nya ʋãdziname siwo ku ɖe Ðasefo alafa geɖe siwo wɔ kalẽ vaseɖe ku me le esi teƒe be woagbe nu le woƒe xɔse gbɔ la ƒe Kristotɔnyenye ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu.
Nyadzɔdzɔtakalawo De Dzesi Nu
Nyadzɔdzɔŋlɔlawo wɔ gbebiamekpekpe aɖe le Berlin ƒe amedzrodzeƒe aɖe le November 6, 1996, si nye gbesigbe wowɔ ɖeɖefia gbãtɔa ƒe ŋdi. Nyadzɔdzɔŋlɔlawo kpɔ videoa ƒe akpa aɖewo eye wose nya siwo agbalẽnyalagãwo gblɔ tso vevienyenye si le ŋutinya ƒe akpa sia si mele nyanya gobii o gake wòhele vevie si dzi video yeyea klo nu le la ŋu. Ðk. Detlef Garbe si nye dɔnunɔla le Neuengamme Ŋkuɖodziƒea gblɔ be: “Mele be woana gamenɔla siwo ŋu dzogoe etɔ̃ ƒe avɔ kakɛ dzẽ [si nye dzesi nɔ Ðasefo gamenɔlawo ŋu] nɔ la nabu le susu me na mí—Yehowa Ðasefowo kple ame bubuwo—o. Nusia nye keklẽ sue aɖe le ɣeyiɣi doblukɔ me.”
Ðasefo agbetsila geɖe siwo dze le Stand Firm ƒe videoa me la va eye wogblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo. Ðe wolé dziku ɖe dɔme le woƒe fukpekpewo ta? Alesi woɖe dzi ɖi eye woɖo nukomoe la fia be dziku menɔ wo me o.
Wokpe nyadzɔdzɔŋlɔlawo le gbebiameawo megbe yi Stand Firm videoa ƒe ɖeɖefia zi gbãtɔa teƒe le Ravensbrück Ŋkuɖodziƒea si gbɔ didi ade kilometa 64 tso afima. Wo katã kloe lɔ̃ yi.
Ðeɖefia Gbãtɔ La
Hoowɔwɔ si nɔ xɔ si wogbugbɔ dzra ɖo yeyee me si te ɖe Ravensbrück Ŋkuɖodziƒea ŋu la va xɔ ɖe alesi yame fu litii eye tsi nɔ nyɔnyɔm le keleme ƒe ŋdi fafɛ ma dzi la teƒe. Nufialagã Jürgen Dittberner si nye dɔnunɔla na Ravensbrück, Sachsenhausen, kple Brandenburg ŋkuɖodziƒewo Dzikpɔdɔwɔƒe ɣemaɣi la gblɔ be: “Ele be míade bubu xɔse ƒe dzideƒo si nɔ Yehowa Ðasefowo si le dukɔ ƒe socialist-dziɖuɖu te la ŋu. . . . Míetsɔ bubu blibo ɖoa ŋku amesiawo siwo megbe nu le woƒe xɔse gbɔ o eye wokpe fu ɖe eta alo ku ɖe eta gɔ̃ hã la dzi.”
Angelika Peter si nye dudɔla si kpɔa sukudede, sɔhɛwo, kple kamedefefe dzi le Brandenburg, Germany, ŋlɔ nya aɖewo ɖo ɖa si woxlẽ. Nyaawoe nye be: “Nu vevi aɖee wònye be míaɖo ŋku Yehowa Ðasefowo ƒe tenɔnɔ sesĩe si nye kpɔɖeŋu dzi egbe sia.” Ðk. Sigrid Jacobeit si nye dɔnunɔla le Ravensbrück Ŋkuɖodziƒea gblɔ be: “Metsɔ dzidzɔ le mɔ kpɔm na ɖeɖefia sia vevie. Mexɔe se be egbe sia nye ŋkeke tɔxe aɖe na mí katã.”
Azɔ wotsi akaɖiwo be videoa nadze egɔme. Le aɖabaƒoƒo 78 sɔŋ me la, agbetsila siwo tso dukɔ enyi me kpakple vavalawo katã gakpɔ Germany ƒe veveseɣi sia ƒe dzɔgbevɔ̃e kple aʋadziɖuɖu. Ame geɖe lé wo ɖokui kpem hafi gake aɖatsi koe nɔ gegem le mo na wo esi ame tsɛ siawo gblɔ lɔlɔ̃ kple xɔse tɔxɛ siwo woɖe fia le nɔnɔme siwo dzi ŋɔ wu ɖesiaɖe me.
Esi asikpeƒoƒo sesĩe ɖi vɔ la, ŋutinyaŋlɔla Joachim Görlitz xlẽ nya mamlɛ aɖewo siwo Ðasefo aɖe si wowu le Brandenburg la gblɔ. Görlitz fɔ nuŋlɔɖia kwasiɖa eve do ŋgɔ esime wònɔ numekuku wɔm le Brandenburg Ŋkuɖodziƒe Kple Nuŋlɔɖixoxodzraɖoƒea, afisi wònye dɔnunɔla le. Seselelãme si wòtsɔ nɔ ŋutsu Kristotɔ nuteƒewɔla sia si nɔ dzi dem ƒo na ehati xɔsetɔwo be woayi edzi aɖi anukware na woƒe Aƒetɔ la ƒe nyawo xlẽmee la na eƒe gbeme xe. Emegbe Görlitz wu enu be: “Nɔvinye Ŋutsuwo kple Nyɔnuwo, mexɔe se be Yehowa Ðasefowo ŋuti sinima sia awɔ nu vevi aɖe le míaƒe hehenadɔa me.”
Ŋutinyaŋlɔla Wulff Brebeck gblɔ be “sinima sia gana nu xɔasi yeye aɖe si le vevie la gasu mía si—agbetsilawo ƒe nya siwo míesena edziedzi kura o, kple . . . amesiwo tsi eme ƒe nyawo hã.” Ðk. Garbe gagblɔ be: “Nusiawo nye amegbetɔ siwo ƒe Mawu dzixɔxɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Biblia me ŋugbedodowo ŋu do ŋusẽ wo be woʋli wo ɖokui ta le ɣeyiɣi dziŋɔ ma me la ƒe nuteƒekpɔkpɔ veviwo.”
Ðasefo agbetsila geɖe gava ƒo nu na vavalawo ake, si nye nusi sɔ wotsɔ wu wɔnaa nui. Amesiame kpɔe kɔte be xɔse sesẽ si lé Kristotɔ like siawo ɖe te le woƒe dodokpɔ geɖeawo me la gale wo si kokoko.
Tso esime wowɔ ɖeɖefia gbãtɔa la, woŋlɔ nyati 340 kple edzivɔ tso Yehowa Ðasefowo kple Stand Firm videoa ŋu ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo me le Germany godoo. Wogblɔ nyatakaka nyui geɖe hã le radio dzi, eye wogblɔ ɖeka le dziɖuɖua ƒe radiodɔwɔƒe tɔ hã dzi.
Stand Firm videoa ava nɔ gbegbɔgblɔ 24 ya teti me mlɔeba. Eteƒe madidi o woawɔ eƒe akpa aɖe si me woato nyuie la na sukuwo. Tso esime woɖe videoa ɖe go la, nufiala geɖe va le Stand Firm nyadzɔdzɔtakavideoa dem woƒe nusɔsrɔ̃wo me bene woakpe ɖe sɔhɛwo ŋu woabu tame le nya vevi siwo nye nazãbubu, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu, kple dzitsinya ƒe dɔwɔwɔ ŋu.
Esi fuléle kple amededeasi mã xexe sia me ale gbegbe ta la, aleke gbegbe wòsɔ ɖe ɣeyiɣi dzie nye si be wona amewo nya nu tso nuteƒewɔwɔ ŋutinya sia ŋu! Le nyateƒe me la, Kristotɔ nuteƒewɔla siawo ƒe fukpekpe menye dzodzro o.—Hebritɔwo 6:10.
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe gbebiametakpekpe si wowɔ le Berlin. Tso miame: Ðk. Detlef Garbe, Ametsɔtsrɔ̃ Gã la me agbetsila siwo nye Simone Liebster kple Franz Wohlfahrt, kpakple ŋutinyaŋlɔla Wulff Brebeck