Nusita Ðeviwo Te Ŋu Zua Aʋawɔla Bibiwo
ÈWU AMEA? “Ao.”
TU NƆ ASIWÒA? “Ẽ.”
ÈDZIDZE TUA ÐE AMEWO DZIA? “Ẽ.”
ÈDAEA? “Ẽ.”
NUKAE DZƆ? “Ðeko wonɔ anyi dzem.”—World Press Review, January 1996.
DZE ble fu lãme sia si hadome kpekpeɖeŋu dɔwɔla aɖe ɖo kple ɖevi asrafo aɖe le Afrika la ɖe alesi ɖevia ƒe susu tɔtɔe esi wòle agbagba dzem be yeaɖe nusiwo me yeto ɖa le susu me fia.
Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me le dukɔ 25 me la, ɖevi siwo mexɔ ƒe 16 haɖe o hã wɔ aʋã. Le ƒe 1988 ɖeɖeko me la, ɖevi siwo ade 200,000 ƒo wo ɖokui ɖe aʋawɔwɔwo me vevie. Esi ame tsitsiwo ble ɖevi aʋawɔlawo nu ta la, egblẽa nu le ɖeviawo hã ŋu vevie.
Viɖe si Le Woƒe Asrafonyenye Ŋu
Le blema esime aʋakɔwo zãa akplɔ kple yiwo wɔa aʋae la, ɖevi mate ŋu ate ɖe ame tsitsi si hã si aʋawɔnu mawo ke le ŋu o. Gake aʋawɔnu wodzoewo zãmee wole fifia. Egbea ɖevi si tsɔ aʋawɔtu—Soviettɔwo ƒe AK-47 alo Amerikatɔwo ƒe M16—ate ŋu anɔ te ɖe ame tsitsi nu.
Menye ɖeko aʋawɔnu siawo le wodzoe ko o ke wo zazã kple beléle na wo hã le bɔbɔe. Ƒe ewo vi ate ŋu akaka AK-47 agafɔe kpe. Tu siawo bɔ fũ hã. AK-47 siwo wodzra ade miliɔn 55. Le Afrika-dukɔ aɖe me la, (United States) $6 koe wodzranɛ. M16-tuwo hã bɔ eye womexɔ asi o.
Tsɔ kpe ɖe alesi ɖeviwo te ŋu zãa aʋawɔtuwo nyuie ŋu la, wonye asrafo siwo ŋu viɖe le le susu bubuwo hã ta. Womebiaa fetu o, eye ƒã hafi wosina. Azɔ hã didi vevie aɖe le ɖeviwo me be yewoadze yewoƒe ame tsitsiwo ŋu. Woƒe didi be ablɔɖediha alo vivimeʋawɔha ɖesiaɖe ko si zu “ƒome” na wo naxɔ yewo la vuna tsyɔa woƒe nukpɔsusu le nyui kple vɔ̃ ŋu dzi.
Wo dometɔ geɖe hã megavɔ̃na o. Ame aɖe si léa ŋku ɖe asrafonyawo ŋu le Ɣetoɖoƒe Afrika gblɔ be: “Esi [ɖeviwo] mese ku gɔme abe alesi asrafo tsitsiwo se egɔmee ene o ta la, asesẽ wu be woana ta ne nu glo wo.” Ŋutsuvi Liberiatɔ aɖe si wona megbeŋkɔe be “Aʋafia Amewumɔ̃” la ƒo adegbe be: “Ne ame tsitsiawo trɔ hesi la, mí ɖevi sueawoe nɔa te wɔa aʋa.”
Ewɔ nuku be togbɔ be ŋutsuviwo te ŋu nyea asrafo nyuiwo hã la, zi geɖe woawoe womebuna ɖe ɖeke me o wu. Esi wonɔ aʋa aɖe wɔm le Titina Ɣedzeƒe la, woɖe gbe na ɖeviwo ƒe asrafohawo be woanɔ ŋgɔ ato teƒe siwo woɖi tomebɔmbwo ɖo.
Wo Xɔxɔ Ðe Dɔ Me Kple Wo Mamlã
Ðevi aɖewo gena ɖe asrafohawo alo aglãdzeƒuƒoƒowo me le esi wodi be yewoate kalẽwɔwɔ kpɔ ta. Azɔ hã ne afɔku gbɔna eye ƒomewo tɔtɔ la, asrafoha me nɔnɔ na wokpɔnɛ be yewole dedie eye wòva zua ƒome na wo. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nyawo Gbɔ gblɔ be: “Ðevi siwo tsi ɖe afisi wowɔa ʋunyaʋunya le kpɔnɛ be nenema koe agbenɔnɔ le. Zi geɖe ne woawo ɖeɖe wotsi anyi, wozu tsyɔ̃eviwo, wodo ŋɔdzi na wo, nu ti kɔ na wo eye dzi ɖe le wo ƒo la, wotianɛ be yewoazu asrafowo.”
Ðevi bubuwo gena ɖe asrafohawo me elabena ɖewohĩ wokpɔnɛ be eyae ade yewo dzi wu. Ɣeaɖewoɣi ne nuɖuɖu le vevem eye afɔku do mo ɖa la, adze abe asrafoha me nɔnɔ koe ana woatsi agbe ene.
Ɣeaɖewoɣi ɖeviwo kpɔnɛ be yewole avu wɔm ɖe hadome nudzɔdzɔewɔwɔ, subɔsubɔdzixɔsewo, alo dekɔnuwo ta. Le kpɔɖeŋu me le Peru la, wozãa ɣeyiɣi didi geɖe tsɔ fiaa dunyahenyawo ɖevi siwo dzi wozi de vivimeʋawɔhawo me. Gake zi geɖe la, mehiã nenema o. Brian Milne si nye hadomenyawo ŋutinunyala si srɔ̃ nu le ɖevi siwo nye asrafowo ŋu le Anyieheɣedzeƒe Asia la gblɔ be: “Gɔmeɖose alo dzixɔse mele ɖeviwo si o. Akpa ɖeka alo kemɛa te ŋu blea wo nu bɔbɔe hezãa wo.”
Le ɖevi bubuwo hã gome la, ɖe wozia wo dzi dea eme. Le Afrika-ʋa aɖewo me la, asrafohawo dzea kɔƒewo dzi léa ɖeviwo, eye emegbe wona wokpɔa eteƒe ne wole fu wɔm woa ŋutɔwo ƒe ƒometɔwo hele wo wum alo wona wokpɔa gome le eme. Ɣeaɖewoɣi wozia wo dzi be woada tu wo dzilawo alo woatso ta le wo nu. Esi wodo ŋɔdzi na ŋutsuviawo alea ta la, eʋãa woawo hã be wodoa ŋɔdzi na ame bubuwo. Zi geɖe la, ɖevi siawo siwo ŋu wosẽ ŋuta le wɔa ŋutasẽnu siwo asrafo tsitsi kpɔnuteƒewo gɔ̃ hã madi be yewoawɔ o.
Tɔtrɔ Ðe Agbe Ðɔʋu Nɔnɔ Ŋu
Menɔa bɔbɔe na ɖevi siawo be woanɔ agbe si me ʋunyaʋunyawɔwɔ mele o. Ðeviwo ƒe nyawo gbɔkpɔƒe aɖe si le Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ aɖe ƒe amegã gblɔ be: “Ðevi siwo katã gbɔ míekpɔ la megale ame me o le mɔ vovovowo nu. Wodɔ nyɔnuwo gbɔ sesẽe, wowu amewo hewɔ fu ɖewo. Wona aha alo atike vɔ̃ɖiwo wo dometɔ akpa gãtɔ, vevietɔ marijuana, gake wonaa heroin wo ɣeaɖewoɣi. . . . Àte ŋu akpɔ alesi gbegbe nusiawo agblẽ nu le ɖevi siawo siwo dometɔ aɖewo xɔ ƒe enyi alo ƒe asieke ko la ƒe susu ŋui la le susu me.”
Nenema ke nɔnɔmea le le Liberia si do liƒo kplii hã, afisi ɖevi akpe bla nanewo zã woƒe ɖevimenɔɣi tsɔ do ŋɔdzi na kɔƒenutometɔwo le. Menye nu bɔbɔe wònye be ƒewuivi siwo nye asrafomegãwo kple aʋafiawo naɖe asi le ɖoƒe kple ŋusẽ si AK-47 na wo la ŋu o. Ame aɖe si le Somalia gblɔ be: “Ne tu le asiwò la, àte ŋu atsi agbe. Ne tu mele asiwò o la, ke màte ŋu anɔ agbe o.”
Zi geɖe la, ɖevi aʋawɔlawo mete ŋu trɔna yia aƒeme o le vɔvɔ̃ na wɔɖenui alo esi woƒe ƒomea agbe wo ta. Ðeviwo ƒe aɖaŋuɖola aɖe si le Liberia gblɔ be: “Vidadawo gblɔna na mí be, ‘Nenɔ mia gbɔ ko. Míedi ŋutasẽla sia le míaƒe aƒeme o.’”
Togbɔ be ɖevi geɖe te ŋu gava nɔ ŋutifafagbe hã la, tɔtrɔ ma bia lɔlɔ̃, kpekpeɖeŋu, kple nugɔmesese geɖe ŋutɔ tso amesiwo dome wole gbɔ. Menɔa bɔbɔe na ɖeviawo loo alo woƒe ƒomewo o. Hadome kpekpeɖeŋu dɔwɔla aɖe si le Mozambique ɖe eme be: “Tsɔ agbenɔnɔ si me nète ŋu tsɔa nusianu si nèdi faa heɖea gbe na ame bubuwo la sɔ kple agbe si nànɔ ne ètrɔ va kɔƒea me. Vevietɔ ne èxɔ ƒe 17 evɔ mènya agbalẽ o eye mèsrɔ̃ dɔ aɖeke hã o. Agbenɔnɔ ati kɔ na wò ale gbegbe. Esesẽ ŋutɔ ne egava dzɔ be ame bubuwoe agblɔ nusi nàwɔ na wò eye nàgava dze sukudede gɔme ake.”
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 15]
Afghanistan ye Anwar si xɔ ƒe 13 le. Enɔ eme wokpe aʋa zi ade kpɔ, eye aʋakpekpe adrelia mee wòwu ame le zi gbãtɔ. Ete ɖe asrafo eve ŋu da tu wo eye emegbe etsɔ eƒe tuzɔ tu wo be yeaka ɖe edzi be woku. Esime wobia Anwar alesi wòkpɔ le nudzɔdzɔa ŋui la, edze abe biabia la wɔ mo yaa nɛ ene. Egblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ elabena mewu wo.”
Le aʋakpekpe ma ke me la, Anwar ƒe asrafohatiwo lé futɔwo ƒe asrafo ene. Wobla asi kple ŋkume na aboyomeawo eye woda tu wo. Nukae Anwar susu le ema ŋu? Ðevi aʋawɔla la ke ŋku ɖi eye wògbɔ dzi ɖi ɖo eŋu blewu abe amesi mele ɖeke nyam o ye wònɔ nu ƒom na ene. “Edzɔ dzi nam.”
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 16]
Kunyowu nɔ gamenɔla aɖe si ŋu wodi be woaɖe asi le ƒe asiwo le Ɣetoɖoƒe Afrika, gake aʋaŋgɔnɔla la bu eƒe safuiwo. Nusi aʋaŋgɔnɔla la wɔ tsɔ kpɔ kuxia gbɔe nye be eɖe gbe na ŋutsuvi asrafo aɖe be wòalã gamenɔla la ƒe asiwo ɖa. Ŋutsuvia gblɔ be: “Megasea ɣli sesẽ si ŋutsua do le nye drɔ̃ewo me kokoko. Ɣesiaɣi si mabu eŋu ko la, evenam ŋutɔ be mewɔe.”