Kpɔ Nyuie! Adzodalawo ƒe Ŋku Biã
KPƆ nudzɔdzɔa ɖa le susu me. Tsi gã aɖe dza kple ya sesẽ aɖe, eye fifia tsia ke. Ya la ƒe nugbegblẽ tɔ te, eye tsiɖɔɖɔa megale nu gblẽm o. Agbetsila siwo ƒe ŋku tsi te do go tso woƒe bebeƒewo, eye le adzɔge ʋĩ la, amesiwo wonyo na kplɔ wo yi dedienɔƒee tsi dzodzodzoe eye vɔvɔ̃ ɖo wo esime wotrɔ gbɔ be yewoava kpɔ yatsia ƒe nugblẽƒe ɖa. Xɔwo klo; atiwo mu dze xɔ kokloawo dzi. Ati siwo dzi elektrik kawo to mu ale be màgate ŋu aƒo ka ne nu kpata aɖe dzɔ alo woaƒo ka na wò o. Aƒe aɖewo siwo me ƒome kpɔdzidzɔwo nɔ dedie tsã la gbã gudugudu—wogbã kura to dzadzraɖo me yi. Nugbegblẽwo kple mɔkpɔkpɔbuɖeame xɔ aƒe ɖe nuto si me dziɖeɖi kple tomefafa nɔ tsã la me.
Nutoa me tɔwo tso kpla ɖe eŋu—woɖoe kplikpaa be yewoagbugbɔ nuwo adzra ɖo. Aƒelikawo le kpekpem ɖe wo nɔewo ŋu; ɖewo menya wo nɔewo ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã tsã o. Ŋutsuwo zã woƒe dɔwɔnuwo kple wo nɔewo eye wotsɔ woƒe dɔnyanya le kpekpem ɖe wo nɔewo ŋui. Nyɔnuwo le nu ɖam na xɔdzraɖolawo eye ɖevi siwo tsi vie xɔ wo yometɔwo na wo dzilawo. Dɔwɔla siwo tsɔ wo ɖokui na be yewoana kpekpeɖeŋu la tso teƒe bubuwo le ʋu siwo tre ɖe wo nɔewo nu me va do—xɔgbalawo, amesiwo lɔa ati siwo mu ƒua gbe, atikpalawo, kple aŋɔsilawo. Gake adzodalawo hã le wo me va, eye wole ŋudzɔ ɖe amesiwo dzi nya dzɔ ɖo tafatafa ŋu.
Wobia ga gbogbo aɖewo do ŋgɔ ɖe nuawo dzadzraɖo ŋu. Xɔtɔ siwo tsi dzodzodzoe la ɖe asi le woƒe gawo ŋu na wo, gake kaka woakpɔ la, dɔa wɔlawo si dzo kple gaa. Xɔgbala siwo gblɔ be ‘ne xɔa ƒe teƒe aɖe ɖuɖu la, yewoagbugbɔe agba’ la melé fɔ aɖeke ɖe xɔ kokloawo dzadzraɖo ŋu o ale be kaka tsi gbãtɔ nadza la, ɖeko xɔ bliboa katã le ɖuɖum yoyoyo. Amesiwo lɔa ati mumuwo ƒua gbe gblɔ be yewodi be yewoahaya mɔ̃ gã aɖewo ɖe dɔa wɔwɔ ŋu ne ŋu ke eye eyata woxɔ ga dɔlar akpe geɖe le amewo si. Gake ŋua meke kpɔ o.
Tsɔ xɔtɔ siwo xe ga gbogbowo na nugblẽfexeha siwo mekpɔ ga axe nugblẽfe lae o alo wonye amefluhawo ko, eye wogbe nugbegblẽawo ƒe fe xexe alo ame aɖeke megale woƒe dɔwɔƒe o, elabena dɔtɔawo si dzo la kpe ɖe nusiwo gblẽ na wo kpakple woƒe dzigbagbã la ŋu. Amesiwo tɔ nyo wokpɔ ga aɖe xɔ le nugblẽfexehawo gbɔ be yewoatsɔ axe nugbegblẽawo ƒe fee la kpɔ be zi geɖe la, dɔxɔla maɖianukwarewo kple dɔmanyalawo koe li awɔ dɔa esime dɔ si li la sɔ gbɔ wu dɔnyala ʋee siwo li. Eyata dɔ manyomanyo sɔŋ koe wowɔna si zua nuxaxa gã aɖe na xɔtɔ siwo dzi nu te ɖo xoxo la.
Wotafaa amesiwo dzi afɔku dzɔ ɖo zi geɖe. Nusi dze egɔme abe ɖe nuto si me nuwo gblẽ le me tɔwo katãe va be yewoakpe ɖe yewo nɔewo ŋu ene la va zu dzigbagbã kple amefuflu na ame aɖewo.
Le ahom aɖe megbe la, ewɔ nuku be bisket si wowɔ wòdidi lɔbɔɔ ƒe asi yi dzi bobobo ɖo $4, eye $6 ye vidadawo ƒle vidzĩwo ƒe notsiwɔ go ɖekae. Le fiase aɖe me la, màte ŋu aƒle batri ne mèƒle television alo radio kpee o. Xɔtunudzralawo dzra xɔtunuwo howui ale gbegbe be woƒe gaɖakawo yɔ gbagba. Esi tsi ɖɔ le teƒe aɖe la, amesiwo si aƒe siwo wote ŋu kɔna le eye wokɔ wo na wo yi teƒe si wɔ kpo dzi na wo la kpɔ be woda ga ɖe ga si woxɔna dzi na yewo wòɖo alafa memamã 600. Le anyigbaʋuʋu aɖe megbe la, ame aɖe si wɔ eɖokui abe dziɖuɖudɔwɔla ene ƒo ka na nyagãɖeɖi aɖe si xɔ ƒe 84 si ƒe aƒe gbã. Nyɔnua susu be dziɖuɖua ƒe kpekpeɖeŋu biabia kple tikit si wodzrana na ame dahewo be woatsɔ axɔ nuɖuɖui ye agbalẽ siwo te yede asii emegbe la nye. Le nyateƒe me la, woxɔ xɔdzraɖoga $18,000 le esi ɖe xɔdzadzraɖo si axɔ abe $5,000 ene ko ta.
Amebaba le Adzɔnu Siwo Woƒoa Ka Dzrana Me
‘Mawu wɔ dɔ na wò, Aƒenɔ S——! Aklama ɖi na wò egbea.’ Woate ŋu atsɔ nya siawo alili wòe le telefon kaƒoƒo me. ‘Wòe ɖu míaƒe . . . loto la.’ Woƒo ka siawo tɔgbewo na ame geɖe kpɔ eye wogblɔ na wo be “woɖui xoxo,” be “kakaɖedzi” le ga si woɖu la xɔxɔ ŋu. Nusi “woɖu” la ate ŋu anye kaa yeye, aƒeme modzakaɖenuwo, alo ɖewohĩ diamond-sigɛ.
Woƒo ka na wò alea kpɔ gblɔ na wò be wona nane wòa? Ðe wòna nèƒo kpakpakpaa? Ðe wòwɔ na wò be mate ŋu anye wòe oa? Ne èxɔ kaƒoƒo ma la, ɖe nèxɔ nusi wobe nèɖu la kpɔa? Alo ɖe woba wò le telefon dzi nudzadzra mea? Ne edzɔ ɖe dziwò kpɔ la, ke menye wò ɖeɖee o. Consumers’ Research magazine gblɔ be le United States ɖeɖe la, telefon dzi ameflunudzralawo tafaa amesiwo ade ewo aɖabaƒoƒo ɖesiaɖe. Ƒe sia ƒe adzodalawo baa asisiwo tso dɔlar biliɔn 10 va ɖo biliɔn 40, si ade $7,500 aɖabaƒoƒo ɖesiaɖe.
Reader’s Digest gblɔ be: “Ƒe sia ƒe le Canada, amesiwo wu 150,000 ye telefon dzi ameflunudzralawo ƒoa ka na gblɔna na wo be ‘woɖu’ alo ‘wotia wo’ na nunana gã aɖe xɔxɔ. Eye ƒe sia ƒe wotsɔa kaƒoƒo siawo blea Canadatɔ akpe geɖewoe ale be le mamã dedie nu la, wo dometɔ ɖesiaɖe gblẽa $2,000 be yeƒe asi naka nunana la.” Ontario Nutome Kpovitɔwo ƒe amegã aɖe gblɔ be: “Telefon dzi amebeblewoe nye amebanu gãtɔ siwo wowɔna le Canada ƒe ŋutinya me dometɔ ɖeka.” Egblɔ kpee be: “Míenya be enaa Canadatɔwo gblẽa dɔlar miliɔn geɖe ƒe sia ƒe.” Ga home siwo ŋu woka nya ta le na kpovitɔwo koŋ ŋue wobu akɔntaawo ɖo. Gake esi wobui be amesiwo ble ɖe wo si me dometɔ 10 le alafa me koe gblɔa nusi dzɔ ɖe wo dzi na kpovitɔwo ta la, manya wɔ be woagblɔ kuxi sia ƒe nugbegblẽ bliboe o.
Adzodala aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Míegblɔna na amewo be woɖu eye wòwɔnɛ be womegabua nuwo ŋu nyuie o.” Egblɔ kpee be: “Ekema míezia wo dzi be woaɖo ga ɖa, eye ne amea gbe hã míexɔnɛ nɛ o.” Ne wonya flu amea alea ko la, wodzraa eƒe ŋkɔ na telefon dzi nudzraha bubuwo woŋlɔna dea “amesiwo fifi le bɔbɔe” ƒe ŋkɔwo me. Woate ŋu adzra woƒe ŋkɔ na ame bubuwo siwo hã anɔ kaƒoƒo na wo dzi. Ame aɖe si nye telefon dzi nudzrala kpɔ le Toronto gblɔ be: “Ne míetsɔ amesiwo fifi le bɔbɔe ƒe ŋkɔwo le dɔ wɔmee la, míekpɔa ameawo dometɔ 75 le alafa me woƒlea nua zi gbãtɔ si míeƒo ka na wo. Edzi ɖena kpɔtɔna ɖoa abe alafa memamã 50 ene le kaƒoƒo etɔ̃lia me. Gake ne ameawo ge ɖe eme la, gaɖoɖo ɖa dzi koe wo dometɔ aɖewo nɔna; wonɔa woƒe ga la yome tim.”
Afika ke amesiwo telefon dzi nudzralawo flu ati nya si wogblɔ na wo be woɖu nunana xɔasi aɖe yome ase? Kpovitɔ ƒe nyagɔmekula aɖe gblɔ be: “Ehiãna be míawɔ ɖoɖo kple gadzraɖoƒewo be woaɖo asi ame tsitsi aɖewo ƒe nunɔamesiwo dzi bene woƒe gawo katã nagavɔ na wo o.” Wokpɔ be nyɔnu aɖe si zu ahosi nyitsɔ laa xe fe zi gbɔ zi 36 na telefon dzi nudzrala vovovo 16 eye ga si wòxe la wu $85,000. “Nu maɖinui gbogbo aɖewo” koe wolɔ nɛ ɖe enu.
Ameflumɔnu Deŋgɔwo na Amesiwo ƒe Susu Ða
Gake ameflula siawo medea vovototo ame me o. Woblea gatɔwo kple ame dahewo siaa. Woflu amesiwo wobuna be wonya nu yi ŋgɔ gɔ̃ hã. Wote ŋu trɔa asi le beblea ŋu ayetɔe ale gbegbe be woate ŋu aflu nuƒlela si le ŋudzɔ aleke ke hã. Woate ŋu ado boblo ameflunu siwo ƒe asi yi dzi wu siwo ŋu wotrɔ asi le ɖe nuƒlela siwo ƒe susu ɖea abla ŋu la le television dzi alo le agbalẽ siwo me wode ama dzeaniwoe me aɖoe ɖa to posu me. Woate ŋu anye gadededɔme siwo me woado ŋugbe be viɖe gbogbo aɖe atso—gadede fotoɖedɔwo, sika kple sikakudɔwo, kple amikudɔwo me. Nuawo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ ŋutɔ. Gake nu ɖeka ma koe dzɔna—wò ga katã afiã.
Nyɔnu agbalẽnyala aɖe si woble gblɔ be: “Ne wogblɔ alesi woflua amee na wò màxɔe ase o. Esi menye nufiala ta la, mexɔ se be nye tagbɔ kɔ. . . . Wodo nu geɖe ŋutɔ ŋugbe.” Eƒe $20,000 ye fiã ɖe sinimawɔha aɖe ƒe amefuflu me.
Kuxi si bɔ ɖe xexeame katãe amefifi le telefon dzi nudzadzra me nye. Emekulawo gblɔ ɖi be “agblẽ ɖe edzi le ƒe ewo siawo me.” Gake kpɔ nyuie! Adzodala ƒomevi bubuwo hã li, eye ame aɖewo koŋ li si adzodala aɖewo tɔa ŋkui—ame tsitsiwo.
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Kpɔ nyuie le adzodala siwo vana le tsidzadza kple ahomya megbe ŋu!
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
“Èɖu nunana aɖe femaxee!”—alo?