INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 4/8 axa 15-21
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Nyɔ!—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1998
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1998
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1998
  • Ènya Ŋuɖoɖoawoa?
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 4/8 axa 15-21

Ènyaa?

(Àte ŋu akpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ me, eye wota ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 21. Àte ŋu akpɔ wo ŋuti nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me.)

1. Togbɔ be amewo ‘aɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti’ hã la, nukae woxlɔ̃ nu Timoteo be wòawɔ? (Timoteo II, 4:4, 5)

2. Aƒedzikpɔla eve kawoe ɖo nugbe ɖe Fia Axasweros ŋu? (Ester 2:21)

3. Nukae Nimrod tsɔ eƒe nuwɔnawo de dzesi eɖokui be eyae yenye? (Mose I, 10:9)

4. Abraham srɔ̃ evelia ŋkɔ ɖe? (Mose I, 25:1)

5. Aleke ‘nyɔnu si ŋu ʋu nɔ dodom le ƒe wuieve sɔŋ’ la wɔ Yesu da gbe le eŋu? (Marko 5:27-29)

6. Esi Yesu nɔ kpɔɖeŋu wɔm le alesi wòasesẽ ‘na kesinɔtɔ be wòayi ɖe Mawu fiaɖuƒea me’ ŋu la, nukae wògblɔ be ele bɔbɔe wu? (Luka 18:25)

7. Nusi ŋu kakaɖedzi le le senyawo me kae Mawu zã gatsɔ ɖo kpe alesi kakaɖedzi le eƒe ŋugbedodo ŋu dzii? (Hebritɔwo 6:17, NW)

8. Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea me legba la ƒe akpa kawoe nye gayibɔ kple tsu? (Daniel 2:41, 42)

9. Numiemie kae Israel-viwo tsɔ sisi ʋu ɖe woƒe ʋɔtrutiwo ŋu be Mawu ƒe dɔla nakpɔ woƒe ŋgɔgbeviwo ta? (Mose II, 12:22)

10. Lã ka koŋ ye wozãna tsɔ wɔa aʋae le blema? (Mose II, 15:21)

11. Nukae Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Yehowa mate ŋu awɔ o? (Hebritɔwo 6:18)

12. Afikae Yehowa gblɔ na Eliya be wòasi ayi abe ɖo eye akpaviãwo natsɔ nuɖuɖu vɛ nɛ? (Fiawo I, 17:3)

13. Amekawoe Yehowa de dɔ asi na be woatsɔ nubablaɖaka la? (Mose V, 10:8)

14. Amekae Paulo yɔ be “ame tiatia le Aƒetɔ” la me? (Romatɔwo 16:13)

15. Amekae nye Sixem fofo, amesi hã wowu esi Sixem gblẽ Dina? (Mose I, 34:26)

16. Amekae nye Abraham fofo? (Yosua 24:2)

17. Nukae Mawu bia be woaxe ɖe ŋgɔgbevi 273 si to bubuawo tsɔ sɔ gbɔ wu Lewi-viwo tɔ la ta? (Mose IV, 3:46, 47)

18. Ŋutinu kawo ŋue ne Israel-vi kluvi aɖe ƒe aƒetɔ gblẽ nu le na kluvia la, aƒetɔa aɖe asi le eŋu? (Mose II, 21:26, 27)

19. Nuka Yesu gblɔ be awɔ ame ablɔɖevii? (Yohanes 8:32)

v20. Le esi wowɔa nusi ɖea vi na wo nɔewo, kpakple esi woƒe nɔƒe kple ɖoƒe sɔ ta la, ŋkɔ kae Xiram yɔ na Salomo? (Fiawo I, 9:13)

21. Numiemie si ŋu wodea asixɔxɔe le eƒe ʋeʋẽ lilili ta eye wozãnɛ le lekewɔnuwo wɔwɔ me kae woyɔ le Hawo ƒe Ha ɖeɖeko me? (Hawo ƒe Ha 1:14)

22. Le fiƒodenya si Yosua gblɔ ɖi si va eme nu la, amekawoe ku esi wo fofo gbugbɔ tso Yerixo? (Fiawo I, 16:34)

23. Nukae wozã si na tsi mete ŋu ɖo Noa ƒe aɖakaʋua me o? (Mose I, 6:14)

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Biabiawo ƒe Ŋuɖoɖowo

1. ‘Nenɔ mo xexi, nedo dzi le fukpekpe me, newɔ nyanyuigbɔgblɔdɔ, eye wòawu eƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe’

2. Bigtan kple Teres

3. ‘Adela kalẽtɔ si tsi tre ɖe Yehowa ŋu’

4. Ketura

5. Eka asi eƒe awu ŋu

6. “Na kposɔ, be wòato abi ƒe vo me”

7. Atamkaka

8. Afɔwo kple afɔbideawo

9. Isop

10. Sɔ

11. Ka aʋatso

12. Krit-tɔʋu to

13. Lewi-toa

14. Rufo

15. Xamor

16. Tera (alo Tarax)

17. Tafe si nye sekel atɔ̃ ɖe ame ɖeka ta

18. Ŋku alo aɖu

19. Sidzedze nyateƒea

20. Nɔvinye

21. Koferseƒoƒo

22. Abiram kple Segub

23. Aŋɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe