Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
Ƒe 2000 Kple Kristo
ENI Bulletin gblɔ be: “Numekuku aɖe si wowɔ ɖee fia be Britaintɔ siwo le ʋee wu ame ɖeka le ame ade me koe bui be ƒe 2000 do ƒome kple Kristo.” Gallup numekuku aɖe ɖe “alesi ame geɖe menya naneke le Ƒe Akpe Ðeka bubu ƒe azã sia ŋu o, amesiwo gbɔ wowɔ numekukua le dometɔ 37 le alafa me gblɔ be yewomenya nudzɔdzɔ si ƒe azã ɖu ge wole o . . . , ame 18 le alafa me gblɔ be ƒe alafa yeye ƒe azãwoe, eye ame 17 le alafa me gblɔ be dzesidede ƒe 2000 ƒe gɔmedzedzee.” Ame 15 le alafa me koe kpɔ be ƒomedodo aɖe le Kristo dzidzi kple ƒe 2000 dome. Nufialagã Anthony King si le Essex Yunivɛsiti gblɔ be, “mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi be woaɖu ɣe, ano wein, anɔ xɔlɔ̃wo gbɔ zã natsi, alo azɔ mɔ ayi duta” ƒe nuwɔna koe ƒe akpe ɖeka bubua nye le ame akpa gãtɔ gome. Gavin Reid si nye Anglikantɔwo ƒe bisiɔp gblɔ be: “Míele ame siwo ŋlɔ woƒe dekɔnu kple gbɔgbɔ me nudzɔdzɔwo be la dome.”
“Dɔlékui Maseatikewo” ƒe Ŋɔdziléame
South Africa tɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Star gblɔ be: “Menye atikewɔlawo koe wòle be woanɔ ŋudzɔ le alesi dɔlékuiwutike sesẽtɔwo kekeake mele naneke wɔm le ‘dɔlékui maseatikewo’ ŋu o la ŋu o, ke ele be atikea zãlawo hã nanɔ ŋudzɔ.” Mike Dove si nye atikeŋutinunyala xlɔ̃ nu be “dɔléle siwo wolé avui kpɔ alo woɖe ɖa keŋkeŋ kloe la va trɔ eye wogale tɔtrɔm gbɔ.” Dɔlékuiwutikewo zazã fũ akpa hea dɔléle bubu siwo nye yɔmekpe, asrã, asrã si ŋɔa dɔkavi na ame, babadɔ, taɖuame sesẽ si naa ame ƒe kɔ liana, dzimeveame, alo wotruna, kple axamedɔ, siwo dada le sesẽm ɖe edzi, eye egbetikewo meɖua wo dzi o la vanɛ. Amesiwo wu miliɔn etɔ̃ kuna ƒe sia ƒe le yɔmekpe ɖeɖe dzaa ta. Dɔnɔwo ate ŋu awɔ nane tso eŋu ne woɖo ŋku nya siwo gbɔna dzi: Le dɔléle ƒe gɔmedzedze me la, te dɔdamɔnuwo abe tsinu geɖewo nono, gbɔgbɔ ɖe eme alesi dze, eye ne wò vemee xɔ abi la, tsi yɔyrɔe si me wode dzee lɔlɔ ɖe nu me atsɔ axotso vemee kpɔ gbã. Mègazi wò ɖɔkta dzi be wòana dɔlékuiwutikewo wò o—na eya ŋutɔ natso nya me ne wohiã vavã. Ne woawoe wona wò la, no esi nu wodi be nàno la wu enu keŋkeŋ ɣesiaɣi, ne ewɔ abe ɖe wò lãme sẽ do ŋgɔ na wo nu wuwu ene kura gɔ̃ hã. Ðo ŋku edzi be dɔlékuiwutikewo medaa wɔɖi, kple wɔɖi sesẽtɔ si dɔlékui suesue vɔ̃ɖiwo hena vɛ o, siwo metso dɔlékui dzrowo ko gbɔ la o. Dove gblɔ be: “Ele be mí katã míatso awɔ dɔ ɖekae be míaɖu kuxi sia si koŋ le fu ɖem na xexeame godoo si ate ŋu ahe afɔku vɛ le lãmesẽnyawo gome la dzi.”
Nusi Gbegbe Blanuiléle Gblẽna
Braziltɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye O Globo gblɔ be: “Blanuiléle—gbɔ koŋ ye amewo ƒe dɔmemayimayi kple dɔ geɖe mawɔmawɔ le xexeame tsona—tsɔ wu lãmegbegblẽwo.” Xexeame Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe nyatakaka aɖe fia be tagbɔdɔlélewo gbɔe ame 200,000 siwo ku le ƒe 1997 me la tso. Gakpe ɖe eŋu la, tagbɔ ƒe fuɖename suesuewo abe seselelãme ƒe tɔtrɔ ene gblẽ nu le ame miliɔn 146 ƒe dɔwɔnawo ŋu le xexeame katã—esia nye xexlẽme si sɔ gbɔ sã wu dɔwɔla miliɔn 123 siwo ƒe dɔwɔwɔ tokuku do kplamatsee, alo ame miliɔn 25 siwo dze afɔku le dɔme la tɔ. Abe alesi numekuku si Oxford Yunivɛsiti nufialagã Guy Goodwyn wɔ fia ene la, blanuiléle ƒe kuxia adzi ɖe edzi le ƒe siwo gbɔna me, si ada agba gã aɖe ɖe dukɔwo dzi, le dɔwɔƒewo ƒe dɔwo ƒe ŋgɔmayimayi kple blanuiléledɔa dada ƒe asixɔxɔ ta. Le United States ɖeɖe la, ga home si wobuna ƒe sia ƒe le blanuiléle ta ɖo dɔlar biliɔn 53 xoxo.
Enyo Wu ne Woxlẽe le Pepa Dzi
Germany ƒe agbalẽtalawo ƒe habɔbɔ si nye dpa-Basisdienst ka nya ta be: “Kɔmpiuta aɖeke meli si dzi nu nya xlẽna le de pepa dzi nuŋɔŋlɔ nu o.” Eɖe dzesi be nuxexlẽ le pepa dzi tsɔna, vodada mesɔa gbɔ ɖe eme dea exexlẽ le kɔmpiuta dzi nu o. Dodokpɔwo ɖee fia be nuxexlẽ le kɔmpiuta dzi xɔa ɣeyiɣi didi alafa memamã 10 le mamã dedie nu wu exexlẽ le pepa dzi. Togbɔ be esi wozã kɔmpiuta siwo de ŋgɔ wu, siwo dzi nuŋɔŋlɔwo dzena le nyuie wu eye woƒe ŋkume meʋuʋuna fũ o ale be nu nya xlẽna le wo dzi wu hã la, kokoko la, nu nya xlẽna le pepa dzi wu. Martina Ziefle si nye susuŋutinunyala si tso Aachen, Germany, gblɔ be: “Amesiame si zãa kɔmpiuta tsɔ wɔa dɔ la nɔa mɔ̃ si me akaɖi klẽna ɖo, eƒe ŋkume nɔa ʋuʋum, eye wònaa ame ƒe ŋku dzi wɔna flukpee la dzi kpɔm ɣesiaɣi. Ŋɔŋlɔdzesiawo medzena tututu o, eye akaɖia me mekɔna nyuie o.” Dpa la ƒo nya ta be: “Eyata ne èdi be yeaƒle kɔmpiuta la, ŋkuléle ɖe eƒe ŋkume ƒe nyonyome ŋu hiã vevie ale gbegbe.”
Ɣeyiɣiawo ƒe Dzesi
The Toronto Star ka nya ta be: “Canadatɔwo ƒe nɔnɔme xoxo aɖe hã nu ayi le kwasiɖa ʋee aɖewo me ne kpovitɔwo [le Newfoundland] dze tu tsɔtsɔ ɖe ŋui gɔme zi gbãtɔ.” Newfoundland Fia ƒe Kpovitɔwo ƒe Habɔbɔ si woɖo le ƒe 1729 me lae nye “kpovitɔwo ƒe hatsotso mamlɛa nɔ Dziehe Amerika siwo tu menɔ asitsɔƒe na ne wole tsatsam o.” Se yeye sia va te fli ɖe ɖoɖo xoxoa me. Se xoxoa bia tso kpovitɔwo si be woaxɔ mɔɖeɖe tso wo nunɔlawo gbɔ hafi atsɔ tu ɖe ŋui. Ne woɖe mɔ na kpovitɔa la, ke atsɔ eƒe tu ade aɖaka me atui, eye wòatsɔe ade eƒe kpovitɔwo ƒe ʋu ƒe agbadaɖoƒe. Eye ne ehiã kpata be wòazãe la, atɔ ʋua, aʋu agbadaɖoƒea, aʋu aɖakaa, ahade tukpe eme. Brian Tobin si nye Dudɔnunɔlawo ƒe Tatɔ gblɔ be: “Ðoɖoa do xoxo eye etɔgbe mebɔ o ya, gake le nyateƒe me la, manya wɔ be kpovitɔ siwo xɔ hehe eye wonya dɔ la mazã woƒe tuwo le ƒe 1998 me o.” Agakpe La, abe alesi woyɔa Newfoundland dzidzɔtɔe la ene, dana ɖe edzi kokoko be yewo gbɔe hlɔ̃dodo mebɔ ɖo fũ o, eye womeda tu kpovitɔa aɖeke kpɔ le dɔ me o.
Wɔɖenui Enye Woƒe Dɔwɔɖui
Esi habɔbɔ aɖe si le Tokyo nɔ ŋugbe dom be “yewomakɔ nu le edzi na ame aɖeke o” eye be yewoate ŋu awɔ nusi gbe woɖo yewo ɖo la le Japan ƒe afisiafi la, edo boblo be: “Míaɖo vo siwo amewo da ɖe mia ŋu la teƒe na wo ɖe mia nu.” Ŋutsu si nye dɔa tɔ gblɔ be yewoƒe taɖodzinu koŋue nye be, “yewoaɖo vɔ̃ si tututu wowɔ ɖe amesi tsɔ nyaa vɛ ŋu la teƒe na vɔ̃wɔla la.” Abe alesi nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Asahi Evening News ka nya tae ene la, habɔbɔ la “ana woaɖo vɔ̃wo teƒe na amewo le setɔwo gbɔ,” le kpɔɖeŋu me, woakpɔ egbɔ be, “dɔ age le amea si, eye eƒe ƒomea nagbã,” woagblẽ amewo dome ƒomedodowo me, eye “woakpɔ egbɔ be wonyã ame aɖe ƒe dɔwɔhati le dɔ me, alo woado ŋukpe ame aɖe ƒe dɔmemegã si tsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fui nɛ.” Le amesiwo ade 50 siwo ƒoa ka na habɔbɔa gbesiagbe dome la, ame 20 dina be yewoanya ne woawu ame na yewo; gake habɔbɔa ƒe se koŋue nye be, womatsɔ akpasesẽ awɔ naneke alo ada se dzi o “togbɔ be nusiwo wowɔna gogo nu mawo ɣeaɖewoɣi hã.” Woxɔ ame geɖe ɖe dɔa me, amesiwo ƒe akpa gãtɔ nye ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔ bubuwo wɔlawo. Wo dometɔ aɖewo nye amesiwo ŋu amewo wɔ vɔ̃ ɖo eye wodi be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu woaɖo vɔ̃ si amewo wɔ ɖe wo ŋu la teƒe na wo. Dɔtɔa xlɔ̃ nu be: “Mànyae be nane si yewɔ ɣeaɖeɣi va yi na be amewo lé ye ɖe dɔme o, eyata minya zɔzɔ.”
Agalãwo Kple Nugbagbewo Nɔƒewo
Anyidiwo, babawo, kple ŋɔwo ɖua aŋgba kple gbeɖuɖɔwo le avewo me, gake nukae dzɔna le anyigbaxɔdzo dzi vetsu siwo me tsi ɖɔna ɖo enuenu la me? Godzigãwoe kpɔa wo gbɔ. Ewɔ nuku na nugbagbewo kple wo nɔƒewo ŋuti nusrɔ̃la aɖe si le Yunivɛsiti si le Michigan, U.S.A., esi wòkpɔ ave gã aɖe le Pacific Ƒua ta le Costa Rica si me aŋgba aɖeke mele anyigba o, ke do globo geɖewo boŋ koe li. Le zã me la, ekpɔ agalã siwo—wòbu be woanɔ 60,000 le hekta ɖeka ɖesiaɖe ƒe lolome dzi—do go va aŋgba ƒuƒu, atikutsetse, kple numiemiewo di ge atsɔ ayi woƒe do si goglo meta ɖeka la mee. Agalã siawo lolo sentimeta 20 eye woƒe nyénye si me wogbɔa ya tonae to vovo vie na tɔme tɔwo, eye esi woyina atsiaƒu me ɖaɖana azi le ɣeyiɣi ɖoɖi aɖewo ko dzi ta la, wokpena ɖe ati siwo ƒe ke yi to ʋĩ ŋu be woakpɔ nuɖuɖu. London ƒe The Times ka nya ta be nusi lã siawo wɔna kpɔa ŋusẽ ɖe aveawo kple nugbagbe siwo katã le wo me ƒe anyinɔnɔ dzi.
Eɖo Yamenutome Ʋĩ
Astronomy magazine gblɔ be: “Wode yamenutomeʋĩyimɔ̃ si woyɔna be Voyager 1 nuŋlɔɖigbalẽwo me be eyae nye mɔ̃ si amegbetɔwo wɔ si de didiƒe wu ɖesiaɖe. Esi wode dzesii be ete ŋu ɖo didiƒe wu tsãe nye Pioneer 10 si mete ŋu ƒua du dea ekemɛa nu o eye wòɖo ta teƒe bubu nɛ.” Afika kee Voyager 1 ɖo? Teƒe si wòɖo le February 17, 1998, dzi didi tso anyigba gbɔ kilometa biliɔn 10.4. Woda yamenutomeyimɔ̃a ɖe yame le September 5, 1977, dzi; eto ɣletinyigba si nye Jupiter ŋu le March 5, 1979, dzi; eye wòɖo ta Saturn gbɔ le November 12, 1980, dzi. Eyia edzi ɖoa nyatakakawo ɖa tsoa ya ƒomevi aɖe si tsoa ɣea dzi yia yamenutome ʋĩ kple ɣea ƒe nuheŋusẽ ŋu. Dukɔa ƒe Yamenutomeyimɔ̃wo Kple Yamenutome Ŋutinunya ƒe Dɔdzikpɔƒe gblɔ be: “Mlɔeba la, ɖewohĩ eƒe mɔ̃woe anye mɔ̃ gbãtɔ le yamenutomeyimɔ̃wo katã dome si ate ŋu ade dzesi afisi nye ɣe ƒe ŋusẽ ƒe seƒe—Ɣea ƒe nuheŋusẽ kple eƒe ŋusẽkpɔɖedzi ƒe seƒe kple ɣletivi bubuwo tɔ ƒe gɔmedzeƒe ƒe godoƒe.”
Ðevi Siwo Womexɔ Dzidzigbalẽ na O
The New York Times ka nya ta be: “Ðewohĩ womede vidzĩ ɖeka le vidzĩ etɔ̃ ɖesiaɖe si wodzina me agbalẽ me o, si wɔe be wogblẽ wo ɖi wozu ɖevi siwo womenya o le dukɔa me, esi ate ŋu ana be sukudede kple lãmesẽ gbɔ kpɔkpɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo manɔ wo si o.” Afisiwo vidzĩwo dede agbalẽ me mede ha le kura o ye nye Afrika Sahara Dzogbe ƒe anyiehe ƒe afã, kple le Asia-dukɔ aɖewo abe Cambodia, India, Myanmar, kple Vietnam. Carol Bellamy si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ, si nye habɔbɔ si wɔ numekukua le xexeame katã la ƒe tatɔ gblɔ be: “Ne dzidzigbalẽ mele ame si o la le ko abe ɖe womedzii o ene.” Dukɔ geɖe biana be woatsɔ ɖeviwo ƒe dzidzigbalẽ afia hafi woakpɔ wo gbɔ le kɔdzi, alo axɔ wo ɖe suku, eye ate ŋu adzɔ bɔbɔe be woazi ɖevi siwo si dzidzigbalẽawo mele o la dzi woazu ɖevi dɔsesẽwɔlawo alo woazu ɖevi wɔgbolowo. Nyatia gblɔ kpee be: “Menye ahedada ɖeɖekoe fiana ne amewo axɔ dzidzigbalẽ na wo viwo alo womaxɔe o, elabena edze le nyatakakaa me be woyɔ Latin Amerika dukɔ akpa gãtɔ, Asia kple Dziehe Afrika be ame geɖe ŋutɔ xɔ dzidzigbalẽ na wo viwo le afima.”