INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 10/8 axa 22-24
  • Wotɔ Ŋku Ame Tsitsiwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wotɔ Ŋku Ame Tsitsiwo
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔ Japan ƒe Adzodalawo Ða
  • Adzodada Ame Tsitsiwo le Italy
  • Adzodada le Mawusubɔsubɔ ƒe Ŋkɔ Me
    Nyɔ!—1997
  • Kpɔ Nyuie! Adzodalawo ƒe Ŋku Biã
    Nyɔ!—1997
  • Beléle Na Ame Tsitsiwo—Kristotɔwo Ƒe Agbanɔamedzie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Mawu Léa Be Na Ame Tsitsiwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 10/8 axa 22-24

Wotɔ Ŋku Ame Tsitsiwo

MÈGANA woable wò o. Ameflulawo dzra ɖo nyuie. Wonya nusiwo tae adzodada ame tsitsiwo koŋ nɔa bɔbɔe ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le United States la, amesiwo tsi xɔ wu 65 le dukɔa me nye 12 ko le ame alafa ɖesiaɖe me. Gake ne woƒo ga si wokpɔna le ƒe ɖeka me nu ƒu la, ewua dɔlar biliɔn 800, si esusɔ vie wòade ga si ne woɖe adzɔxexewo le eme wòsusɔna na Amerikatɔwo ƒe ƒome siwo de alafa memamã 70 kloe la tɔ. Eyata mewɔ nuku be ame tsitsi siawo de amesiwo adzodalawo daa adzoe ƒe alafa memamã 30 o.

Nukatae wote ŋu dzea ame tsitsiwo dzi bɔbɔe ɖo? Consumers’ Research magazine ɖe eme be: “Le dzɔdzɔme nu la, wolɔ̃a kaka ɖe ame dzi eye ɖewohĩ womanya nu tso gadededɔmemɔnu siwo li fifia ŋu o.” Kpovitɔwo ƒe amegã aɖe xa nu be telefon dzi nudzralawo ƒe adzodalawo “dzea amesiwo tsi akogo kple amesiwo ŋu wɔna mele o—ame tsitsiwo—amesiwo wodaa adzoe wu la dzi. Amesiawo nɔ agbe le ɣeyiɣi si me wote ŋu naa asi ame tsɔ ɖoa kpe nusi ƒe ŋugbe wodo dzii.” Wogblɔ be Amerikatɔ Dzudzɔxɔledɔmelawo ƒe Habɔbɔ teƒenɔla aɖe gblɔ be: “Wogblɔna be ŋukeklẽe dia nya na ame. Le ame tsitsiwo ya gome la, menye ŋukeklẽe o. Wovɔ̃na be yewoƒe ga ava vɔ hafi yewoaku. Womedi be yewoazu agba na yewo viwo o. Eye wovɔ̃na hã be yewoagblɔe [ne woda adzo wo] kple susu be yewo viwo ava susu be yewomeɖɔa ŋu ɖo o.”

Menye ɣesiaɣie ame tsitsi siwo wodaa adzoe menyana hafi wodaa adzo wo alo woblea wo o. Ɣeaɖewoɣi la, wotsia akogo, eye ɖewohĩ woadi be “yewoaƒle” xɔlɔ̃dzedze. Nyadzɔdzɔgbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be le nuto aɖe me la, woble ahosi akogotsila aɖewo nu woxe $20,000 do ŋgɔ be “woatsɔ afia ɣeɖuɖu woe le woƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me. Ðewo gbɔdzɔ ale gbegbe be zɔzɔ zu dɔ na wo. Menye esi womenya tae o, mɔkpɔkpɔ koe bu ɖe wo.” Ɣeɖuɖufiahabɔbɔ aɖe tiaa teƒe aɖe na ame yeye siwo bia be woafiae yewo la be woayi kple wo xɔ̃ yeye siwo wodze, si zi geɖe nyea wo hatiwo. Esesẽna be nàgbe nudzrala si tsɔ kesekukuɖɔɖɔname kple numevivi ƒoa nu ayetɔe bɔkɔɔ, si hã wɔa eɖokui abe ɣeɖuɖufiala ene la ƒe nyawo dzixɔxɔse.

Kpɔ Japan ƒe Adzodalawo Ða

Adzodala aɖewo baa ame tsitsi siwo tsi akogo le mɔ bubuwo nu. Le Japan, didrimewo wɔa wo ɖokui abe ame wɔamewo ene, wogbɔa dzi ɖi ɖoa dze kple ame tsitsi siwo wodaa adzoe, woɖoa to sea woƒe nyawo. Vivivi la, wova nɔa wo srãm kpɔ kabakaba wu, eye ne wokpɔ be ame tsitsia va ka ɖe yewo dzi vɔ la, ke wodoa woƒe ayemefinudzadzrawo ɖe wo gbɔ. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye amefiɖoɖo aɖe si me woble amesiwo ade 30,000, siwo dome dzudzɔxɔledɔmela geɖe hã le, de sikasitsatsa si nye amebeble me, eye wogblɔ be woda adzo wo xɔ yen biliɔn 200 (United States ga dɔlar biliɔn 1.5) le wo si. Japan ƒe Asahi Evening News ƒe tanya gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ Aɖeke Meli be Amesiwo Woda Adzoe Agakpɔ Woƒe Ga O.”

Tokyo ƒe Asahi Shimbun ka nya sia ta: Nyɔnu nudzrala aɖe si xɔ wu ƒe blaene yi ɖe ŋutsu tsitsi aɖe gbɔ be: “Aƒetɔ K., metsi dzi ɖe ŋuwò wu dɔ si wɔm mele, elabena ame aɖeke mele gbɔwò o.” Nyɔnua ɖo to se nusiwo dzɔ ɖe ŋutsua dzi ƒe nya gbogbo siwo wògblɔ, eye nyɔnua ƒe aɖeŋanɛ la blee. Esi nyɔnua nɔ dzodzom la, ebia be yeagatrɔ va ne ŋu ke. Ŋutsua ɖo eŋu be: “Faa.”

Tso ekema dzi ko enɔ esrãm kpɔ edziedzi; woɖua fiẽnu ɖekae, eye eɖaa nu vɛ na Aƒetɔ K. gɔ̃ hã. Edo ŋugbe nɛ be: “Makpɔ dziwò vaseɖe wò ku me.” Azɔ edo eƒe nuteteɖeamedzinya la ɖe egbɔ: “Makpɔ wò aƒea dzi na wò. Dɔwɔƒe si mewɔa dɔ na la wɔ ɖoɖo yeye aɖe nyitsɔ laa si akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ ga tso wò aƒea me.” Ðoɖoa bia be wòatsɔ eƒe aƒe kple anyigba ade awɔba atsɔ aƒle sikae na nyɔnua ƒe dɔwɔƒe. Eɖo mɔ̃ nɛ vɔ. Aƒetɔ K. hã va ge ɖe ame gbogbo siwo woda adzoe me. Esi wònya ƒle sikaa vɔ ko la, nyɔnua megatrɔ va gbeɖe o.

Aƒetɔ K. gblɔ be: “Esime menye asrafo la, ɣesiaɣi medzea ŋgɔ ku. Gake fifia esesẽ nam wu be ame aɖe si nɔ te ɖe mí ame tsitsi siwo tsi akogo siwo si ƒometɔ mele akpɔ mía dzi o ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi da adzo nye aƒe le asinye. Ewɔ abe míeva ɖo afi aɖe na xexeame si amewo dia ga ene, to fimɔwo nu gɔ̃ hã.”

