Boblododo Do Agbogbo ɖe Mía Dzi
“PAPA, nuka ƒe bobloe nye ma dom dzinua le?” Nya wɔmoyaa sia si ɖevi aɖe bia la dze le hakpanya aɖe si Carl Sandburg ŋlɔ anɔ ƒe 50 enye sia la me. Nyabiabia sia tɔgbe madze nukunyae boo le etsɔme o. Le New Scientist magazine ƒe nya nu la, boblododowo dzikpɔla eve siwo le London le asi trɔm le ɖoɖo aɖe ŋu be yewoazã ɣe ƒe keklẽ atsɔ ana boblodonyawo nadze le dzinua dzi woakpɔ.
Bu boblodonyawo ŋɔŋlɔ ɖe dzinua dzi la ŋuti kpɔ! Bu boblododo asitsanya aɖe na ekpɔlawo le xexeame katã ŋu kpɔ, nya si metso radio alo television dzi ne woatsii o, menye telefon dzie ne woadae ɖi o, menye pepa dzie wòle ne woadae ɖe gbeɖuɖɔ me, alo gbeɖiɖi wònye ne woatɔ tee o. Ðewohĩ nya sia mado dzidzɔ na wò o, gake anye taɖodzinu si wole mɔ kpɔm na vevie ƒe emevava le ame bubuwo ya gome.
Togbɔ be boblododo mekpɔ ɖo dzinua dzi haɖe o hã la, exɔ anyigba ƒe afisiafi. Boblodonyawoe xɔa Amerikatɔwo ƒe magazine akpa gãtɔ ƒe axawo ƒe akpa 60 le alafa me. Boblododonya siwo xɔa axa 350 te ŋu nɔa The New York Times ƒe tata si nye Kwasiɖagbe tɔ la ɖeɖeko me. Radio dɔwɔƒe aɖewo zãa aɖabaƒoƒo 40 le gaƒoƒo ɖesiaɖe me na boblododowo.
Television dzi tɔ hã li. Numekuku aɖe ɖee fia be Amerika-sɔhɛwo tsɔa gaƒoƒo etɔ̃ kpɔa television dzi boblododowo kwasiɖa sia kwasiɖa. Kaka woava do le kɔlege la, woakpɔ boblododo 360,000 le television dzi. Boblododowo dzena le television dzi le yameʋudzeƒewo, xɔ siwo me wolalana le le kɔdziwo, kple sukuwo.
Kamedefefe gãwo koŋue wotsɔ doa boblo nuwo fifia. Woŋlɔa boblodonyawo ɖe ʋu siwo wotsɔ ʋlia hoe ŋu. Kamedefefewɔla aɖewo kpɔa woƒe ga akpa gãtɔ tsoa boblodolawo gbɔ. Ga si basketball-ƒola xɔŋkɔ aɖe kpɔna tsoa eƒoƒo mee nye dɔlar miliɔn 3.9. Boblodolawo xe ga ma teƒe asieke nɛ be woatsɔ ado woƒe adzɔnuwo ɖe ŋgɔ.
Màte ŋu asi le wo nu o. Woklãa agbalẽ siwo dzi boblodonyawo le ɖe gliwo, bɔswo, kple ʋu gãwo ŋu. Woklãa wo ɖe taksiwo me kple tomeketekemɔwo dzi—wonɔa dugbadza nugododeƒewo ƒe ʋɔtruwo gɔ̃ hã ŋu. Wogblɔa wo dea nuƒomɔ̃wo me míesena le asiwo, fiasewo, kple dziƒoxɔliamɔ̃wo me—eye míesenɛ ne míelé telefon ɖe asi hele nuƒola la lalam. Le dukɔ aɖewo me la, woɖoa boblodonya gbogbo aɖewo ɖe amewo to posu me ale gbegbe be exɔla geɖe ɖea nu maɖinuawo tso posuɖaka me hedanɛ ɖe gbelɔnu me tẽ.
Abe alesi agbalẽ si nye Insider’s Report si McCann-Erickson si nye adzɔha si doa boblo nyawo le xexeame katã ta gblɔe ene la, ga si wòbu akɔnta be wozã ɖe boblododo ŋu le xexeame katã le ƒe 1990 mee nye dɔlar biliɔn 275.5. Ga home ma yi dzi tso ɣemaɣi va ɖo dɔlar biliɔn 411.6 le ƒe 1997 me eye wobu be aɖo dɔlar biliɔn 434.4 le ƒe 1998 me. Ga gbogbo aɖee nye ma!
Dɔ kae esiawo katã wɔ ɖe amewo dzi? Eŋutinunyala aɖe gblɔe ale: “Boblododo nye hadomenu siwo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzi wu la dometɔ ɖeka. . . . Menye ɖe boblododo na woƒlea adzɔnuwo ko o. Wogblɔa amewo ƒe nɔnɔmewo, woƒe nu xɔasiwo, taɖodzinuwo, kpakple amesiwo ƒomevi míenye kple amesiwo wòle be míanye ŋuti nukpɔsusuwo . . . Wokpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nɔnɔme dzi eye míaƒe nɔnɔme trɔa míaƒe agbenɔnɔ.”
Esi màte ŋu asi le boblododo nu o ta la, nukata màsrɔ̃ nu tso alesi wòwɔa dɔe kple alesi wòate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dziwòe ŋu o?