Megakukɔna O!
ƑE BLAENYI kloe enye sia si Nyɔ! kpe ɖe exlẽlawo ŋu be woanɔ te ɖe gbesiagbekuxiwo nu. Ɣeaɖewoɣi la, egblɔa ŋgɔyiyi yeye siwo wowɔ le atikewɔwɔ me kple alesi amewo bunɛ la na wo, si ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi vevie, abe alesi ŋutinya si gbɔna ɖee fiae ene.
Wodzi Matthew le England ƒe dziehe le ƒe 1989 me. Vaseɖe eƒe ƒe eve xɔɣi la, enye ŋutsuvi sue aɖe si li nyuie. Emegbe esime wònɔ mɔkeke la, edzɔ kpata be eva nɔ kukɔkɔm vevie.
Dadaa Margaret gblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míeyi nuƒoƒo me kuxiwo gbɔkpɔƒe si le mía gbɔ eye wogblɔ na mí be womate ŋu awɔ naneke nɛ o vaseɖe esime wòaxɔ ƒe adre elabena ne ɖeviwo mexɔ ƒe ma o la, womete ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe vehlo dzi o. Gake esi Matthew yi suku la, esesẽ nɛ be wòanɔ te ɖe ɖevi bubuawo ƒe amekoko nu eye eƒe kukɔkɔa va sẽ ɖe edzi. Melɔ̃a amehawo dome nɔnɔ kura o eye wòva nɔ eɖokui ɖem ɖe aga. Kpekpewo dede le Fiaɖuƒe Akpata me gɔ̃ hã va sesẽ nɛ.
“Emegbe míekpɔ nya si nye ‘Mɔkpɔkpɔ si li na Kukɔlawo’ si dze le ‘Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu’ me le April 8, 1995, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me. Eɖe nu me kpuie tso nuƒoƒo ŋuti dɔyɔɖaŋuɖolawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si le Sydney, Australia, siwo kpɔ dzidzedze le dɔdada na ɖevi sue siwo kukɔna me la ƒe dɔwɔnawo ŋuti.
“Míeŋlɔ lɛta ɖo ɖe Sydney Yunivɛsiti eye míexɔ ŋuɖoɖo nyui aɖe tso Ðk. Mark Onslow gbɔ, eye egblɔ be míayɔ ye le telefon dzi. Esi xexea ƒe akpa bubu si didi tso wo gbɔe míele ta la, eƒe nuƒoƒo ŋuti dɔyɔɖaŋuɖolawo ƒe ƒuƒoƒoa ɖoe be yewoate ‘dɔdadaname le didiƒe’ kpɔ. Esi míenye Matthew dzilawo ta la, wofia nu mí le ƒuƒoƒoa ƒe dɔyɔmɔnuwo ŋu to telefon, faks, kple nuƒo si wolé ɖe kasɛt dzi la dzi. Wotrɔ asi le dɔyɔɖaŋua ŋu wòsɔ ɖe Matthew ƒe hiahiãwo nu. Menɔa anyi kplii le dziɖeɖi me le nɔnɔme ɖesiaɖe me eye nye ŋutɔ mekpena ɖe eŋu be wòayɔ nya siwo yɔyɔ sesẽna nɛ la nyuie. Ne eƒo nu eme kɔ nyuie’ la, mekafu nɛ henaa nu suesue aɖewoe.
“Le dzinu ade megbe la, Matthew meganye amesi ɖea eɖokui ɖe aga si nɔa eɖokui si o, ke boŋ ezu ɖevi kpɔdzidzɔ si li nyuie eye etena ɖe ame ŋu. Fifia eɖoa nya ŋu le hamea ƒe kpekpewo me eye wòkpɔa dzidzɔ ŋutɔ ɖe Biblia xexlẽ ŋuti le Fiaɖuƒe Akpataa me! Ekpɔa gome le aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me nyuie. Eƒe nuƒoƒo nyo!
“Aleke míedaa akpe ɖe nyatakaka kpui ma si nɔ Nyɔ! me si trɔ mía viŋutsu ƒe agbe la tae nye si.”—Ame aɖee ŋlɔe míeta.