Aleke Nàwɔ Anɔ Lãmesẽ Me?
AME geɖe lɔ̃a nuƒoƒo tso dɔdamɔnuwo ŋu. Edze abe atike nyanyɛ aɖe le xɔlɔ̃ alo aƒelika ɖesiaɖe kloe si na dɔléle ɖesiaɖe ene. Eme kɔ be amewo adi vevie be yewoawɔ atike na yewo ɖokui. Gake Brazil-ɖɔkta aɖe gblɔ be ame aɖewo li siwo “ne dɔa sesẽ hafi woyia ɖɔkta gbɔ. Ðewohĩ wodze abi eye woawo ŋutɔ wowɔ atike ɣleti geɖe gake wògbe kuku. Kaka woadi ɖɔkta yome mɔ la, wova kpɔnɛ be enye abi makumaku ƒomevi aɖe si gbɔ wòle be woakpɔ tso gɔmedzedzea me hafi.”
Esi dɔa kpɔkpɔ dze sii kaba na wotsia agbe ta la, megbelelehehe ate ŋu agblẽ nu ŋutɔ. Amekola aɖe gblɔ be: “Nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 30 la mekpɔ dzinu kaba o eye veve sue aɖe koe wònɔ sesem le eƒe yɔnu. Eno vevenutsitike kple nutetetike gbogbo aɖewo le eɖokui si, eye vevea nu fa. Gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la, ʋu do le eŋu ale gbegbe be eƒe lãme gbã eye wokɔe yi kɔdzi enumake. Mewɔ dɔ nɛ enumake, eye mekpɔe be efɔ fu ɖe eƒe azigolo ŋu dɔ me. Esusɔ vie wòku kloe!”
Ðetugbi aɖe si le São Paulo susu be ʋu vɔ le lãme na ye, gake eƒe ayikue menɔ dɔ wɔm nyuie o ɣeyiɣi didi aɖe. Esi metso ɖe dɔdada ŋu kaba o ta la, ɖeko wòle be woade ayiku yeye nɛ. Eƒe ɖɔkta gblɔ be: “Zi geɖe la, dɔnɔa metsona ɖe atikewɔwɔ ŋu kaba o, ewɔa atike le eɖokui si alo xɔa aɖaŋuɖoɖo bubu aɖewo tso amesiwo menya atike o gbɔ, eye mlɔeba eƒe lãme koe va gblẽna ɖe edzi.”
Enye nyateƒe be míedi be míabu dɔléledzesi siwo dzena le mía ŋu la nu tsɛe o. Gake aleke míawɔ be dɔdamɔnuwo alo ɖokuisitikewɔwɔ boŋ mava xɔ susu me na mí o? Woɖe lãmesẽ gɔme be enye “lãme, susume, alo gbɔgbɔ ƒe akɔdzeanyi” alo be enye “vovo tso lãmegbegblẽ alo vevesese si me.” Enya se be wogblɔ be ne mede ɖeke o hã la, woate ŋu ada dɔléle akpa gãtɔ egbea. Ðk. Lewis Thomas gblɔ be, “menye nugbagbe siwo wowɔ ɖewoɖewoe ko míenye o, ke boŋ nugbagbe wɔnuku sesẽ si nɔa anyi didina eye lãmesẽ blibo li nae míenye.” Eyata le esi ‘míanɔ lãmesẽ me evɔ míalé blanui be nane le mía wɔm eye míatsi dzi ade kuku ge’ teƒe la, ele be míakpe asi ɖe ŋutilã la ƒe ŋutete tɔxɛ si le esi be wòada gbe le eɖokui ŋu la ŋuti. Ðewohĩ ɖɔkta alo atikewɔla bibi aɖe hã ate ŋu ana kpekpeɖeŋu mí.
Ɣeyiɣi si me Woakpɔ Atikewɔlawo
Brazil-ɖɔkta aɖe ɖo aɖaŋu be “ne dzesi aɖewo abe ŋudza, taɖui, xeɖeɖe, alo vevesese le ƒodo me, akɔta, alo yɔnu gbe vɔvɔ togbɔ be wono atike nyanyɛwo eye dɔa gavana enuenu evɔ womenya nusi gbɔ wòtso o alo ne vevea nu sẽ wu gbɔgblɔ” la, ke woakpɔ atikenyalawo. Ðɔkta bubu hã ɖo aɖaŋu be ne míenya alesi míakpɔ dɔa ƒe dzesiwo gbɔ o alo míekpɔe be nɔnɔmea to vovo na alesi wòwɔa mí tsã la, ke míakpɔ atikewɔlawo. Egblɔ kpee be: “Ne ɖevi dze dɔ la, le esi teƒe be dzilawo ŋutɔ nawɔ atike nɛ la, zi geɖe wolɔ̃na yia atikenyalawo gbɔ boŋ.”
Gake ɣesiaɣie atike hiã? Ðe atikewo nono agblẽ nu boŋua? Ðe woate ŋu ana dɔ bubuwo abe dɔmeɖui mí alo ade abi aklã alo ayikuwo ŋua? Ke ne wotsaka kple atike bubuwo ɖe? The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Dɔnɔ ʋee aɖewo koe metsia dzi ɖe woƒe dɔlélewo ŋu o alo womedea dzesii kaba o gɔ̃ hã.” Gake ɖɔkta si kɔa dzime ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadze sii be atikewo katã ate ŋu awɔ nuvevi ame eye be atike ʋee aɖewo koe li egbea siwo medea dɔ bubu lãme na ame o. Wò ya ne wogaŋlɔ atike na wò nèƒle la, xlẽ dɔ bubu siwo wòate ŋu ana wò ŋuti nuxlɔ̃amenyawo le goa ŋu nàkpɔ! Atike siwo womeŋlɔ na ame hafi woƒle o ate ŋu awɔ nuvevi ame alo awu ame gɔ̃ hã ne womezãe nyuie o alo ne wozãe fũ akpa.
Richard A. Knox te gbe ɖe alesi wòhiã be míakpɔ nyuie dzi le nyatakaka aɖe me le The Boston Globe me be: “Stanford Yunivɛsiti numekulawo gblɔ be truka ko ʋu ate ŋu adze dodom le ƒunukpeƒetetedɔléla miliɔn geɖe siwo noa vevesesenutsitike gbesiagbe ŋu eye wòate ŋu awu wo hã.” Egblɔ kpee be: “Gakpe ɖe eŋu la, numekulaawo xlɔ̃ nu be ne wotsaka vevesesenutsitikewo kple ƒododziɖeamenutikewo alo ƒododziɖeamenutikekui nyanyɛwo la, mexea mɔ na dɔmedɔ sesẽwo o eye woate ŋu agblẽ nyaa ɖe edzi gɔ̃ hã.”
Ke atike nyanyɛ siwo míewɔna na mía ɖokui ya ɖe? Ðɔkta aɖe si le Ribeirão Prêto, Brazil, gblɔ be: “Mesusu be anyo be atike ʋee aɖewo nanɔ amesiame si le aƒeme . . . Gake ele be woabu nu ŋu nyuie ahaɖɔ ŋu ɖo le wo zazã me.” (Kpɔ aɖaka si le axa 7.) Azɔ hã lãmesẽ ŋuti nusɔsrɔ̃ vie ate ŋu ana agbe naka ɖe eme. Esi amesiame ƒe nɔnɔme to vovo ta la, Nyɔ! meɖoa atike, dɔyɔmɔnu, alo gbetike tɔxɛ aɖeke wɔwɔ ƒe aɖaŋu o.
Lãmesẽ Nyui—Nukae Nàte Ŋu Awɔ?
Jonathan Swift si nye ƒe alafa 18 lia me agbalẽŋlɔla aɖe ŋlɔ be: “Ðɔkta nyuitɔwo kekeake le xexeamee nye Ðɔkta Nuɖuɖu, Ðɔkta Dziɖeɖi kple Ðɔkta Dzidzɔkpɔla.” Le nyateƒe me la, nu ɖuɖu nyuie, gbɔɖeme si sɔ, kple dzidzeme le vevie hena lãmesẽ nyui. Gake míate ŋu aƒle lãmesẽ nyui ne míeno atikewo ko o, togbɔ be nenemae wogblɔna le boblodonya siwo wowɔ aɖaŋutɔe me hã. “Atike siwo mehiã o nono kple enono yakayaka gɔ̃ hã” ate ŋu agbɔdzɔ míaƒe dɔlélenutsiŋusẽ.—Dicionário Terapêutico Guanabara.
Gake ne míelé fɔ ɖe míaƒe agbenɔnɔ ŋu eye míetsri atikenono yakayaka, atamanono, ahatsunono, kple nuteɖeamedzi fũ akpa la, ate ŋu ana míaƒe lãme nasẽ ɖe edzi geɖe wu. Marian si xɔ ƒe 60 kple edzivɔ fifia eye wònye dutanyanyuigblɔla ƒe geɖe enye sia le Brazil gblɔ be: “Le alesi meda sɔ le agbenɔnɔ me eye meɖua nu hamehame siwo naa lãmesẽ ta la, nye lãme nyo alesi dze.” Egagblɔ be: “Zi geɖe la, medina be mafɔ kaba, eyata ele vevie be mamlɔ anyi kaba.” Mele be míabu ŋuɖɔɖɔɖo kple agbe ɖɔʋu nɔnɔ nu tsɛe o, eye mele be míabu mía ɖokui dodo kpɔ le kɔdzi enuenu kpakple alesi wòle vevie be kadodo nyui nanɔ mía kple míaƒe ƒome ƒe ɖɔkta dome la nu tsɛe o.
Togbɔ be Marian di be yeanɔ lãmesẽ me hã la, ekpɔa egbɔ be yemeŋe aɖaba ƒu yeƒe lãmesẽ dzi alo atsi dzi ɖe eŋu akpa o. Egblɔ be: “Medoa gbe ɖa biaa Yehowa ƒe mɔfiafia hã le lãmesẽ ŋuti nyametsotso ɖesiaɖe si wòhiã be mawɔ ŋu, bene mate ŋu awɔ nusi aɖe vi nam ɣeyiɣi didi ale be nyemava nɔ ɣeyiɣi kple gã geɖe gblẽm ɖe lãmesẽ gbɔ kpɔkpɔ ŋu o.” Egblɔ hã be: “Esi wòle vevie be maʋanya ɖokuinye ta la, medoa gbe ɖa be Mawu nakpe ɖe ŋunye maɖɔ ŋu ɖo le alesi mezãa nye ɣeyiɣi kple ŋusẽe me, ale be nyemawɔ kuvia akpa o eye, le ɣeyiɣi ma ke me la, nyemawɔ nu wòagbɔ nye ŋutete ŋu o.”
Ne dzi adzɔ mí vavã la, mele be míaŋe aɖaba aƒu etsɔme dzi o. Ne nu de mía dzi be míaƒe lãme sẽ va ɖo afi aɖe fifia hã la, dɔléle, vevesese, fukpekpe, kple mlɔeba ku kpɔtɔ li. Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li be míava nɔ lãmesẽ deblibo me gbaɖegbea?
[Aɖaka si le axa 6]
Beléle na Ame Ðokui si Da Sɔ ƒe Viɖewo
Ne míagblɔe gbadzaa la, wò lãmesẽ nɔ te ɖe nusi nèɖuna kple nusi nènona dzi. Ne èkɔ petrol si wotɔ tsii ɖe wò ʋu me alo ètsaka petrol kple sukli la, madidi o mɔ̃a agblẽ. Eyata ne nuɖuɖu kple nunono si me aminu sɔ gbɔ le sɔŋ koe nèɖuna la, wò lãmee ava gblẽ mlɔeba. Le kɔmpiutazãlawo dome la, woyɔa nusia be GIGO (garbage in, garbage out), si gɔmee nye “ne ède gbeɖuɖɔ eme la, gbeɖuɖɔe nàlɔ.”
Ðk. Melanie Mintzer si nye belélenameɖokui ŋuti nufialagã gblɔ be: “Dɔnɔ ƒomevi etɔ̃e li: amesiwo yia atikewɔlawo gbɔ ɖe dɔléle siwo gbɔ woawo ŋutɔ ate ŋu akpɔ le aƒeme ta, amesiwo nya atikewɔwɔ na wo ɖokui kple ɣeyiɣi si me wòle be woakpɔ atikewɔlawo, kpakple amesiwo ne wòhiã be woayi atikewɔlawo gbɔ gɔ̃ hã womeyina o. Amesiwo le hatsotso gbãtɔa me gblẽa ɣeyiɣi na atikewɔlawo eye wogblẽa woawo ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi kple ga hã. Amesiwo le hatsotso etɔ̃lia me ate ŋu ade woƒe agbe afɔku me ne wohe atikenyalawo ƒe kpekpeɖeŋu si hiã xɔxɔ ɖe megbe. Enye ɖɔktawo ƒe didi be ame geɖe wu nanɔ hatsotso evelia me tɔwo dome.”
“Nu vevi adre siwo na wonɔa lãmesẽ nyui mee nye: ɖu nu nyui eye nàno nu nyui, de kame edziedzi, mègano atama o, gbɔ ɖe eme nyuie, mègana nu nate ɖe dziwò akpa o, xɔlɔ̃ veviwo nenɔ asiwò, eye nàwɔ afɔɖeɖe siwo me nunya le bene màganɔ dɔ lém ahanɔ afɔku me dzem kakaka o.”—Before You Call the Doctor—Safe, Effective Self-Care for Over 300 Medical Problems, si Anne Simons, M.D., Bobbie Hasselbring, kple Michael Castleman ŋlɔ.
[Aɖaka si le axa 7]
Aƒeme Tikeɖaka
“Wobu akɔnta be ame tsitsi siwo ƒe lãme sẽ wu vie la bua dɔléledzesi—abe taɖui, vevesese, abidzedze, kple lãmegbegblẽ alo dɔléle ƒe dzesi bubuwo ene—alafa memamã 90 nu tsɛe eye womegblɔnɛ na ame aɖeke o. . . . Zi geɖe ne taɖui ye la, aspirin 2 koe wotsɔ kpɔa egbɔe enumake.”
“Zi geɖe la, atikeɖaka si le aƒea mee na wòte ŋu nɔa bɔbɔe nenema. Ewɔnɛ be ɖɔkta kpɔkpɔ alo kɔdzi yiyi dzodzro si biaa ga geɖe la dzi tsona.”—Complete Home Medical Guide, si Columbia Yunivɛsiti ƒe Atikewɔwɔ Kple Amekoko Srɔ̃ƒe ta.
Agbalẽ sia ke gaɖo aɖaŋu be aƒeme tikeɖaka nanɔ anyi eye abidziɖovɔwo, plasta, abidziɖovɔ kakɛ siwo wode atikee, ɖetifu, abiblavɔwo, abimeɖomi vovovo, abiklɔtike, sakisi, dzoxɔxɔdzidzenu si wodea nume, kple nu bubu siwo hiã la nanɔ eme.
Le atikenonowo gome la, esiwo ƒe aɖaŋu wòɖoe nye atikekui siwo atsi ŋudza kple veve nu, ƒododziɖeamenutikewo, kpetikewo, wɔɖitikewo, dɔmetrɔtike siwo nu mesẽ o, kple mitsinyenyetikewo.
[Aɖaka si le axa 8]
Nuxlɔ̃menya Kpui Aɖe
“Togbɔ be menye ɖe woŋlɔa atike siwo amewo ƒlena le wo ɖokui si na wo hafi woƒlena o hã la, wonye atike ŋutɔŋutɔwo. Abe alesi wòle le esiwo woŋlɔna na ame gome ene la, mele be woano wo dometɔ aɖewo atsaka kple bubuwo loo alo anoe kpe ɖe nuɖuɖu aɖewo alo ahasesẽ ŋu o. Abe atike bubuwo ene la, wo dometɔ aɖewo ate ŋu atsyɔ dɔ sesẽ aɖewo dzi alo wo nono nazu numãme. Eye ɣeaɖewoɣi la, mele be atike siwo womeŋlɔ na ame o la naxɔ ɖe ɖɔkta gbɔ yiyi teƒe o.
“Ke hã wo dometɔ akpa gãtɔ nyo eye wowɔa dɔ . . . Wodaa dɔa eye wodanɛ nyuie.”—Using Medicines Wisely.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Ðo ŋku edzi be gbe alo atike aɖeke meli si megblẽa nu kura o
1. Atikedzrala ƒe atikeɖaka
2. Gbadzadzi tikedzrala
3. Gbetike kotokuwo