INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g01 11/8 axa 19
  • Zã Atikewo Nunyatɔe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Zã Atikewo Nunyatɔe
  • Nyɔ!—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zã Atikewo Nyuie
    Nyɔ!—1996
  • Aleke Nàwɔ Anɔ Lãmesẽ Me?
    Nyɔ!—1998
  • Ðokuisitikewɔwɔ—Viɖewo Kple Afɔkuwo
    Nyɔ!—1998
  • Ne Wò Ame Vevi Aɖe Dze Dɔ
    Nyɔ!—2015
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2001
g01 11/8 axa 19

Zã Atikewo Nunyatɔe

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SOUTH AFRICA GBƆ

ÐIKEKE mele eme o be ne ɖɔkta ŋlɔ atikewo na wò la, susu nyuiwo tae wòŋlɔ wo ɖo eye ètua eƒe nyametsotsowo ɖe atikewɔwɔ ƒe sidzedze kple, nuteƒekpɔkpɔ si su esi la dzi. Ke hã mele be dɔnɔa nakpɔ mɔ be ɖɔktaa dzie yeƒe hayahaya ƒe agba bliboa le o. Nusi dɔnɔa nona kple esi wodona ɖe lãme nɛ ƒe agba gakpɔtɔ le eyama dzi.

Bu mɔfiame nyui siwo gbɔna si ɖɔkta aɖe na ŋu ne èle atike siwo woŋlɔ na wò la zãm:

● Atike ɖesiaɖe dea aɖi lãme na ame. Ekpɔ mɔ anya atike si ŋlɔm wole na wò kple nusiwo wòate ŋu agblẽ le ŋuwò. Ne ɖɔkta si le dɔ dam na wò mena nyatakaka sia wò o la, mègahe ɖe megbe be yeabiae o. Le go geɖe me la, viɖeawo asɔ gbɔ wu emetsonu gbegblẽawo. Gake ele be woagblɔe na wò ale be nàte ŋu awɔ nyametsotso si me nunya le.

● Atikewo wɔa dɔ le ame ɖesiaɖe ŋu le mɔ vovovo nu. Ðɔktaa mate ŋu agblɔ alesi tututu atike aɖe agblẽ nu le ŋuwò do ŋgɔ o. Ne atike aɖe me tsonu si mèle mɔ kpɔm na o va le fu ɖem na wò la, ke gblɔe na wò ɖɔktaa.

● Bia ɣeyiɣi didi si woahiã be nàno atikea. Azɔ hã bia nenye be atikea ate ŋu ava zu numame na wò.

● Kpɔ nyuie le asiɖeɖe le atike aɖe zazã ŋu le ɖokuiwò si, ɖewohĩ esi nèse le ɖokuiwò me be yele hayahayam vie ta. Asiɖeɖe le atike zazã ŋu ate ŋu agblẽ wò nɔnɔmea ɖe edzi. Ðe ema teƒe la, gblɔe na wò ɖɔktaa gbã.

● Zã atike si woŋlɔ na wò la le ɖɔkta ƒe mɔfiafia nu ɣesiaɣi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe