INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 9/8 axa 12-15
  • Amenubeble ƒe Aɖaŋu La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amenubeble ƒe Aɖaŋu La
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amesiwo Wotɔa Ŋkui be Woaƒlee
  • Amenublenyawo
  • Ekpɔa Ŋusẽ Ðe Tamebubu Kple Seselelãme Dzi
  • Ekpɔa Ŋusẽ ɖe Susua Dzi
  • Boblododo Do Agbogbo ɖe Mía Dzi
    Nyɔ!—1998
  • Boblododo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi
    Nyɔ!—1998
  • Boblododo Ƒe Amebleŋusẽ La
    Nyɔ!—2009
  • Nu Ka Tae Míeƒlea Nu?
    Nyɔ!—2013
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 9/8 axa 12-15

Amenubeble ƒe Aɖaŋu La

TAMEÐOÐO kae le boblododo ŋu? Dɔwɔhawo gblɔna be yewoƒe boblododo ɖea vi na amesiame elabena ena míenyaa nu tso yewoƒe adzɔnuwo ŋu. Dukɔwo Dome Boblodohaa gblɔ be: “Adzɔnuzãla hiã boblododo be wòakpe ɖe eŋu wòanya nu tso nua ŋu nyuie. Nyatakaka si ame asee akpe ɖe eŋu wòawɔ tiatia. Boblododo—ne míagblɔe gbadzaa la—nye mɔ vevitɔ si dzi nyatakaka ma si tso Adzɔnuwɔla gbɔ ato aɖo Ezãla gbɔ.”

Gake mí katã míenya be menye nyatakaka koe boblododo ma tɔgbe nana o—eƒe taɖodzinue nye be wòana amewo naƒle nua. Megblɔa alesi nua le ŋutɔŋutɔ o. Boblododo kpɔdzidzedze xɔa nua zãla ƒe susu me aɖaŋutɔe eye wòʋãnɛ be wòaƒle nusi ƒe boblo dom wole.

Gakpe ɖe eŋu la, menye ɖeko boblododo na woƒlea adzɔnuwo ko o; ehea susu yia adzɔha si gbɔ wòtso hã dzi. Ne adzalẽwɔla si wɔa adzalẽ le agbɔsɔsɔ gã ŋutɔ mee nènye la, màzã dɔlar miliɔn geɖe atsɔ ado bobloe ade dzi ƒo na amewo be woaƒle adzalẽ ɖesiaɖe ƒomevi ko o ɖe. Àdi be woaƒle yeƒe adzalẽa. Àdi boblododo si ana amewo nakpɔe be adzalẽ si nèwɔna lae nyoa amewo ŋu wu bubu ɖesiaɖe.

Amesiwo Wotɔa Ŋkui be Woaƒlee

Be boblododo naɖe kpe la, zi geɖe wodzea agbagba trɔa asi le eŋu na ame aɖewo koŋ, eɖanye ɖeviwo, nyɔnu aƒedzikpɔlawo, asitsalawo, alo ƒuƒoƒo bubu aɖe o. Wotrɔa asi le nyaa ŋu aɖaŋutɔe be wòasɔ ɖe nusi ŋu ame mawo tsia dzi ɖo wu la nu. Azɔ wozãa nyakakamɔnu si ana nya la naɖo ameawo gbɔ nyuie wu la tsɔ doa bobloae.

Hafi woatrɔ asi le boblododo aɖe ŋu la, wowɔa numekuku geɖe le ame ƒomevi siwo aƒle adzɔnu si ƒe boblo dom wole godoo ahazãe la ŋu. Ele be bloblodolawo nanya amesi ƒomevi amesiawo nye, alesi wobua tame hewɔa nui, nusi dzroa wo kple nusi wodina. Ame aɖe si tsɔ boblododo ɖo dɔe ŋlɔ bena: “Míedzea agbagba geɖe be míanya amesiwo tututu míele nyaawo ŋlɔm na. Amesiwo wonye, afisi wole, kple nusi woƒlena. Míebua nusita woƒlenɛ hã ŋu. Esiawo katã nyanya kpena ɖe mía ŋu míetea ŋu ŋlɔa nya siwo aʋã wo woaƒle nua. Amesiwo míetɔ ŋkui la awɔ ɖe míaƒe amenublenyaawo dzi; ŋɔdzidonamenyawo, míaƒe ɖokuitɔdidi, alo nya siwo meyi na ame aɖeke tẽ o metsɔa fu lãme na wo o.”

Amenublenyawo

Ne wole asi trɔm le boblododo aɖe ŋu la, ehiã vevie be woatsɔ ŋuɖɔɖo agblɔ nyawoe. Wolɔ̃a nu kafukafu si gbɔ eme. Wogblɔna be bliwɔ ƒomevi aɖe si woatsɔ awɔ ŋdinuɖuɖui la “nyo ale gbegbe,” eye dɔwɔha aɖe si wɔa gbedonamegbalẽviwo gblɔ be ne amewo di be “yewoaɖo nyuitɔ kekeake ɖe amewo” la, yewotɔe woƒlena. Togbɔ be menye ɣesiaɣie wòle bɔbɔe be woakpɔ vovototo si le kafukafu si gbɔ eme kple ameblenya si woɖo koŋ gblɔ dome adze sii o hã la, boblodolawo ɖɔa ŋu ɖo be womagblɔ nya siwo amewo ate ŋu aku nu me akpɔe be enye alakpa la o. Dziɖuɖu aɖewo de sewo ɖe anukwaremaɖimaɖi mawo ƒomevi nu, eye ne dɔwɔha aɖe se dɔwɔha bubu ƒe alakpaboblododo si ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu la, wotsona kaba hea wo yia ʋɔnui.

Ne adzɔnu aɖe de bubuwo ɖi ge la, boblodola la mete ŋu gblɔa nya boo aɖeke tso eŋu o, ke nya kpui aɖe koe nɔa boblododoa me alo ɖeke kura menɔa eme o. Ame aɖewo gblɔa nya siwo ahe amewo ƒe susu tsɔ ɖɔa woƒe adzɔnuwoe. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esiawo: “Wò ya ƒlee ko” (duƒufɔkpa ƒomevi aɖe), “Dziɖulawo ƒe ŋdinuɖuɖue” (bliwɔ aɖe si wotsɔ wɔa ŋdinuɖuɖui), “Wò gae, tsɔe ƒle nyuitɔ” (ʋu ƒomevi aɖe), kple “Míeléa be na ame” (nugblẽfexeha aɖe).

Boblododo siwo dzena wokpɔna, eɖanye le magazine me alo television dzi o, kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi wu nya si wogblɔna le adzɔnua ŋutɔ ŋu. Nya aɖewo adze le alesi woƒoa nu tso adzɔnu aɖe ŋui me si ƒe ɖewoe nye, ‘Ne èƒle gaƒoɖokui sia la, amewo ade bubu ŋuwò’ alo ‘Ata legbe (jeans) sia tɔgbe ana wò nu nanyo ŋutsuwo alo nyɔnuwo ŋu wu’ alo ‘Ʋu sia ana wò aƒelikawo naʋã ŋu wò.’ Le boblododo nyanyɛ aɖe si nye esiwo kpɔ dzidzedze wu dometɔ ɖeka me la, sigaretwɔha aɖe yɔ nyikplɔviwo tɔ ɖe eƒe adzɔnua ŋu. Wona nyikplɔviawo dze amesiwo ŋu ŋusẽ le ŋutɔ, ame titriwo, kple amesiwo ɖoa tɔ ɖe nu nu. Nya si dze le emee nye be: Ne èno míaƒe sigaretiwo la, ànɔ abe ŋutsu sesẽ siawo siwo ƒe nu nyoa ame ŋu.

Tsɔ kpe ɖe nya siwo ŋu wotrɔ asi le aɖaŋutɔe kple esiwo wowɔna amewo kpɔna ŋu la, hadzidzi hã nye nu vevi aɖe le boblododo me le radio kple television dzi. Ewɔa dɔ ɖe amewo ƒe seselelãme dzi, enaa boblododoa ƒe nɔnɔme nyona ɖe edzi, ewɔnɛ be wote ŋu ɖoa ŋku edzi, eye wòna ezãlawo kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu wu.

World Watch magazine de dzesii be: “Boblododo siwo ŋu wotrɔ asi le nyuie wu nyea nusiwo wowɔ le aɖaŋu blibo me—wozãa nukpɔkpɔ wɔdɔɖeamedziwo, nusiwo ŋu ŋusẽ le, kple nya ʋãme wɔdɔɖeamedziwo ɖekae tsɔ nyɔa míaƒe dzimaɖitsitsi kple nudzroamewo. Le adzɔnuwɔdukɔwo me la, nusiwo ŋu wotsɔa aɖabaƒoƒo ɖeka ƒoa nu tsona le television dzi boblododowo me le fiẽsiwo me sɔa gbɔ wu nusianu si wowɔ kpɔ va yi.”

Ekpɔa Ŋusẽ Ðe Tamebubu Kple Seselelãme Dzi

Wotrɔa asi le boblododowo ŋu aɖaŋutɔe be woasɔ ɖe amesiwo wotɔ ŋkui ƒe nudidi tɔxɛ aɖewo kple nusiwo le vevie na wo nu. Ðewohĩ boblododo asɔ ɖe didi be yeaɖe modzaka, dzitsitsi ɖe dedienɔnɔ ŋu, alo didi be yeadze ame bubuwo ŋu nu. Ðewohĩ woatrɔ asi le boblododoa ŋu be wòasɔ ɖe didi be ame ƒe nu nawɔ dɔ ɖe ame bubuwo dzi, woanɔ dzadzɛ, alo woakpɔ ye be yeto vovo nu. Wonaa boblododo aɖewo sɔna ɖe nusiwo ŋu míetsia dzi ɖo nu tsɔ doa woƒe adzɔnuawo ɖe ŋgɔe. Le kpɔɖeŋu me, numeklɔtikewɔha aɖe xlɔ̃ nu le numeʋeʋẽ ƒe afɔku ŋu be: “Xɔ̃wò vevi gɔ̃ hã magblɔe na wò o” kple “Numeʋeʋẽtɔ mekpɔa ŋutsu ɖena o.”

Ele bɔbɔe ɣeaɖewoɣi be nàlé ŋku ɖe boblododo aɖe ŋu ko anya nusi ƒomevi ƒãm wole ɖe amewo me. Wotrɔa asi le boblododo aɖewo ŋu be wòawɔ dɔ ɖe míaƒe susu ƒe dzesidede nu, nuŋububu, kple nugɔmesese dzi. Woƒoa nu tso adzɔnua ŋu tẽ. Eƒe kpɔɖeŋue nye nuŋɔŋlɔ aɖe si agblɔ na wò be woɖe tɔmelã ƒe asi dzi kpɔtɔ va ɖo asi xoxoa ƒe afã. Mɔ bubu si dzi wotonae nye be woagblɔ amenublenyawo. Boblododo sia ƒomevi ana nàbui be menye ɖe tɔmelã si ƒe asi dzi woɖe la ana wò ga nagasusɔ ko o, ke avivi nuwò eye wòana nunyiame mia kple wò ƒomea.

Wotrɔa asi le boblododo bubuwo ŋu be wòakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe seselelãme dzi. Le kpɔɖeŋu me, wotsɔa adzɔnua ŋuti nukpɔkpɔ dzeani aɖe dea boblododo wɔdɔɖeamedziwo me be wòakpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi. Alea koŋue adzɔha siwo wɔa atsyɔ̃ɖonuwo, sigaret, kple aha doa boblo woƒe nuwoe. Le boblododo bubuwo gome la, ɖe wogbugbɔa nyaawo gblɔna enuenu. Wowɔa nuziziɖeamedzi ƒe nudzramɔnu sia ŋudɔ kple susu be ne amewo se nya aɖe enuenu la, woaxɔe ase ahaƒle nua, ne boblododoa ŋutɔ medze wo ŋu o hã! Esia tae zi geɖe míekpɔnɛ be wodoa boblo adzɔnu ɖeka aɖe enuenu. Atikewɔha siwo ƒe atikewo amewo ƒlena mɔfiafia manɔmee la lɔ̃a mɔnu sia zazã.

Boblododo siwo nye sededename hã kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe seselelãme dzi nenema ke. Boblododo siawo gblɔna na mí tẽ be: “No esia!” “Ƒlee fifia!” Wobu be sededename boblododowo ɖea vi wu le adzɔnu siwo amewo nya xoxo wòdzɔa dzi na wo la dzadzra me. Boblododo gbogbo bubu aɖewo hã nɔa nɔnɔme bubu me. Wonye amesɔsrɔ̃ alo adzɔnukafukafu tɔ. Ame xɔŋkɔwo alo amesiwo ƒe nuwɔna nya kpɔna na amewo siwo le adzɔnu si boblodola la di be míaƒle la zãm alo le ekafum la dzena le boblododo siawo me. Wotu nya sia ɖe susu sia dzi be míedi be míanɔ abe amesiwo ƒe nu nyoa mía ŋu ene. Nyikplɔvi sigaretnola ƒe boblododoa nye esia tɔgbe ƒe kpɔɖeŋu.

Ekpɔa Ŋusẽ ɖe Susua Dzi

Ède dzesii be ne èsea nane ƒe ʋeʋẽ alo ɣli aɖe ɣesiaɣi la, ate ŋu amã wò ale gbegbe be wò susu manɔ eŋu kura oa? Nenema wòdzɔnae le boblododo hã gome.

Le Business Week magazine ƒe nya nu la, Amerikatɔ ɖesiaɖe sea boblododo si ade 3,000 gbesiagbe. Aleke amewo wɔa nu ɖe eŋui? Wodoa tokui to mɔ̃a tsitsi me alo woɖea susu ɖa le eŋu. Ame akpa gãtɔ meléa to ɖe boblododowo ŋu boo o.

Be woaɖu ekpɔla ƒe ɖekematsɔleme dzi ta la, wotrɔ asi le boblododowo ŋu be woakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe susu dzi. Woɖea boblododo dzeaniwo fiana le television dzi. Wotrɔa asi le wo ŋu be woado dzidzɔ na ame, woawɔ dɔ ɖe ame dzi, woado nukokoe na ame, woana woabu tame, alo woawɔ dɔ ɖe ame ƒe seselelãme dzi. Ame xɔŋkɔwo kple nutata siwo ŋu amewo kpɔa ŋudzedze ɖo nɔa wo me. Wo dometɔ geɖe wɔa míaƒe seselelãme ŋudɔ tsɔ hea míaƒe susu, ɖewohĩ to nana be wòaku ɖe dadiwo, avuviwo, alo vidzĩwo ŋu me.

Ne boblodola he míaƒe susu vɔ la, ekpɔa egbɔ be yeana míaƒe susu nanɔ eŋu adidi vie be míanya adzɔnu si dzram wole. Menye ɖeko boblododo kpɔdzidzedze ɖea modzaka na mí ko evɔ o; wodzea agbagba be woable mía nu míaƒle nua.

Kpuie ko la, dɔ si boblododo wɔnae nye ma. Fifia míalé ŋku ɖe eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

Amerikatɔ ɖesiaɖe sea boblododo si ade 3,000 gbesiagbe

[Aɖaka si le axa 13]

Gbeɖiɖinulélawo, Kpodzolawo, Kple Numetialawo

Wotsɔa television ƒe remote control (mɔ̃ si wotsɔ ʋua television le adzɔge) gblẽa nu le boblododowo ŋu. Ame geɖe tea asi ɖe edzi léa gbeɖiɖia nu ne wole boblo dom. Ame bubuwo léa wɔnawo ɖe videokasɛt dzi eye ne wogbugbɔ wo le ɖeɖem la wotea asi ɖe edzi dzoa kpo toa boblododoawo ta. Ame aɖewo hã tea asi ɖe edzi nɔa tsatsam le televisiondɔwɔƒe bubuwo tsɔ ƒoa asa na boblododoawoe. Numetiala bibiwo nya ɣeyiɣi didi si boblododoa axɔ ale be wogaléa wɔna si kpɔm wole la ne woɖe boblododoawo vɔ.

Boblodolawo trɔa asi le boblododo siwo léa ame ɖi ŋu tsɔ dzea agbagba be yewoana amewo nagadzo kpo to yewoƒe boblododowo ta o—esiwo te ŋu hea ekpɔla ƒe susu enumake wònɔa ekpɔkpɔ dzi. Afɔku si le boblododo dzeaniwo ŋue nye be ate ŋu ana amewo naɖo ŋku boblododoa dzi gake woaŋlɔ adzɔnu si ƒe boblo dom wole ya be.

[Box on on page 14]

Boblododo Mawɔdɔɖeamedzi

Le ƒe 1950 ƒeawo ƒe nuwuwu me la, James Vicary gblɔ be yewɔ numekuku le sinimaxɔ aɖe me le New Jersey, U.S.A., afisi woɖea nya siwo nye “No Coca-Cola” kple “Ðu Blitɔtɔe” le sinima dzi flui ko. Nyaawo medzena wòdena sɛkɛnd ɖeka hã o, si fia be etsɔna kaba akpa ale gbegbe be mate ŋu awɔ dɔ ɖe susua dzi o. Gake Vicary gblɔ be ewɔe wodzra Coca-Cola kple blitɔtɔe geɖe wu. Nya sia na ame geɖe xɔe se be ne boblodolawo ɖe nya siwo “medzena o” fia la, aʋã amewo woaƒle adzɔnuwo. Wogblɔ be esi Aƒetɔ Vicary de asi dɔwɔɖoɖo te le Amerika-boblodolagãwo gbɔ xɔ dɔlar miliɔn 4.5 vɔ megbe la, ebu ɖe wo eye womete ŋu nya eyomemɔ o. Eble boblodolawo.

Numekuku bubu si wowɔ la ɖee fia be alakpae Vicary da. Boblodolawo ƒe amegã aɖe si le dɔa me ɣeyiɣi didi la gblɔ be: “Boblododo mawɔdɔɖeamedzi meɖea vi aɖeke o. Ne ɖe woɖea vi la, anye ne míazãe.”

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Wotrɔ asi le boblododowo ŋu be woahe míaƒe susu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe