INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 2/8 axa 20-23
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Nyɔ!—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1998
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1999
Nyɔ!—1999
g99 2/8 axa 20-23

Ènyaa?

(Àte ŋu akpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ me, eye wota ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 23. Àte ŋu akpɔ wo ŋuti nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me.)

1. To Mawu ƒe gbɔgbɔ dzi la, nukae ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo te ŋu wɔ si kpe ɖe wo ŋu le nufiafia me eye wòganye dzesi na dzimaxɔsetɔwo hã? (Korintotɔwo I, 12:⁠30)

2. Ati ka ƒe aŋgbae ahɔ̃nea tsɔ trɔ va Noa gbɔe? (Mose I, 8:⁠11)

3. Anyigbaŋutinunya me ŋkɔ kae woyɔna na nane si le Sinai Ƒukpoafã la ƒe dzieheɣetoɖoƒekpa dzi si woyɔ zi ade le Biblia me si ate ŋu atsi tre ɖi na dugã aɖe loo, nuto aɖe loo, alo togbaka aɖe? (Mose I, 25:⁠18)

4. Amekae Yoab zã wòƒo nu kple Fia Dawid ɖe Absalom nu le Absalom ƒe sisi ƒe etɔ̃ megbe? (Samuel II, 14:⁠4)

5. Anyigba kae do liƒo na Fia Axasweros ƒe fiaɖuƒea le ɣedzeƒekpa dzi? (Ester 1:⁠1)

6. Le gbugbɔgaɖoanyi nyagblɔɖiwo me la, ati kawoe wogblɔ ɖi be woamie ɖe “ŋuvewo” kple “dzawo” teƒe? ( Yesaya 55:⁠13)

7. Nya kae Yudatɔwo tsɔ tso Paulo nu le Galio, si nye du me dziɖula le Axaya, ŋkume, eye nukata Galio te fli ɖe nya la me? (Dɔwɔwɔwo 18:​12-⁠17)

8. Aleke Biblia ɖɔ nɔnɔme si me ame kukuwo le? (Dɔwɔwɔwo 7:⁠60)

9. Ame tsitsi eve kawoe togbɔ be wole ame 70 siwo wotia be woakpe ɖe Mose ŋu dome hã la, womeva agbadɔa gbɔ o? (Mose IV, 11:​14-17, 24-⁠26)

10. Du kae nɔ Efrayim kple Manase dome liƒo dzi si wotsɔ na Efrayim, eye du ma ƒe nuto siwo ƒo xlãe nye Manase tɔ? ( Yosua 16:⁠8)

11. Ŋɔŋlɔdzesi kawoe nye Helagbe me ŋɔŋlɔdzesi ene gbãtɔwo?

12. Nukae Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be wotsɔ sa vɔe le “abolo maʋãmaʋã ƒe ŋkeke gbãtɔ” dzi? (Marko 14:⁠12)

13. Yosiya ƒe vi kae Farao Nexo tsɔ ɖo Yuda Fiae hetrɔ ŋkɔ nɛ be Yoyakim? (Fiawo II, 23:⁠34)

14. Nukae wòfia esi Mose tsɔ ameɖogbo si wotsɔ sa vɔe ƒe ʋu la ƒe ɖe sisi ɖe Aron ƒe ɖusifɔdegblefetsu kple via ɖesiaɖe tɔ ŋu? (Mose III, 8:​22-⁠24)

15. Amekae nye Yosua fofo? (Nexemya 8:⁠17)

16. Amekae nye Izebel fofo? (Fiawo I, 16:⁠31)

17. To ka me tɔwo domee wowu ame 42,000 le le esi womete ŋu yɔ mɔɖenamenya si nye “Sibolet” o ta? (Ʋɔnudrɔ̃lawo 12:​1-⁠6)

18. Nunɔlagã kae he nya ɖe ame dzɔdzɔe Xana ŋu hebu fɔe madzemadzee be emu aha? (Samuel I, 1:​12-⁠15)

19. Le Mawu ƒe Se si wotsɔ na Israel me la, nukae wobiana tso fiafitɔ si be wòawɔ? (Mose II, 21:​37–22:⁠3)

20. Ati kae wozã ŋutɔ le gbedoxɔa tutu me? (Fiawo I, 6:​9-⁠20)

21. Nukae Mawu mate ŋu awɔ o? (Hebritɔwo 6:⁠18)

22. Amekae nye Mawu ƒe Futɔ gãtɔ? (Zaxarya 3:⁠1)

23. Nukae Amos kpɔ le ŋutega me Yehowa lé ɖe asi tsɔ ɖee fia be le gbɔgbɔ me gome la, Israel mete ŋu ɖo nudzɔdzɔedzidzeti ƒe dzidzenu gbɔ o? (Amos 7:​7-⁠9)

24. Nukae Lododowo ƒe agbalẽa tsɔ nyɔnu dzetugbe si mewɔa nu nunyatɔe o sɔ kplii? (Lododowo 11:⁠22)

25. Nusrɔ̃la nenie Yesu dɔ be woakplɔ tedzivi si wòdo yi Yerusalem la vɛ? (Marko 11:⁠1)

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Biabiawo ƒe Ŋuɖoɖowo

1. Wogblɔ gbe bubu ƒomeviwo

2. Amiti

3. Sur

4. Tekoa-nyɔnu dzeaɖaŋu aɖe

5. India

6. Sesewuwo kple gbe ʋeʋẽewo

7. Be ele amewo ƒe “tame trɔm, be woasubɔ Mawu.” Elabena meda Romatɔwo ƒe se aɖeke dzi o

8. Wole alɔ̃ dɔm

9. Eldad kple Medad

10. Tapuax

11. Alfa, beta, gama, delta

12. Ŋutitotolẽvi la

13. Elyakim

14. Be wòakpɔ ŋgɔ tẽ le woƒe dɔdasiwo wɔwɔ me eye woagadze ɖe ɖusi alo mia me le woƒe ŋutetewo katã zazã le woƒe nunɔlanyenyea ƒe vɔsasa dɔdasiawo wɔwɔ me o

15. Nun

16. Etbaal

17. Efrayim

18. Eli

19. Wòaɖo eteƒe zi gbɔ zi atɔ̃

20. Sederti

21. Aka aʋatso o

22. Satana

23. Tsumikpe

24. “Aƒeha si sikagɛ le ŋɔti me na”

25. Eve

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe