INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 8/8 axa 31
  • Tia Modzakaɖeɖewo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tia Modzakaɖeɖewo Me
  • Nyɔ!—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Míatia Nu Siwo Míatsɔ Aɖe Modzakae
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Ale Si Nàwɔ Atia Modzakaɖeɖe Nyuiwo
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Modzakaɖeɖe Tuameɖo Li Nàkpɔ
    Nyɔ!—1997
  • Tia Modzakaɖeɖe Siwo Dzea Yehowa Ŋu
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 8/8 axa 31

Tia Modzakaɖeɖewo Me

Ŋusẽ kae modzakaɖeɖe kpɔna ɖe ɖeviwo dzi? Alvin Poussaint, nufiala aɖe si ganye ɖɔkta si wɔ dɔ kple ɖeviwo ade ƒe 30 la xɔe se be sinima siwo me woɖea gbɔdɔdɔ kple ŋutasesẽ nuwɔnawo le kpɔkpɔ fiaa sɔhɛwo be naneke megblẽ le agbenɔnɔ mawo ŋu o. Egatɔ asi afɔku bubu dzi be: “Mekpɔa ɖeviwo trɔna tsoa sinima mawo kpɔƒe eye vɔvɔ̃ ɖoa wo—alo wodoa adã ŋutɔ. Mekpɔ bubuwo hã gava kuna ɖe ame ŋu le vɔvɔ̃ ta alo wogava nɔa asi nom alo nɔa aɖuɖɔ ɖɔm ɖe aba dzi.” Ðɔkta sia gblɔ be eŋutinunyalawo de dzesi nudzɔdzɔ bubu siwo ate ŋu ahe nɔnɔme siawo vɛ—wo dometɔ ʋee aɖewoe nye ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu alo ɖeviwo gbɔdɔdɔ alo aʋagbedzinɔnɔ. Eɖe nu me be: “Mía dometɔ aɖeke malɔ̃ faa atsɔ via ade nɔnɔme mawo me o, gake míetsona kpla xea mɔ na wo be womegakpɔ nusiwo wòado ŋɔdzi na mí be woakpɔ ne ɖe menye mɔ̃ dzie woɖee le o la o.”

Susu nyuiwo tae wòle be Kristotɔwo natia modzakaɖeɖewo me eye woaka ɖe edzi be modzakaɖeɖe si yewotia la menye dada le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi o. Le kpɔɖeŋu me, Psalmo 11:5 gblɔ be, ‘Yehowa doa ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.’ Eye Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ be: “Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ . . . Miɖe nusiawo katã, siwo nye: Dziku, dɔmedzoe, nu tovo wɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, ŋukpenanyawo la ɖa tso miaƒe nu me.”—Kolosetɔwo 3:5, 8.

Eyata ele be dzilawo naɖɔ ŋu ɖo be modzakaɖeɖe si yewotiana na yewo viwo—kple na yewo ɖokui—la mede “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” dzi o. (Galatiatɔwo 5:19-21) Ele be woatia modzakaɖeɖeawo me, abu eƒe nyonyome kple agbɔsɔsɔme si woakpɔ la hã ŋu.—Efesotɔwo 5:15-17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe