Sɔhɛwo Biana Be . . .
Nukata Nye Susu Mete Ŋu Nɔa Nu Ŋu O?
“Enyea nuɖiɖeame ɣeaɖewoɣi. Manɔ to ɖom le hamea ƒe kpekpe aɖe me, kasia nye susu ade asi tsatsa me. Meva nyɔna le ɖokuinye me le aɖabaƒoƒo ewo megbe.”—Jesse.
“WÒ SUSU neva afii!” Ðe nèsena nya mawo le wò nufialawo alo dziwòlawo nu enuenua? Ne èsenɛ la, ke ɖewohĩ susu ƒe nuŋunɔnɔ ƒe kuxi le ŋuwò. Ate ŋu ana be màxɔ dzeside boo aɖeke le suku o. Àkpɔe be amewo abu wò ɖe ƒomevii, ame ɖigbɔe alo dzimakplae.
Vevietɔ wu la, wò susu ƒe nuŋumanɔmanɔ ate ŋu agblẽ nu le wò gbɔgbɔmemenyenye ŋuti. Ne èbu eŋu kpɔ la, Biblia ŋutɔ de se be, ‘Milé ŋku ɖe alesi mieɖoa toe ŋu.’ (Luka 8:18) Nyateƒe, wode se na Kristotɔwo be ‘woalé to ɖe’ gbɔgbɔmenuwo ‘ŋuti geɖe wu.’ (Hebritɔwo 2:1) Eye ne esesẽ na wò be wò susu nanɔ nu ŋu la, asẽ na wò be nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi.
Anye nuka gbɔe wòatso? Le go aɖewo me la, susu ƒe nuŋumanɔmanɔ ate ŋu atso dɔléle aɖe gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, numekula aɖewo xɔe se be Susu ƒe Nuŋumanɔmanɔdɔ te ŋu tsoa ahɔhɔ̃mekadodowo ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie gbɔ.a Dɔléle aɖewo le ɖevi aɖewo ŋu si womenyana o, le kpɔɖeŋu me, womete ŋu sea nu nyuie alo kpɔa nu nyuie o. Esiawo hã ate ŋu aɖe fu na ame ƒe susu ƒe nuŋunɔnɔ. Numekulawo dzesii be esesẽna na ɖeviwo be woƒe susu nanɔ nu ŋu wu ame tsitsiwo. Eyata togbɔ be ƒã hafi susu ƒe nuŋumanɔmanɔ tsoa dɔléle gbɔ hã la, ebɔ ɖe sɔhɛwo dome.
Wò Tamebubu Mɔnuwo ƒe Tɔtrɔ
Ne susu ƒe nuŋunɔnɔ nye kuxi na wò la, anye be ɖewohĩ esi nèle tsitsim tae. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Esime menye vi la, meƒo nu abe vi ene, eye mesusu abe vi ene, eye mebu tame abe vi ene; ke esime mezu ŋutsu la, meɖe ɖevimenuwo ɖa.” (Korintotɔwo I, 13:11) Ẽ, esi nèle tsitsim la, wò tamebubu mɔnuwo trɔ. Agbalẽ si nye Adolescent Development (Ƒewuiviwo ƒe Tsitsi), gblɔ be, “nuŋububumɔnu yeye ƒe ŋutetewo . . . dzena le ƒewuiwo me ɖoɖo teti.” Wò nuŋububu kple nu sesẽwo gɔmesese ƒe ŋutete dzina ɖe edzi. Àva nɔ agbenɔnɔ ŋuti sewo, gɔmeɖosewo, kple nu bubu geɖe gɔme sem nyuie wu. Àdze tamebubu le wò tsitsime le etsɔme ŋu gɔme.
Nukae nye kuxia? Esi tamesusu kple nuŋububu yeye siawo katã xɔ susu me na wò la, ate ŋu atɔtɔ wò ŋutɔ. Màganɔ tame bum le nu tsɛwo ŋu abe ɖevi ene o. Fifia wò susu ƒonɛ ɖe nuwò be nàbu nusiwo nèkpɔna kple nusi nèsena ŋu eye nàbia nya tso wo ŋu. Wò nufiala ƒe nyagbɔgblɔ aɖe ate ŋu ana wò susu ate tsaglãlatsatsa. Gake nya veviwo ate ŋu ato ŋutiwò negbe ɖe nèsrɔ̃ alesi nàɖu wò susu ƒe tsatsa dzi. Dzidzɔtɔe la, Biblia gblɔ be ame dzɔdzɔe Isak dia ɣeyiɣi dea ŋugble le ɖoɖoezizi me. (Mose I, 24:63) Ðewohĩ ɣeyiɣi ɖoɖo ɖi gbesiagbe aɖi ɖe eme, ade ŋugble, ahabu nuwo ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò susu nanɔ nu ŋu wu le ɣebubuɣiwo.
Seselelãmewo Kple Lãmetsiŋusẽ ƒe Dɔwɔwɔ
Wò seselelãmewo hã ate ŋu ana nàtɔtɔ. Àdze agbagba be yeana yeƒe susu nanɔ nusi xlẽm yele alo nusi yele to ɖomee dzi, kasia èkpɔ be yeva le nu bubuwo ŋuti bum. Esi nu ti kɔ na wò sẽ la, emegbe ŋusẽ yeye ɖo mewò, esi nèlé blanui sẽ la, emegbe dzidzɔ ɖo mewò. Na wò dzi nedze eme! Menye numadzɔkpɔe o. Anye wò lãmetsiŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ koe na nètɔtɔ. Ƒewuiwo me tɔtrɔ siwo vana ko me tom nèle.
Kathy McCoy kple Charles Wibbelsman ŋlɔ be: “Seselelãmewo doa agbogbo le ƒewuiwo me . . . Nɔnɔme ƒe tɔtrɔ kabakaba sia te ŋu tsoa ƒewuiwo me nɔnɔ gbɔ ɣeaɖewoɣi. Eƒe akpa aɖe tsoa tɔtrɔ gbogbo siwo me tom nèle fifi laa ƒe dɔwɔwɔ ɖe ame dzi gbɔ.” Gawu la, èle ‘sɔhɛnyenye ƒe dzodzro sesẽ ƒe ɣeyiɣi’—esime gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro sẽa ŋu le ame me wu—la me tom. (Korintotɔwo I, 7:36) Agbalẽŋlɔla Ruth Bell gblɔ be: “Tɔtrɔ siwo vaa ame ƒe ŋutilã me le tɔtrɔƒewo me nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe seselelãme sẽŋuwo ɖe ame me zi geɖe. Àkpɔ be yeava nɔ gbɔdɔdɔ ŋu bum wu, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nanɔ nyɔnyɔm ɖe mewò kabakaba, eye ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã, gbɔdɔdɔ naxɔ susu me na wò.”b
Jesse, si míeyɔ va yi hã to susu me tsaglãlatsatsa si bɔ ɖe ƒewuiviwo me la me: “Ɣeaɖewoɣi la, mebua tame le nyɔnuviwo alo nane si le fu ɖem nam alo nusi mava wɔ la ŋu.” Seselelãmewo ƒe fuɖenameawo nu ava yi gbaɖegbe. Fifia la, tu ɖokuidziɖuɖu ɖo. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi.” (Korintotɔwo I, 9:27) Zi geɖe alesi nèsrɔ̃ wò seselelãmewo dzi ɖuɖu la, zi nenemae wò susu ate ŋu anɔ nu ŋui.
Wò Alɔ̃dɔdɔ
Esi nèle tsitsim la, alɔ̃dɔdɔ nyuie hiã na wò ŋutilã be wòatu wò ametia ɖo eye wòana wò ahɔhɔ̃ nakpɔ ta na susu kple seselelãme yeye siwo nèdoa goe gbesiagbe. Gake ɣeyiɣi boo aɖeke mele ƒewuivi geɖewo ƒe ɖoɖowɔɖi me hena alɔ̃dɔdɔ o. Ahɔhɔ̃ŋutinunyala aɖe gblɔ be: “Ametia maŋlɔ alɔ̃ ƒe gaƒoƒo siwo ƒe fe wonyi le eŋu la be o. Ke boŋ aɖo ŋku edzi ɣesiaɣi ahalĩ fe wò enumake, esi ate ŋu anye nuŋɔŋlɔbe, susu ƒe nuŋumanɔmanɔ, kple ablamaɖemaɖe le susu me.”
Numekula aɖewo xɔe se be alɔ̃dɔdɔ gaƒoƒo ɖeka alo esi wu nenema zã sia zã ate ŋu adzi ame ƒe susu ƒe nuŋunɔnɔ ƒe ŋutete ɖe edzi ale gbegbe. Nyateƒee, Biblia tsri kuviawɔwɔ kple alɔ̃tsudɔdɔ. (Lododowo 20:13) Gake susu le eme be woaɖi ɖe eme nyuie be woate ŋu awɔ dɔ nyuie.—Nyagblɔla 4:6.
Nuɖuɖu Kple Susu ƒe Nuŋunɔnɔ
Kuxi bubu ate ŋu anye nuɖuɖu. Ƒewuiviwo lɔ̃a aminuwo kple suklinuwo ɖuɖu. Numekulawo gblɔ be togbɔ be nuɖuɖu aɖewo avivi hã la, edze abe woɖiɖia susu ƒe ablaɖeɖe ene. Numekukuwo ɖee fia hã be susu ƒe dɔwɔwɔ dzi ɖena kpɔtɔna le nuɖuɖu siwo me gomanuwo le, abe abolo, mɔli, nukuwo, alo nuɖuɖu siwo wotsɔ abolowɔ wɔe ene ɖuɖu vɔ megbe. Ate ŋu anye esi nuɖuɖu siwo me goma le dzia lãmetike aɖe si woyɔna be serotonin si le ahɔ̃hɔ me la ɖe edzi si naa alɔ̃ tsɔa ame tae. Nunyiameŋutinyala aɖewo kafu nuɖuɖu siwo me protein sɔ gbɔ ɖo ɖuɖu hafi awɔ dɔ siwo me wòhiã be ame ƒe susu nanɔ ŋute le.
Television Kple Kɔmpiuta ƒe Ɣeyiɣi
Ƒe geɖee nye esia si nufialawo kpɔ be television kple nusiwo woɖena fiana le edzi siwo va yina kabakaba ɖea sɔhɛwo ƒe susu ƒe nuŋunɔnɔ dzi kpɔtɔna, eye wo dometɔ aɖewo gale fɔ bum kɔmpiuta nenema ke. Togbɔ be eŋutinunyalawo le nya hem le eŋu le alesi tututu fifi mɔ̃ɖaŋunu siawo le nu gblẽm le sɔhɛwo ŋui hã la, ɣeyiɣi geɖe fũ zazã ɖe television kpɔkpɔ alo kɔmpiuta dzi fefewo ŋuti made ame dzi o. Sɔhɛ aɖe lɔ̃ ɖe dzi be: “To video dzi fefewo, kɔmpiutawo, kple Internet zazã me la, wona wòwɔ na mí ɖeviwo be míaƒe asi ate ŋu aka nusi dim míele enumake.”
Kuxia enye be agbagbadzedze, kutrikuku, kple dzigbɔgbɔ blewu si nɔ amewo si tsã mee wotona hafi nu geɖe sua ame si le agbe me. (Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 6:12; Yakobo 5:7.) Eyata mègabui be ele be tsɔtsɔe nenɔ nuwo ŋu ahado dzidzɔ na ame hafi viɖe nanɔ wo ŋu o. Togbɔ be television kpɔkpɔ kple kɔmpiuta dzi fefewo ate ŋu ado dzidzɔ na wò hã la, nukata màsrɔ̃ aŋɔsisi na nu, nutata alo asrɔ̃ haƒomɔ̃ aɖe ƒoƒo o? Aɖaŋudɔ mawo ate ŋu atu wò susu ƒe nuŋunɔnɔ ƒe ŋutete ɖo.
Ðe mɔnu bubu aɖewo li si dzi nàto atu wò susu ƒe nuŋunɔnɔ ƒe ŋutetewo ɖoa? Ẽ, woli, nyati aɖe si gbɔna aƒo nu tso wo dometɔ aɖewo ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ November 22, 1994, Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe axa 3-12; kpakple February 22, 1997, axa 5-10; kple Eʋegbe tɔ July 8, 1996, axa 23-25.
b Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be. . . Aleke Mawɔ Aɖe Susu Ða le Nyɔnuwo alo Ŋutsuwo Dzi?” le míaƒe September 8, 1994, ƒe Nyɔ! me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 24]
Numekulawo gblɔ be edze abe nuɖuɖu aɖewo ɖiɖia susu ƒe ablaɖeɖe ene
[Nya si ɖe dzesi si le axa 24]
“Ɣeaɖewoɣi la, mebua tame le nyɔnuviwo alo nane si le fu ɖem nam ŋu”
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Ðe toɖoɖo le suku nyea nu sesẽ na wòa?