INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g00 2/8 axa 31
  • Ame Vovovo Siwo Tsia Aʋa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Vovovo Siwo Tsia Aʋa
  • Nyɔ!—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Woɖe Nya Ɣaɣla Dziŋɔ aɖe Gɔme
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Aleke Etsɔme Anɔ Na Aʋawɔwɔ?
    Nyɔ!—1999
  • Ŋutifafa Aɖeke Meli na Dɔla Aʋatsotɔwo O!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Aʋawɔwɔ Tsrɔ̃a Ðevi Geɖe
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2000
g00 2/8 axa 31

Ame Vovovo Siwo Tsia Aʋa

WOGBLƆ le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Radio (UN Radio) dzi wɔna si nye “Perspective” me be “aʋa siwo wowɔna egbea to vovo na esiwo wowɔ va yi . . . Dukɔmevi dzrowo, meganye asrafowo o” ye tsia eme. Le kpɔɖeŋu me le xexemeʋa I me la, amesiwo katã wowu dometɔ 5 le alafa me koe nye dumevi dzrowo. Gake le xexemeʋa II lia me la, dumevi dzro siwo wowu ƒe xexlẽme yi dzi va ɖo alafa memama 48. UN Radio gblɔ be egbea la, “amesiwo wowuna le aʋawɔwɔwo me katã kloe nyea dumeviwo—alafa memama 90—eye wo dometɔ akpa gãtɔ nyea nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo.”

Olara Otunnu si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã ƒe Teƒenɔla Tɔxɛ Hena Ðeviwo Kple Aʋawɔnyawo Gbɔ Kpɔkpɔ gblɔ be, “wowu ɖevi siwo ade miliɔn eve le aʋawɔwɔwo me tso ƒe 1987 me.” Efia be wowua ɖevi siwo wu 450 le mama dedie nu le aʋawɔwɔ me gbesiagbe le ƒe 12 siwo va yi me! Gakpe ɖe eŋu la, le ɣeyiɣi ma ke me, wode abi ɖevi siwo wu miliɔn ade ŋu vevie alo wozu wɔametɔwo tegbee.

Aƒetɔ Otunnu ɖo aɖaŋu be mɔ ɖeka si dzi Dukɔ Ƒoƒuawo ate ŋu ato atsi ɖeviwo wuwu le aʋawɔwɔ me nu enye be woaɖo teƒe aɖewo be wonye ŋutifafa teƒewo. “Ele be woabu teƒe siwo ɖeviwo sɔ gbɔ le, abe sukuwo, kɔdziwo, kple modzakaɖeƒewo be wonye teƒe siwo womawɔ aʋa ayii o.” Gake UN Radio gblɔ kpee be “mɔxexe ɖe aʋawɔwɔ nu koŋ” enye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi Dukɔ Ƒoƒuawo ato akpɔ egbɔ be woagawu dukɔmevi dzrowo le aʋawɔwɔ me o. Le nyateƒe me la, ehiã be woaɖe aʋawɔwɔ ŋutɔ ɖa bene amewuwu le aʋawɔwɔ me natɔ te. Ðe ema ava eme gbaɖegbea?

Le esi aʋawɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi yɔ amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me ta la, esɔ be ame akpa gãtɔ susuna be amegbetɔwo mate ŋu ahe ŋutifafa ava anyigba bliboa dzi o. Gake Mawu ƒe Nya, Biblia, do ŋugbe be Yehowa Mawu awɔe: “Etsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke!” (Psalmo 46:10) Ɣekaɣie nusia adzɔ? Eye nukatae nàte ŋu aka ɖe edzi be ŋugbe si Mawu do be yeahe ŋutifafa ava anyigba katã dzi la ava eme? Ne èdi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo la, ke taflatse zã adrɛs siwo le axa 5 lia dometɔ si te ɖe ŋuwò wu nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo, alo nàyi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe ŋuwò me. Womabia be nàwɔ naneke alo axe fe aɖeke o—woana wò ŋuɖoɖo siwo le tẽ ko.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 31]

UN PHOTO 156450/J. Isaac

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe