INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 12/8 axa 24-28
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Nyɔ!—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1999
  • Ènya Ŋuɖoɖoawoa?
    Nyɔ!—1997
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1998
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 12/8 axa 24-28

Ènyaa?

(Àte ŋu akpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ me, eye wota ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 28. Àte ŋu akpɔ wo ŋuti nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me.)

1. Ameka dzie wozi be wòana kpekpeɖeŋu le Yesu ƒe fuwɔametia tsɔtsɔ me? (Mateo 27:32)

2. Nyagbɔgblɔ kae Mawu zã zi 90 kple edzivɔ le nuƒoƒo na nyagblɔɖila Xezekiel me tsɔ ɖo kpe edzi be anyigbadzime koe wònye? (Xezekiel 2:1)

3. Abe alesi wòdze le Sea mee ene la, agbledɔwɔnu kae Yehowa kpɔ do ŋgɔ be woate ŋu azã abe amewunu ene? (Mose II, 21:18)

4. Nuka dzie Paulo gblɔ be woatu dɔmenyowɔwɔ ɖo hafi wòaɖe vi na nunala la? (Korintotɔwo I, 13:3)

5. Nukae Yesu gblɔ ɖi be Petro awɔ zi etɔ̃ le ŋkeke ma dzi hafi koklo naku atɔ? (Luka 22:34)

6. Israel-to kae xɔ woƒe domenyinyi ƒe anyigba wònɔ Yordan ƒe ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe gowo dzi? (Yosua 13:29; 17:5)

7. Hafi ame aɖe nanye gã nyateƒe la, aleke Yesu gblɔ be ele be wòawɔ nui? (Luka 9:48)

8. Nukatae Simson ɖe Filisti-nyɔnu? (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:25–14:4)

9. Togbɔ be wowu Haman-vi ewoawo xoxo hã la, nukae Ester bia? (Ester 9:13)

10. Aleke woyɔa anyigba dzikpɔla siwo nɔ Babilontɔwo kple Persiatɔwo ƒe fiaɖuƒeawo me? (Daniel 6:2)

11. Be ŋutilãwo nate ŋu akpɔ ɖeɖe ta la, nukae Yesu gblɔ be woawɔ “xaxa gã” la ƒe ŋkekeawo? (Mateo 24:21, 22)

12. Esi Yosef ƒe kuɣi nɔ gogom la, nuka dzie wòka ɖo na Israel-viwo? (Mose I, 50:24; Hebritɔwo 11:22)

13. Amekae nye fiaɖuƒe gbãtɔ si woɖo le tsiɖɔɖɔa megbe la ɖola kple eƒe fia? (Mose I, 10:8-12)

14. Ameka sie Fia Omri tsɔ klosalo talento eve ƒle Samaria-to la le hafi tsɔe wɔ eƒe fiadui? (Fiawo I, 16:24)

15. Dugã ka mee wobu Paulo kple Barnaba le be wonye Mawu siwo nye Merkurio kple Yupiter? (Dɔwɔwɔwo 14:8-12)

16. Esi Dawid kple eƒe amewo si tso Yerusalem le Absalom ƒe aglãdzedze megbe la, amekae nɔ to xa zɔm nɔ kpe dam wo henɔ ke hlẽm ɖe wo ŋu? (Samuel II, 16:13)

17. Tɔsisi ka toe Daniel kpɔ dziehe kple anyiehe fiawo ƒe hoʋiʋli ƒe ŋutega le? (Daniel 10:4)

18. Afikae wotu Babel-mɔ la ɖo? (Mose I, 11:2)

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Biabiawo ƒe Ŋuɖoɖowo

1. Simon si tso Kirene

2. “Amevi”

3. Kodzi

4. Lɔlɔ̃

5. Asẽ nu be yemenya Yesu o

6. Manase

7. Abe “amesi ke nye suetɔ”

8. Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia nue wòwɔ nu ɖo; srɔ̃ɖeɖe sia aʋu mɔ nɛ be wòawɔ aʋa kple Filistitɔwo

9. Ebia be woahe wo ɖe ati ŋuti abe wo fofo ke ene, bene amewo nakpɔ wòanye ŋukpe

10. Nutomedzikpɔla, (NW)

11. Woaɖe ŋkekeawo dzi

12. Be woadzo le Egipte ayi Ŋugbedodonyigba la dzi

13. Nimrod

14. Semer

15. Listra

16. Benyamintɔ Simei

17. Xidekel (Tigris)

18. Sinear

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe