Ðevi Siwo Ðo Xaxa me
“Ne míezã ɣeyiɣi, ŋusẽ kple ɖetsɔleme tɔxɛ ɖe ɖeviwo ŋu o la, ameƒomea ƒe kuxi vevi siwo li hena ɣeyiɣi didi la akpɔtɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi.”—Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha.
ÐEVIWO ɖo xaxa me le xexeame katã. Wogblɔ kpeɖodzi blibo si le nublanuinya sia ƒe dzidziɖedzi ŋu nya le Xexeame ƒe Tsitretsitsi ɖe Ðeviwo Gbɔdɔdɔ ƒe Asitsatsa Ŋu Takpekpe si wowɔ le Stockholm, Sweden, le ƒe 1996 me eye dukɔ 130 ƒe amedɔdɔwo kpe ta la me. Le kpɔɖeŋu me, woɖo kpe edzi be le xexeame ƒe akpa geɖe la, nyɔnuvi miliɔn geɖe li siwo dzi wozi be woanye gbolowo, siwo dometɔ aɖewo nye ɖevi matsimatsi ƒe ewo viwo gɔ̃ hã.
Australiatɔwo ƒe magazine si nye Melbourne University Law Review gblɔ be woyɔ amedzizizi be wòanye gbolo sia be “kluvisitsatsa vɔ̃ɖitɔ kekeake si li egbea.” Le ŋutilã me, susu me, kple seselelãme ƒe nuvevi si wowɔ nyɔnuvi siawo ƒe geɖe ta la, wode abi wo ŋu tegbee. Le nudzɔdzɔ akpa gãtɔ me la, nyɔnuviawo lɔ̃ ɖe ŋutasẽnuwɔna sia dzi le nusi woaɖu anɔ agbe ta ko. Ne womelɔ̃ o la, dɔ awu wo woaku. Nublanuitɔe la, gbɔdomevi siawo dometɔ geɖe dzila siwo da ahe kolikoli lae zi wo dzi wozu gbolowo esi wodzra wo xɔ ga ɖe wo ta.
Esi gakpe ɖe ɖeviwo ƒe nublanuinya sia si dze gaglã si nye nya woʋlina vevie ɣesiaɣi ŋu lae nye ɖeviwo dzi zizi be woawɔ dɔ sesẽwo. Le Asia, Anyiehe Amerika, kple teƒe bubuwo kpakple le United States ƒe nuto siwo me amewo ʋuna yina enuenu me la, wozia ɖevi siwo dometɔ aɖewo nye ɖevi matsimatsi ƒe atɔ̃ viwo gɔ̃ hã dzi be woawɔ nusi woate ŋu ayɔ be “kluvigbatedɔ.” Wowɔa dɔ abe robot suewo ene le nɔnɔme wɔnublanui siwo gblẽa nu le woƒe ŋutilã kple susu fẽwo ŋu vevie me. Wo dometɔ akpa gãtɔ mede suku o, womekpɔ lɔlɔ̃ si dzila aɖe afia via o, womekpɔ aƒe si me woanɔ aɖe dzi ɖi o, fefenu aɖeke mele wo si o, eye fefeƒe aɖeke hã mele wo si o. Wo dometɔ geɖe dzilawo sẽ ŋuta le wo ŋu le woa ŋutɔwo ƒe viɖe ta.
Ðevisrafowo Kple Tsyɔ̃eviwo Dzikpɔƒewo
Nusi gana kuxia gasesẽ ɖe edzie nye vivimeʋawɔsrafowo ƒe ɖevisrafowo zazã si dzi ɖe edzi. Wote ŋu léa ɖeviwo akpasesẽe alo woƒlea wo le kluvisiƒleƒewo eye wotoa mɔ vovovowo dzi wɔa wo tagbɔsẽlawoe, ɣeaɖewoɣi wonaa wokpɔa amewuwu teƒe. Woɖea gbe na wo dometɔ aɖewo be woawu woa ŋutɔwo dzilawo gɔ̃ hã, alo be woazã atikemuamewo be wòado ŋusẽ wo ɖe amewuwu ŋu.
Nya siwo gbɔna nye nusiwo do tso ɖevisrafo akpe geɖe siwo nu woble le Afrika be woagblɔ nya siwo le woƒe susu me la ƒe kpɔɖeŋu. Dzeɖoɖo blefulãme sia yi edzi le hadome kpekpeɖeŋunadɔwɔla aɖe kple ŋutsuvi si nye asrafo si anɔ eme kokoko be enɔ agbagba dzem be yeaʋli yeƒe fɔmaɖimaɖi ta la dome:
“Èwu amea? ‘Ao.’
Tu nɔ asiwòa? ‘Ẽ.’
Èdzidze tua ɖe amewo dzia? ‘Ẽ.’
Èdaea? ‘Ẽ’
Nukae dzɔ ɖe wo dzi? ‘Ðeko wodze anyi.’ ”
Ne míekpɔ asrafo siwo xɔ tso ƒe ade dzi yina la, mewɔ nuku o be ame aɖe gblɔ be gɔmesese yeye kura ate ŋu anɔ nya “infantry” (anyigbasrafowo, ɖevisrafowo) ŋu. Woka nya ta be tso keke 1988 me ke gɔ̃ hã la, ɖevisrafowo ƒe agbɔsɔsɔ de 200,000 le xexeame godoo.
Wogblɔ be le tsyɔ̃viwo dzikpɔƒe aɖe le Asia-dukɔ aɖe me la, wotia ɖevi 550 siwo ƒe akpa gãtɔ nye nyɔnuviwo be woawɔ dɔ fu wo woaku le ƒe 1988 kple ƒe 1992 dome. Ðɔkta aɖe ka nya ta be: “Tsyɔ̃evi mawo mekpɔ atike aɖeke atsɔ atsi woƒe vevesesewo nu o. Esi wonɔ kudɔ ƒom gɔ̃ hã la, wobla wo ɖe woƒe abatiwo ŋu.”
Ke Europa hã ɖe? Dzi ku dukɔ aɖe si le afima me tɔwo vevie esi wova ke ɖe dɔwɔƒe aɖe si léa dukɔ vovovo me nyɔnuviwo akpasesẽ hewɔa wo gbolowoe la ŋu. Nublanuitɔe la, wowu nyɔnuviawo dometɔ aɖewo alo wowɔ dɔ fu wo woku.
Nyatakaka siawo ɖee fia kɔte be dukɔ geɖe dze ŋgɔ ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu kple wo tafatafa ƒe kuxi gã aɖe. Gake amiɖeɖe ɖe nyae wònye be woagblɔ be esia nye xexeame katã ƒe kuxia? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia sia ŋu.
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Ðevisrafo le Liberia
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
John Gunston/Sipa Press
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Anyikpemeƒe aɖe le Colombia, ɖeviwo xɔna ɖe agbatsɔkekewo teƒe
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
UN PHOTO 148000/Jean Pierre Laffont
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]
FAO photo/F. Botts