Adzodada Ame Tsitsiwo le Italy

Agbalẽ si nye L’Italia che truffa (Italy si Daa Dzo Ame) gblɔ ɖoɖo aɖe si ŋu adzodalawo trɔ asi le nyuie le Italy tsɔ da adzo ga le ame tsitsiwo sii. Le ƒe 1993 me la, woɖo dziɖuɖu aɖe si ƒe tatɔe nye amesi nye Italy ƒe Gadzraɖoƒedzikpɔlagã tsã. Le nyateƒe me la, eƒe asidedenute ƒe nuŋɔŋlɔ ganɔ gagbalẽ siwo wota le eƒe dɔdzikpɔlagãnyeɣi dzi (eye woganye gaɖuɖua kokoko). Esi adzodala aɖewo siwo wɔ wo ɖokui abe Italy Gadzraɖoƒea ƒe dɔwɔlawoe yewonye ene eye wotsɔ Dzesidegbalẽvi gbegblẽ ɖe asi be yewoatsɔ aɖo kpe edzii yi ame tsitsi aɖewo gbɔ la, wogblɔ na amesiwo woda adzoe be: “Ènya be Italy ƒe Gadzraɖoƒedzikpɔlagãe va zu Dudɔnunɔlawo ƒe Dziɖuɖuɖaŋudelawo ƒe amegã; eyata gagbalẽ siwo dzi eƒe asidedenute dze le la meganyo na ɖuɖu o. Wode dɔ asi na mí be míaxɔ gagbalẽ xoxoawo katã le ƒome ɖesiaɖe si aɖɔ li wo kple yeye siwo te amesi va xɔ ɖe eteƒe de asii . . . Wò ɖaseɖigbalẽe nye si. Yi wò gadzraɖoƒe ŋkeke etɔ̃agbe, eye woatsɔ ga si nètsɔ na mí fifia la ana wò.” Adzodalaawo to ayemɔ sia dzi da adzo xɔ lire miliɔn 15 (anye $9,000) le amewo si ŋkeke ɖeka!

Italy ƒe adzodala aɖewo tena ɖe amesiwo meɖɔa ŋu ɖo o, si me ame tsitsiwo hã le, ŋu le mɔdodowo dzi. Wobiaa amesiwo mele ŋudzɔ o be yewoaku nu me le wo gbɔ eye wonaa agbalẽɖeɖe wo be woade asi ete, eye wogblɔna be woƒe asidede ete la nye kpeɖodzi ko be woku nu me le wo gbɔ. Le nyateƒe me la, dɔwɔɖoɖo aɖe si fia be enye agba na wo be woawɔ nane alo woaƒle nane tee wole asi demee.

Ke emegbe woɖoa nubablɛ aɖe si nye nudzadzra ɖe amea, ɖewohĩ nuxlɔ̃ame nanɔ eƒe kotoku dzi wòadze kɔte be ne egbe nua ƒeƒle la, woahe to aɖe nɛ. Ame aɖewo vɔ̃na, vevietɔ ame tsitsiwo, eye wosusunɛ be enyo be yewoaxe ga si ne wotsɔe sɔ kple esi woava gblẽ ɖe nyahehe ŋu la, ele sue la axɔ nua wu esi woava kplɔ yewo ayi ʋɔnui.

Aleke gbegbe adzodada bɔe ɖe Italy? L’Italia che truffa gblɔ be amesiwo wodaa adzoe eye wogblɔnɛ na kpovitɔwo la ade ame 500,000 ƒe sia ƒe. Ne mede ɖeke o la, amesiwo wodaa adzoe siwo megblɔnɛ o la ade xexlẽme ma ƒe teƒe etɔ̃. Television dɔwɔƒe ƒe nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ be: “Xexlẽme bliboa dea mɔ̃ ƒomevi vovovo miliɔn eve siwo woɖona ƒe sia ƒe, alo abe akpe atɔ̃ va ɖo ade ene gbesiagbe.”

Eye alea koe wònɔa dzɔdzɔmee. Amesiwo daa adzo amewo xɔa woƒe ga megblẽa ƒe aɖeke xɔlawo (alo ŋutigbalẽ ƒe amadede, dukɔ, gbegbɔgblɔ aɖeke me tɔwo) ɖi le nya sia me o—eye zi geɖe la, woƒe agbemegawo katãe wònyena. Kpɔ nyuie! Ate ŋu adzɔ ɖe dziwò.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]

Alesi Nàwɔ Womada Adzo Wò O

MENYE telefon dzi adzɔdohawo katãe meɖia anukware o. Le kpɔɖeŋu me, Amerikatɔ Dzudzɔxɔledɔmelawo ƒe Habɔbɔ (AARP le Eŋlisigbe me) gblɔ be adzɔha 140,000 ye zã telefon tsɔ dzra nui le ƒe 1994 me le United States. Wosusui be wo dometɔ 10 le alafa me, alo 14,000 ye da adzo ame. Eyata ehiã be nàɖɔ ŋu ɖo ne wogblɔ nya aɖe si me numevivi le akpa na wò. Aɖaŋuɖoɖo aɖewo siwo akpe ɖe ŋuwò be telefon dzi nudzralawo mada adzo wò o ƒe ɖewoe nye si.

◆ Ne ame aɖe ƒo ka gblɔ na wò be èɖu nane femaxee la, ɖewohĩ nu nyuitɔ kekeake si nàwɔe nye be nàɖe asi le telefon la ŋu ada ɖi.

◆ Ne telefon dzi nudzrala aɖe be kokoko nàƒlee egbea ne menye nenema o ava tsi megbe akpa la, zi geɖe la, enyea dzesi be menye nu nyuie nua nye o.

◆ Dzra wò nugbanaƒlegaxɔgbalẽ ƒe xexlẽdzesi ɖo nyuie. Mègatsɔe na amesiwo mènya o siwo anɔ ka ƒom anɔ ga biam o.

◆ Mègaƒle naneke le telefon dzi o negbe wòe ƒo kaa bia gbã eye wònye adzɔha si ɖoa nu ɖa to posu me si nènya be woɖia anukwaree hafi.

Ehiã be amesiwo si aƒe le naɖɔ ŋu ɖo le amesiwo flua ame be xɔdzraɖolawoe yewonye la ŋu. Aɖaŋu siwo AARP ƒe Dɔŋutinyawo ɖo dometɔ ʋee aɖewoe nye si:

◆ Mègana amesi mènya o nawɔ dɔ na wò ne menye ɖe nèku nu me tsitotsito le amea ŋu o; bia ame bubu siwo wòwɔ dɔ na kpɔ ƒe ŋkɔ kple telefon xexlẽdzesiwo.

◆ Mègade asi naneke te ne menye ɖe nèlé ŋku ɖe nua ŋu nyuie o, eye kpɔ egbɔ be yese ɖoɖo siwo katã le ɖoɖowɔgbalẽ ɖesiaɖe dzi la me eye nèlɔ̃ ɖe edzi.

◆ Mègaɖo ŋu ɖe ame aɖe ŋu be wòaɖe ɖoɖowɔgbalẽ me na wò o negbe amesi nènya si dzi nèka ɖoe. Wò ŋutɔ xlẽ ɖoɖowɔgbalẽa dzi nuŋɔŋlɔ suesue siwo me nyawo doa viviti la.

◆ Mègaxe nuwo dzraɖodɔ si wòawɔ na wò la ƒe fe do ŋgɔ gbeɖe o. Kpɔ egbɔ be wowɔ dɔa wu enu alesi nèdii hafi nàxe fe mamlɛa.

Nɔ ŋudzɔ. Bu nuwo ŋu nyuie. Ne nane menyo na wò o la, megate ɖe dziwò be nàgbe eƒeƒle o. Eye ɖo ŋku edzi be: Ne wovivi nume ɖe nane ŋu akpa la, ke ɖewohĩ amebletɔ ye.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Adzodalawo wɔa wo ɖokui abe ɖe wotsɔ ɖe le eme na ame tsitsiwo ene bene yewoada adzo wo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe