INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 6/8 axa 32
  • Ame Miliɔn Geɖe Ayi Àyia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Miliɔn Geɖe Ayi Àyia?
  • Nyɔ!—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míedo Dzaa na Wò Va “Mawu Ƒe Nya Fialawo”
    Nyɔ!—2001
  • “Mawu ƒe Agbemɔ” Ƒe 1998-1999 Takpekpea Gogo Vɔ!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Míele Kpewòm be Nàva “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpe
    Nyɔ!—2002
  • Yi “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse” Nutome Gã Takpekpe!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 6/8 axa 32

Ame Miliɔn Geɖe Ayi Àyia?

AMESIWO sɔ gbɔ sã wu miliɔn enyi dea Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe sia ƒe nutome gã takpekpewo le xexeame godoo. Le ƒe sia me la, wowɔ ɖoɖo ɖe “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpe siwo axɔ ŋkeke etɔ̃ ŋu le xexeame godoo. Anɔ eme be woawɔ ɖeka le afisi te ɖe ŋuwò. Míele dzi dem ƒo na wò be nànɔ eteƒe esime woadze nuƒoawo gɔme kple haƒoƒo le Fiɖa ŋdi ga 9:⁠30.

Nuƒo siwo woaƒo le ŋdi me dometɔ aɖewo anye dzaadoname nuƒo kpakple nuƒo tɔxɛ si nye “Ðo To Mawu ƒe Nyagblɔɖinya La.” Le ŋdɔ me la, nuƒo kpui siwo ƒe tanyae nye “Kpɔ Dzidzɔ Ðe Mawu ƒe Nya la Xexlẽ Ŋu” aɖo aɖaŋu nyuiwo le alesi woana Biblia xexlẽ naɖe vi ahavivii ŋu. Ŋkekea ƒe nuƒo mamlɛtɔ si nye “Amesiwo Tsia Tre Ðe Mawu Ŋu Makpɔ Dzidzedze O” aƒo nu tso avu siwo wɔm wole kple Mawu Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖelawo le egbeŋkekewo me ŋu.

Memleɖa ŋdi ƒe nuƒoawo dometɔ ɖeka adzro nyɔnyrɔxɔxɔ me, eye woana mɔnukpɔkpɔ amesiwo dze la be woaxɔ nyɔnyrɔ. Le ŋdɔ me la, woaxlẽ nyatakaka dedziƒoname ku ɖe alesi amewo le Biblia ƒe nyateƒea xɔm nukutɔe le dukɔ aɖewo siwo le Latin Amerika, Afrika, kple Ɣedzeƒe Europa, kpakple le Asia gã la ƒe dukɔ si nye Kazakhstan me ŋu. Akpa sia ƒe tanyae nye “ ‘Nu Nyoameŋuwo’ Le Yehowa ƒe Aƒea me Yɔm.” Woatsɔ nuƒo eve awu Memleɖagbe nuƒoawo nui, siwo nye “Ŋɔŋlɔ Siwo Nye Nyagblɔɖiwo Ʋãa Mí Míenɔa Ŋudzɔ” kple “Nyagblɔɖinya la le Nuwuɣia Me.” Mamlɛtɔ aƒo nu tso Biblia-gbalẽ si nye Daniel ŋu eye wòagblɔ susu siwo ta wòle be míalé fɔ ɖe eƒe nyagblɔɖiwo ŋu.

Le Kwasiɖagbe la, gaƒoƒo ɖeka ƒe nuƒo kpui siwo le akpa etɔ̃ me siwo ƒe tanyae nye “Nyagblɔɖinyawo ɖe Ɣeyiɣi Ðoɖia Ŋu” adzro Xabakuk ƒe nyagblɔɖia me. Àkpɔ dzideƒo si gbegbe le Biblia-gbalẽ kpui sia me na Kristotɔwo egbea. Emegbe drama si me woado blemawuwo le, si aɖe Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe Yakob kple Esau ŋu afia la ate gbe ɖe tanya si nye “Asixɔxɔ Dede Míaƒe Gbɔgbɔmedomenyinu la Ŋu” dzi. Kwasiɖagbe ŋdi ƒe nuƒowo awu nu kple nuƒo ʋãme si nye “Aleke Nèbua Míaƒe Domenyinu Xɔasi Lae?” Emegbe le ŋdɔ me la, àse dutoƒonuƒo si nye “Nuwo Katã Wɔwɔ Yeyee​—Abe Alesi Wogblɔe Ði Ene.”

Wɔ yiyi ƒe ɖoɖowo fifia. Be nànya ewɔƒe si te ɖe ŋuwò la, yi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me alo nàŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe magazine sia talawo. Afisiwo woawɔ takpekpeawo le dometɔ aɖewo dze le míaƒe magazine evelia si nye Gbetakpɔxɔ, February 15, 1999 ƒe tata me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe