INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 10/8 axa 3
  • Dediemanɔmanɔ Xexeame Katã Ƒe Kuxie Wònye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dediemanɔmanɔ Xexeame Katã Ƒe Kuxie Wònye
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzimaɖitsitsi le Europa
  • Ame Ŋutɔ ƒe Dedienɔnɔ
  • Ðe Europa Ava Wɔ Ðeka Vavãa?
    Nyɔ!—2000
  • Aleke Nɔnɔmewo le Egbea le Agbenyuinɔnɔ Gome?
    Nyɔ!—2000
  • Wole Agbe Dedie Nɔnɔ Dim
    Nyɔ!—1998
  • Agbe Si me Dedienɔnɔ Anɔ Ðaa
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 10/8 axa 3

Dediemanɔmanɔ Xexeame Katã Ƒe Kuxie Wònye

ÐE NÈSENA le ɖokuiwò me be yeƒe agbe kple agbenɔnɔ mele dedie o eye kakaɖedzi mele eŋu oa? Menye wò ɖeka ye o. Ame miliɔn geɖe senɛ le wo ɖokui me nenema. Dediemanɔmanɔ le kakam ɖe edzi abe dɔléle ene, eye ele fu wɔm amewo tso Moscow vaseɖe Manhattan, eɖanye dukɔ, subɔsubɔ, alo hadomegbenɔnɔ me ɖoƒe kae woɖale o.

Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe nu me be, ne míaƒe agbe mele dedie o la, “vɔvɔ̃ kple dzimaɖitsitsi ɖea fu” na mí. Dzimaɖitsitsi doa agba na mí le seselelãme gome eye wònaa nu tena ɖe mía dzi, si ate ŋu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu. Gake nukatae míetsia dzimaɖi hesenɛ be míele dedie o?

Dzimaɖitsitsi le Europa

Le dukɔ siwo nye Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha (EU) me tɔwo me la, ame 1 le 6 ɖesiaɖe me da ahe kolikoli, ame miliɔn 18 mekpɔ dɔ awɔ o, eye ame gbogbo aɖewo vɔ̃na be yewoƒe dɔwo age le yewo si. Le EU-dukɔ geɖe me la, dzilawo ƒe dzi menɔa dɔme na wo o le ŋɔdzi si ɖevigbɔdɔlawo nye na wo viwo ta. Le EU-dukɔ aɖe me la, ame 2 le 3 me tsia dzimaɖi ɖe nuvlowɔwɔ ƒe ŋɔdzi ŋu. Nunɔamesiwo dome gbegblẽ, ŋɔdzidoname, kple ɖiƒoƒo yamenutome na EU-dukɔ bubu me tɔwo gale vɔvɔ̃m wu.

Menye hadomegbenɔnɔ ƒe gbegblẽ alea koe na agbe kple nusiwo léa agbe ɖe te ɖo afɔku me o ke dzɔdzɔmefɔkuwo hã le eme. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1997 kple ƒe 1998 me la, tsidzadza gãwo, ba si nɔ sisim, kple ahom sesẽwo gblẽ nu le United States ƒe akpa aɖewo. Le ƒe 1997 me la, tsi ɖe Titina Europa esi Oder kple Neisse tɔsisiwo ɖɔ gbagba. Polandtɔwo ƒe Polityka magazine gblɔ be tsia ɖe agblenyigba gãwo tsɔ kpe ɖe du kple duvi 86 kple kɔƒe 900 aɖewo ŋuti. Ƒome siwo ade 50,000 ƒe nukuwo trsɔ̃, eye ame 50 kloe tsi eme. Ba si nɔ sisim wu ame gbogbowo le ƒe 1998 ƒe gɔmedzedze le anyiehe Italy.

Ame Ŋutɔ ƒe Dedienɔnɔ

Gake ɖe womena kakaɖedzi mí be agbenɔnɔ le dedie wu alesi wònɔ le ƒe ewo siwo va yi me oa? Ðe Dukɔwo Dome Nyaʋiʋli si wu enu mefia be asrafowo dzi ɖe kpɔtɔ oa? Ẽ, ɖewohĩ dukɔwo va le dedie wu. Gake nusiwo dzɔna le aƒeme kple ablɔdzie kpɔa ŋusẽ ɖe ame ŋutɔ ƒe dedienɔnɔ dzi. Ne dɔ ge le mía si alo míesusu be adzodala alo ɖevigbɔdɔla aɖe de xa ɖe mɔto la, míetsia dzimaɖi eye míekpɔnɛ be míele dedie o, eɖanye aʋawɔnu xexlẽme neni domee wogblẽ o.

Aleke ame aɖewo wɔna nɔa te ɖe kakaɖedzi si mele agbe ŋu o nu? Eye vevietɔ wu la, ɖe mɔ aɖe li si dzi woato ana amesiame ƒe agbe—tɔwò hã le eme—nanɔ dedie ɖaa? Míadzro nya siawo me le nyati eve siwo kplɔe ɖo me.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

UN PHOTO 186705/J. Isaac

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

FAO photo/B. Imevbore

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe