INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 8/8 axa 20-22
  • Amesiame Akpɔ Nu Aɖu Drɔ̃e Ko Wònyea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amesiame Akpɔ Nu Aɖu Drɔ̃e Ko Wònyea?
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Nuɖuɖu ƒe Bɔbɔ’—Nukata Womekpɔnɛ O?
  • ‘Ehiã be Míatso Ðe Dɔ Ŋu, Menye Takpekpe Geɖe O’
  • Amekae Ana Nu Dɔwuitɔwo?
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ale Si Nuɖuɖu Le Vevem Egbea Ŋu?
    Nyati Bubuwo
  • “Afɔku Ɣaɣla Si Gbɔ Wòle Be Woakpɔ Kpata” Enu Ava Yi Kpuie!
    Nyɔ!—2003
  • Agbagbadzedze Be Woana Nuɖuɖu Ame Miliɔn Akpe Ðeka
    Nyɔ!—2005
  • Èɖua Nu Ðia Ƒo le Gbɔgbɔ Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 8/8 axa 20-22

Amesiame Akpɔ Nu Aɖu Drɔ̃e Ko Wònyea?

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE ITALY GBƆ

WOGBLƆ le Xexeame ƒe Nuɖuɖu Ŋuti Takpekpe si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nuɖuɖu Kple Agblededehabɔbɔ (FAO) na wowɔ le ƒe 1974 me be: “Ŋutsu, nyɔnu kple ɖevi ɖesiaɖe kpɔ mɔ avo tso dɔwuame kple nunyuimakpɔɖu si me.” Wodoe ɖa emegbe be woatsi dɔwuame nu le xexeame “le ƒe ewo me.”

Gake esi dukɔ 173 teƒenɔlawo va kpe le FAO ƒe dɔwɔƒegã le Rome le ƒe si va yi me le ŋkeke atɔ̃ Xexeame ƒe Nuɖuɖu Ŋuti Takpekpe aɖe me la, woƒe taɖodzinue nye be woabia be: “Nukae dzɔ?” Menye ɖeko womete ŋu na be nuɖuɖu su amesiame ko o, ke nɔnɔmea gavlo ɖe edzi fifia le ƒe blaeve kple edzivɔ megbe.

Ele be woatso ɖe nuɖuɖu, amewo ƒe agbɔsɔsɔ, kple ahedada ƒe kuxi gã siwo li la ŋu kpata. Abe alesi wogblɔe le agbalẽ aɖe si woxlẽ le takpekpea me ene la, ne womekpɔ kuxi siawo gbɔ o la, “agblẽ dukɔ kple nuto geɖe me nɔlawo ƒe dedienɔnɔ me vevie, eye ɖewohĩ ade afɔ atame na xexeame ƒe ŋutifafa.” Eteƒenɔla aɖe gblɔe eme kɔ kura wu be: “Míakpɔe be ŋkuʋuʋu kple dukɔwo ƒe agbenɔnɔ me agblẽ.”

FAO ƒe Dɔnunɔlagã Jacques Diouf gblɔ be, “ame miliɔn 800 kple edzivɔ mekpɔa nuɖuɖu wòsua wo o; ɖevi miliɔn 200 le wo dome.” Wobu akɔnta be kaka ƒe 2025 naɖo la, xexeamenɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ si nye biliɔn 5.8 fifia la adzi ɖe edzi aɖo biliɔn 8.3, eye dzidziɖedzia ƒe akpa gãtɔ atso dukɔ madeŋgɔwo me. Diouf fa konyi be: “Ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖevi gbogbo siwo wote bubu kple agbe ƒe gome si womekpɔ mɔ axɔ le wo si hafi o la wo la sɔ gbɔ akpa. Anyigba si wogblẽ ƒe hũɖeɖe si medzena o, ave siwo woƒo kple lãɖeƒe siwo le vɔvɔm la kpe ɖe dɔwuitɔwo ƒe gbigbli ŋu.”

Egbɔkpɔnu kae wodo ɖa? Diouf gblɔ be “nuwɔwɔ ŋkumesesẽtɔe” ye akpɔ nyaa gbɔ, ale be woana “nuɖuɖu nabɔ” ɖe dukɔ siwo me nuɖuɖu le vevem le me kple be woana ŋutete, dɔwɔga, kple mɔ̃ɖaŋununya wo bene woatsɔ adi nuɖuɖu na wo ɖokui.

‘Nuɖuɖu ƒe Bɔbɔ’—Nukata Womekpɔnɛ O?

Le nya aɖe si woxlẽ le kpekpe ma me nu la, “ne ŋutete kple gakpɔmɔnuwo le amewo katã si ɣesiaɣi ale be wokpɔa nuɖuɖu nyui si me nunyiame le wòsua wo eye be wote ŋu tiaa nuɖuɖu si dze wo ŋu hena agbenɔnɔ le lãmesẽ me ko hafi woagblɔ be nuɖuɖu bɔ.”

Alesi wòate ŋu adzɔ be nuɖuɖu mate ŋu abɔ o la dze le sitsoƒedila siwo nɔ Zaire ƒe kuxia me. Esime dɔ nɔ Rwandatɔ sitsoƒedila miliɔn geɖe wum la, nuɖuɖu gbogbo aɖewo nɔ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔwo si woana wo woaɖu. Gake hafi woade nuawo ʋu ayi aɖamã na wo la, ele be woaxɔ agbalẽ tso dziɖuɖu gbɔ eye afima ŋusẽtɔwo—alo ne afima aʋaŋgɔnɔlawoe kpɔ ŋusẽ ɖe sitsoƒedilawo ƒe asaɖawo dzi la—naɖe mɔ hafi. Hiahiã si nɔ Zaire gafia alesi wòsesẽna na dukɔwo be woana nuɖuɖu dɔwuitɔwo ne nuɖuɖu li hã. Ŋkuléɖenuŋula aɖe gblɔ be: “Ele be woayi aɖakpɔ habɔbɔ vovovowo aɖe kuku na wo hafi dɔ aɖe adze egɔme.”

Abe alesi woŋlɔ ɖe United States ƒe Agblededɔwɔƒe ƒe agbalẽ aɖe me ene la, nu geɖe ate ŋu awɔe be nuɖuɖu mabɔ o. Dzɔdzɔmefɔkuwo manɔmee la, nua ƒe ɖewoe nye aʋawɔwɔ kple dukɔmeviʋa, dukɔ ƒe ɖoɖo manyomanyowo, numekuku kple mɔ̃ɖaŋununya madeŋgɔwo, nutoa me ƒe gbegblẽ, ahedada, amewo ƒe agbɔsɔsɔ, ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe masɔmasɔ kple wo nɔewo, kple lãmegbegblẽ.

Wote ŋu wɔ nanewo de goe ya. Tso ƒe 1970 ƒeawo me la, nuɖuɖumeŋusẽ si wokpɔ na amewo, si na wonyaa nuɖuɖu agbɔsɔsɔme si amewo kpɔ ɖu la dzi ɖe edzi tso nuɖuɖumeŋusẽ 2,140 si ame ɖeka ɖuna gbeɖeka va ɖo 2,520 le dukɔ siwo le ŋgɔ yim me. Gake FAO gblɔ be, le alesi wokpɔe be kaka ƒe 2030 naɖo la amewo ƒe agbɔsɔsɔ adzi ɖe edzi aɖo biliɔn geɖe ta la, “be wòanya wɔ be nuɖuɖu nakpɔtɔ abɔ abe alesi wòle fifia ene la, ahiã be nuŋeŋe nadzi ɖe edzi kaba eye míalé eme ɖe asi nenema ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ɖe edzi awu alafa memamã 75 evɔ dzɔdzɔmenu siwo ŋu míele agbe ɖo la dome nagagblẽ o.” Eyata dɔ sesẽe wònye be woakpɔ nuɖuɖu na ameha siwo dɔ le wuwum.

‘Ehiã be Míatso Ðe Dɔ Ŋu, Menye Takpekpe Geɖe O’

Woto nyatoƒoe geɖe le nusiwo nɔ edzi yim le Xexeame ƒe Nuɖuɖu Ŋuti Takpekpea me kple nusiwo woɖo be woawɔ la ŋu. Latin-Amerika teƒenɔla aɖe bu fɔ atam aɖe si woka be woaɖe amesiwo mekpɔa nu nyui ɖuna o ƒe xexlẽme si li fifia dzi akpɔtɔ wòaɖo afã ko la ƒe “suenyenye” be enye “ŋukpenya.” Alesi dukɔ 15 se nya siwo dzi woda asi ɖo le takpekpea me gɔmee la to vovo. Italiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Repubblica gblɔ be hafi woade tameɖoɖo aɖe si mede naneke o agbalẽ me hekpe ɖe ɖoɖo si dzi woazɔ ɖo ŋu gɔ̃ hã la, “eva hiã be woaʋli nya ahakpe ta ƒe eve sɔŋ. Ele be woada nyakui ɖesiaɖe ƒe akpa sia akpa akpɔ nyuie bene woagatɔ ati nya aɖeke . . . ne dzre nagadzɔ ake o.”

Ame geɖe siwo kpe asi ɖe eŋu wode takpekpea ƒe nyawo agbalẽ me la mekpɔ dzidzɔ ɖe emetsonuawo ŋu o. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Míeka ɖe edzi gbeɖe be woawɔ ɖe nya nyui siwo wodo ɖa la dzi o.” Nya aɖe si ŋu woʋli nya le vevie ye nye be, ɖe wòle be woagblɔ be nuɖuɖu kpɔkpɔ nye “gomenɔamesi si ŋu dukɔwo nade bubui” hã, elabena woate ŋu aʋli “gomenɔamesi” ta le ʋɔnu. Canadatɔ aɖe ɖe eme be: “Dukɔ siwo si ga le la susu be woava zi yewo dzi be yewoana kpekpeɖeŋu. Susu ma tae wole tɔ tem ɖe edzi be woatɔ tsi tameɖoɖoa me nyawo.”

Le nuƒo legbee siwo woƒona le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe takpekpewo me ta la, Europa-dziɖuɖumegã aɖe gblɔ be: “Esi míetso gbe ɖe nya geɖe dzi le Cairo takpekpea [si wowɔ le ƒe 1994 me le amewo ƒe agbɔsɔsɔ kple nuwo ƒe nyonyo ɖe edzi ŋu] me la, ne míegakpe le takpekpe ɖesiaɖe si kplɔe ɖo me la, nya mawo ke ko ŋue míegaƒoa nu le.” Eɖo aɖaŋu be: “Ele be ɖoɖo siwo míewɔ dzi wɔwɔ bene wòaɖe vi na mía nɔvi amegbetɔwo la nanye nu vevitɔ le míaƒe takpekpewo me, ke menye Takpekpe geɖe wɔwɔ o.”

Eteƒenɔla aɖewo hã gblɔ be takpekpea dede kura bia be woazã ga geɖe si kpɔkpɔ nye dɔ na dukɔ aɖewo. Afrika-dukɔ sue aɖe ɖo amedɔdɔ 14 kple dudɔnunɔla 2 ɖa eye amesiawo katã nɔ Rome kwasiɖa eve kple edzivɔ. Italytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Corriere della Sera gblɔ be Afrika-dukplɔla aɖe si ƒe dukɔ me ame ɖeka ƒe ƒe ɖeka fetu mesɔ gbɔ wu $3,300 o la srɔ̃ va zã $23,000 yakayaka le Rome ƒe asiƒleƒe si wodzraa nu yeyetɔwo kekeake le.

Ðe susu aɖe li si ta míaxɔe ase be Nuwɔɖoɖo si wowɔ le takpekpea me la adze edzia? Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ɖo eŋu be: “Nusi ko míakpɔ mɔ na fifiae nye be dziɖuɖuwo abui nu vevii eye woatso ɖe eŋu awɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Ðe woawɔ ɖe wo dzia? . . . Nusiwo dzɔ va yi na be mɔkpɔkpɔ boo aɖeke meli o.” Nyadzɔdzɔŋlɔla ma ke gaɖe nya ɖedzileameƒo aɖe gblɔ be togbɔ be wolɔ̃ le Anyigba Ŋuti Takpekpe si wowɔ le Rio de Janeiro le ƒe 1992 me be woada ɖe ga si wodzɔna ɖe nuwo ƒe nyonyo ŋu dzi wòaɖo dukɔ ƒe ƒe ɖeka me gakpɔkpɔ ƒe 0.7 le alafa me hã la, “dukɔ ʋee aɖewo koe ɖo taɖodzinu ma si womezi ɖe ame dzi o la gbɔ.”

Amekae Ana Nu Dɔwuitɔwo?

Ŋutinya ɖee fia kɔte be togbɔ be ameƒomea ɖoa tame nyuiwo hã la, “amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Eyata manyawɔ gbeɖe be amegbetɔwo natso le wo ɖokui si ana nuɖuɖu amesiame o. Ŋukeklẽ, nuwo mazamazã nyuie, kple ɖokuiŋudzedze kplɔ ameƒomea de afɔku me. FAO ƒe Dɔnunɔlagã Diouf gblɔ be: “Nusi va hiã mlɔebae nye amewo ƒe dzime, susu kple lɔlɔ̃nu tɔtrɔ.”

Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe ate ŋu awɔ nu ma. Le nyateƒe me la, Yehowa gblɔ nya ɖi ƒe alafa geɖe enye sia le eƒe dukɔ ŋu be: “Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ.”—Yeremya 31:33.

Esime Yehowa Mawu tso abɔ gbãtɔ si nye ameƒomea ƒe aƒe la, etsɔ “nu miemie tseku, siwo katã le anyigba blibo la dzi, kple ati, siwo katã tsena, siwo me ku le la,” na be woanye nuɖuɖu na wo. (Mose I, 1:29) Nunana ma sɔ gbɔ anyi ame, eye woate ŋu asu amewo si. Enye nusi ameƒomea hiã aɖu aɖi ƒo.

Mawu ƒe tameɖoɖo metrɔ o. (Yesaya 55:10, 11) Ena kakaɖedzi mí tso gbaɖegbe ke be yeato yeƒe Fiaɖuƒe si le Kristo si me dzi ana nusianu si ameƒomea hiã lae, ana nuɖuɖu amesiame, aɖe ahedada ɖa, aɖu dzɔdzɔmefɔkuwo dzi, eye wòaɖe dzrehehewo ɖa. (Psalmo 46:9, 10; Yesaya 11:9; tsɔe sɔ kple Marko 4:37-41; 6:37-44.) Ɣemaɣi la, “anyigba [amie] eƒe nukuwo. Mawu, mía Mawu la, ayra mí.” “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 67:7; 72:16.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Dorothea Lange, FSA Collection, Library of Congress

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe