INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 7/8 axa 26
  • Kristotɔnyenye Dze Esi Ahom La Tu Vɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kristotɔnyenye Dze Esi Ahom La Tu Vɔ
  • Nyɔ!—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mozambique Ƒe Tɔɖɔɖɔwo—Alesi Kristotɔwo Kpe Ðe Amesiwo Ŋu Nu Gblẽ Le la Ŋui
    Nyɔ!—2001
  • Mawue Nye Míaƒe Xɔnametɔ
    Nyɔ!—1999
  • Ðokuitsɔtsɔna Ƒe Gbɔgbɔ Hea Yayra Vɛ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nane Si Ahom Sesẽwo Gɔ̃ Hã Mete Ŋu Gblẽ O
    Nyɔ!—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 7/8 axa 26

Kristotɔnyenye Dze Esi Ahom La Tu Vɔ

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE MOZAMBIQUE GBƆ

AHOM sesẽ aɖe gblẽ nu le Mozambique dugã si nye Maputo me le March 2, 1998 ƒe fiẽ. Eƒe ŋufɔke ŋdi la, ahom la ƒe nugbegblẽ dze le afisiafi. Ati gbogbo aɖewo mu le ƒuta, tsiɖɔɖɔwo gblẽ mɔwo, aƒe aɖewo ta klo, eye xɔ bubuwo mu.

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒexɔwo nɔ te sesĩe. Gake nuwo me menyo na aƒelika aɖe si ƒe aƒe nye atixɔ si wotsɔ zingi gbae la o. Ŋusẽ menɔ xɔa ŋu kura be wòanɔ te ɖe ya sesẽ la nu o, si wɔe be wòmu. Dzidzɔtɔe la, amesiwo katã nɔ aƒea me, siwo nye nyɔnu aɖe kple via atɔ̃awo katã tsi agbe henɔ dedie. Gake le nunɔamesiwo gome ya la, wobu nusianu.

Le ŋdikanya la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo tso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒea va srã ƒomea kpɔ, eye wokpɔ wo wonɔ woƒe nunɔamesi ʋɛawo fɔm le nugbagbãawo dome. Woƒe nunɔamesi siwo bu la dzi woƒe nuxaxa ɖe edzi, elabena ga menɔ wo si woagatsɔ atso woƒe aƒeae o. Esi wo fofo meli o ta la, ga sue aɖe ko wokpɔna tsoa nuɖuɖudzadzra le asime me.

Esi Yehowa Ðasefoawo kpɔ alesi nɔnɔmea le la, wotsɔ wo ɖokui na enumake be yewoana kpekpeɖeŋu. Wokpɔ be xɔ si mu la ƒe xɔtunuwo menyo woagazã o. Eyata lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo di xɔtunu siwo katã hiã eye wodze xɔ sue aɖe si ŋu ŋusẽ le la tutu gɔme.

Gbã la, nutoa me tɔwo mese egɔme o, gake emegbe la, tsɔtsɔe si nɔ dɔa ŋu wɔ mo yaa na wo. Le ŋkeke atɔ̃ megbe la, wogbugbɔ xɔa tu bliboe, eye wòsu te be woanɔ eme. Nyɔnua ƒe nu ku esi wòge ɖe eƒe aƒe yeyea me. Gake mehiã be woagblɔ nya aɖeke o, elabena vidadaa kple viawo ƒe dzidzɔ dze ƒã esi dɔwɔlawo kpɔ alesi wonɔ alɔgbɔnui kom eye ŋudzedzekpɔkpɔ deto geɖe dze le woƒe ŋkuwo dzii.

Dzi dzɔ lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlaawo hã. Dzi dzɔ wo be mɔnukpɔkpɔ su yewo si yewoɖe Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe gbɔgbɔ fia le mɔ si ɖe vi nu.​—Galatiatɔwo 6:⁠10.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

March 5

March 6

March 7

Nutoa me Ðasefowo gbugbɔ ƒome sia ƒe aƒe tso na wo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe