INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 11/8 axa 17-19
  • Alesi Aʋawɔwɔ Gblẽa Ðeviwo Domee

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Aʋawɔwɔ Gblẽa Ðeviwo Domee
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aʋawɔnuwo, Dɔwuame, Kple Dɔléle
  • Aƒe Mele Wo Si O, Ƒome Mele Wo Si O
  • Tomebɔmbwo Wua Wo
  • Fu Wɔwɔ Wo Kple Wo Gbɔ Dɔdɔ Sesẽe
  • Nuteɖeamedzi
  • Aleke Woakpe Ðe Ðeviwo Ŋui?
  • Vɔvɔ̃—Ebɔ Fifia Gake Manɔ Anyi Ðaa O!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Ðeviwo Dze na Beléle Kple Lɔlɔ̃
    Nyɔ!—2000
  • Kuxia Le Xexeame Katã
    Nyɔ!—1999
  • Aʋawɔwɔ ƒe Nɔnɔme Trɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 11/8 axa 17-19

Alesi Aʋawɔwɔ Gblẽa Ðeviwo Domee

ƑE 1995 ƒe gɔmedzedze mee wokpe aʋa ma, si nye geɖe si wokpe le Sierra Leone dukɔmeviʋaa me la dometɔ ɖeka. Esi tudadaa nu nɔ fafam la, Tenneh si xɔ ƒe ene, amesi dzilawo wowu le aʋaa me xoxo la xɔ abi mlɔ anyigba. Tukpe ge ɖe eƒe tago me, le eƒe ɖusiŋku xa tututu, eye afɔku si me wòɖoe nye be tukpea azu aɖi si akaka aɖo eƒe ahɔhɔ̃ me ahawui.

Ɣleti 16 megbe la, atsu kple asi Britaintɔ aɖewo wɔ ɖoɖo wokplɔ Tenneh yi England be woava wɔ dɔ nɛ. Amekolawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖe tukpea ɖa, eye edzɔ dzi na amewo be wote ŋu wɔ dɔ nɛ dzidzedzetɔe, be woxɔ ɖevia ɖe agbe. Gake amewo ƒe dzidzɔ nu tso esi wova nya be tsyɔ̃evie Tenneh nye, amesi mele be woada tui kura hafi o.

Aʋawɔnuwo, Dɔwuame, Kple Dɔléle

Togbɔ be menye ɖe woɖoe da tu Tenneh o hã la, eva le bɔbɔm be menye tukpe siwo tra ye wua ɖeviwo o, ke boŋ ɖe woɖonɛ koŋ wua wo. Ne towo dome dzrehehewo do mo ɖa la, menye ame tsitsiwo ko wowuna o; wobua futɔwo ƒe viwo be woawoe ava zu futɔwo le etsɔme. Dunyahehemedzrola aɖe si le Rwanda gblɔ le radio dzi le ƒe 1994 me be: “Ne àwu alegeligãwo la, ele be nàwu alegeliviawo hã.”

Gake menye bɔmbwo alo tukpewoe wua ɖevi siwo tsia aʋa la dometɔ akpa gãtɔ o, ke dɔwuame kple dɔléle boŋ ye. Le kpɔɖeŋu me le Afrika-ʋawo me la, amesiwo kuna le nuɖuɖu kple atike makpɔmakpɔ ta la dea amesiwo aʋawɔwɔ ŋutɔ wuna teƒe 20. Mɔxexe ɖe nuzazã veviwo nu nye aʋawɔɖaŋu si ŋudɔ wowɔna ŋutasesẽtɔe le egbeɣeyiɣiwo me. Asrafowo ɖi tomebɔmbwo ɖe agbledenyigba gãwo me, wogblẽ blivawo kple tsimɔwo, eye wozia kpekpeɖeŋununanawo dzi. Wogbã atikewɔƒewo heka atikewɔlawo hlẽ.

Ðeviwo ŋue mɔnu siawo gblẽa nu le wu. Le kpɔɖeŋu me tso ƒe 1980 vaseɖe ƒe 1988 me la, ɖevi siwo ku le nɔnɔme siwo aʋawɔwɔ he vɛ me ƒe xexlẽme de 330,000 le Angola kple 490,000 le Mozambique.

Aƒe Mele Wo Si O, Ƒome Mele Wo Si O

Aʋawɔwɔ wɔa amewo tsyɔ̃eviwoe ne wowu wo dzilawo, gake ewɔa amewo nenema hã ne emã ƒomewo me. Le xexeame katã la, amesiwo ade miliɔn 53 si dzo le woƒe aƒewo me le esi ʋunyaʋunyawɔwɔ do ŋɔdzi na wo ta. Ema ade ame 1 le ame 115 ɖesiaɖe si le anyigba dzi me! Woƒe afã ya teti nye ɖeviwo. Ðeviwo kple wo dzilawo dome mãna zi geɖe ne ŋɔdzi lé wo eye wole sisim.

Aʋa si dzɔ le Rwanda wɔe be kaka ƒe 1994 nawu enu la, ɖevi 114,000 meganɔ wo dzilawo gbɔ o. Le akɔnta aɖe si wobu le ƒe 1995 me nu la, edzɔ ɖe ɖevi 1 le 5 ɖesiaɖe me dzi nenema kpɔ le Angola. Le ɖevi geɖe, vevietɔ suetɔwo gome la, ŋɔdzi si me wonɔna le wo dzilawo gbɔ manɔmanɔ ta nye nuxaxa na wo wu zitɔtɔ si aʋaa ŋutɔ hena vɛ.

Tomebɔmbwo Wua Wo

Le xexeame katã la, tomebɔmbwo wó kaka ɖevi akpe alafa geɖe esi wodo go va nɔ fefem, wonɔ lãwo kplɔm, woyi nake fɔƒe, alo nɔ nukuwo ƒam. Tomebɔmbwo wua ame 800 ɣleti sia ɣleti. Le dukɔ 64 me la, tomebɔmb siwo katã woɖi ɖe tome la ade miliɔn 110. Miliɔn adre sɔŋ ye woɖi ɖe Cambodia, si nye eve na ɖevi ɖesiaɖe le mamã dedie nu.

Dukɔ 40 kple edzivɔ wɔa tomebɔmb ƒomevi 340 siwo ƒe nɔnɔme kple amadede le vovovo. Ðewo le abe kpewo ene, ɖewo ɖi atɔtɔwo, eye bubuwo hã le abe kpakpaluʋui suesue siwo ƒe amadede nye gbemu siwo tsoa helikɔptawo me va gena ɖe anyigba eye womewóna o. Nyatakakawo ɖee fia be wotsɔ tomebɔmb siwo ŋu wotrɔ asi le woɖi fefenuwo la kɔ ɖe sukuwo kple fefeƒewo afisi nyɔnuwo kple ɖeviwo akpɔ wo le.

Tomebɔmb si wowɔ ɖe asrafowo ŋu la wɔwɔ xɔa abe $3 ko ene, gake exɔa $300 vaseɖe $1,000 hafi wokena ɖe tomebɔmb ɖeka ŋu honɛ le tome. Le ƒe 1993 me la, tomebɔmb siwo ade 100,000 ye woho le tome, gake wogaɖi miliɔn eve bubuwo ɖe tome. Wo katã le amewo lalam woawu, eye womedea vovototo asrafo kple ɖevi dome o, womenya ŋutifafanubabla aɖeke o, eye ŋusẽ nɔa wo me wòdea ƒe 50.

Le May 1996 me, esime Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ɖoɖowɔlawo tsɔ ƒe eve dzro nu me le Geneva, Switzerland, vɔ megbe la, womete ŋu ɖo asi tomebɔmbwo wɔwɔ dzi le xexeame katã o. Togbɔ be wode se ɖe tomebɔmb ƒomevi aɖewo wɔwɔ nu eye woxe mɔ ɖe bubu aɖewo zazã nu hã la, womagaƒo nu tso asi ɖoɖo tomebɔmbwo wɔwɔ dzi keŋkeŋ ŋu o vaseɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe numedzrokpekpe si woɖo be yewoawɔ le ƒe 2001 me hafi. Tso fifia vaseɖe ɣemaɣi la, tomebɔmbwo ate ŋu agawu ame 50,000 eye woawɔ nuvevi ame 80,000. Amesiawo dometɔ geɖe anye ɖeviwo.

Fu Wɔwɔ Wo Kple Wo Gbɔ Dɔdɔ Sesẽe

Le aʋa siwo wowɔ nyitsɔ laa me la, wowɔ fu ɖeviwo tsɔ he to na wo dzilawo loo alo be woatsɔ akpɔ nyatakaka tso wo gbɔ le wo dzilawo ŋu. Ɣeaɖewoɣi le ŋutasesẽ ƒe aʋawɔxexea me la, womewɔa fu ame ɖe susu aɖeke ta o, eyata wowɔa fu ɖeviwo tsɔ ɖea modzaka ko.

Gbɔdɔdɔ ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ, si me nyɔnu gbɔ dɔdɔ sesẽe le, bɔ ɖe aʋawɔwɔ me. Esime wonɔ aʋa wɔm le Balkan-dukɔwo me la, woɖoe be woadɔ nyɔnuvi ƒewuiviwo gbɔ sesẽe eye woazi wo dzi woadzi vi na futɔwo. Nenema ke le Rwanda la, asrafowo dɔ nyɔnuwo gbɔ sesẽe kple susu be woagblẽ ƒomekadodowo me. Le asrafowo ƒe amedzidzedze aɖewo me la, wodɔ nyɔnuvi ƒewuivi ɖesiaɖe kloe si tsi agbe la gbɔ sesẽe. Nyɔnuvi geɖe siwo fɔ fu la ƒe ƒomewo kple nutometɔwo gbe wo. Nyɔnuvi aɖewo si le wo viwo gbɔ; bubuwo wu wo ɖokui.

Nuteɖeamedzi

Zi geɖe ne aʋa dzɔ la, ɖeviwo toa nɔnɔme siwo sesẽ wu nusiwo doa ŋɔdzi na ame tsitsi geɖewo wu me. Le kpɔɖeŋu me le Sarajevo la, numekuku si wowɔ le ɖevi 1,505 ŋu ɖee fia be woda bɔmb ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe kloe dzi kpɔ. Woda tu wo dometɔ afã kple edzivɔ kpɔ, eye woƒe akpa eve le etɔ̃ me nɔ nɔnɔme siwo me wokpɔ mɔ be woawu wo le me kpɔ.

Wokpɔe le numekuku siwo wowɔ le ɖevi 3,000 dome le Rwanda me be wo dometɔ 95 le alafa me kpɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ kple amewuwu teƒe le to ɖeka me tɔwo tsɔtsrɔ̃a me, eye be wo dometɔ 80 le alafa me kloe ƒe ƒometɔwo ku. Woƒe akpa eve le etɔ̃ me kloe kpɔ eteƒe wodɔ amewo gbɔ sesẽe alo wotsɔ gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo ɖe fu na amewo dzizizitɔe eye woƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me kpɔ ɖevi bubuwo wonɔ gome kpɔm le amewuwu alo ameƒoƒo me. Nusiawo teƒe kpɔkpɔ tɔtɔa susu na ɖeviwo hegbãa dzi na wo. Ðevi siwo to ŋɔdzinuwo me ŋuti nyatakaka si tso tsã Yugoslavia gblɔ be: “Wogaɖoa ŋku nusiwo teƒe wokpɔ dzi . . . si na ŋɔdzi léa wo vevie, eye ŋɔdzinu siwo dzɔ, vɔvɔ̃, dediemanɔmanɔ kple fuléle vaa woƒe susu me le vo me gbesiagbe.” Le to ɖeka me tɔwo tsɔtsrɔ̃ le Rwanda megbe la, susuŋutinunyala aɖe si le Dukɔa ƒe Ŋɔdziléamedaƒe ka nya ta be: “Dzesi siwo dzena le ɖeviwo ŋue nye drɔ̃e nyamanyamawo kuku, susu ƒe nu ɖeka ŋu manɔmanɔ, nuteɖeamedzi kple etsɔmemɔkpɔkpɔ manɔamesi.”

Aleke Woakpe Ðe Ðeviwo Ŋui?

Numekula geɖe xɔe se be ne ɖeviwo miã nu ɖe woƒe seselelãmewo kple nusiwo tsi susu me na wo dzi la, ŋɔdzia mevɔna le wo me o. Zi geɖe la, ɖevi dzea hayahaya gɔme ne edze ŋgɔ nu vɔ̃ɖi siwo tsi susu me nɛ heƒo nu tso nusi dzɔ ŋu na ame tsitsi nublanuikpɔla aɖe si nya nu tso nɔnɔmea ŋu. Hadome kpekpeɖeŋu dɔwɔla aɖe si le Ɣetoɖoƒe Afrika gblɔ be: “Dɔa dada ƒe akpa vevi aɖee nye be nàna ɖevi siwo nuwo ɖe fu na naʋu wo ɖokui me ahaƒo nu faa.”

Kpekpeɖeŋu vevi bubu si tsia seselelãme ƒe vevesese nue nye ɖekawɔwɔ sẽŋu si anɔ wo kple ƒomea kpakple nutoa me tɔwo dome kple dzidedeƒo nɛ. Ðevi siwo ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le hiã lɔlɔ̃, nugɔmesese, kple veveseseɖeameti abe bubuawo katã ke ene. Ke hã ɖe susu aɖe li ŋutɔŋutɔ si ta míaxɔe ase be mɔkpɔkpɔ li be etsɔme nyui aɖe ava na ɖeviwo katãa?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 18]

Enɔ abe Bɔl Ene

Le Laos la, nyɔnuvi aɖe kple nɔviaŋutsu kplɔ towo yina gbeɖuƒe. Nyɔnuvia kpɔ nane le do aɖe me si le abe bɔl ene. Etsɔe eye wòdae ɖo ɖe nɔvia. Ege dze anyigba eye wòwó hewui enumake.

[Aɖaka si le axa 19]

Akpe Geɖeawo Dometɔ Ðeka Ko Wònye

Esime aʋa dzɔ le nuto si me ƒe 12 vi Maria si nye tsyɔ̃evi nɔ la, wodɔ egbɔ sesẽe wòfɔ fu. Esime aʋaa nu sẽ la, Maria zɔ afɔ kilometa 300 hesi yi dedienɔƒe aɖe, eye wòyi ɖanɔ ɖevi siwo bu dzi kpɔƒe. Esi metsi kura o ta la, elé ku kaba eye ekpe fu vevie hafi te ŋu dzi vi si ƒe ɣeyiɣi mede hafi o. Kwasiɖa eve koe vidzĩa nɔ agbe. Maria hã ku le kwasiɖa ɖeka megbe. Ðevi akpe geɖe siwo wowɔ fui eye wodɔ wo gbɔ sesẽe le aʋa siwo wowɔ nyitsɔ laa me dometɔ ɖeka koe Maria nye.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 19]

Amesiwo ƒe Susu Kple Dzi Ŋu Wogblẽ Nu Le

Alesi ʋunyaʋunyawɔwɔ gblẽa nu le ɖeviwo ŋui la dze le nusi dzɔ ɖe Shabana si xɔ ƒe enyi, si tso India dzi me. Ekpɔe esime nuvlowɔha aɖe ƒo fofoa ʋuu wòku eye wotso ta le dadaa nu. Naneke megaʋãa susu kple dzi nɛ o, wònye nusi tsyɔ ŋɔdzi kple akogotsitsi si le eme dzi. Egblɔe kã seselelãme aɖeke manɔmee be: “Nyemesusua dzinyelawo o. Nyemebua wo ŋu o.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe