Ènyaa?
(Àte ŋu akpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ me, eye wota ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 16. Àte ŋu akpɔ wo ŋuti nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta me.)
1. Dzesideŋkɔ kae wona Filisti-du atɔ̃ ƒe dziɖula siwo wɔ dɔ tso nya si ade wo katã dzi ŋu, siwo dometɔ aɖee nye be yewoadze agbagba akpe Simson dzi? (Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:5, NW )
2. Esi Israel-viwo ɖo ŋku nusiwo woɖuna le Egipte dzi la, nuɖuɖu kawoe dzro wo esime wonɔ gbea dzi? (Mose IV, 11:5)
3. Nuka dzie Yesu ɖo ŋkui na eƒe nusrɔ̃lawo be mehiã be dzogbenyãwo nawɔ o, evɔ woheɖo atsyɔ̃ na wo? (Luka 12:27)
4. Togbɔ be le Mose ƒe Sea te la, ele kokoko be ahosiwo kple nyɔnu siwo srɔ̃wo gbe wo nawɔ ɖe woƒe adzɔgbeɖeɖewo dzi hã la, nukae srɔ̃ŋutsu ate ŋu awɔ le srɔ̃a ƒe adzɔgbeɖeɖe ŋu? (Mose IV, 30:13)
5. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, nukae wowɔna tsɔ ɖea nɔvilɔlɔ̃ alo bubudedeameŋu fiana? (Samuel I, 20:41, 42)
6. Nukae se evelia tsri be woagawɔ o? (Mose II, 20:4, 5)
7. Aleke wotsɔ Se Ewoawo na Israel-viwo zi gbãtɔ eye le nɔnɔme kawo me? (Mose V, 10:4)
8. Amekae ƒle Ornan ƒe lugbɔƒe, eye nukae wotu ɖe afima emegbe? (Kronika I, 21:24; Kronika II, 3:1)
9. Dudzikpɔla vevi nenie nɔ Salomo si, eye dɔ kae wowɔna? (Fiawo I, 4:7)
10. Nukatae Petro ɖo aɖaŋu na mí be ‘míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía nɔewo te’? (Petro I, 5:5)
11. Amekawoe he nya kple Paulo le Atene-si me be tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa nye alakpa? (Dɔwɔwɔwo 17:18)
12. Nukawoe wotsɔ na nunɔlagã la wòtsɔ nyaa nusi nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le nya ŋu? (Mose II, 28:30)
13. Nyagblɔɖila kae kpɔ Yehowa ƒe dziƒotasiaɖam ƒe ŋutega?
14. Ŋkɔ kae wozã na Haman kple fofoa Hamedata si fia be wonye Amalekitɔwo eye wonye Yudatɔwo ƒe futɔwo tso blema? (Ester 3:1; 8:3)
15. Blema tsinudzidzenu kae de lita 3.67 alo (U.S.) galɔn ɖeka kloe? (Mose II, 29:40)
16. Le Mose ƒe Sea te la, nukawoe wòle be woaɖe dzesi le lã ŋu hafi woabui be eŋu kɔ woaɖu? (Mose III, 11:3)
17. Nukae Salomo tsɔ wɔ eƒe fiazikpui? (Fiawo I, 10:18)
18. Aleke Yesu dze dzeɖoɖo gɔme kple Samaria-nyɔnua le vudoa to? ( Yohanes 4:7)
19. Teƒe kae Kain wu Habel le? (Mose I, 4:8)
20. Xe kae nye gbãtɔ si ƒe ŋkɔ woyɔ tẽ le Biblia me? (Mose I, 8:7)
Biabiaawo ƒe Ŋuɖoɖowo
1. Amegã siwo bla nu (NW )
2. Tɔmelã, adzamatre, aɖiba, agumetaku, sabala kple gbegãdziwo
3. Wometrea ɖeti alo lɔ̃a avɔ o
4. Ate ŋu agblẽ eme
5. Wogbugbɔa nu na wo nɔewo
6. Legbawo wɔwɔ kple ta dede agu na wo
7. Ðe wogblɔe na wo kple nu le Sinai Toa gbɔ esime Yehowa ƒo nu “le dzo me”
8. Fia Dawid; gbedoxɔa
9. Wuieve; wo dometɔ ɖesiaɖe kpɔa Salomo-ƒemetɔwo ƒe nuɖuɖu kple nu bubuwo gbɔ ɣleti ɖeka le ƒea me eye woɖɔlinɛ kple wo nɔewo
10. “Elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu”
11. ‘Epikuro kple Stoa tɔwo ƒe agbalẽnyalawo’
12. Urim kple Tumim
13. Xezekiel (Xezekiel, ta 1)
14. Agagitɔ
15. Hin
16. Ele be wòanye esi dzɔa nu gaɖuna eye eƒe afɔkli me fe
17. Nyiɖu si ŋu wofa sika ɖo
18. Ebia tsinonoe
19. Gbe me
20. Akpaviã