Vɔvɔ̃—Ebɔ Fifia Gake Manɔ Anyi Ðaa O!
MEWƆA nuku na Mawu ƒe Nya srɔ̃lawo be vɔvɔ̃ bɔ alea gbegbe o. Abe alesi Yehowa Ðasefowo ɖe gbeƒãe vevie le woƒe subɔsubɔdɔ me ene la, kpeɖodzi geɖe li be míele ɣeyiɣi ɖedzesi aɖe me le amegbetɔ ƒe ŋutinya me. Ènya be eyɔ fũ kple vɔvɔ̃ gã aɖe. Gake Yesu de dzesii alo ƒo nu le míaƒe ɣeyiɣia ŋu do ŋgɔ xoxoxo. Egblɔe esime wònɔ apostoloawo ƒe nyabiase siwo ku ɖe eƒe anyinɔnɔ kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu, alo ‘xexeame ƒe nuwuwu’ ŋu la ŋuti ɖom na wo.—Mateo 24:3.
Nya siwo Yesu gblɔ ɖi ƒe akpa aɖe gblɔ be:
“Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, eye anyigbaʋuʋu gã kple dɔwuame kple dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo, eye ŋɔdzidonuwo kple dzesi gãwo latso dziƒo.”—Luka 21:10, 11.
Ède dzesi nya si wògblɔ le “ŋɔdzidonuwo” ŋua? Emegbe le nyaŋuɖoɖo ma ke me la, Yesu gblɔ nya ɖedzesi bubu le vɔvɔ̃ si ate ŋu alé wò kple wò lɔlɔ̃tɔwo ɖikekemanɔmee ŋu. Gake hafi míatrɔ susu ɖe eŋu la, na míadzro kpeɖodzi bubu siwo fia be míele ŋkeke mamleawo me la me vie.—Timoteo II, 3:1.
Vɔvɔ̃ na Aʋawɔwɔ si Sɔ
Asrafowo ƒe aʋawɔwɔ gblẽ nu le anyigba ƒe akpa geɖe. Le kpɔɖeŋu me, magazine si nye Geo yɔ amivudo siwo wotɔ dzoe le Titina Ɣedzeƒe ƒe aʋa si wowɔ nyitsɔ laa me be enye “nutomefɔku gãtɔ kekeake si amegbetɔ he vɛ.” Aʋawɔwɔ wu ame miliɔn bla nanewo alo gblẽ nu le wo ŋu. Le asrafo kple dukɔmevi miliɔn geɖe siwo ku le Xexemeʋa I me megbe la, wowu ame miliɔn 55 le Xexemeʋa II me. Ðo ŋku edzi be Yesu gblɔ be dzesia ƒe akpa aɖe si afia be xexeame ƒe nuwuwu gogo enye be “dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti.”
Míate ŋu aŋe aɖaba aƒu ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃—ŋutigbalẽ alo to blibowo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura dzi o. Armeniatɔwo, Cambodiatɔwo, Yudatɔwo, Rwandatɔwo, Ukrainetɔwo, kple ame miliɔn geɖe bubu ƒe ku va kpe ɖe ameƒomea ƒe ʋufɔ dziŋɔ si wòɖi le ƒe alafa 20 lia sia me ŋu. Amewo tsɔtsrɔ̃ le edzi yim le dukɔ siwo me subɔsubɔhawo ƒe zãzɛnyahelawo dea dzi ƒo na gbevovodolawo le be woalé fu wo nɔewo la me. Ẽ, aʋawɔwɔwo na be wogale amegbetɔ ƒe ʋu kɔm ɖi kokoko.
Míaƒe ɣeyiɣi sia me ʋawo ganyea afɔku na ame geɖe nenye be aʋa la ke kura gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, bu alesi woɖia bɔmbwo ɖe tome le teƒe ɖesiaɖe ko ŋu kpɔ. Numekuha si nye Ŋkuléle Ðe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋu ka nya ta be “nugoemetu siwo ade miliɔn 100 siwo woɖi ɖe tome le xexeame katã la nye afɔku na dukɔmeviwo.” Ne aʋa si me wozã nugoemetuwo le ke vɔ hã la, eganyea afɔku na ŋutsu, nyɔnu kple ɖevi maɖifɔwo kokoko. Woka nya ta be nugoemetu siwo woɖi ɖe tome wɔa ame akpe geɖe nuwɔametɔwoe alo wua wo le dukɔ siwo wu 60 me ɣleti ɖesiaɖe. Nukatae womaɖe nusia si doa afɔku ame alo wua amewo la ɖa enumake oa? New York Times gblɔ be: “Bɔmb siwo woɖina ɖe tome gbesiagbe la sɔ gbɔ wu esiwo nu wotsina le bɔmbwo ɖeɖeɖa ƒe dɔwɔwɔ me, esi wɔe be amesiwo dzea afɔku ƒe xexlẽme kpɔtɔ le dzidzim ɖe edzi.”
Ƒe 1993 ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ me nyati ma ka nya ta be, nugoemetu siawo dzadzra va zu asitsadɔ “si me wokpɔa dɔlar miliɔn 200 le ƒe sia ƒe.” “Adzɔha siwo ade 100 kple dziɖuɖu ƒe dɔwɔƒe siwo le dukɔ 48” mee ƒo wo ɖokui ɖe nugoemetu “ƒomevi vovovo 340 ɖoɖo ɖe dukɔ bubuwo me” la me. Vɔ̃ɖitɔe la, wowɔ nugoemetu aɖewo woɖi fefenuwo bene wòanyo ɖeviwo ŋu! Ðe mewɔ nuku be woatɔ ŋku ɖevi maɖifɔwo be woawɔ wo nuwɔametɔwo alo awu wo oa! Nyadzɔdzɔgbalẽ me nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Nugoemetu Miliɔn 100” la gblɔ be, amesiwo nugoemetu mawo “wu alo wɔ nuwɔametɔwoe sɔgbɔ wu amesiwo aɖiya, dɔlékuiwo tsɔtsɔ wɔ aʋae kple nukliaʋawɔwɔ wu.”
Gake menye nugoemetu koe nye amewunu si wodzrana le xexeame ƒe asitsatsawo me o. Aʋawɔnusitsala ŋuklẽlawo kpɔa dɔlar biliɔn geɖe le anyigba ƒe akpa ɖesiaɖe. The Defense Monitor si Aʋawɔnyatakaka Dɔwɔƒe ta la gblɔ be: “[Dukɔ deŋgɔ aɖe] dzra tu siwo ƒe home de Dɔlar Biliɔn 135 le ƒe ewo siwo va yi me.” Dukɔ sesẽ sia ke “ɖe mɔ wodzra aʋawɔnuwo, asrafoxɔtunuwo kple hehexɔnuwo siwo ade dɔlar Biliɔn 63 sɔŋ na dukɔ 142.” Aleae woƒã nusiwo ahe aʋawɔwɔ kple amegbetɔ ƒe fukpekpe vɛ le etsɔme. The Defense Monitor gblɔ be le “ƒe 1990 ɖeɖe me la, wona hehe ame miliɔn 5 be woayi aʋa, nusi gblẽ ga Dɔlar Biliɔn 50 eye wòwu ame akpe alafa eve blaatɔ̃ siwo dometɔ geɖe nye dukɔmeviwo.” Ènya kakaɖedzitɔe alesi aʋawɔwɔ geɖe le nu gblẽm tso ƒe ma me eye wòhe vɔvɔ̃ kple ku vɛ na ame miliɔn geɖe!
Wole Anyigba Kple Edzinuwo Gblẽm ɖe Edzi
Nufialagã Barry Commoner xlɔ̃ nu be: “Meka ɖe edzi be ne womexe mɔ ɖe ɖi si ƒom wole anyigba la nu o la, ʋeʋeʋe la, woatsrɔ̃ ɣletinyigba sia ƒe ŋutete be amegbetɔ nate ŋu anɔ agbe le edzi.” Eyi edzi be menye manyamanya mee kuxia tso o ke boŋ etso alesi woɖonɛ koŋ klẽa ŋu la gbɔ. Ðe nèbu be míaƒe Mawu dzɔdzɔetɔ kple lɔlɔ̃tɔ la aɖe mɔ ɖe nɔnɔme sia ŋu be míanɔ ɖiƒoƒo ya ƒe ŋɔdzi si le dzidzim ɖe edzi la me ɖaa? Ɣeyiɣia de azɔ be woabia akɔnta tso amesiwo le anyigba gblẽm la si, eye emegbe Mawu nadzra anyigba ɖo. Esiae nye nyaŋuɖoɖo si Yesu na eƒe apostolowo ku ɖe ‘xexeame ƒe nuwuwu’ ŋu ƒe akpa aɖe.
Hafi míaƒo nu le alesi Mawu abia akɔnta mae ŋu la, mina míadzro nusiwo amegbetɔ gblẽ la me kpɔ. Nusiwo amegbetɔ gblẽ ƒe akpa sue aɖe kura gɔ̃ hã nye nublanuinya: aɖitsidzadzawo, kple atiwo lalã ŋukeklẽtɔe si tsrɔ̃ ave gãwo; nuklia ƒe ɖuɖɔwo kɔkɔ ɖi ɖekematsɔlemetɔe, aɖitikewo kple nu gbegblẽwo kɔkɔ ɖi; ya si xea mɔ na keklẽ siwo gblẽa nu le ame ŋu ƒe gege ɖe xexeame la gbegblẽ; kple gbewutike kple nugbagbeviwutike zazã ɖekematsɔlemetɔe.
Asitsatsa gblẽ nu bubu geɖe le anyigba la ŋu le viɖe didi ta. Gbesiagbe wokɔa dɔwɔƒewo ƒe ɖuɖɔ tɔn geɖe ɖe tɔsisiwo, atsiaƒu, ya me, kple anyigba dzi. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo tsɔ yamenutomeyiʋuwo kple wo ŋutinuwo kaka ɖe yame, eye míaglɔ be womele wo ɖem ɖa o. Xexeame va yɔ kple ɖuɖɔ siwo le xlã ƒom le yame. Ne ɖe Mawu mewɔ anyigba le dzɔdzɔme nu be wòate ŋu awɔ eɖokui yeye o la, anye ne míaƒe anyigba mate ŋu alé agbe ɖe te o, eye amegbetɔ atsrɔ̃ xoxo le aɖukpo si ye ŋutɔ ɖo me.
Amegbetɔ ƒoa ɖi ye ŋutɔ ɖokui gɔ̃ hã. Na míatsɔ atama kple atike vɔ̃ɖi bubuwo abe kpɔɖeŋu ene. Woyɔ atike vɔ̃ɖi siawo zazã le United States be “dukɔa ƒe lãmesẽ kuxi gãtɔ.” Egblẽa dɔlar biliɔn 238 dome na dukɔ ma ƒe sia ƒe, dɔlar biliɔn 34 na “dɔdada [si woate ŋu aƒo asa na hafi] gbɔ kpɔkpɔ.” Aleke gbegbe atama gblẽa amewo ƒe ga kple agbe domee nènya le afisi nèle?
Agbevlonɔnɔ si ŋu woɖe mɔ ɖo, si ame geɖe bu be esɔ la, he nulɔdɔ dziŋɔwo vɛ, si na ame geɖe kua kukpo. Wode dzesii be dugã geɖe ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ ƒe axa si woɖea ku gbeƒãwo le la ɖee fia be ame geɖe wu le kukum le woƒe ƒe 30 kple 40-awo me fifia. Nukatae? Elabena zi geɖe la, agbenyuimanɔmanɔe hea ku vɛ na wo. Nulɔdɔwo ƒe dzidziɖedzi ŋɔdzitɔe hã sɔ ɖe Yesu ƒe nyagblɔɖiawo nu elabena egblɔ be “dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo.”
Gake ɖiƒoƒo amegbetɔ ƒe susu kple eƒe gbɔgbɔ, alo nuwɔna ye vɔ̃ɖi wu. Ne èdzro nu gbegblẽ ƒomevi siwo ŋu míeƒo nu le vaseɖe fifia me la, ɖe mele eme be akpa gãtɔ tso amegbetɔ ƒe susu ƒoɖiwo gbɔ oa? De ŋugblẽ le susu ƒoɖiwo ƒe nuwɔna si woto vɛ siwo nye amewuwu, nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽ, adzodada, kple ŋutasẽnuwɔna bubu ƒomevi vovovo siwo amewo wɔna ɖe wo nɔewo ŋu la ŋuti kpɔ. Ame geɖe de dzesii hã be fu miliɔn geɖe siwo woɖena ƒe sia ƒe la nye susu me kple gbɔgbɔ me dɔléle ƒe dzesi.
Míegakpɔa nu geɖe le sɔhɛwo ƒe agbenɔnɔ me. Bubumademade dzilawo kple ŋusẽ bubuwo ŋue hea ƒomewo ƒe gbagbã kple se kpakple ɖoɖowo dzi mawɔmawɔ vɛ. Sɔhɛwo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃e he dzilawo mavɔ̃mavɔ̃ vɛ. Eyata amesiwo fia nɔnɔmetɔtrɔ, mawudzimaxɔse, kple nufiafia bubu siwo gblẽa amewo ƒe xɔse dome la ɖi fɔ gã aɖe. Subɔsubɔhawo ƒe nufialawo hã ɖi ʋu fɔ, elabena esi wodze agbagba be amewo nabu yewo be yewoe nye amesiwo le tsia dzi kple “nudzeamewɔlawo” ta la, woɖoe gbe Mawu ƒe Nya la. Woa kple ame bubu siwo xɔ xexeme nunya de eme la fiaa amegbetɔ ƒe nunya masɔmasɔwo.
Emetsonuwo dze ƒã egbea. Menye lɔlɔ̃ na Mawu kple havilɔlɔ̃e ʋãa amewo o, ke ŋukeklẽ kple fuléle boŋue. Nugbegblẽ siwo do tso eme woe nye agbegbegblẽnɔnɔ, ŋutasesẽ, kple mɔkpɔkpɔmanɔamesi ƒe bɔbɔ. Nublanuitɔe la, esia na vɔvɔ̃ léa nunyuiwɔlawo, eye wovɔ̃na hã be amegbetɔ ŋutɔ le eɖokui kple anyigba la tsrɔ̃ ge.
Ðe Wòagblẽ ɖe Edzi alo Ava Nyo Wua?
Ðe vɔvɔ̃ anɔ etsɔ si gbɔna kpuie la mea? Ðe vɔvɔ̃ anɔ dzidzim ɖe edzia alo enu ayia? Na míagakpɔ nya si Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo ɖa.
Eƒo nu tso nusi ava dzɔ kpuie—si nye xaxa gã la ŋu. Ale wògblɔ enye si: “Enumake le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu. Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã woado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.”—Mateo 24:29, 30.
Eyata míate ŋu akpɔ mɔ be xaxa gã la adze egɔme kpuie. Biblia me nyagblɔɖi bubuwo de dzesii be eƒe akpa gbãtɔ anye alakpasubɔsubɔha dzi dzedze le xexeame katã. Emegbe nya wɔdɔɖeamedzi si míeyɔ ava kple dziƒonudzɔdzɔ ƒomeviwo. Dɔ kae wòawɔ ɖe ame miliɔn geɖe dzi?
Enyo, na míade ŋugble le Yesu ƒe ŋuɖoɖo ŋuti nuŋlɔɖi bubu si me nyagblɔɖinya ɖedzesiwo le ŋu, egblɔ be:
“Dzesiwo lado ɖe ɣe kple ɣleti kple ɣletiviwo me, eye le anyigba dzi la vɔvɔ̃ laɖo dukɔwo, eye woawɔ dzodzodzoe le atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe kple eƒe agbodzedze la ŋuti; eye amewo ƒe gbɔgbɔ nu latsi le vɔvɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nusiwo le anyigba blibo la dzi vam la ŋuti; elabena woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo.”—Luka 21:25, 26.
Nusiawo le ŋgɔ gbɔna. Gake menye amegbetɔwo katãe avɔ̃ nenema ale gbegbe be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe wo o. Ke boŋ Yesu gblɔ be: “Ne nusiawo de asi emevava me la, ekema miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabana miaƒe ɖeɖe la gogo.”—Luka 21:28.
Eyomedzela vavãwoe wògblɔ dzideƒonya siawo na. Le esi teƒe be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe wo eye vɔvɔ̃ nalé wo la, susu aɖe anɔ wo si si tae woawu woƒe tawo ɖe dzi vɔvɔ̃manɔmee ɖo, togbɔ be wonyae be xaxa gã la taƒoƒo gogo vɔ gake. Nukatae womavɔ̃ o?
Elabena Biblia gblɔe eme kɔ ƒã be amewo atsi agbe le “xaxa gã” blibo la me. (Nyaɖeɖefia 7:14) Nuŋlɔɖia do ŋugbe be ne míetsi agbe la, míaxɔ yayra siwo ɖeke mesɔ kple o la atso Mawu gbɔ. Nuŋlɔɖia tsɔ kakaɖedzinya sia ƒo etae be Yesu ‘akplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.’—Nyaɖeɖefia 7:16, 17.
Amesiwo—míawo hã míate ŋu anɔ eme—axɔ yayra siawo la mavɔ̃ abe alesi vɔvɔ̃ lé amewo egbea ene o. Gake ema mefia be vɔvɔ̃ aɖeke kura manɔ wo me o, elabena Biblia gblɔ be vɔvɔ̃ aɖe li si nyo eye wòsɔ hã. Nyati si kplɔe ɖo adzro nusi wònye me eye wòaɖe alesi wòle be wòawɔ dɔ ɖe mía dzii la fia.
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Yehowa subɔlawo tsɔ dzidzɔ le mɔ kpɔm na xexeme yeye si tu aƒe la
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 7]
Ðiƒoƒo: Foto: Godo-Foto; tu si tɔa dzo nu: U.S. Army photo; ati siwo le bibim: Richard Bierregaard, Smithsonian Institution