Boblododo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi
LE ƔEYIƔI didi aɖe si va yi me la, ne woatɔ te television dzi dɔwɔna be woado boblo adzɔnu aɖe la, wogblɔa nya siawo be “Azɔ míase nya ʋee aɖewo tso míaƒe megbedawo gbɔ.” Megbedawoe nye dɔwɔha siwo naa ga be woado boblo yewoƒe adzɔnuwo. Togbɔ be “nya ʋee siwo tso míaƒe megbedaawo gbɔ” va bɔ ŋutɔ hã la, megbedaawo gayia edzi naa gakpekpeɖeŋu nyadzɔdzɔwo kple modzakaɖewɔnawo ɖeɖefia ƒe mɔnuwo—to television, magazinewo, nyadzɔdzɔgbalẽwo, kple radio dzi. Le esia ta megbedaawo dzea agbagba be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe nya siwo nyakakamɔnuwo agblɔ kple esiwo womagblɔ o dzi.
Le kpɔɖeŋu me: Le ƒe 1993 me la, dɔwɔha si wɔa Germanytɔwo ƒe atsiãʋu tɔxɛ aɖe ŋlɔ lɛta na magazine vovovo 30 talawo tsɔ de se na wo be woakpɔ egbɔ be boblododo siwo me yewoƒe ʋuwo adze le nanɔ “teƒe nyui si nuŋɔŋlɔmetola ƒe nyawo nɔna.” Lɛta la ɖe eme be nya sia nya si atsi tre ɖe yewoƒe ʋu, adzɔnu siwo tso Germany, alo Germany ŋutɔ ŋu meganɔ magazinea ƒe tata siwo doa boblo yewoƒe ʋua me o. Le nyateƒe me la, mewɔ nuku be dɔwɔha sia si gblẽa ga dɔlar miliɔn 15 ɖe magazine me boblododo ŋu nadi be woade yewoƒe boblododoa “teƒe nyui si nuŋɔŋlɔmetola ƒe nyawo nɔna” o.
Mewɔ nuku hã o ne magazine siwo doa boblo srɔ̃kpewu yeyewo medoa boblo srɔ̃kpewu xoxowo o, alo ne nyadzɔdzɔgbalẽ siwo me amesiwo dzi wotona ƒlea aƒe ƒe ŋkɔwo le megblɔ alesi wò ŋutɔ nàwɔ aƒle aƒe le ɖokuiwò si wo manɔmee o. Nenema ke mele be wòawɔ nuku na mí o ne nyatakakamɔnu siwo doa boblo sigaret alo tsatsadada meƒoa nu tsia tre ɖe sigaretnono kple tsatsadada ŋu o.
Alesi Nua Ƒlela Wɔa Nui
Eyata boblododo ƒe ŋusẽ de ŋgɔ wu adzɔnuwo ko dzadzra. Edea nɔnɔme aɖe nua ƒlela me, si nye nɔnɔme si wotu ɖe ŋutilãmenuwo dzi si dzena le xexeame ƒe afisiafi.
Ðe nane gblẽ le ema ŋua? Amesi nèbia dzie wònɔ te ɖo. Boblodolawo ƒe susue nye be amewo dina be yewoaƒle nu ale be nu nanɔ yewo si; boblododowo sɔna ɖe woƒe didia nu. Gakpe ɖe eŋu la, wogblɔ be boblododo na amewo kpɔa dɔwɔɖui, edoa alɔ kamedefefewo kple asinudɔwo, enana wokpɔa nyakakamɔnu si zazã megblẽa ga boo o, edea hoʋiʋli ƒe dzi ƒo, enana adzɔnuwo nyona ɖe edzi wu, enana nuwo ƒe asi bɔbɔna, eye ekpena ɖe amewo ŋu be woanya nu tso nusi dim wole be yewoaƒle la ŋu.
Ame bubuwo gblɔ be boblododowo nana be amewo tsia dzimaɖi eye nusi le wo si la medzea wo ŋu o, eye wòƒãa dzodzro si nu metsina gbeɖe o la ɖe wo me. Numekula Alan During ŋlɔ bena: “Boblododo le abe míaƒe ɣeyiɣia ene hetrɔna gbawotsyogbe, ena amewo tia dzidzɔdonamenuwo yome fũ, ena wosrɔ̃a ame xɔŋkɔwo, eye wotia nusiwo le tsia dzi yome; wodea bubu amea ŋu, wonaa nua ƒeƒle dzena nu vevitɔ si ana ame ƒe dzi nadze eme, eye wòna wobua mɔ̃ɖaŋununya me ŋgɔyiyi be eya dzie ame ƒe etsɔme nɔ te ɖo.”
Ŋusẽ si Wòkpɔna Ðe Dziwò
Ðe boblododo adzɔnuwo trɔa míaƒe nɔnɔme kple nudidiwoa? Ðewohĩ etrɔnɛ. Gake ne ŋusẽkpɔɖeamedzi ma alolo alo anɔ sue la nɔ te ɖe nu bubuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi dzi.
Ne Biblia ƒe gɔmeɖosewo kple agbenɔnɔdzidzenuwoe kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi la, míakpɔe adze sii be naneke megblẽ le ŋutilãmenuwo ƒe amesinɔnɔ ŋu o. Mawu gɔ̃ hã tsɔ kesinɔnu geɖe yra Abraham, Hiob, Salomo kple ame bubuwoe.
Gake ne míetsɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖosewo wɔ dɔe la, míanɔ abe amesiwo nu meɖia kɔ na siwo dia dzidzeme kple dzidzɔkpɔkpɔ to ŋutilãmenuwo didi ɣesiaɣi me la ene o. Biblia megblɔ na mí be “Míanɔ nuƒeƒle dzi vaseɖe esime ŋusẽ navɔ le mía ŋu o.” Ke boŋ egblɔ na mí be:
Ðo ŋu ɖe Mawu ŋu. “De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ la dzi.”—Timoteo I, 6:17.
Nu nadze ŋuwò. “Míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atsɔ naneke ayii hã o; ke ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.”—Timoteo I, 6:7, 8.
Bɔbɔ ɖokuiwò. “Nyɔnuwo nado awu le nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me; menye kple ɖaƒoƒo vivivo kple sika alo adzagbawo alo awu xɔasi dodo o, ke nusi dze nyɔnu, siwo ʋua Mawu ƒe subɔsubɔ me la, enye be, woawɔ leke na wo ɖokui to dɔwɔwɔ nyuiwo me.”—Timoteo I, 2:9, 10.
Nyae be Mawu me nunya xɔ asi wu kesinɔnu. “Woayra amesi tu nunya kple amesi ƒe asi su gɔmesese dzi. Elabena eƒeƒle nyo wu klosaloƒeƒle, eye eƒe viɖe ƒo sika ta. Exɔ asi wu adzagba, eye wò nu veviwo katã mede enu o. Agbenɔnɔ didie le eƒe ɖusi me, eye kesinɔnu kple bubu le eƒe mia me. Eƒe mɔwo nye mɔ vivi, eye eƒe toƒewo katã nye ŋutifafa. Agbeti wònye na amesiwo lée ɖe asi, eye woayra amesi vàe goŋgoŋ la.”—Lododowo 3:13-18.
Nye nunala. “Nana enye yayra wu xɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.
Ame aɖe ake ɖi be nyati vovovo siawo hã nye boblododo tɔgbe aɖe le wo ɖokui si, si le susu sia “dom ɖe ŋgɔ” be mele be ŋutilãmenuwo naɖu gbɔgbɔmenuwo dzi o. Ðikeke mele eme o be àlɔ̃ ɖe susu ma dzi.
[Aɖaka si le axa 17]
Boblododo Mawu ƒe Fiaɖuƒea
Nukae nye mɔ nyuitɔ kekeake siwo dzi woato atsɔ gbedasi ʋãme aɖo amewo gbɔ la dometɔ ɖeka? Agbalẽ si nye Advertising: Principles and Practice gblɔ be: “Le xexe si nyo ŋutɔ me la, adzɔnuwo wɔla ɖesiaɖe ate ŋu aƒo nu na amewo ɖekaɖeka tso adzɔnu kple dɔ si wowɔna na amewo xɔa ga ŋu na nua zãlawo.” Kristotɔ vavãwo le gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒea le mɔ sia nu ƒe 2,000 kloe nye esia. (Mateo 24:14; Dɔwɔwɔwo 20:20) Nukatae dɔwɔha geɖe metoa mɔ sia dzi ɖoa amewo gbɔ o? Agbalẽa ɖe eme be: “Exɔ asi ŋutɔ. Ga si woate ŋu agblẽ le ame ɖesiaɖe si gbɔ nudzralawo ayi mee nye dɔlar 150.” Gake Kristotɔwo ya “doa boblo” Mawu Fiaɖuƒea faa. Woƒe tadedeagu ƒe akpa aɖee wònye.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]
Biblia megblɔ na mí be “Míanɔ nuƒeƒle dzi vaseɖe esime ŋusẽ navɔ le mía ŋu o”