INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 2/8 axa 29-30
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋutasesẽ le Ðeviwo Ŋu Bɔ
  • Eyae Nye “Mía Tɔgbui Gbãtɔa”?
  • Robot si Koa Ame
  • Ʋuwo ƒe Amewuwu Le Dzidzim Ðe Edzi
  • Nusiwo dzi Mele Dzadzɛ O
  • Ayikumekpe ƒe Dɔxɔxɔ Dziɖeɖe Kpɔtɔ
  • Gɔmesese si Le Easter Ŋu le Australia
  • Gbɔdɔdɔ ƒe Nuwɔnawo Ðeɖefia na Nyɔnuwo
  • Nuƒeƒle Zu Numãme na Wo
  • Ðeviwo Ŋu Dzɔdzɔ le Adzame
  • Mɔxexe Ðe Enu Le Aƒeme
    Nyɔ!—1993
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Easter (Pâques) O?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Easter alo Ŋkuɖodzi Kae Wòle Be Nàɖu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Easter (Pâques) Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 2/8 axa 29-30

Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu

Ŋutasesẽ le Ðeviwo Ŋu Bɔ

The New York Times ka nya ta be: “Numekuku yeye si wowɔ le [United States] ɖekakpuiwo ƒe lãmesẽ ŋu ɖee fia be ŋutsuvi siwo tsi ɖo suku kɔkɔ dede me dometɔ siwo wu 1 le 8 me gblɔ be wowɔ ŋutasẽnuwo ɖe yewo ŋu alo wodɔ yewo gbɔ sesẽe.” Numekukua ɖee fia be “ŋutasesẽ le ŋutsuviwo ŋu bɔ wu wo gbɔdɔdɔ sesẽe, eye be ŋutasesẽ le wo ŋu ƒe memamã etɔ̃ ƒe akpa eve tso ƒomea me tɔ aɖe gbɔ eye edzɔ le aƒeame.” Ŋutsuvi siwo nye Asia kple Amerika tɔwo afã kple afã gbɔ wokpɔ be wodɔna sesẽe wu, eye wo dometɔ 9 le alafa me gblɔ be wosẽ ŋuta le yewo ŋu. Le Spania-ŋutsuviwo dome la, wo dometɔ 7 le alafa me gblɔ be wodɔ yewo gbɔ sesẽe, eye ameyibɔ kple yevuwo dometɔ 3 le alafa me ka nya ta be wodɔ yewo gbɔ sesẽe. Numekugbalẽa meɖe ŋutasesẽ si koŋ wowɔnɛ me o. Ðeko wòbia amesiwo wobia gbee ne wowɔ ŋutasẽnu alo dɔ wogbɔ sesẽe kpɔ.

Eyae Nye “Mía Tɔgbui Gbãtɔa”?

Bisiɔp siwo tso Asia katã kpe ta ɖe Vatican City be woadzro mɔ siwo dzi woato akaka Katoliko dzixɔsewo ɖe Asia-nyigbawo dzi me. Katoliko nunɔla Oswald Gomis si tso Sri Lanka gblɔ be: “Le Asia-dukɔ akpa gãtɔ me la, wobua Kristotɔnyenye be enye Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe subɔsubɔ aɖe si do tso dutadukɔwo ƒe amedziɖuɖu me.” Associated Press ka nya ta be eyata nusi nye kuxia ye nye “alesi woawɔ aƒo nu tso Yesu ŋu le mɔ si asɔ ɖe Asiatɔwo ƒe nugɔmesese nu.” “Bisiɔpawo ƒo nu tso Roma-sɔlemeha la ƒe nufiafiawo tɔtrɔ be woasɔ ɖe Asiatɔwo ƒe kɔnyinyiwo kple gbegbɔgblɔwo nu alo [Asiatɔwo] ƒe kɔnyinyiwo kple gbegbɔgblɔwo tɔtrɔ be woasɔ ɖe [Roma-sɔlemeha] la ƒe nufiafiawo nu ŋu.” Eƒe kpɔɖeŋu ɖeka si wogblɔe nye tɔgbuiwo subɔsubɔ. Be wòado dzidzɔ na amesiwo lé blemakɔnyinyi sia me ɖe asi la, Katoliko nunɔla John Tong Hon si tso Hong Kong do susu ɖa be Katolikotɔwo naƒã nukpɔsusu si nye “Kristotɔwo” ƒe mawu ( Yesu) la ɖe wo me vivivi be eyae nye mía “tɔgbui gbãtɔ.”

Robot si Koa Ame

Franseawo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Le Figaro ka nya ta be amekola eve le atikewɔƒe aɖe le Paris kpɔ dzidzedze le ame ƒe dzi koko ʋumadomadoe me zi gbãtɔ to robot si wotsɔ kɔmpiuta fia mɔe zazã me. Wowɔ dɔ na ame ade, eye le amekokoa me, wona be woƒe ʋu sina to teƒe bubu si meganye to woƒe dzi me o hã. Mɔnu sia bia be woasi amea wòade to sentimeta 4 hafi awɔ dɔa. Amekolawo nɔa anyi ɖe nukpɔmɔ̃ si le adzɔge meta gbogbo aɖewo tso dɔnɔa gbɔ la gbɔ, eye wotoa fotoɖemɔ̃ aɖe kple dɔwɔnu eve siwo wozãna tsɔ fiaa mɔ robot la ƒe abɔwo dzi kpɔa dɔnɔa ƒe lãme. Esi wònye kɔmpiuta la ɖea amekola ƒe dɔwɔwɔ dzi kpɔtɔna zi gbɔ zi etɔ̃ vaseɖe atɔ̃ ta la, wote ŋu koa amea nyuie wu eye wòɖea abidede ŋutilã la ŋu dzi kpɔtɔna. Eƒe viɖe bubue nye be dɔnɔa megasea veve fũ akpa ne ele hayahayam o.

Ʋuwo ƒe Amewuwu Le Dzidzim Ðe Edzi

Fleet Maintenance & Safety Report ka nya ta be amesiwo wu 500,000 kuna ƒe sia ƒe le xexeame ƒe ʋumɔ gãwo dzi, eye ʋuwo ƒe amewuwu le xexeame katã le dzidzim ɖe edzi. Ðe ʋufɔku ate ŋu adzɔ ɖe dziwòa? Nyatakaka la gblɔ be, “le dukɔ siwo me ‘ʋuwo bɔ ɖo’ me la, ame 1 teti le ame 20 me kuna alo xɔa abi le lɔrifɔkuwo me le ʋumɔ gãwo dzi ƒe sia ƒe eye woxɔa wo dometɔ 1 le 2 ɖesiaɖe dome ɖe kɔdzi zi ɖeka ya teti le woƒe agbe me le lɔrifɔku aɖe ta.”

Nusiwo dzi Mele Dzadzɛ O

Togbɔ be adze nusi mate ŋu adzɔ o hã la, nugododeƒenunɔdzi si le wò aƒeme anɔ dzadzɛ wu ʋuƒo si dzi nèflia nu le le wò dzodoƒe. Nenemae numekukuwɔla siwo tso Arizona Yunivɛsiti la ƒo nya tae le esi wozã kwasiɖa 30 sɔŋ tsɔ lé ŋku ɖe dɔlékui siwo wokpɔ le aƒe 15 me vɔ megbe. Ƒuƒoƒoa kpɔ dɔlékuiawo le teƒe 14 le aƒe ɖesiaɖe me, teƒeawo dometɔ aɖewoe nye pɔmpi ƒe asiléƒewo, agbaklɔƒewo, nufliʋuƒowo, agbatutuvɔwo, kple nugododeƒenunɔdziwo dzi. Nukawoe wokpɔ? New Scientist magazine gblɔ be: “Numekukuwɔlawo kpɔ dɔlékui gbogbo aɖewo le tsi si wofiã le agbatutuvɔwo me siwo sɔ gbɔ zi gbɔ zi nane wu esiwo wokpɔ le nugodeƒenunɔdziwo dzi.” “Kura gɔ̃ hã nufliʋuƒowo dzi dɔlékui sɔ gbɔ zi gbɔ zi etɔ̃ wu.” Magazine la ka nya ta be Pat Rusin, si nye numekulaawo ƒe nyanuɖela gblɔ be “nugodeƒenunɔdziwo dzi ƒu akpa be woadzi dɔlékui gbogbo, siwo lɔ̃a teƒe siwo ƒo tsi nɔnɔ.” Be míanɔ dzadzɛ wu la, Rusin kafui be míanyã agbatutuvɔwo kwasiɖa ɖesiaɖe. Egblɔ be, “Kɔ ɖiɖetike (bleach) tsinokplu ɖeka ɖe tsi si wokɔ ɖe agbaklɔƒegba gã la me, tsɔ agbatutuvɔ la de eme wòanɔ tsia me aɖabaƒoƒo 10 emegbe hafi nafiã tsia le eme.”

Ayikumekpe ƒe Dɔxɔxɔ Dziɖeɖe Kpɔtɔ

Science News ka nya ta be, numekukuwɔlawo nɔ ŋku lém ɖe dɔnɔdzikpɔla siwo wu 80,000 le United States ƒe nuɖuɖu kple nunono ŋu le ƒe 1986 kple 1994 domee eye wode dzesii be nunono aɖewo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu maxɔ ayikumekpedɔ o. Le nunono 17 siwo ŋu wowɔ numekuku le dome la, tii ɖea alesi wòate ŋu adzɔe be woaxɔ ayikumekpedɔ dzi kpɔtɔna alafa memamã 8, eye kɔfi si me caffeine mele o ɖea edzi kpɔtɔna abe alafa memamã 9 ene. Wein nono le agbɔsɔsɔ si da sɔ me wɔnɛ be alesi woate ŋu adzɔe be woaxɔ ayikumekpedɔ dzi ɖena alafa memamã 20 alo esi wu nenema. Numekukua ɖee fia be: “Nukutɔe la, grape-tsetse me tsi si de kplu gram 227 nono gbesiagbe dzia alesi wòate ŋu adzɔe be woaxɔ ayikumekpedɔ ɖe edzi alafa memamã 44.” “Nunono bubu aɖeke megblẽa nu le ame ŋu nenema o.” Wogblɔ nya si Ðk. Gary Curhan, amesi nye ayikuŋutinunyala kple amewo ƒe dɔdzedze ŋutinunyala le Boston, gblɔ si nye be: “Tɔtrɔ suetɔ kekeake wɔwɔ le míaƒe nunono ŋu ate ŋu ahe tɔtrɔ aɖe vɛ,” gake dɔdamɔnu si bɔ ƒe akpa aɖe koe wònye.

Gɔmesese si Le Easter Ŋu le Australia

Sun-Herald si nye Australiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ wɔ numekuku aɖe si me wobia gbe amewo le vome tso nusi Easter fia na wo ŋu. Emetsonu siwo wota si ɖe nusi me wotsɔ ɖe le wu fia la yi ale: Easter koklozi siwo wotsɔ chocolate wɔe (alafa memamã 54), kwasiɖanuwuwu mɔkeke didiwo (alafa memamã 39), Easter dzi Wɔna Xɔŋkɔ la (alafa memamã 21), mawusubɔsubɔ ƒe ɣeyiɣi (alafa memamã 20). David Milikan, si nye Ðekawɔsubɔsubɔha ƒe osɔfo aɖe, gblɔ be mewɔ nuku na ye be ame ʋee mawo koe bua Easter be enye mawusubɔsubɔ ƒe ɣeyiɣi le Sydney o. Egblɔ kpee be: “Sɔlemehawo le to yim . . . Subɔsubɔha gãwo katã ƒe hameviwo ƒe xexlẽme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ ŋutɔ.” Roma Katoliko bisiɔpgã si le Sydney fa konyi be: “Easter menye subɔsubɔwɔna vevi aɖeke kura na ame geɖe o; xexemezã bubu aɖe ko wònye.”

Gbɔdɔdɔ ƒe Nuwɔnawo Ðeɖefia na Nyɔnuwo

The New York Times ka nya ta be, “Vivivi la, nyɔnuwo le ŋutsuwo gogom le vividodo ɖe gbɔdɔdɔ nuwɔnawo me ɖeɖe tsitotsito ƒe nyatakakawo ŋu me.” Nyadzraɖoƒe ma tɔgbe geɖe tsɔ “gbɔdɔdɔwɔna ƒe nɔnɔmetatawo . . . kple asiƒeƒle tsaka.” Esi nyadzraɖoƒe siawo dometɔ ɖeka si wowɔ koŋ na nyɔnu siwo dɔna kple ŋutsuwo do megbe la, Times la gblɔ be “nyadzraɖoƒea nye vividodo ɖe gbɔdɔdɔ nuwɔnawo me ɖeɖe tsitotsito ƒe ʋe gã bubu, si be ɖe eŋutinyadzraɖoƒe siwo le xexeame la gɔme ko wonye.”

Nuƒeƒle Zu Numãme na Wo

Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si woyɔna be Grafschafter Nachrichten la ka nya ta be, “nuƒeƒle ƒe didi sẽŋu le nu gblẽm le ame gbogbo siwo le agbɔ sɔm ɖe edzi le Germany ŋu.” Asitsatsaŋutinunyala Alfred Gebert gblɔ be dzidzɔkpɔkpɔ sẽŋu aɖe si nu tsina kplo le fexexe ɖe nua ta vɔ megbe ɖoa lãme na amesiwo me didi sẽŋu le ɖe asiƒeƒle ŋu. Gebert gblɔ be, wowɔa nu abe dɔ aɖee dze wo dzi ene gɔ̃ hã. “Woƒe lãme ƒona, fifia tea wo, eye dɔme léa wo sũ.” Le susu sia ta, amesiwo si alɔme le eye woka ɖe wo dzi be womesẽa fe o dzea ŋgɔ kuxi sia wu ame dahewo. Wogblɔ be nusiwo ate ŋu ahe numãme sia vɛ be woaƒle nu geɖe evɔ ɖewohĩ nuawo mehiã wo nenema gbegbe hafi o dometɔ aɖewoe nye ‘akogotsitsi, ame ɖokui bubu ame tsɛe, nuteɖeamedzi, kple dɔmekuxiwo.’ Be woakpe akɔ kple nuƒeƒle ƒe didi sẽŋu sia la, Gebert kafu modzakaɖedɔ aɖe wɔwɔ. Gebert gblɔ be, nusi le vevie ŋutɔe nye hadede kple amewo. Egblɔ be: “Amewo ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee la, ne fenyinyi ƒe mɔ̃ ɖe ame eye wòzã ga mamlɛ si susɔ ɖe esi hafi koe wòkpɔnɛ be nuƒeƒle fũ alea zu numãme na ye.”

Ðeviwo Ŋu Dzɔdzɔ le Adzame

Dzila aɖewo siwo le Japan dze amewo xɔxɔ be woadzɔ wo viwo ŋu le adzame le anyrawɔlawo ŋu le suku. Nyadzɔdzɔgbalẽ si woyɔna be The Daily Yomiuri gblɔ be Osaka City Yunivɛsiti nufialagã aɖe si wɔ numekuku le sukuvi 6,000 ŋu gblɔ be: “Zi geɖe la, ɖevi siwo ŋu wowɔa anyra le dina be yewoaɣlae ɖe yewoƒe ƒometɔwo, le vɔvɔ̃ be woava ɖe ɖeklemi yewo le esi yewomete ŋu ʋli yewo ɖokui ta alo na anyrawɔlaawo tɔ te woƒe nuwɔnaa o ta.” Dzila aɖewo siwo susui be woɖea fu na yewo viwo la dzrana elektrɔnik nyasemɔ̃ aɖe ɖo ɖe ɖeviawo ŋu be yewoatsɔ anɔ woƒe dzeɖoɖowo semee. Bubuwo xɔ amewo be woanɔ “adzɔge anɔ ɖeviawo ɖiam le adzame, anɔ ŋku lém ɖe wo ŋu ne ɖevi bubuwo le funyafunya wɔm wo ale be ameŋudzɔlaawo natso wo axɔ enumake abe mawudɔla ameŋudzɔla aɖe wònye ene axɔ na ɖevi si ƒe agbe ɖo afɔku me.” Gake nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be habɔbɔ siwo nye ɖeviwo taʋlilawo “he nya ɖe dzilawo ƒe wo viwo ŋu dzɔdzɔ le adzame ŋu be enye afɔɖeɖe si gbɔ eme si ate ŋu agblẽ nu geɖe wu le ɖevi mawo ke siwo hiã be woaɖo ŋu ɖe ame tsitsiwo ŋu agblɔ woƒe dɔmenya na wo la ŋu.” Gake dzilawo ka ɖe edzi be enye mɔnu si dzi yewoato akpe ɖe yewo vi siwo ɖevi bubu siwo nye anyrawɔlawo le fu wɔmee ŋu ne womete ŋu ƒoa nu tso nuwɔna mawo ŋu na yewo o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe