INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 9/1 axa 3
  • Kuxi Siwo Me Tom Nyɔnuwo Le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kuxi Siwo Me Tom Nyɔnuwo Le
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Eme Na Nyɔnuwo Vavã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ŋutasesẽ Le Nyɔnuwo Ŋu—Xexea Me Katã Ƒe Kuxie
    Nyɔ!—2008
  • Nyɔnuwo​—Wobua Wo Egbea?
    Nyɔ!—1992
  • Nyɔnuwo​—Wobua Wo le Aƒemea?
    Nyɔ!—1992
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 9/1 axa 3

Kuxi Siwo Me Tom Nyɔnuwo Le

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

“Ne mekpɔ ale si wowɔa nu ɖe nyɔnuwo ŋu la, medzronam be matsi ava zu wo dometɔ ɖeka o.”—ZAHRA, EXƆ ƑE 15, eƒe nyawo dze le GEO magazine, Fransegbe tɔ me.

NYƆNUVI si ƒe nya dze le etame la ƒe numenyawo he susu yi nɔnɔme wɔnublanui aɖe dzi. Le xexea me godoo la, wowɔa ŋutasẽnu kple nu madzɔmadzɔwo ɖe nyɔnuviwo kple nyɔnuwo ŋu le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Bu nya siawo ŋu kpɔ.

  • Vovototodedeameme. Le Asia la, dzila akpa gãtɔ dina be yewoadzi ŋutsuviwo tsɔ wu nyɔnuviwo. Le ƒe 2011 me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe numekuku ɖee fia be le nuto mawo me la, fuɖeɖe, vidzĩwo wuwu kpakple bemalémalé na nyɔnuviwo wɔe be nyɔnu miliɔn 134 sɔŋ megava li o.

  • Sukudenyawo. Le xexea me godoo la, ame siwo mede suku wòde ƒe ene o la dometɔ eve le etɔ̃ ɖe sia ɖe me nye nyɔnu.

  • Gbɔdɔnuwɔnawo tsɔtsɔ ɖe fu na wo. Nyɔnu miliɔn 2,600 kple edzivɔ le dukɔ siwo me se aɖeke metsi tre ɖe ame srɔ̃ gbɔ dɔdɔ sesẽe ŋu o la me.

  • Lãmesẽnyawo. Le dukɔ madeŋgɔwo me la, nyɔnu ɖeka kuna le miniti eve ɖe sia ɖe me le fufɔɣi alo le vidziɣi me kuxi sesẽwo ta, le esi womekpɔa woƒe lãmesẽnyawo gbɔ na wo o ta.

  • Kesinɔnuwo ƒe gomenɔamesi. Togbɔ be nyɔnuwoe dea agble hafi wokpɔa xexea me katã ƒe nuɖuɖu akpa gãtɔ hã la, le dukɔ geɖe me la, gome mele wo si be woanyi kesinɔnu alo anyigba dome le se nu o.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Nu ka tae ale si wowɔa nu ɖe nyɔnuwo ŋui le go siawo me la to vovo ɖo? Dukɔ aɖewo ƒe subɔsubɔdzixɔsewo kple kɔnuwo dea nu madzɔmadzɔ wɔwɔ alo ŋutasẽse le nyɔnuwo ŋu ƒe dzi ƒo alo nana wòdzena abe esɔ ene gɔ̃ hã. India senyala Chandra Rami Chopra gblɔ le Franseawo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me be: “Nu ɖeka aɖe ɖe dzesi le subɔsubɔhawo katã ƒe hakplɔsewo ŋu: Wodea nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖe nyɔnuwo ŋu dzi.”

Ðe nèlɔ̃ ɖe nya ma dzia? Ðe wòwɔna na wò be Biblia daa nyɔnuwo ɖe anyia? Ame aɖewo sea Biblia me nya aɖewo gɔme nenema. Gake aleke Mawu si na woŋlɔ Biblia la bua nyɔnuwoe? Togbɔ be nuƒoƒo tso nya sia ŋu ɖea fu na ame geɖe hã la, ne míedzro nu si Biblia gblɔ me nyuie anukwaretɔe la, míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe