Sɔhɛwo Biana Be . . .
Nukata Nusiwo Medi Masu Asinye O?
“Le nyateƒe me la, nanewo li siwo nya kpɔ, eye madi be woasu asinye; gake dzinyelawo mate ŋu aƒle wo o.”—Mike.
ÐE NANEWO li siwo dim nèle vevie gake wò asi mete ŋu le wo dzi sum oa? Ðewohĩ haƒomɔ̃ yeye ma, afɔkpa si dom ɖevi susɔeawo katã le, alo atalegbe yeye si dzi wota etɔla ƒe dzesidenutata ɖo la le dzrowòm vevie. Ðewohĩ nusiawo le hatiwòwo si—eye wodana ɖe wo dzi. Eyata ne dziwòlawo gblɔ na wò be ŋutete mele yewo ŋu be yewoaƒlee na wò o la, ate ŋu aɖe fu na wò.
Gake togbɔ be ele dzɔdzɔme nu be woadi ŋutilãmenu aɖewo ƒe amesinɔnɔ hã la, didia di be yeaxɔ susu me na sɔhɛ aɖewo akpa. Edze abe nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo ƒe boblododo gbɔ esiawo ƒe akpa gãtɔ tso. Nya si television, nyadzɔdzɔgbalẽ, kple radio dzi boblododo siwo ŋu woɖe ami ɖo dina be yeagblɔe koe nye be, ne mèdo awu alo zã nu xɔŋkɔ aɖewo o la, ekema nu vevi aɖe to ŋuwò. Eyatae ƒewuiviwo zãa dɔlar biliɔn 100 kple edzivɔwo ƒe sia ƒe le United States ɖeɖe ɖo!
Azɔ hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu hã li. Marketing Tools magazine me nyati aɖe gblɔ be: “Le ƒewuiviwo dome si nuwɔwɔ ɖekematsɔlemetɔe le la, alesi amesiwo nèdi be yeade ha kplii abu wòe be nu mele asiwò o la mefia be mèɖo woƒe dzidzenu gbɔ alo be wogbe wò dzro ko o: efia be ènye Amesi Tsi Eme.” Nukae afia be ‘nu le asiwò’? Le ƒuƒoƒo aɖewo gome la, ele be ŋutilãmenu nyuitɔwo kekeake kple esiwo le tsia dzi nanɔ asiwò. Ke ne màte ŋu aƒle wo o ya ɖe? Sɔhɛ Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Enu menya nɔna kura o. Kpɔe ɖa ko be èdo nusiwo mele tsia dzi o yi suku, eye amesiame nanɔ kowòm.” Sɔhɛ bubu hã gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, mesena le ɖokuinye me be amewo ka le ŋunye.”
Nenema ke nɔnɔmea ate ŋu asesẽ na sɔhɛ siwo le dukɔ madeŋgɔwo me, afisi amewo tsoa hloloe le gaƒoƒo geɖe be yewoƒe asi nate ŋu asu agbemenuhiahiãwo ɖeɖeko dzi. Ne aleae wòle le wò ƒomea me la, le dzɔdzɔme nu la, àdi vevie be agbea naka ɖe eme na ye vie. Esi nèkpɔ dukɔ siwo me ga bɔ ɖo ƒe fefewo le television dzi kple woƒe sinimawo vɔ la, ɖewohĩ eva te wò hã dzodzro be awu, aƒe, kple ʋu xɔasi siwo woɖe fia le fefe kple sinima mawo me la nanɔ ye si. Esi wòadze abe nusiawo ƒomevi mate ŋu asu asiwò o ta la, àkpɔe be dzi anɔ kuwòm alo nàlé blanui gɔ̃ hã.
Eɖanye dukɔ dahe alo esiwo me kesinɔnuwo sɔ gbɔ ɖo mee nèle o, nuvevi koe àwɔ ɖokuiwò ne èdo dziku alo dzi ɖe le ƒowò le esi nanewo mate ŋu asu asiwò o ta. Ate ŋu awɔe be mia kple dziwòlawo mianɔ dzre wɔm ɣesiaɣi. Biabia lae nye be, Aleke nàwɔ anɔ te ɖe enu?
Ŋutilãmenuwo Ŋuti Nukpɔsusu Nyuitɔ
Gbã, de dzesii be menye Yehowa Mawu ƒe didi be yeƒe amewo naɖo ko alo be nusiwo hiã wo ŋutɔŋutɔ la nagbe wo si nɔnɔ o. Ne èbu eŋu kpɔ la, menye aɖukpodzi ye Mawu da Adam kple Xawa ɖo o, ke boŋ abɔ nyui aɖe si me yɔ fũ kple ati siwo nya kpɔ mee wòda wo ɖo. (Mose I, 2:9) Emegbe la, ŋutilãmenunɔamesi geɖe nɔ Mawu subɔla aɖewo, abe Abraham, Hiob, kple Salomo ene si. (Mose I, 13:2; Hiob 1:3) Sika nɔ Salomo si ale gbegbe be le eƒe dziɖuɣi la, womebua klosalo ɖe “nemi me hã o”!—Fiawo I, 10:21, 23.
Ke hã le esiawo katã me la, nu menɔ Mawu ƒe amewo dometɔ akpa gãtɔ si o. Ame dahee Yesu Kristo ŋutɔ nye; ‘afisi wòaziɔ ta ɖo’ gɔ̃ hã menɔ esi o. (Mateo 8:20) Gake mèxlẽe kpɔ gbeɖe be Yesu to nyatoƒoe be yeƒe asi mete ŋu su nusiwo dim yele la dzi o. Ðe eteƒe la, efia nu be: “Migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka míano, alo nuka míatsɔ ata mahã o. . . . Ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi. Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”—Mateo 6:31-33.
Esia mefia be enye Mawu ƒe agbanɔamedzi be wòakpɔ egbɔ be awu xɔasi alo elektrikmɔ̃ si dim ame aɖe le vevie la nasu esi kokoko o. Mawu naa nusiwo hiãa mí la mí—menye nusiwo dim míele kokoko o. Eyatae Biblia xlɔ̃ nu be “nunyiame kple avɔtata” ɖeɖe nedze mía ŋu. (Timoteo I, 6:8) Gake le nyateƒe me la, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo le mía si ɖeɖe ŋu mele bɔbɔe o. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Mike gblɔ be: “Ele be nànɔ avu wɔm kple wò nudidiwo kpakple nuhiahiãwo ɣesiaɣi.” Tsɔ kpe ɖe ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme si le mía me ŋu la, ele be míawɔ aʋa atsi tre ɖe Mawu ƒe futɔ gãtɔ, Satana Abosam, ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi hã ŋu. ( Yohanes I, 5:19) Eye aye siwo wòzãna xoxoxo dometɔ ɖekae nye be wòana amewo nase le wo ɖokui me be nane le yewo ŋu tom. Aleae wòble Xawa wòna wòsusu be nane nɔ ye ŋu tom—togbɔ be paradiso deblibo mee wònɔ hã!—Mose I, 3:2-6.
Aleke nàwɔ aƒo asa na ŋudzedzemakpɔmakpɔ ƒe mɔ̃ sia? Aɖi fefenyae, gake susu geɖe li siwo ta wòle be nàkpɔe be woyra ye hã. Mègana susu gbegblẽwo bubu le nusiwo mele asiwò o ta naxɔ susu me na wò o. Bu tame nyuie, eye nàɖo ŋku edzi na ɖokuiwò be nanewo le ye si. (Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 4:8.) Mike gblɔe ale: “Le nyateƒe me la, medi nu geɖe ŋutɔŋutɔ, gake nyemetsɔa wo dea tame o.”
Ekpena ɖe ame ŋu hã ne mèxɔa boblododo ɖesiaɖe siwo wodo atsyã na be woadzro wò dzi sena o.a (Lododowo 14:15) Hafi nàtsɔ dzitsitsi agblɔ be ne afɔkpa yeye ma alo kɔmpakt disk ƒomɔ̃ ma mesu ye si o la, ‘yeaku’ la, gbɔ dzi ɖi nalé ŋku ɖe nuwo ŋuti nyuie. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe mèhiã nusia nyateƒea? Ðe wòaɖe vi ŋutɔŋutɔ? Ðe nusiwo le asinye xoxo la sɔ gbɔa?’ Kpɔ nyuie vevietɔ le boblododo siwo doa nunɔamesitɔ ƒe bubu ɖe ŋgɔ la ŋu. Ele be nàde ŋugble le apostolo Yohanes ƒe nya siwo le Yohanes I, 2:16 ŋu: “Nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.”
Ne Nane Hiã Wò Nyateƒe
Ke ne nane hiã wò ŋutɔŋutɔ ɖe? Hafi nàtsɔe aɖo dziwòlawo ŋku me la, bu eŋu vie do ŋgɔ. Nɔ klalo be yeaɖe nusita nèhiã nua, alesi nèɖo be yeazãe, kple nusita nèsusu be aɖe vi na ye la me. Ðewohĩ dziwòlawo ato mɔ aɖe dzi atsɔe ade ƒomea ƒe ga ƒe ɖoɖowo me. Ke ne womate ŋu akpɔe na wò haɖe o ya ɖe? Naneke meli nàwɔ wu be nàgbɔ dzi ɖi o. (Nyagblɔla 7:8) ‘Ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ enye esiawo, eye dzila geɖe mate ŋu akpɔ nusiwo katã wo viwo abia wo la o. (Timoteo II, 3:1) Le nyateƒe me ne ètsri nusiwo mehiã o biabia dziwòlawo la, àte ŋu ana be woƒe dɔ sesẽ la dzi naɖe akpɔtɔ vie.
Gake ɖewohĩ àte ŋu ado ŋgɔ awɔ afɔɖeɖea. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wonaa kotokumega wòa? Ekema dze agbagba nasrɔ̃ alesi nàwɔ ɖoɖo ɖe wò ga ŋu nyuie ale be nàte ŋu adzra ɖe ɖo ɣleti sia ɣleti. Ðewohĩ àte ŋu anɔ ga dzram ɖo ɖe gadzraɖoƒe si tsɔ ɖe mia gbɔ gɔ̃ hã. (Tsɔe sɔ kple Luka 19:23.) Esiae nyɔnuvi dzaa aɖe si woyɔna be Abigail la wɔ. Egblɔ be: “Memãa nye gaa me ɖe akpa eve—ɖeka hena dzadzraɖo ɖe gadzraɖoƒe eye evelia na zazã.” Ne ènye amesi tsi vie la, àte ŋu adi dɔ vivivi aɖewo alo ɣeyiɣi kpui ƒe dɔ aɖe anɔ wɔwɔm.b Aleke kee wòɖale o, ne dziwòlawo kpɔ be èdi be yeaƒle nane nyateƒe eye wokpɔe be ètsi dzi ɖe gadzadzraɖo ŋu la, ate ŋu aʋã wo woaxe eƒlega ƒe akpa aɖe na wò ne anya wɔ.
Asitɔtrɔ le alesi nèƒlea nui ŋu hã ate ŋu aɖe vi na wò. Le kpɔɖeŋu me, ne wodo asi ɖe nane ŋu wòyi dzi akpa la, àte ŋu aƒo asi woaɖe le edzi. Ne ema medze edzi o la, tɔ nàkpɔ be nenemae amewo le eƒlem hã. Yi fiase bubuwo me kpɔ be yeate ŋu akpɔ nu ma ke ɖe asi bɔbɔe dzi hã. Srɔ̃ alesi woléa ŋku ɖe nuwo ƒe nyonyome ŋuti nyuie; ɣeaɖewoɣi la, nusiwo ŋu womedoa boblo ɖo o la nyea nu nyui siwo mexɔ asi fũ o.c
Srɔ̃ Alesi Nu Nadze Ŋuwò
Lododowo 27:20 xlɔ̃ nu be: “Tsieƒe kple aʋli me maɖi ƒo akpɔ o; nenema amegbetɔ ƒe ŋku hã maɖi ƒoe o.” Ẽ, abe alesi nu mele ƒo ɖim na yɔdo o la, nenema ke ame aɖewo nɔa nuwo didi dzi ɣesiaɣi—ne nu geɖe le wo si xoxo gɔ̃ hã. Ƒo asa na ɖokuitɔdidi ƒe tamebubu ma. Mlɔeba la, ŋukeklẽ mehea naneke vanɛ wu dziɖeleameƒo kple dzidzɔmakpɔmakpɔ o. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Jonathan gblɔ be: “Ne nu ƒe amesisusu dzi koe wò dzidzɔkpɔkpɔ nɔa te ɖo ɣesiaɣi la, màkpɔ dzidzɔ gbeɖegbeɖe o. Ɣesiaɣi la, nu yeye aɖe ado si nàdi. Ehiã be nàsrɔ̃ dzidzɔkpɔkpɔ ɖe nusiwo le asiwò ŋu.”
Ne nusiwo le asiwò la dzea ŋuwò la, àte ŋu anɔ te ɖe hatiwòwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu. Sɔhɛ Vincent gblɔ be: “Ne mekpɔ be ame aɖe do kamedefɔkpa aɖe si le tsia dzi mefia be ele be mayi aɖaƒle ɖe o.” Nyateƒee, enuenu la, ne wò asi mete ŋu le nusi dim nèle la dzi sum o la, ate ŋu aɖe fu na wò. Gake mègaŋlɔ be o be Yehowa nya wò nuhiahiãwo. (Mateo 6:32) Eye le etsɔ si megadidi boo o me la, atsɔ ‘nu gbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na woe.’—Psalmo 145:16.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ “Boblododo” ƒe nyati siwo tsiã ɖe enu le September 8, 1998, ƒe Nyɔ! me.
b Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Aleke Mawɔ Akpɔ Ga?,” si le míaƒe September 8, 1998, ƒe tata me.
c Ne èdi aɖaŋuɖoɖo nyui bubuwo la, kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Aleke Mawɔ Akpɔ Awu Siwo Sɔ Ade Nye Awudzraɖoƒe?,” si le míaƒe February 8, 1995, ƒe tata me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 25]
“Kpɔe ɖa ko be èdo nusiwo mele tsia dzi o yi suku, eye amesiame nanɔ kowòm”
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Àte ŋu akpɔ dzidzɔ ne nusianu si dim nèle mesu asiwò o gɔ̃ hã