Ŋutifafa Kple Tomefafa Ava Gbaɖegbea?
ESI wobia Britaintɔ modzakatsaɖilawo be nuka dim wole le mɔkeke si woyi le duta me hã la, ame 3 kloe le ame 4 ɖesiaɖe me ɖo eŋu be, “Ŋutifafa kple tomefafae.” Gake esi toɣliɖeɖe zu kuxi le xexeame katã ta la, ame geɖe bunɛ be drɔ̃eƒenya koe ŋutifafa kple tomefafa akuakua kpɔkpɔ nye.
Togbɔ be wole agbagba dzem kpem be woana toɣliɖeɖe dzi naɖe akpɔtɔ hã la, ɖewohĩ awɔ na wò be ɖe susu le eme be woakpɔ mɔ be woava kpɔ ta nɛ bliboe gbaɖegbe hã. Ke ame bubu siwo metsi dzi ɖe eŋu abe wò ene o ya ɖe?
Kuxi Siwo Dzi Wòle Be Woaɖu
Mele bɔbɔe be nàƒo nu na amesiwo tsi tre ɖe ŋuwò o kakaka wòava nye be nàkpe ɖe wo ŋu woaxɔ wò nukpɔsusu o. Esi ɖevi siwo ɖea toɣli ƒo ƒu ɖe aƒe si me Ron le la megbe la, eɖoe dze xɔ̃ wo gbã. Ebia woƒe ŋkɔ ta se tsɔ nya woe. Edzra woƒe gasɔ ɖeka ɖo na wo gɔ̃ hã. Tso ema dzi la, womegaɖe fu nɛ kpɔ o.
Bu Marjorie si nye dzilaɖekɛ si si ɖetugbi ƒewuivi le, amesi le dziƒoxɔ ƒe dzisasrã domedome tɔ me eye etame tɔ kple ete tɔ me nɔlawo ɖea toɣli ŋu kpɔ. Anyigbakuntru mele xɔhayala siwo le wo tame si o. Ewɔe be ne wole woƒe fefenuwo hem le anyigba la, alo wole bɔl dam wòle kpo tim le xɔa me, alo ne woti kpo tso abati dzi gɔ̃ hã la, eɖea fu na Marjorie. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wo dada doa afɔkpa zɔ kɔkɔe le aƒeme. Marjorie te ɖe eƒe aƒelika la ŋu gblɔ nɛ tufafatɔe be woaɖe toɣliɖeɖea dzi akpɔtɔ, gake esi womese wo nɔewo ƒe gbe o ta viɖe aɖeke medo tso eme o. Dumemetsitsiwo gblɔ be yewoaɖo gbegɔmeɖela aɖe ɖa be wòakpe ɖe eŋu woakpɔ kuxia gbɔ, eyata Marjorie le mɔ kpɔm be nuwo ava ka ɖe eme.
Le dzisasrã ete tɔ dzi la, ŋutsu aɖe li si ƒoa ha sesẽ ŋdi ga adre kple ga enyi dome gbesiagbe, eye ha la ƒe gbe gã nɔa ɖiɖi dzi sesĩe. Esi wòte ɖe ŋutsua ŋu aɖaŋutɔe la, nya si wòtsɔ ɖo eŋu nɛ enye be yeƒe haa ye naa ‘yeƒe lãme kɔna ɖe yeƒe dɔ ŋu.’ Aleke Marjorie le wɔwɔm le eŋu?
Egblɔe be: “Mele agbagba dzem le ɖokuidziɖuɖu kple dzigbɔgbɔɖi sɔsrɔ̃ ŋu. Megbugbɔ trɔ asi le nye ɖoɖowɔɖi ŋu, eye mebɔbɔ nɔa anyi xlẽa nu togbɔ be wole toɣli ɖem hã. Mekpɔna be mexɔa ɣeyiɣi boo aɖeke hafi agbalẽa xɔa susu me nam o. Ekema nyemegasea toɣliɖeɖea boo o.”
Heather ya le dziƒoxɔ si dze ŋgɔ ahadzraƒe aɖe si ne woɖe toɣli zã bliboa vɔ la, ŋdi ga ade me lɔƒo hafi wokpãna. Togbɔ be eva gblɔe na du ma dzikpɔlawo hã la, womete ŋu wɔ nu gobi aɖeke tsɔ tsi fuɖenamea nu o.
Ðe Toɣliɖeɖe Nu Ava Yia?
Ðk. Ross Coles si le Britain ƒe Atikeŋutinunya ƒe Numekuha ƒe Nusese Ŋuti Numekudɔwɔƒe gblɔ be: “Ame geɖe kpɔnɛ be ɖoɖoezizi toŋtoŋ nye nusi ɖe fu ale gbegbe eye enaa ŋɔdzi léa ame hã.” Xeviwo ƒe xɔxlɔ̃ siwo nya sena, ƒutsotsoewo ƒe gbagbã ɖe ƒuta bɔkɔɔ, ɖeviwo ƒe dzidzɔɣlidodowo—esiawo kple gbeɖiɖi bubuwo nya sena na mí. Togbɔ be fifia míadi be woagaɖe toɣli mí o hã la, edzɔa dzi na mí be zɔhɛ nyuiwo le mía si siwo ɖoa dze kple mí. Mawu do ŋutifafa kple tomefafa ŋugbe na esubɔla wɔnuteƒewo.
Hakpala la gblɔ le Biblia me be: “Ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:11) Madidi o Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒedziɖuɖua ade asi amegbetɔwo ƒe nyawo me. (Daniel 2:44) Ekema le Kristo Yesu ƒe dziɖuɖu te la, “ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o.”—Psalmo 72:7; Yesaya 9:5, 6.
Kakaɖedzi nenɔ asiwò be ne Mawu de asi nyawo me la, mí katã míakpɔ ŋutifafa kple tomefafa si dim míele, abe alesi Mawu ƒe nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi ene be: “Dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔwɔ anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe viɖe anye gbɔdzɔe kple dziɖeɖi tegbee. Eye nye dukɔ anɔ . . . ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.”—Yesaya 32:17, 18.
Fifia gɔ̃ hã àte ŋu akpɔ gbɔgbɔ me ŋutifafa kple tomefafa le Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ ƒe takpeƒewo. Togbɔ be ɣeaɖewoɣi wo dometɔ akpe geɖe kpea ta le takpekpe gãwo me—eye ‘ŋutsuwo, nyɔnuwo, kpakple ɖeviwo ƒe howɔwɔ’ nɔa kpekpe siawo me—hã la, gbeɖiɖi si nɔa afima meɖea fu na ame o, dzidzɔ boŋ ye wònyena. (Mixa 2:12) Wò ŋutɔ yi Ðasefo siwo le mia gbɔ ƒe kpekpewo alo nàŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe adrɛs siwo woyɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia be woagblɔ afisi nàkpɔ wo le na wò ne nàkpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye. Se vivi le ŋutifafa kple tomefafa akuakua me kple wo fifia kple ɖewohĩ yiɖase mavɔmavɔ me.