Japan Ye Kristo ƒe Yɔdo Lea?
LE ƑE 1935 me la, Koma Takeuchi si nye Shinto-ha ƒe nunɔla gblɔ be yeke ɖe Yesu Kristo ƒe yɔdo ŋu le togbɛ aɖe dzi le kɔƒe si nye Shingo, si le Japan ƒe dziehe. Egblɔ be nuŋlɔɖi aɖewo siwo yefɔ le ƒome aɖe ƒe nudzraɖoƒe fia be Yesu nɔ Shingo kpɔ ɣeaɖeɣi eye wòku ɖe afima. Esi wònɔ Yesu ɖiƒe dim la, eva ke ɖe kpo aɖe ŋu ale be wòƒo nya ta be ke eƒe yɔdo ye.
Emegbe wova fɔ Hebrigbe me nuŋlɔɖi aɖe le Takeuchi ƒomea ƒe vɔsaxɔ me si me wogblɔ le be Yesu ɖi tsa de Japan zi eve eye wòsrɔ̃ vivimenunya le Japan-nunɔlawo gbɔ. Wogblɔ le nuŋlɔɖia me be esi wode Yesu asi la, esi tso Yudea yi Siberia-gbedzi, emegbe ezɔ mɔ yi Japan, eɖe ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Miyuko le afima dzi vinyɔnuvi etɔ̃, eye wòtsi xɔ ƒe 106 hafi ku. Le ŋutinya ma nu la, menye Yesue nye amesi wowu le Yerusalem o ke tsɛa Isukiri ye.
Anye susu ka tae wokpa ŋutinya sia? Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Mainichi Shimbun gblɔ be, “anye gakpɔmɔnu siwo le susu me na afima ƒe dumegãwo nyuie tae” woyɔ Yesu tɔ ɖe Shingo ŋu ɖo. Eyata wole ewɔm be amewo naɖi tsa ava kpɔ nu. Menye be woava ku nu me akpɔ o. Numedzrola aɖe gblɔ be: “Tsɔe be woku yɔdoa, gake nyiƒu xoxowo koe wokpɔ le eme. Kpɔ alesi dzi aɖe le amesiame ƒoe ɖa.”
Eyata ƒe sia ƒe, le May 3 lia dzi la, amedzrowo tsɔa moveviɖoɖo va kpea ta ɖe afisi wobe enye Yesu ƒe yɔdo la ŋgɔ heɖua “Kristo ƒe Ŋkekenyui.” Shinto-ha nunɔla aɖee xɔa ŋgɔ na wɔna la eye wònyãa gbɔgbɔ vɔ̃wo hafi ɣeɖuɖu dzea egɔme.
Ðe nyateƒe aɖe le ŋutinya sia mea? Ao. Biblia gblɔ na mí be esime Yesu xɔ ƒe 30 la, menye mɔzɔla si dea xexeame ƒe teƒeteƒewoe wonya nɛ o, ke be enye atikpala ƒe vi si tsi le Nazaret boŋ. Amesiwo kpɔ Kristo ƒe gbeƒãɖeƒe le Israel tso esime wòxɔ ƒe 30 vaseɖe ƒe 33 ƒe nuŋlɔɖiwo le Nyanyuigbalẽ eneawo me. Woyɔ teƒewo ƒe ŋkɔ kple ɣletiŋkekewo eye woɖo kpe edzi be Yesu Kristo ŋutɔe wowu le Yerusalem. Eyata nya siwo ŋu woɖe ami ɖo kple susu be woatsɔ atro Biblia ƒe nyateƒea ɖe viɖe ta maflu Kristotɔ akuakuawo o.