INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 3/8 axa 14-17
  • Nusita Amewo Vɔ̃na na Kukɔkɔ Gɔmesese

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusita Amewo Vɔ̃na na Kukɔkɔ Gɔmesese
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔnɔme Siwo Ate Ŋu Ana Woanɔ Vɔvɔ̃m
  • Ne Èdi be Yeana Kpekpeɖeŋu
  • Agba Ðeɖe Le Wo Dzi
  • Mía Wɔla la Sea Nu Gɔme
  • Nu Si Nàwɔ Ne Èkukɔna
    Nyɔ!—2010
  • Alesi Mekpe Akɔ Kple Kukɔkɔe
    Nyɔ!—1998
  • Megakukɔna O!
    Nyɔ!—1998
  • Nuƒoƒo Wòazɔ Tẽ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 3/8 axa 14-17

Nusita Amewo Vɔ̃na na Kukɔkɔ Gɔmesese

ÀTE ŊU ade vovototo amesi ƒoa nu faa kple amesi vɔ̃na be yeava kukɔ domea? Ðewohĩ àɖo eŋu be, ‘Ẽ, mate ŋui.’ Gake de ŋugble le nusi Peter Louw ŋlɔ le eƒe Afrikaans-gbalẽ si nye Hhhakkel (Kkkukɔ) me ŋu kpɔ: “Ne èkpɔ kukɔla ‘ɖokuimaɣlala’ ɖeka la, àte ŋu akpɔ ewo bubu siwo medina kurakura be woanyɛ na yewo o eye wotoa mɔ vovovowo nu dina be yewoaɣla yewoƒe dɔa.” Ðe wòbe woɣlaa woƒe dɔlélea? Aleke wole nu ma wɔ gee?

Kukɔla aɖewo te ŋu ɣlaa woƒe dɔa ne wokpɔ nya siwo ɖe fu na wo va yi la do ŋgɔ. Ekema, le esi teƒe be woayɔ nya ma la, wogbugbɔa nyagbea gblɔna bubui alo wozãa nya bubu si ƒe gɔmesese ɖii. Srɔ̃ŋutsu aɖe ɣla eƒe kukɔkɔa le srɔ̃ɖeɖe me ƒe 19 sɔŋ. Esi srɔ̃a va nyae nɛ la, nyɔnua bia nuƒoƒo ƒe dɔyɔɖaŋuɖola aɖe be: “Èsusu be nusia tae wònana nye koe ƒoa ka, eye wònana nye boŋ medɔa nuɖuɖu le nuɖuƒe, eye eyatae meɖoa nya ŋu le . . . kpekpewo me oa?”

Bu Gerard kple Maria siwo nye srɔ̃tɔ kpɔdzidzɔ siwo le South Africa hã ŋu kpɔ.a Enuenu la, Maria dze agbagba be yeaɖe nusita yemelɔ̃a nyaŋuɖoɖo le Biblia-srɔ̃kpekpewo me o le vɔvɔ̃ na kukɔkɔ ta la me na srɔ̃a. Ŋutsua hea nya gblɔna be: “Mase nu, menye kukɔla nènye o ɖe.” Alesi nyɔnua ƒoa nukpoloe zi geɖe tae Gerard gblɔ nya ma. Nuƒoƒe aɖewo koe wòvɔ̃na be yeakukɔ le. Le srɔ̃ɖeɖe ƒe atɔ̃ megbe hafi Gerard va kpɔ nusia dze sii eye wòʋu eme be: “Nyemenya o eye nyemebu eŋu o.” Fifia le esi wòanɔ fɔ bumi teƒe la, ekafunɛ ne wòdo dzi ƒo nu le amehawo ŋkume.

David Compton si kukɔna gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Stammering me be, eme kɔ be nusi nye taɖui na kukɔla geɖe enye “vɔvɔ̃ . . . vivivi ɣeaɖewoɣi, gake enu sẽna zi geɖe. Le ɣeyiɣi si me nu gloa kukɔla vevie ŋutɔ, eye wòhiã kokoko be wòaɖo dze kple ehavi amegbetɔwo, esime wòanɔ kutri kum be yeaƒo nu kple wo, eɖanye le nya dzrowo ŋu alo le nya veviwo ŋu o la, esusuna be woana yease veve, be woado vlo ye . . . Amesiwo te ŋu kpea akɔ kplii dzidzedzetɔe gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be vɔvɔ̃ kpɔa ŋusẽ ɖe yewo dzi, eye be yewomedzudzɔa vɔvɔ̃ keŋkeŋ o.”

Nɔnɔme Siwo Ate Ŋu Ana Woanɔ Vɔvɔ̃m

Ne woyɔ kukɔla be wòaɖo nya ŋu le amehawo ŋkume, abe le sukuxɔme, le dɔwɔlawo ƒe kpekpe me, alo le mawusubɔlawo ƒe ƒuƒoƒe aɖe ene la, ate ŋu ana wòatsi dzi ahakukɔ eteƒe makɔ o. Wobia gbe South Africatɔ ƒe 15 vi kukɔla aɖe si ŋkɔe nye Rosanne le radio dzi be: “Ðe wòɖoa ɣeaɖewoɣi si nèsusu be anyo wu be yeazi ɖoɖoea?” Eɖo eŋu be, “Edzɔna zi geɖe, le kpɔɖeŋu me le sukuxɔme, ne nyaŋuɖoɖo nyui aɖe si menya be ana woana dodokpɔ dzesidem la le asinye, gake menya be makpe fu ŋutɔ hafi agblɔe.”

Wobia gbe Simon si nye asitsalagã aɖe le radio dzi wɔna si míeyɔ le etame la me. Simon to nuƒoƒo ƒe dɔyɔɖaŋu xɔxɔ dzi na eƒe nɔnɔmea ka ɖe eme abe Rosanne ene. Gake egadzɔna ɣeaɖewoɣi kokoko be ekukɔna enu menya nɔna o. Amesiwo le to ɖomi ƒe nɔnɔme ate ŋu agblẽ nyaa ɖe edzi. Eɖe nu me be: “Ne èle dɔwɔmegãwo ƒe kpekpe me eye wòhiã be nàƒo nu sɔ gbɔ vie eye nu menya le ƒoƒom na wò o la, amesiwo le kplɔ̃a ŋu tsia dzi ale gbegbe.”

Mele be míatsɔ vɔvɔ̃ si ɖoa kukɔla la asɔ kple vɔvɔ̃ si ɖoa amesi kpea ŋu ne ele nu ƒom kple amedzrowo o. Bu Lisa, amesi dea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo ƒe eve enye si va yi ŋu kpɔ. Zi geɖe ete ŋu ƒoa nu nyuie vie ne wo kple exɔlɔ̃wo le dze ɖom. Edoa vevie nyanyuigbɔgblɔdɔ si bia be wòayi amesiwo menya o gbɔ hã. Gake vɔvɔ̃ ƒomevi si léa kukɔlawo katã léa eya hã—nuƒoƒo le ameha gãwo ŋkume. Lisa gblɔ be: “Ƒã hafi medoa asi ɖe dzi ɖoa nya ŋu le míaƒe kpekpewo me. Ne maɖo nya ŋu kura la, ke nya ɖeka alo nya kpui aɖe koe megblɔna. Togbɔ be mesɔ gbɔ o hã la, nye ŋutete katã koe nye ema. Zi geɖe alesi medzrana ɖo ɣesiaɣi doa ŋgɔ ta la, ŋuɖoɖoawo nɔa tame kple nu nam. Gake nye aɖe koe medea dzinye o.”

Nuxexlẽ sesĩe be amewo nase hã nye wɔna sesẽ aɖe na kukɔlawo. Wɔna sia zinɛ ɖe wo dzi be woayɔ nya siwo woawo ŋutɔ melɔ̃a yɔyɔ o. Lisa yi edzi be: “Ɣeaɖewoɣi le míaƒe kpekpe ɖeka aɖe me la, wobiana tsoa mía si ɖekaɖeka be míaxlẽ Ŋɔŋlɔawo me kpukpui siwo me dzrom míele. Vɔvɔ̃ ɖoam le anyinɔƒe le ɣeyiɣi mawo me, mevona doa kpoe henɔa lalam be wòaɖo dzinye, eye nyemenya ne mate ŋu axlẽ mawunyakpukpuia nyuie loo alo nyemate ŋui o. Mete ŋu xlẽnɛ ɣeaɖewoɣi gake nya aɖe yɔyɔ sesẽna nam. Ke ɖeko medzoa kpoe heyia nua xexlẽ dzi.”

Edze ƒã be ehiã be woabu nu ŋu nyuie hafi ade dzi ƒo na kukɔla be wòaxlẽ nu woase. “Dzidedeƒo” ma ate ŋu ana nu nate ɖe kukɔla la dzi. Edze be woakafu ame ma vividoɖeameŋutɔe boŋ be ewɔ etɔ sinua.

Ne Èdi be Yeana Kpekpeɖeŋu

Kukɔkɔ nye dɔ sesẽ aɖe. Nusi akpe ɖe ame aɖe ŋu la manyo na ame bubu ya o. Le nyateƒe me la, kukɔla geɖe siwo ‘woda dɔ’ na la gava kukɔna emegbe. Wowɔ numekuku geɖe le kukɔkɔ ŋu wu nuƒoƒo ƒe dɔ bubu ɖesiaɖe. Gake eŋutinunyalawo mete ŋu kpɔ nu ɖeka aɖeke si gbɔ wòtso o. Le nyateƒe me la, wo dometɔ akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be nu geɖe ate ŋu ana woakukɔ. Nusi wogblɔ le numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa me enye be, etso alesi ahɔhɔ̃ me nugbagbeviwo menɔ ɖoɖo nu o le kukɔla ƒe ɖevime gbɔ. Ðk. Theodore J. Peters kple Barry Guitar gblɔ le woƒe agbalẽ si nye Stuttering—An Integrated Approach to Its Nature and Treatment me be, nusiwo míenya fifia le etsoƒe ŋu “ava zu blemanyawo ne numekuku geɖe va kɔ nusiwo mele nyanya na mí le kukɔkɔ ŋu o me.”

Esi amegbetɔ menya nu boo le kukɔkɔ ŋu o ta la, ehiã be woakpɔ nyuie ne wole dɔyɔɖaŋu gbogbo siwo li ƒe aɖaŋu ɖom na amesiwo dɔ sia nye taɖui na. Agbalẽ si míeyɔ le etame la gagblɔ be: “Ðeko wòaka ɖe eme na amesiwo kukɔna vevie la vie ko. Woasrɔ̃ alesi woagbɔ dzi ɖi na nuƒoƒo alo akukɔ fukpekpemanɔmee, eye womagatsi dzi ɖe eŋu o. . . . Le susu aɖewo siwo míenya o ta la, kukɔla ʋee aɖewo mete ŋu hayana nyuie ne wowɔ atike na wo o.”b

Ne dɔyɔɖaŋua mewɔ dɔ o la, dɔyɔɖaŋuɖola aɖewo bua fɔ kukɔla la be eyae medze agbagba vevie o. Ðeka gblɔ be: “Kukɔla la ƒe kuviawɔwɔ koe ana dɔa mada o.” Nuŋlɔla David Compton gblɔ le nya mawo tɔgbe ŋu be: “Nya aɖeke mele asinye matsɔ aɖɔ alesi dzi kua kukɔlawo le nya mawo ta o. Elabena gbã la, eme kɔ be menye nenemae o. Dɔyɔɖaŋu ɖeka aɖeke meli si nyo na kukɔlawo katã o, eye esi nyo na kukɔla ɖeka aɖe gɔ̃ hã manyo nɛ kokoko o. Nu eveliae nye be, kukɔlawo megbea kpododonu o . . . Nusianu si gadzia [woƒe kpododonu] ɖe edzi dzodzro, madzemadzee la, nye vlodonu.”

Agba Ðeɖe Le Wo Dzi

Zi geɖe kukɔlawo medina be yewoƒe nu nawɔ nublanui na amewo o. Gake nu geɖe li woate ŋu awɔ atsɔ aɖe agba le wo dzi. Ne wokukɔ la, negakpe ŋu na wò natsɔ kɔ ɖe adzɔge o. Mègakpɔ woƒe nu o, ke kpɔ woƒe ŋkuviwo boŋ. Zi geɖe wodea dzesi alesi woƒe nyaselawo wɔa wo ɖokuii. Ne èwɔ abe ɖe nèɖe dzi ɖi la, awɔe be woƒe vɔvɔ̃ dzi naka ɖe. Nuƒoƒo ƒe dɔyɔɖaŋuɖola aɖe gblɔ be: “Na amea nanya be èdi be yeaɖo toe abe alesi nàdi be yeaɖo to ame bubu ɖesiaɖe ene.”

Nufiala siwo ƒe sukuviwo dome kukɔla le la ate ŋu awɔ geɖe atsɔ ɖe amea ƒe vɔvɔ̃ dzi akpɔtɔ. Woɖo aɖaŋu si gbɔna le South Africatɔwo ƒe suku magazine si nye Die Unie me na nufialawo be: “Ne kukɔla akpa gãtɔ nya be amesi le to ɖom yewo mele mɔ kpɔm be yewoaƒo nu tẽ o la, womekukɔna boo o.”

Le magazine si míeyɔ va yi ƒe nya nu la, ele vevie hã be nufiala la nanya alesi sukuvia sena le eɖokui me. Le esi woaƒo asa na sukuvi mawo le ŋukpe ta teƒe la, woɖo aɖaŋu na nufialawo be woaɖo dze kpli wo eye woade dzi ƒo na wo be woagblɔ alesi wosena le wo ɖokui me le kuxia ŋu. Ne nufiala la wɔe nenema la, ate ŋu anya nuƒoɣi siwo sukuvia vɔ̃na na wu. Magazinea gblɔ be: “Eƒe nuƒoƒo tẽ ƒe memamã 80 le alafa me atso gbɔwò koŋ.” Ne wònya be woaɖo to ye togbɔ be kuxi le ye ŋu hã la, eƒe nuƒoƒo ate ŋu ayi tẽ vie. Magazinea gayi edzi be: “Ne dziɖeɖi kple nusɔsrɔ̃ ƒe didi le amesiame me le sukuxɔa me la, menye kukɔla la dzi koe wòade o ke ade sukuvi bubuawo hã dzi.”

Míeka ɖe edzi be woate ŋu atrɔ asi le aɖaŋuɖoɖo siawo ŋu wòadze edzi ne ame tsitsiwoe wole nu fiamee hã.

Mía Wɔla la Sea Nu Gɔme

Mía Wɔla, Yehowa Mawu, sea amegbetɔ ƒe blibomademade gɔme blibo. Edɔ Mose be wòanye nyanuɖela akplɔ Israel-viwo woadzo le Egipte. Edɔ Mose togbɔ be enya nyuie be eƒe aɖe medzɔna ɖe nya dzi o si wɔe be nuƒoƒo sẽna nɛ hã. Mawu nya hã be Mose nɔviŋutsu, Aron ya, te ŋu ƒoa nu nyuie wui sasasã. Mawu gblɔ be: “Alo nyemenyae bena [enya] nuƒoƒo nyuie oa?” (Mose II, 4:14) Gake nɔnɔme siwo le vevie sasasã wu la nɔ Mose si, siwo ƒe ɖewoe nye nuteƒewɔwɔ, dɔmekɔkɔ, xɔse, kple tufafa. (Mose IV, 12:3; Hebritɔwo 11:24, 25) Togbɔ be Mose nɔ gbegbem hã la, Mawu lé eƒe nya me ɖe asi be Mose koe yetia be wòanye kplɔla na Yeƒe amewo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Mawu bu Mose ƒe vɔvɔ̃a ŋu eye wòtia Aron be wòanye Mose ƒe nyanuɖela.—Mose II, 4:10-17.

Míate ŋu asrɔ̃ Mawu anye nugɔmesela. De bubu kukɔlawo ŋu, eye mègana nu si amea mete ŋu ƒona nyuie o la nana nàgbe dzesidede asixɔxɔ vavã si le amea ŋu o. Nusia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye nusi dzɔ ɖe nyɔnuvi sue aɖe kple fofoa si kukɔna dome. Fofoa srɔ̃ aɖaŋu aɖe si na wòte ŋu xlẽa nu tẽ. Gbeɖeka zãme la, etee kpɔ ɖe vianyɔnu ƒe ade vi ŋu ale be wòxlẽ ŋutinya aɖe nɛ, eye fofoa ŋutɔ kpɔ dzidzɔ be yete ŋu xlẽ nua nyuie.

Esi fofoa wɔ vɔ la, nyɔnuvia gblɔ be: “Papa, ƒo nu nyuie la.”

Fofoa tsɔ dziku ɖo eŋu be: “Mele nu ƒom nyuie ɖe.”

Nyɔnuvia te tɔ ɖe edzi be: “Ao, ƒo nu abe alesi nèƒoa nu ɣesiaɣi ene.”

Ẽ, nyɔnuvi sue sia lɔ̃ amesi ƒomevi fofoa nye, togbɔ be eƒe aɖe medzɔ ɖe nya dzi o hã. Eyata ne mia kple kukɔla aɖe miele nu ƒom ɣebubuɣi la, ɖo ŋku edzi be susu vevi kple nɔnɔme nyui aɖewo anɔ amesia si. Seselelãmewo le eya hã si. Gbɔ dzi ɖi eye nàse nu gɔme nɛ.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Míetrɔ ame aɖewo ƒe ŋkɔwo le nyati sia me.

b Woate ŋu akpɔ mɔ na hayahaya le ɖeviwo gome wu le ame tsitsiwo gome. Nuƒoƒo ƒe dɔyɔɖaŋuɖola bibi Ann Irwin ɖe nu me le eƒe agbalẽ si nye Stammering in Young Children me be: “Ðevi etɔ̃ le ene dome dzudzɔa kukɔkɔ le wo ɖokuisi ne wole tsitsim. Ne viwò le ɖevi alafa memamã blaeve vɔ atɔ̃ siwo matsi aɖe asi le eŋu le wo ɖokui si o dome la, ke kakaɖedzi sẽŋu li be woatsi ava dzudzɔ ne woɖo Mɔxeɖenu ƒe Dɔyɔɖaŋu na wo.”

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Kukɔla ate ŋu anɔ vɔvɔ̃m be yeaƒo nu le ame dome

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Gbɔ dzi ɖi ne kukɔla le fu kpem hafi le nya gblɔm na wò

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Kukɔlawo vɔ̃na na telefon zi geɖe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe