INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 4/8 axa 3-6
  • Ŋlɔmiwɔwɔ le Nyɔnuwo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋlɔmiwɔwɔ le Nyɔnuwo Ŋu
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Woƒe Gome le Sue Wu
  • Vidadawo Kple Nuzazãdilawo
  • Nukatae Wònye Kuxi Si Le Ta Kekem?
    Nyɔ!—2003
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Nyɔnuwo Kple Woƒe Dɔ Ŋu
    Nyɔ!—1998
  • Kuxi Siwo Me Tom Nyɔnuwo Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyɔnuwo​—Wobua Wo le Aƒemea?
    Nyɔ!—1992
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 4/8 axa 3-6

Ŋlɔmiwɔwɔ le Nyɔnuwo Ŋu

ASITSALA aɖe ƒle ƒe asiekevi aɖe le Ɣetoɖoƒe Afrika. Woɖi vidzĩ si wodzi yeyee ɖe dzogbenyigba ƒe ke me agbagbee le Asia. Le Ɣedzeƒedukɔ aɖe me la, dɔ wu ɖevi aɖe si le tatam wòku le tsyɔ̃evidzikpɔƒe aɖe—womehiãe o eye womelé be nɛ o. Nu ɖeka aɖe dze le afɔku siawo katã me: Ðevi siwo katã ŋu wowɔe ɖo la nye nyɔnuviwo. Esi wonye nyɔnuwo ta wobu wo be womehiã o.

Nusiawo bɔ ŋutɔ. Le Afrika la, wodzraa nyɔnuviwo kple ɖetugbi akpe geɖe wozua kluviwo, eye $15 koe wodzraa ɖewoe. Eye woka nya ta be wodzraa nyɔnuvi akpe alafa geɖe alo zia wo dzi dea gbolowɔwɔ me ƒe sia ƒe, vevietɔ le Asia. Vɔ̃ɖitɔe nye be amewo ƒe xexlẽme ŋuti kɔntabubuwo le dukɔ geɖe me ɖee fia be nyɔnuvi siwo ade miliɔn 100 “bu.” Edze ƒã be fuɖeɖe, vidzĩwuwu, alo nyɔnuviwo gbegblẽ ɖi wo gbɔ makpɔmakpɔe gbɔe esia tso.

Ɣeyiɣi didi aɖe—ƒe alafawo—enye sia si wobua nyɔnuwo alea le dukɔ geɖe me. Eye nenemae wogabua woe le teƒe aɖewo. Nukata? Elabena le dukɔ siawo me la, wodea asixɔxɔ ŋutsuviwo ŋu geɖe wu. Wobunɛ le teƒe mawo be ŋutsuvi ate ŋu ana ƒomea ƒe dzidzimea nayi edzi, anyi nunɔamesiwo dome, eye wòakpɔ edzilawo dzi ne wotsi, elabena zi geɖe la, dziɖuɖu mewɔa dzudzɔxɔxɔ le dɔme ƒe ɖoɖo aɖeke na ame tsitsiwo le dukɔ siawo me o. Asiatɔwo gblɔa nya aɖe be “nyɔnuvi dzi kpɔkpɔ le abe tsidede wò aƒelika ƒe abɔ ene.” Ne etsi la, adzo ava ɖe srɔ̃ alo ɖewohĩ woadzrae wòazu gbolo gɔ̃ hã eye le ema ta makpɔ edzila tsitsiwo dzi boo o alo makpɔ wo dzi kura o.

Woƒe Gome le Sue Wu

Le dukɔ siwo me ahedada gblẽ nu le me la, nɔnɔme sia wɔnɛ be nuɖuɖu sue aɖe ko wonaa nyɔnuvi siwo le ƒomea me, womekpɔa woƒe lãmesẽ gbɔ boo o, eye womedea suku hã boo o. Numekula siwo le Asia-dukɔ aɖe me kpɔe be nyɔnuviawo dometɔ 14 le alafa me mekpɔa nu ɖuna wòsua wo o gake ŋutsuviwo ya nye 5 le alafa me ko. Nyatakaka aɖe si tso Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo ƒe Nyagbɔkpɔha (UNICEF) gbɔ gblɔ be le dukɔ aɖewo me la, ŋutsuvi siwo wokplɔna yia kɔdzi la dea nyɔnuvi siwo dena la ƒe teƒe eve. Eye ɖetugbi siwo le Afrika kpakple Asia ƒe anyiehe kple ɣetoɖoƒe la dometɔ 40 kple edzivɔ le alafa me nye agbalẽmanyalawo. Audrey Hepburn si nye UNICEF ƒe amedɔdɔ si megali o la fa konyi be: “Vovototo dede ŋutsuwo kple nyɔnuwo dome si dziŋɔ le edzi yim le dukɔ madeŋgɔwo me.”

“Vovototo dede ŋutsuwo kple nyɔnuwo dome” alea mevɔna ne nyɔnuviwo va tsi o. Ahedada, adãwɔwɔ, kple hloloetsotso ɣesiaɣi nye nɔnɔme siwo me nyɔnu tona zi geɖe, eye nyɔnu si wònye ta koŋue wòdzɔna alea. Xexeame ƒe Gadzraɖoƒegã ƒe tatɔ ɖe eme be: “Ne womã dɔ siwo wowɔna le xexeame ɖe akpa etɔ̃ me la, nyɔnuwo wɔa akpa eve. . . . Ke hã ne womã ga si wokpɔna le xexeame katã ɖe akpa ewo me la, ɖeka ko wokpɔna eye xexeame nunɔamesiwo ƒe akpa ɖeka le alafa me koe nye wo tɔ. Woawoe da ahe wu le xexeame ahedalawo dome.”

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be ame biliɔn 1.3 siwo da ahe vevie le xexeame la dometɔ 70 le alafa me nye nyɔnuwo. Nyatakaka la gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Eye nɔnɔmea le gbegblẽm ɖe edzi. Kɔƒe me nyɔnu siwo da ahe kolikoli ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi 50% kloe le ƒe 20 siwo va yi me. Eva le bɔbɔm be nyɔnuwo koŋue daa ahe.”

Nusi gagbãa dzi na ame wu ahedada si na wokpea fu lae nye adãnuwɔwɔ si gblẽa nyɔnu gbogbo aɖewo ƒe agbe dome. Wobu akɔnta be wolã nyɔnuvi siwo ade miliɔn alafa ɖeka ƒe likui, vevietɔ le Afrika. Nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe nye ŋutasesẽ si ŋu nya womelɔ̃na ŋlɔna ɖi o le nuto aɖewo me, togbɔ be numekuku ɖee fia be le dukɔ aɖewo me la, wodɔa nyɔnu 6 ɖesiaɖe dometɔ 1 gbɔ sesẽe le eƒe agbenɔɣi hã. Aʋawɔwɔ na ŋutsuwo kple nyɔnu siaa kpea fu, gake zi geɖe la, sitsoƒedila siwo wòva hiãna be woasi le woƒe aƒewo me la ƒe akpa gãtɔ nyea nyɔnuwo kple ɖeviwo.

Vidadawo Kple Nuzazãdilawo

Zi geɖe la, vidada dzi koŋue ƒomedzikpɔkpɔ ƒe agba la nɔna. Anɔ eme be ewɔa dɔ gaƒoƒo geɖe wu eye ɖewohĩ eya koe nye nuzazãdila. Le Afrika-kɔƒenuto aɖewo me la, nyɔnuwoe kpɔa ƒomewo ƒe afã kloe dzi. Le Ɣetoɖoƒedukɔwo ƒe akpa aɖewo la, nyɔnuwoe kpɔa ƒome gbogbo aɖewo dzi.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, vevietɔ le dukɔ madeŋgɔwo me la, nyɔnuwoe wɔa dɔ sesẽtɔwo tso blema ke, si ƒe ɖewoe nye tsidudu kple nakefɔfɔ. Avewo tsɔtsrɔ̃ kple alesi woɖea mɔ lãwo ɖua gbewo fũ akpa na dɔ siawo wɔwɔ gasesẽ ɖe edzi. Le dukɔ siwo me kuɖiɖi le me la, nyɔnuwo zãa gaƒoƒo etɔ̃ alo esi wu nenema gbesiagbe tsɔ dia nake eye wòzãa gaƒoƒo ene dua tsii gbesiagbe. Ne wowɔ dɔ sesẽ siawo vɔ ko hafi wodzea dɔ si wokpɔ mɔ be woawɔ le aƒeme alo agblẽ me la wɔwɔ gɔme.

Edze ƒã be ŋutsuwo kple nyɔnu siaa kpea fu le dukɔ siwo me ahedada, dɔwuame, alo aʋawɔwɔ nɔna gbesiagbe me. Gake nyɔnuwoe kpea fua ƒe akpa gãtɔ. Ðe nɔnɔme sia ava trɔ gbaɖegbea? Ðe mɔkpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ aɖe li be woava wɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋu le bubu kple ameŋububu me le afisiafi gbaɖegbea? Ðe nane li nyɔnuwo ate ŋu awɔ fifia atsɔ ana woƒe nɔnɔmea naka ɖe emea?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nyɔnuvi Gbolowo—Ameka ƒe Vodadae?

Wobu akɔnta be ƒe sia ƒe la, wozia ɖevi miliɔn ɖeka—nyɔnuviwo koŋ—dzi alo dzraa wo wozua gbolowo. Arayaa si tso Asia ƒe Anyieheɣedzeƒe ɖo ŋku nusi dzɔ ɖe eƒe sukuxɔmetɔ aɖewo dzi la dzi. “Ƒe 13 koe Kulvadee xɔ esime wòzu gbolo. Nyɔnuvi nyui aɖee wònye hafi, gake dadaa mua aha zi geɖe eye wòdaa tsatsa hã, eyata mekpɔ vovo ɖe vianyɔnuvia ŋu o. Kulvadee dada de dzi ƒo nɛ be wòanɔ ŋutsuwo gbɔ yim ne wòakpɔ ga, eye eteƒe medidi o gbolowɔwɔ va zu eƒe dɔ.”

“Sivun si nye nye sukuxɔmetɔ bubu la tso dukɔa ƒe dziehe gome. Ƒe 12 ko wòxɔ esime edzilawo ɖoe ɖe dugã me be wòava zu gbolo. Ele be wòawɔ dɔ ƒe eve atsɔ axe ga si edzilawo xɔ le dɔwɔɖoɖo si wowɔ me. Menye Sivun kple Kulvadee dzi koe wòdzɔ ɖo alea o—nyɔnuvi 15 siwo nye nye sukuhatiwo la dometɔ 5 va zu gbolowo.”

Ðevi miliɔn geɖe ƒe nya le abe Sivun kple Kulvadee tɔ ene. Wassyla Tamzali si wɔa dɔ le UNESCO (Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Agbalẽsɔsrɔ̃, Dzɔdzɔmeŋutinunya, Kple Dekɔnu Habɔbɔ) gblɔ be: “Asitsatsa gã aɖee gbɔdɔdɔsitsatsa si le ta kekem la nye. Nyɔnuvi si xɔ ƒe 14 dzadzra va bɔ ale gbegbe, eye megablea fu lãme o.” Eye ne wonya dzra nyɔnuvi siawo ɖe gbɔdɔdɔ ƒe kluvinyenye me ko la, ga si wodzra wo xɔ la xexe ate ŋu azu nusi ɖewohĩ womate ŋu awɔ o. United States dɔlar 300 kpɔtɔ nye fe le Manju, amesi fofoa dzra esime wòxɔ ƒe 12, ŋu wòaxe le gbolowɔwɔ ƒe adre megbe. Egblɔ be: “Naneke meli mate ŋu awɔ o—mɔ̃ wònye wotsɔ ɖem.”

Asesẽ be nyɔnuvi siawo nasi le AIDS xɔxɔ nu abe alesi wòasesẽ be woasi le amesiwo wozu kluvi na gbɔe ene. Numekuku si wowɔ le Asia ƒe Anyieheɣedzeƒe ɖee fia be AIDS-dɔlékuia le ɖevi gbolowɔla siawo dometɔ 33 le alafa me ŋu. Zi alesi gbolowɔwɔ si me wokpɔa dɔlar biliɔn atɔ̃ tsonɛ la le ŋgɔ yim la, ate ŋu adzɔ be nyɔnuvi siawo nakpɔtɔ anɔ fu kpem.

Ameka ƒe vodadae nuwɔna nyɔŋu sia nye? Edze ƒã be vodadaa ƒe akpa gã aɖe tso amesiwo ƒlea nyɔnuviwo alo dzraa wo la gbɔ. Gake ŋutsu vlo siwo zãa nyɔnuviwo tsɔ ɖia kɔ na woƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro hã dze na fɔbubu. Elabena ne ɖe agbegbegblẽnɔla siawo meli o la, anye ne nyɔnuvi siawo ƒe gbolowɔwɔ manɔ anyi o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nɔnɔmetata]

Wozia nyɔnuvi siwo ade miliɔn ɖeka dzi dea gbolowɔwɔ me ƒe sia ƒe

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Nyɔnu ƒe Dɔwɔŋkeke le Titina Afrika

Nyɔnu fɔna ŋdi ga ade ɖaa ŋdinu be ƒomea kple eya ŋutɔ naɖu ne ŋu ke vie. Ne eva du tsi tso tɔsisi si tsɔ ɖe wo gbɔ me vɔ la, edzea mɔ yia eƒe agble me—ate ŋu azɔ gaƒoƒo ɖeka hafi aɖo afima.

Edzoboa anyigba, ŋlɔa nu, alo dea tsi anyigba vaseɖe abe fiẽ ga ene lɔƒo, eye ɣeyiɣi kpui aɖe ko wòtɔna va ɖua nusi wòtsɔ ɖe asi. Etsɔa fiẽ ƒe gaƒoƒo eve mamlɛa fɔa nake eye wòhoa agbeli alo dia detsiƒonu bubuwo na ƒomea—etsɔa wo katã ɖe ta yia aƒemee.

Zi geɖe la, eva ɖoa aƒeme ne ɣe le to ɖom. Fifia ele be wòabiã ŋku ɖe fiẽnuɖaɖa ŋu, si xɔa gaƒoƒo eve alo wu nenema. Enyãa nu Kwasiɖagbewo le tɔsisi si le wo gbɔ me eye wòɖoa wo dzi ne woƒu.

Ƒã hafi srɔ̃a akpɔ ŋudzedze ɖe dɔ sesẽ siawo katã siwo wòwɔ ŋu eye melɔ̃na sea eƒe aɖaŋuɖoɖowo o. Ŋutsua alɔ̃ alã atiwo alo atɔ dzo gbe le atiwo te be nyɔnua nadzra anyigba la dzi ɖo ado nuwo, gake megawɔa nu boo aɖeke wu ema o. Ɣeaɖewoɣi la, ekplɔa ɖeviawo yia tɔsisi me wova léa tsi, eye eyia adegbe kple tɔƒo ɣeaɖewoɣi. Gake dzeɖoɖo kple ehati ŋutsu siwo le kɔƒea me ŋu koŋue wògblẽa ɣeyiɣi ɖo wu le ŋkekea me.

Ne srɔ̃ŋutsua ate ŋui la, le ƒe ʋee aɖewo megbe la, akplɔ srɔ̃nyɔnu yeye si nye ɖetugbi si ŋu koŋ wòatrɔ eƒe susu katã ɖo la ava aƒea mee. Gake woakpɔ mɔ be srɔ̃a gbãtɔa nayi edzi anɔ dɔ wɔm abe alesi wòwɔnɛ ɖaa ene vaseɖe esime eƒe lãme nagblẽ alo wòaku.

Afrika-nyɔnuwo wɔa dɔ sesẽ ŋutɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe